Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Ase Vivi Na Mía Mawu Lɔ̃amea Ƒe Yayrawo Tegbee

Àte Ŋu Ase Vivi Na Mía Mawu Lɔ̃amea Ƒe Yayrawo Tegbee
  • Ðe nèle mɔ kpɔm na xexe aɖe si me aʋawɔwɔ, ŋutasẽnuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ mele oa?

  • Ðe nèdi vevie be dɔléle, fukpekpe kple ku nu nayia?

  • Ðe nàdi be yeadzudzɔ dzimaɖitsitsia?

  • Ðe nèdi be yeanɔ teƒe aɖe si dzɔdzɔmefɔkuwo magblẽ nu le oa?

Mía Mawu lɔ̃ame si wɔ anyigba nyui sia na mí la do ŋugbe na mí be míava nɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔ me tegbee. Menye ameblenyawoe nya siawo nye o.

Ne èle nyati siwo kplɔ esia ɖo xlẽma, bu nya siawo ŋu kpɔ:

  • Aleke mía Wɔlaa sena le eɖokui me tso mía ŋu?

  • Nya kawoe Mawu gblɔ na mí le eƒe Nyaa me?

  • Nu kae Mawu ƒe nyagblɔɖilawo gblɔ tso eƒe ŋugbedodowo ŋu?

  • Nu kawoe míawɔ be míakpɔ dzidzɔ fifia, eye míaƒe asi nasu Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi le etsɔme?

Gbãa, na míadze egɔme kple ale si mía Wɔla lɔ̃amea, tsɔ ɖe le eme na mí vevie.