GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2018

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso June 4 va se ɖe July 8, 2018 la le tata sia me.

Mɔ Si Dzi Míato Akpɔ Ablɔɖe Vavãtɔ

Amewo di vevie be yewoavo tso ameteteɖeanyi, vovototodedeameme kple ahedada si me, eye ame aɖewo hã di be ablɔɖe nasu yewo si yewoagblɔ yewoƒe susuwo faa alo yewoawɔ nu si yewodi. Ðe ablɔɖe vavãtɔ ate ŋu asu amegbetɔwo sia?

Subɔ Yehowa, Ablɔɖe Ƒe Mawu La

Mɔ kawo nue Yehowa ƒe gbɔgbɔa na ablɔɖe mí le? Aleke míaƒo asa na ablɔɖe si Mawu na mí la ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu?

Hamemetsitsiwo Kple Subɔsubɔdɔwɔlawo—Misrɔ̃ Timoteo

Edze abe esi Timoteo dze dɔwɔwɔ kple apostolo Paulo gɔme la, anya se le eɖokui me be yemate ŋu awɔ dɔa o ene. Nu kae hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu asrɔ̃ tso Timoteo ƒe kpɔɖeŋua me?

Srɔ̃ Yehowa—Mawu Si Dea Dzi Ƒo Na Ame La Ƒe Kpɔɖeŋu

Tso blema ke la, eva hiãna ɣeaɖewoɣi be woade dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo.

Minɔ Dzi Dem Ƒo Na Mia Nɔewo “Geɖe Wu”

Esi Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒe ŋutɔ ta la, ele be míagatsɔ ɖe le eme na mía nɔvi Kristotɔwo geɖe wu, ale be míate ŋu ade dzi ƒo na wo ɣesiaɣi si wòhiã.

Sɔhɛwo, Ðe Miele Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Minyama?

Mɔnukpɔkpɔ gbogbo siwo ŋu dɔ sɔhɛwo ate ŋu awɔ kple nyametsotso geɖe siwo dze ŋgɔ wo la ate ŋu ana woatɔtɔ. Nu kae akpe ɖe wo ŋu be woawɔ tiatia nyuitɔ le nu si woatsɔ woƒe agbe awɔe la ŋu?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae mɔɖeɖe meli be ame aɖe nada Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo alo videowo ɖe eya ŋutɔ ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe alo Internet hahoo kadodo ƒe dɔwɔnuwo dzi o?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Susu ka tae le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me la, wotrɔ asi le Psalmo 144 lia me nyawo ŋu?