Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Kukuawo?

Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Kukuawo?

Mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le ku nu o. Gake ɖe ku nye nu sia nu ƒe nuwuwua? Ðe woaŋlɔ ame kukuwo be tegbeea? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ame siwo kua?

BU NYA SI BIBLIA GBLƆ ŊU KPƆ:

WOMEŊLƆ AME SIWO KU LA BE O

‘Ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ado go.’—Yohanes 5:28, 29.

Mawu ɖoa ŋku ame siwo ku la dzi; agbɔ agbe ame siwo katã le eƒe susu me.

WOAFƆ AMEWO ÐE TSITRE WOAVA NƆ AGBE LE ANYIGBA DZI

“Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Woafɔ ame akpe teƒe akpewo ɖe tsitre woava nɔ agbe tegbee le ŋutifafa me.

KAKAÐEDZI LE TSITRETSITSIMƆKPƆKPƆA ŊU

“[Mawu nya] xexlẽme na ɣletiviwo; eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.”—Psalmo 147:4.

Esi Mawu tea ŋu yɔa ɣletivi ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ ta la, ate ŋu aɖo ŋku ame siwo wòafɔ ɖe tsitre la dzi bɔbɔe.