Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔtɔ aɖe le lɛta me nyawo gblɔm na eƒe agbalẽŋlɔla eye eya hã le eŋlɔm ɖe kɔmpiuta dzi

Mɔ Si Dzi Wɔlaa To Gblɔ Ŋugbe Nyui Siwo Wòdo

Mɔ Si Dzi Wɔlaa To Gblɔ Ŋugbe Nyui Siwo Wòdo

Tso esime Wɔlaa wɔ amegbetɔwo kea, eto mawudɔlawo kple nyagblɔɖilawo dzi ƒo nu na wo. Azɔ hã, ena woŋlɔ eƒe gbedeasia kple yayra siwo ŋugbe wòdoa ɖi. Ŋugbe siwo Mawu do la, aɖe vi na wò le etsɔme. Ke afi kae nàte ŋu akpɔ ŋugbe siwo Mawu do la le egbea?

Míakpɔ Mawu ƒe gbedeasia le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me. (2 Timoteo 3:16) Mɔ ka dzie Mawu to na nyagblɔɖilawo ŋlɔ eƒe gbedeasia ɖi? (2 Petro 1:21) Mawu gblɔ eƒe susuwo na wo woŋlɔ ɖi. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi. Ne dɔtɔ aɖe bia tso eƒe agbalẽŋlɔla si be wòaŋlɔ lɛta aɖea, mímabu lɛtaa be enye agbalẽŋlɔlaa tɔ o, ke boŋ dɔtɔa tɔ. Nenema kee togbɔ be Mawu zã amewo woŋlɔ eƒe gbedeasia ɖi hã, eya tɔe gbedeasi kɔkɔe mawo nye.

MAWU ƑE NYAA LE AME AKPA GÃTƆ SI

Mawu ƒe gbedeasia le vevie ale gbegbe be edi be amewo katã naxlẽe ase egɔme. Egbea, eƒe “nya nyui mavɔ” la ɖo “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ” gbɔ. (Nyaɖeɖefia 14:6) Mawu ƒe yayra wɔe be woɖe agbalẽ kɔkɔe sia katã alo eƒe akpa aɖewo me ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 3,000 sɔŋ me, eye eyae nye agbalẽ si gɔme woɖe wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe.