Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hamemetsitsiwo Kple Subɔsubɔdɔwɔlawo—Misrɔ̃ Timoteo

Hamemetsitsiwo Kple Subɔsubɔdɔwɔlawo—Misrɔ̃ Timoteo

LE ƑE si va yi me la, woɖo nɔviŋutsu akpe geɖe wozu hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le xexea me godoo. Ne nɔviŋutsu siawo dometɔ ɖekae nènye la, míeka ɖe edzi be èle dzidzɔ kpɔm be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia su ye si.

Togbɔ be ele alea hã, ɖewohĩ ànya tsi dzimaɖi vie. Jason, si nye ɖekakpui eye wònye hamemetsitsi la gblɔ be, “Esi woɖom hamemetsitsii la, mese le ɖokuinye me be agba siwo va le dzinye la kpe nam akpa.” Mose kple Yeremiya se le wo ɖokuiwo me be yewomedze o esi Yehowa de dɔ wo si zi gbãtɔ. (2 Mose 4:10; Yer. 1:6) Ne nenemae nèle sesem le ɖokuiwò me la, aleke nàwɔ aɖu seselelãme mawo dzi ahayi edzi awɔ ŋgɔyiyi? Bu Kristo ƒe nusrɔ̃la Timoteo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ.—Dɔw. 16:1-3.

SRƆ̃ TIMOTEO ƑE KPƆÐEŊU

Anɔ eme be Timoteo nɔ eƒe ƒewuiwo ƒe nuwuwu loo alo anya ge ɖe ƒe 20-awo me teti koe apostolo Paulo mia asii be wòazu yeƒe mɔzɔhati. Ðewohĩ le gɔmedzedzea me la, esi wònye be ɖekakpui ko Timoteo nye ɣemaɣi ta la, anya se le eɖokui me be yemate ŋu awɔ dɔa o, eye ɖewohĩ anya nɔ hehem ɖe megbe le dɔdeasi yeyea wɔwɔ ŋu. (1 Tim. 4:11, 12; 2 Tim. 1:1, 2, 7) Ke hã, le ƒe ewo megbe la, Paulo te ŋu gblɔ na nɔvi siwo nɔ Filipi la be: “Mele mɔ kpɔm le Aƒetɔ Yesu me be madɔ Timoteo ɖo ɖe mi kpuie . . . Elabena ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de etɔ nu” o.—Flp. 2:19, 20.

Nu kae kpe ɖe Timoteo ŋu wòzu hamemetsitsi nyui? De ŋugble le nu ade siwo nàte ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me la ŋu.

1. Etsɔ ɖe le eme na amewo tso dzi me. Paulo gblɔ na Filipi hamea me tɔwo be: “[Timoteo] akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze.” (Flp. 2:20) Nyateƒee, Timoteo tsɔ ɖe le eme na amewo. Edi vevie be yeakpe ɖe wo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, eye eku kutri vevie le esia wɔwɔ me.

Ƒo asa na nuwɔwɔ abe bɔsukula aɖe si ŋu nya wogblɔ le lododo aɖe me, si ƒe didie nye be yeaɖo ʋutɔɖoƒe ɖe sia ɖe le game dzi tsɔ wu be yeakɔ ʋuɖolawo la ene. William, si nye hamemetsitsi ƒe 20 kple edzivɔe nye esia, si ŋu wodea bubui la ɖoa aɖaŋu na nɔviŋutsu siwo xɔ agbanɔamedzi yeye la be: “Lɔ̃ nɔviawo. Wò susu nenɔ woƒe hiahiãwo ŋu wu dɔa ƒe akpa si bia ɖoɖowo wɔwɔ ŋu.”

2. Etsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. Paulo na vovototo si nɔ kpɔɖeŋu si Timoteo ɖo kple ame bubuawo tɔ dome la dze esi wògblɔ be: “Ame susɔeawo katã la, woawo ŋutɔwo tɔ ko dim wole, menye Yesu Kristo tɔ o.” (Flp. 2:21) Roma ye Paulo nɔ hafi ŋlɔ nya mawo. Ede dzesii be nɔvi siwo nɔ afi ma la tsɔ woƒe susu ɖo woawo ŋutɔwo ƒe nuwo ŋu fũu akpa. Womenɔ gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me bliboe o. Gake Timoteo ya to vovo kura! Esi mɔnukpɔkpɔwo ʋu ɖi nɛ be wòawɔ geɖe le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me la, ewɔ nu abe Yesaya ene, ame si gblɔ be: “Nyee nye esi! Dɔm!”—Yes. 6:8.

Aleke nàwɔ ada asɔ le nu siwo ka wò ŋutɔ kple agbanɔamedzi siwo le asiwò le hamea me la gome? Gbã, tsɔ nu siwo le vevie wu la ɖo nɔƒe gbãtɔ. Paulo gblɔ be míakpɔ “nu siwo le vevie wu la adze sii.” (Flp. 1:10) Na nu siwo le vevie na Mawu nanɔ vevie na wò hã. Evelia, ɖe nanewo dzi kpɔtɔ. Ðe asi le nu siwo gblẽa ɣeyiɣi dome hetea ɖeɖi ame ŋu dzodzro la ŋu. Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “Si le sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzrowo nu, ke boŋ ti dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome.”—2 Tim. 2:22.

