Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Anyigba awɔ nu; Mawu, mía Mawu, ayra mí.”—PSALMO 67:6

Àte Ŋu Ase Vivi Na Mía Wɔlaa Ƒe Yayrawo Tegbee

Àte Ŋu Ase Vivi Na Mía Wɔlaa Ƒe Yayrawo Tegbee

Mawu do ŋugbe na nyagblɔɖila Abraham be yeato eƒe dzidzimevi aɖe dzi ayra “anyigbadziƒomewo katã.” (1 Mose 22:18) Ame kae anye dzidzimevi ma?

Anɔ abe ƒe 2,000 ye nye esi va yi la, Mawu na ŋusẽ Yesu si nye Abraham ƒe dzidzimevi, wòwɔ nukunu gãwo. Nukunu mawo ɖee fia be Yesu dzie ŋugbe si Mawu do na Abraham la ato ava na dukɔwo.—Galatiatɔwo 3:14.

Nukunu mawo siwo Yesu wɔa na míekpɔe be eyae nye ame si Mawu tia be yeato edzi ayra amegbetɔwo tegbee. Nukunu siwo Yesu wɔa na míekpɔ nɔnɔme nyui siwo le esi. Wo dometɔ aɖewoe nye:

Veveseɖeamenu—Yesu da dɔ na dɔnɔwo.

Gbe ɖekaa, kpodɔléla aɖe ɖe kuku na Yesu be wòada dɔ na ye. Yesu ka asi eŋu eye wògblɔ nɛ be: “Melɔ̃!” Enumake kpodɔa vɔ nɛ.—Marko 1:40-42.

Dɔmenyonyo—Yesu na nuɖuɖu ame siwo dɔ nɔ wuwum.

Yesu medi be dɔ nanɔ amewo wum o. Yesu na abolo kple tɔmelã ʋɛ aɖewo sɔ gbɔ ɖe edzi nukutɔe tsɔ nyi ame akpe gbogbo aɖewo zi eve sɔŋ. (Mateo 14:17-21; 15:32-38) Nuɖuɖu gbogbo aɖe gatsi anyi esi amehawo ɖu nua ɖi ƒodo vɔ gɔ̃ hã.

Dɔmetɔtrɔ—Yesu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre.

Ahosi aɖe si nɔ nu xam vevie le via ɖekɛ ƒe ku ta la ƒe nu “wɔ nublanui” na Yesu, eya ta efɔ ɖevia ɖe tsitre elabena ame aɖeke meli akpɔ ahosia dzi o.—Luka 7:12-15.