Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Ase Vivi Na Agbea Fifia Gɔ̃ Hã

Àte Ŋu Ase Vivi Na Agbea Fifia Gɔ̃ Hã

BU ALE SI nàse vivi na agbea ne èva le agbe le xexe si me dɔléle, tsitsi kple ku maganɔ o me ŋu kpɔ! Gake egbea, nɔnɔme sesẽwo kple kuxiwo gaɖekpe na mí kokoko. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàse vivi na agbea fifia gɔ̃ hã? Biblia na mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzɔ eye nàse vivi na agbea. Na míade ŋugble tso kuxi aɖewo ŋu kpɔ ne míakpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe.

ALE SI NÀWƆ AKPƆ DZIDZEME

Aɖaŋu si Biblia ɖo: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.”Hebritɔwo 13:5.

Egbea amewo ƒoa nu tso nu gbogbo aɖewo siwo wosusu be ele be woasu ame si la ŋu. Ke hã, Biblia ya gblɔ be mina “nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.” Le mɔ ka nu?

Tsri “galɔlɔ̃.” Amewo tsɔa woƒe lãmesẽ, ƒome, xɔlɔ̃wo, nɔnɔme nyuiwo kple bubu si le wo ŋu gɔ̃ hã sa vɔe ɖe “galɔlɔ̃” dzaa ko ta. (1 Timoteo 6:10) Ewɔ nublanui ŋutɔ lo! Le esiawo katã me gɔ̃ hã, ga ‘meɖia ƒo’ na ame si lɔ̃ kesinɔnuwo o.—Nyagblɔla 5:10.

Ame wu ga. Nyateƒee wònye be nunɔamesiwo ƒe wɔƒe li. Gake nu mawo mate ŋu alɔ̃ mí alo akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o; amewo koe ate ŋu awɔ esiawo na mí. Ne “xɔlɔ̃ vavã” le ame si la, ana ame nakpɔ dzidzeme le agbe me.—Lododowo 17:17.

MÍATE ŊU ASE VIVI NA AGBEA FIFIA GƆ̃ HÃ NE MÍEWƆNA ÐE BIBLIA ƑE MƆFIAMEWO DZI

ALE SI MÍANƆ TE ÐE DƆLÉNYAWO NU

Aɖaŋu si Biblia ɖo: “Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui.”Lododowo 17:22.

Dzidzɔ le abe “atike nyui” si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe dɔléle nu ene. Gake aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ ne míeƒe lãme gblẽ?

Nye akpedala. Ne míaƒe kuxiwo ŋu koe míebuna ɣesiaɣi la, míaƒe “ŋkekewo katã” anye vɔ̃. (Lododowo 15:15) Ðe ema teƒe la, Biblia gblɔ boŋ be: “Minye akpedalawo.” (Kolosetɔwo 3:15) Srɔ̃ ale si nàda akpe ɖe nu suewo gɔ̃ hã ta. Nuwo abe ɣe ƒe amigogbagba, ya fafɛ aɖe kple ame vevi aɖe ƒe alɔgbɔnukoko lɔlɔ̃tɔe ene, ate ŋu ana nàɖe dzi ɖi le agbe me.

Kpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne lãmesẽ mede míadzi o gɔ̃ hã, “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ne amewo kpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu la, dzi ɖoa mía ƒo, eye esia nana míeɖea susu ɖa le míaƒe kuxiwo dzi. Ne míekpe ɖe amewo ŋu be woase vivi na agbea la, ana míawo ŋutɔwo hã míase vivi na agbea.

NA WÒ SRƆ̃ÐEÐEA NALI KE

Aɖaŋu si Biblia ɖo: ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’Filipitɔwo 1:10.

Srɔ̃tɔ siwo mekpɔa vovo ɖe wo nɔewo ŋu o la, le woƒe srɔ̃ɖeɖea dem afɔku me. Nu siwo le vevie wu la dometɔ ɖekae nye srɔ̃ɖeɖe, eya ta anyo be srɔ̃tɔwo nabu woƒe srɔ̃ɖeɖea nu vevii.

Miwɔ nuwo ɖekae. Le esi nànɔ ɖokuiwò tɔ ko dim teƒe la, ɖe manyo be miawɔ ɖoɖo awɔ nuwo ɖekae oa? Biblia gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka.” (Nyagblɔla 4:9) Miate ŋu aɖa nu ɖekae, ade kame ɖekae, ano aha vivi aɖe ɖekae, alo aɖe modzaka ɖekae.

Ðe lɔlɔ̃ fia. Biblia de dzi ƒo na srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo be woalɔ̃ wo nɔewo eye woade bubu wo nɔewo ŋu. (Efesotɔwo 5:28, 33) Alɔgbɔnukoko vividoɖeameŋutɔe, asikplakɔname, alo nunana suesuesue aɖewo ate ŋu ado ŋusẽ srɔ̃ɖekadodoa. Gake nyateƒeae nye be, ele be srɔ̃tɔwo naɖe atsu kple asi dome lɔlɔ̃a afia wo nɔewo ɖeɖe ko.—Hebritɔwo 13:4.