Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesaya ƒe nuŋlɔɖia ƒe akpa aɖe si dze le Ƒukukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsawo dzi la ƒe fotoe le etame, eye ale si woɖe Yesaya ƒe nuŋlɔɖia ƒe akpa ma me le Arabgbe me egbea ye le ete. Gbedeasi si le Mawu ƒe Nyaa mea metrɔ o

Ðe Wotɔ Tsi Mawu Ƒe Nyaa Me Nyawoa?

Ðe Wotɔ Tsi Mawu Ƒe Nyaa Me Nyawoa?

Ewɔna na ame aɖewo be wotɔ tsi Mawu ƒe Nyaa. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ tso Mawu ƒe nyaa ŋu be ‘enɔa anyi tegbee.’ (Yesaya 40:8) Aleke míawɔ aka ɖe edzi be amewo metrɔ ŋugbe siwo Mawu do la me nyawo o?

Ŋusẽ le Mawu si be wòakpɔ eƒe Nyaa ta eye wòakpɔ egbɔ be amewo metɔ tsii o. Le blemaa, ame siwo tsɔ asi gbugbɔ ŋlɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽ nyakui ɖe sia ɖe si le ŋɔŋlɔ kɔkɔea me, ale be yewoakpɔ egbɔ be yewometsɔ naneke kpee, trɔ nane, alo ɖe nane le eme o. Gake ame madeblibowo koe amegbetɔwo gakpɔtɔ nye, eya ta ame siwo gbugbɔ ŋlɔe la, dometɔ aɖewo wɔ vodada suesuesue aɖewo.

ALEKE MÍAWƆ AKA ÐE EDZI BE GBEDEASI SI MAWU ŊUTƆ GBLƆ LAE LE ŊƆŊLƆ KƆKƆE SIWO LE MÍA SI EGBEA ME?

Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe siwo wogbugbɔ ŋlɔ le blema akpe geɖee li egbea. Eya ta ne wokpɔ vovototo aɖe le ɖeka aɖe me la, woate ŋu atsɔe asɔ kple bubuwo ale be woakpɔ nyateƒea.—Xlẽ nyati si nye “Ðe Wotrɔ Biblia Me Nyawoa?” si le jw.org/ee be nàsrɔ̃ nu geɖe akpee.

Le kpɔɖeŋu me, bu blemanuŋlɔɖi aɖe si woyɔna be Ƒukukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsawo si wokpɔ le agado aɖe si te ɖe Ƒukukua ŋu me le ƒe 1947 me ŋu kpɔ. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea ƒe akpa aɖewo siwo woŋlɔ ƒe akpe eve kple edzivɔ do ŋgɔ la dze le edzi. Nuŋlɔɖi siawo ŋuti nunyalawo tsɔ blemanuŋlɔɖi sia sɔ kple Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe siwo le mía si egbea. Nu ka ŋue woke ɖo?

Wokpɔe be Mawu ƒe Nyaa si le mía si egbea me nyawo sɔ kple nuŋlɔɖi gbãtɔa me tɔwo. * Esi wolé ŋku ɖe blemanuŋlɔɖiwo ŋu nyuia, nuŋlɔɖiawo ɖo kpe edzi be nya siwo míexlẽna le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe siwo le mía si egbea mea, nye gbedeasi siwo Mawu ŋutɔ na woŋlɔ. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Mawu kpɔ egbɔ be wometɔ tsi Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe siwo le mía si egbea me nyawo o.

Eya ta ne míele Mawu ƒe Nyaa xlẽm la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be, emenyawo de pɛpɛpɛ. Esi esia le susu me na mí la, mina míadzro nu si nyagblɔɖilawo fia mí tso Mawu ŋu la me le nyati si kplɔe ɖo me.

^ mm. 7 Ƒukukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsa Bliboa Le Eŋlisigbe Me si Geza Vermes ŋlɔ ƒe axa 16 lia.