Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Míetsina Eye Míekuna?

Nu Ka Tae Míetsina Eye Míekuna?

MENYE Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye be amegbetɔwo naku o. Mawu wɔ mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa wode blibo le susu kple ŋutilã me; anye ne woanɔ agbe egbea hafi. Nya si Yehowa gblɔ na Adam ku ɖe ati aɖe si nɔ Eden-bɔa me ŋu la na nya sia me kɔ nyuie.

Mawu gblɔ na Adam be: “Gbe si gbe nàɖu [atia ƒe], ɖe la, ku kee nàku.” (1 Mose 2:17) Ne ɖe wowɔ Adam be wòatsi eye emegbe wòaku la, anye ne susu aɖeke manɔ sedede sia me o. Adam nyae nyuie be ne yemeɖu atikutsetsea o la, yeayi edzi anɔ agbe.

MAWU MEÐOE BE AMEGBETƆWO NAKU O

Mehiã be Adam kple Xawa naɖu atikutsetsea hafi anɔ agbe o, elabe atikutsetse vovovowo nɔ abɔa me fũu. (1 Mose 2:9) Ne atsu kple asi gbãtɔ sia meɖu ati sia ƒe tsetse o la, woato esia dzi aɖee afia be yewoɖoa to Ame si na agbe yewo la. Esia afia hã be wolɔ̃ ɖe edzi be Mawu koe ate ŋu afia mɔ yewo.

NU SI TA ADAM KPLE XAWA KU

Be míase nu si tae Adam kple Xawa ku gɔme la, na míadzro dzeɖoɖo aɖe si yi edzi si va gblẽ nu le mí katã ŋu la me. Satana Abosam to da aɖe dzi gblɔ alakpanya vɔ̃ɖi aɖe. Biblia gblɔ be: “Ke da dze aye wu gbemelã siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Eye wòbia nyɔnu la be: ‘Vavãe Mawu gblɔ be migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?’”—1 Mose 3:1.

Xawa ɖo eŋu be: “Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa. Ke Mawu gblɔ le ati si le abɔa titina la ƒe tsetse ya ŋu be: ‘Migaɖu eƒe ɖeke o, ao, migaka asi eŋu o; be miagaku o.’” Ke da la gblɔ nɛ be: “Miele kuku ge akpɔ o. Elabena Mawu nyae be gbe si gbe miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” Satana to nya sia dzi le gbɔgblɔm be Yehowa nye alakpatɔ si le nu nyui aɖe tem mía dzila gbãtɔawo.—1 Mose 3:2-5.

Xawa ka ɖe nya sia si wòse la dzi. Elé ŋku ɖe atia ŋu. Ekpɔ be atia nyo, eye eɖuɖu dzroa ame! Edo asi ɖa gbe atikutsetsea ƒe ɖe eye wòdze eɖuɖu gɔme. Eye Biblia gblɔ be: “Emegbe esi srɔ̃a va egbɔ la, ena ɖe eya hã wòɖu.”—1 Mose 3:6.

Mawu gblɔ na Adam be: “Gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe la, ku kee nàku.”​——1 MOSE 2:17

Bu ale si gbegbe wòate ɖe Mawu dzii, esi wòkpɔ be yevi lɔlɔ̃awo ɖoe koŋ gbe toɖoɖo ye la ŋu kpɔ! Nu kae wòwɔ? Yehowa gblɔ na Adam be: “[Àtrɔ] azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyie nènye, eye anyie nàgatrɔ azu.” (1 Mose 3:17-19) Le esia ta, “Adam ƒe agbemeŋkekewo katã va le ƒe alafa asieke blaetɔ̃, eye wòku.” (1 Mose 5:5) Adam meyi dziƒo loo alo yi gbɔgbɔmenuto aɖe me o. Menɔ afi aɖeke hafi Yehowa tsɔ anyi mèe o. Eya ta esi wòku la, egatrɔ zu anyi si wotsɔ mèe, agbe mele eme o. Megale agbe o. Ewɔ nublanui loo!

NU SI TAE MÍEDE BLIBO O

Esi Adam kple Xawa ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu ta la, wobu blibodede kple agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa. Woƒe dzedzeme va trɔ bubui, wozu nu vɔ̃ mewo eye womegade blibo o. Gake menye woawo ɖeɖe ko ŋue woƒe nu vɔ̃ si nye tomaɖomaɖoa gblẽ nu le o. Vi siwo katã wova dzi la nyi blibomademade kple nu vɔ̃ dome tso wo gbɔ. Romatɔwo 5:12 gblɔ be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.”

Biblia ɖɔ nu vɔ̃ kple ku be enye “nutsyɔnu si tsyɔ dukɔwo katã dzi kple avɔ si tsyɔ dukɔwo katã dzi.” (Yesaya 25:7) Nutsyɔnu sia tsyɔ amegbetɔwo dzi abe aɖiya aɖe si nu míate ŋu asi le o la ene. Vavãe “amewo katã kuna le Adam me.” (1 Korintotɔwo 15:22) Esia fɔ nyabiase aɖe si apostolo Paulo bia la ɖe te be: “Ame kae aɖem tso kuŋutilã sia si me?” Ðe ame aɖe ate ŋuia?—Romatɔwo 7:24.