3. Edo vevie subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ. Paulo ɖo ŋku edzi na Filipi hamea me tɔwo be: “Mienya ale si [Timoteo ɖee] fia be yedze, eye abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim abe kluvi ene le nya nyui la dodo ɖe ŋgɔ me.” (Flp. 2:22) Timoteo mewɔ kuvia o. Ewɔ dɔ kple Paulo kutrikukutɔe, eye esia wɔe be ƒomedodo kplikplikpli nɔ wo ame evea dome.

Egbea, dɔ geɖe li míawɔ le Mawu ƒe habɔbɔa me. Dɔ siawo naa dzidzeme ame eye wotea mí ɖe mía nɔviwo ŋu. Eya ta na wòanye wò taɖodzinu ɣesiaɣi be yeawɔ “geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me.”—1 Kor. 15:58.

4. Ewɔ nu siwo wòsrɔ̃ la dzi. Paulo ŋlɔ agbalẽ na Timoteo bena: “Èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃ kple nye dzidodo yome pɛpɛpɛ.” (2 Tim. 3:10) Esi wònye be Timoteo wɔ nu siwo wòsrɔ̃ ŋu dɔ le eƒe agbe me ta la, eva dze xɔ agbanɔamedzi geɖe.—1 Kor. 4:17.

Ðe nɔvi tsitsi aɖe li, si nye xɔ̃wò, si ƒe kpɔɖeŋu nàdi be yeasrɔ̃a? Ne ɖeke mele asiwò o la, ɖe manyo be nàdi ɖe oa? Tom, si nye hamemetsitsi ƒe geɖee nye esia gblɔ be: “Hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe tsɔ ɖe le eme nam vevie eye wòna hehem nyuie. Mebiaa eƒe mɔfiame zi geɖe, eye mewɔa aɖaŋu siwo wòɖona nam la dzi. Esia wɔe be le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, dzi ɖo ƒonye ɖe nye agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu.”

5. Eyi edzi na hehe eɖokui. Paulo ɖo aɖaŋu na Timoteo be: ‘Tsɔ mawusosroɖa nɔ ɖokuiwò mlam.’ (1 Tim. 4:7) Togbɔ be hehenala ate ŋu anɔ kamedela si hã, egahiã kokoko be eya ŋutɔ nanɔ hehe nam eɖokui. Paulo de dzi ƒo na Timoteo be: “Yi edzi nàdo vevie dutoƒo nuxexlẽ, nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia. . . . De ŋugble le nu siawo ŋu; lé fɔ ɖe wo ŋu, ale be wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.”—1 Tim. 4:13-15.

Ele be wò hã nàyi edzi anɔ ɖokuiwò mlam. Lé fɔ ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu eye nànɔ akasanu kple habɔbɔa ahanya mɔfiame yeye siwo nam habɔbɔa le. Azɔ hã, mègaka ɖe ɖokuiwò dzi fũu akpa ahanɔ esusum be esi nuteƒekpɔkpɔ geɖe su ye si ta la, yeate ŋu akpɔ nya ɖe sia ɖe si do mo ɖa la gbɔ numekuku mawɔmawɔe o. Ke boŋ srɔ̃ Timoteo ƒe kpɔɖeŋua, “[nàkpɔ] ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi.”—1 Tim. 4:16.

6. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ŋu. Esime subɔsubɔdɔ si wɔm Timoteo nɔ la nɔ susu me na Paulo la, egblɔ nɛ be: “Dzra nu nyui sia si míetsɔ de asi na wò to gbɔgbɔ kɔkɔe si le mía me dzi la ɖo nyuie.” (2 Tim. 1:14) Be Timoteo nate ŋu alé eƒe subɔsubɔdɔa me ɖe asi sesĩe la, ele be wòaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu.

Nɔviŋutsu Donald, si nye hamemetsitsi ƒe geɖee nye esia la gblɔ be: “Ele be nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo nade asixɔxɔ ƒomedodo si le woa kple Mawu dome la ŋu. Wo dometɔ siwo wɔe alea la ‘ƒe ŋusẽ anɔ dzidzim ɖe edzi.’ Ne wodoa gbe ɖa na Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea yewo eye wodzea agbagba tua gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ɖo la, woanye yayra blibo na nɔviwo.”—Ps. 84:7; 1 Pet. 4:11.

BU WÒ SUBƆSUBƆMƆNUKPƆKPƆA NU XƆASII

Ede dzi ƒo ŋutɔ be nɔviŋutsu geɖe siwo xɔ agbanɔamedzi yeyewo, siwo dometɔ ɖekae nènye la, le ŋgɔyiyi geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me. Jason, si ŋu nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la gblɔ be: “Tso esime mezu hamemetsitsi la, mesrɔ̃ nu geɖe eye dzi va ɖo ƒonye geɖe wu hã. Fifia, mele dzidzɔ geɖe kpɔm le nye dɔdeasia me eye mekpɔe be mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee wònye!”

Ðe nàyi edzi anɔ ŋgɔyiyi wɔm le subɔsubɔdɔ si nèwɔna na Yehowa la mea? Ðoe wò taɖodzinu be yeasrɔ̃ Timoteo ƒe kpɔɖeŋua. Ekema wò hã ànye yayra na Mawu ƒe amewo.