Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Woava Ðu Futɔ Si Nye Ku Dzii?

Aleke Woava Ðu Futɔ Si Nye Ku Dzii?

TOGBƆ be mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖoa he nu vɔ̃ kple ku vɛ na amegbetɔwo katã hã la, ema metrɔ tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la o. Le Mawu ƒe Nya, Biblia katã me la, eka ɖe edzi na mí enuenu be yeƒe tameɖoɖoa metrɔ o.

  • “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”Psalmo 37:29.

  • “Ami ku tegbee, eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”Yesaya 25:8.

  • “Futɔ mamlɛtɔ si woaɖe ɖa lae nye ku.”1 Korintotɔwo 15:26.

  • “Ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”Nyaɖeɖefia 21:4.

Aleke Mawu “ami ku” alo ‘ava ɖe’ futɔ si nye ku ɖae? Abe ale si míekpɔe va yi ene la, Biblia gblɔe eme kɔ be ‘ame dzɔdzɔewo anɔ agbe tegbee.’ Gake egagblɔ hã be “ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o.” (Nyagblɔla 7:20) Be Mawu nava ɖe ku ɖa la, ɖe esia afia be magawɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nudidiwo dzi oa? Kura o! Mawu mawɔ esia gbeɖe o elabe “mate ŋu aka aʋatso o.” (Tito 1:2) Ke fifia, nu kae Mawu awɔ be wòana tameɖoɖo nyui si ta wòwɔ amegbetɔwo ɖo la nava eme?

MAWU “AMI KU TEGBEE.”​—YESAYA 25:8

ALE SI WOAÐE KU ÐA TO TAFE AÐE DZI

Yehowa Mawu wɔ tafe ƒe ɖoɖo aɖe si me lɔlɔ̃ le be yeato edzi aɖe amegbetɔwo tso ku si me. Gɔmesese si koŋ le tafe ŋue nye nane si ƒe home sɔ kple nu si dome gblẽ la xexe pɛpɛpɛ alo woaxe nu si dzɔdzɔenyenye bia wòasɔ ɖe enu. Esi amegbetɔwo katã nye nu vɔ̃ me siwo wotso kufia na ta la, Biblia gblɔe eme kɔ be: “Wo dometɔ aɖeke mate ŋu axɔ na nɔvia akpɔ o eye mate ŋu axe etafe na Mawu o, (fexexe ɖe woƒe agbe ta xɔ asi ale gbegbe be, womate ŋui akpɔ gbeɖe o).”—Psalmo 49:7, 8.

Ne amegbetɔ madeblibo ku la, eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta koe wòate ŋu axe fe ɖo; mate ŋu aɖe eɖokui, loo alo axe fe ɖe ame bubu ƒe nu vɔ̃wo ta o. (Romatɔwo 6:7) Míehiã ame deblibo si ŋu nu vɔ̃ mele o be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe mía ta, menye ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o, ke ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.—Hebritɔwo 10:1-4.

Esia tututu ƒe ɖoɖoe Mawu wɔ. Edɔ Via, Yesu tso dziƒo be woadzii ɖe anyigba dzi wòanye ame deblibo si ŋu nu vɔ̃ mele o. (1 Petro 2:22) Yesu gblɔ be ɖe yeva be “yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.” (Marko 10:45) Eku be yeaɖe futɔ si nye ku ɖa ale be míate ŋu akpɔ agbe.—Yohanes 3:16.

ƔEKAƔIE WOAVA ÐE KU ÐA?

Egbea la, Biblia me nyagblɔɖi si ku ɖe “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ” ŋu si le eme vam, ɖo kpe edzi be míele xexe vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. (2 Timoteo 3:1) Ŋkeke mamlɛawo awu enu le “ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ŋkeke la” dzi. (2 Petro 3:3, 7) Gake ame siwo lɔ̃ Mawu la atsi agbe le tsɔtsrɔ̃ ma me eye woatsɔ “agbe mavɔ” ayra wo.—Mateo 25:46.

Yesu va be “yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.”—Marko 10:45

Mɔnukpɔkpɔ asu ame miliɔn geɖe siwo woafɔ ɖe tsitre la si be woava nɔ agbe tegbee. Yesu fɔ ame aɖe ɖe tsitre le Nain esi wòɖi tsa yi afi ma. Ahosi aɖe ƒe viŋutsuvi ɖeka kolia ku, eye esi ahosia ƒe nu “wɔ nublanui” na Yesu la, efɔ ɖevia ɖe tsitre. (Luka 7:11-15) Azɔ hã apostolo Paulo gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ le asinye le Mawu me . . . be tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Mɔkpɔkpɔ sẽŋu sia na míekpɔ ale si gbegbe Mawu lɔ̃ amegbetɔwo.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Ame biliɔn geɖe ate ŋu anɔ mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee. Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Ɣemaɣi la, dzi adzɔ wo eye woƒe akɔ afa be yewokpɔ nya si apostolo Paulo ŋlɔ ƒe 2,000 aɖewo do ŋgɔ teƒe be: “Ku, wò dziɖuɖu ɖe? Ku, afi kae wò ti si nètsɔ le ame tém la le?” me vava teƒe ŋutɔŋutɔ. (1 Korintotɔwo 15:55) Ɣemaɣi la, woaɖu amegbetɔwo ƒe futɔ gãtɔ si nye ku dzi!