Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wowɔ Mí Be Míanɔ Agbe Tegbee

Wowɔ Mí Be Míanɔ Agbe Tegbee

MÍA dometɔ kae madi be yeanɔ agbe tegbee ahanɔ dzidzɔ kpɔm o? Bu ale si gbegbe wòanyoe ne ɖe míanɔ agbe tegbee eye míanɔ lãmesẽ kple dzidzɔ me ŋu kpɔ! Anye ne ɣeyiɣi anɔ anyi míade ha kple mía xɔlɔ̃wo, aɖi tsa ayi xexea ƒe akpa sia akpa, asrɔ̃ nu yeyewo, míaƒe nunya nadzi ɖe edzi, eye míasrɔ̃ nu tso nu sia nu si doa dzidzɔ na mí la ŋu tsitotsito.

Ðe míele ami ɖem ɖe nyaa akpaa? Gbeɖe! Biblia na míenyae be Mawu de didi ma mía me. (Nyagblɔla 3:11) Eyi edzi gblɔ hã be “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Ðe nunya anɔ eme be Mawu lɔ̃ame si wɔ mí nade didi ma mía me be míanɔ agbe tegbee evɔ wòana be didi ma gbɔ manya ɖo oa?

Eme kɔ ƒãa be futɔe ku nye. Le nyateƒe me la, Biblia ɖɔe be enye “futɔ” si va ɖo agba me na mí. (1 Korintotɔwo 15:26) Futɔ sia wua ame aɖewo kaba; le ame bubuwo gome la, wonɔa agbe tsina vie. Gake ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o. Le ame aɖewo gome la, ne wobu ku ŋu la, enana wotsia dzimaɖi, alo vɔ̃na gɔ̃ hã. Ðe woava ɖe futɔ sia ɖa gbe ɖekaa? Ðe wòanya wɔ ŋutɔŋutɔa?

KPEÐODZI SIWO NAA MƆKPƆKPƆ MÍ

Ðe wòawɔ nuku na wò, ne èva nyae be Mawu meɖoe be amegbetɔwo naku hafi oa? Biblia-gbalẽ si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ɖo kpe edzi be Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Yehowa Mawu wɔ nu sia nu si ana agbe nanya nɔ le anyigba dzi la na amegbetɔwo. Eyome ewɔ ŋutsu gbãtɔ, Adam, eye wodae ɖe paradiso, si nye Eden-bɔ me. Emegbe “Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.”—1 Mose 1:26, 31.

Wowɔ Adam wòde blibo, ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu. (5 Mose 32:4) Gbegblẽƒe aɖeke menɔ Adam srɔ̃ Xawa hã ŋu o, eya hã de blibo le susu kple ŋutilã me. Yehowa gblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi; mikpɔ ŋusẽ ɖe ƒumelãwo kple nuwɔwɔ siwo dzona le yame kpakple nu gbagbe siwo katã ʋãna le anyigba dzi la dzi.”—1 Mose 1:28.

Axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi woƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba la dzi. Ehiã be Xawa nadzi viwo, eye ɖevi mawo hã nadzi viwo va se ɖe esime anyigba dzi yɔ abe ale si Mawu ɖo tamee ene. (Yesaya 45:18) Ðe susu anɔ eme be Yehowa nagblɔ na Adam kple Xawa be woadzi ayɔ anyigbaa dzi ne ɖeko wòwɔ wo be woanɔ agbe kpuie ko akpɔ wo viwo kple ɖewohĩ wo mama kple tɔgbui yɔviwo ko, evɔ womakpɔ nya mawo me vava teƒe oa?

Bu dɔ si wode asi na wo be woakpɔ ŋusẽ ɖe lãwo dzi hã ŋu kpɔ. Wogblɔ na Adam be wòana ŋkɔ lãwo, eye dɔ sia axɔ ɣeyiɣi geɖe. (1 Mose 2:19) Gake hafi wòate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, ahiã be wòasrɔ̃ nu geɖe tso wo ŋu be wòase woƒe nuwɔnawo gɔme ale be wòate ŋu alé be na wo. Esiawo katã axɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖe ŋutɔ.

Eya ta se si Mawu de be woadzi ayɔ anyigbaa dzi eye woakpɔ ŋusẽ ɖe lãwo dzi fia kɔtɛ be, ɖe wowɔ amegbetɔ gbãtɔawo be woanɔ agbe didi. Le nyateƒe me la, Adam nɔ agbe wòdidi hã.

MAWU ÐO TAME BE AMEGBETƆWO NANƆ AGBE TEGBEE LE PARADISO ME LE ANYIGBA DZI

WONƆ AGBE WÒDIDI ŊUTƆ

Adam xɔ ƒe 930

Metusala xɔ ƒe 969

Noa xɔ ƒe 950

Egbea ƒe 70 va ɖo 80

Biblia fia nu be amegbetɔwo nɔ agbe didi kpɔ va yi wu ale si wòle fifia. Egblɔ be: “Adam ƒe agbemeŋkekewo katã va le ƒe alafa asieke blaetɔ̃.” Emegbe eyɔ ame ade aɖewo siwo nɔ agbe wu ƒe 900 sɔŋ la ƒe ŋkɔwo! Ame siawoe nye, Set, Enos, Kenan, Yared, Metusala kple Noa. Wo katã wonɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ si va le Noa ƒe ŋkekea me, Noa nɔ agbe ƒe 600 hafi Tsiɖɔɖɔa va. (1 Mose 5:5-27; 7:6; 9:29) Nu kae na wonɔ agbe didi nenema?

Ame siawo katã nɔ agbe wògogo ɣeyiɣi si me amegbetɔwo de blibo. Anye be ema koŋue gbɔe wòtso be wonɔ agbe didi. Gake nu ka tae wònye blibodede ye ana ame nanɔ agbe didi? Eye aleke woava ɖe ku ɖae? Be míakpɔ ŋuɖoɖoawo la, gbãa, ele be míase nu si tae míetsina eye míekuna la gɔme.