Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔ Si Dzi Míato Akpɔ Ablɔɖe Vavãtɔ

Mɔ Si Dzi Míato Akpɔ Ablɔɖe Vavãtɔ

“Ne Vi la na ablɔɖe mi la, ekema mianye ablɔɖeviwo vavã.”​—YOH. 8:36.

HADZIDZI: 54, 36

1, 2. (a) Nu kawoe ɖo kpe edzi be amewo le agbagba dzem be yewoakpɔ ablɔɖe? (b) Nu kawoe do tso agbagbadzedze mawo me?

EGBEA, amewo ƒoa nu tso ablɔɖe, sɔsɔminasɔe kple gomenɔamesiwo ŋu zi geɖe. Le xexea ƒe akpa vovovowo la, amewo di be yewoavo tso ameteteɖeanyi, vovototodedeameme kple ahedada si me. Ame aɖewo hã di be ablɔɖe nasu yewo si yewoagblɔ yewoƒe susuwo faa, yewoawɔ nu si yewodi, eye yewoanɔ agbe ale si yewodii. Le xexea ƒe afi sia afi la, amewo dina be yewoakpɔ ablɔɖe.

2 Gake ale si woawɔ akpɔ ablɔɖe si dim wole lae nye nyaa. Amewo dzea aglã alo tsia tsitre ɖe dziɖuɖuwo ŋu, wolɔa gbɔ, eye womua dziɖuɖuwo ƒua anyi gɔ̃ hã kple susu be ablɔɖe nasu yewo si. Gake ɖe woƒe asi sua nu si dim wole dzia? Ao, ke boŋ zi geɖe la, ɖe nuwɔna mawo nana kuxiwo doa gã ɖe edzi eye amewo kuna. Esiawo katã gaɖo kpe nya si Fia Salomo gblɔ be, “Amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ” la ƒe nyateƒenyenye dzi.—Nyagb. 8:9.

3. Nu kae míate ŋu awɔ be míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ?

3 Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ nu vevi si akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ. Eŋlɔ bena: “Ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu, eye wònɔa edzi ɖaa la, . . . akpɔ dzidzɔ le nu si wòwɔna la me.” (Yak. 1:25) Yehowa, ame si na se deblibo ma lae nya nu siwo amegbetɔwo hiã ale be woakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme si de blibo. Ena ablɔɖe vavãtɔ kple nu sia nu si atsu kple asi gbãtɔa hiã be woakpɔ dzidzɔ la wo.

ƔEYIƔI SI ME AMEGBETƆWO NƆ ABLƆÐE VAVÃTƆ ME

4. Ablɔɖe kae nɔ Adam kple Xawa si? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 Ne míele Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta eve gbãtɔawo xlẽm la, míekpɔnɛ be ablɔɖe si tututu le amewo dzrom egbea lae nɔ Adam kple Xawa si: wovo tso ahedada, vɔvɔ̃ kple ameteteɖeanyi me. Atsu kple asi ma metsia dzimaɖi le nuɖuɖukpɔkpɔ, dɔwɔɖui, dɔléle kple ku ŋu o. (1 Mose 1:27-29; 2:8, 9, 15) Ðe esia fia be seɖoƒe aɖeke menɔ ablɔɖe si me Adam kple Xawa nɔ la ŋu oa? Na míakpɔe ɖa.

5. To vovo na nu si ame geɖe susuna la, nu kae amewo hiã hafi ablɔɖe nasu wo si?

5 Egbea, ame geɖe susuna be ablɔɖe vavãtɔ me nɔnɔ fia be yewoate ŋu awɔ nu sia nu si yewodi, nu ka kee ɖanye emetsonua o. Numekugbalẽ aɖe ɖe ablɔɖe gɔme be enye “ŋutete si anɔ ame ŋu be wòatso nya me le nu si wòawɔ ŋu eye wòawɔe hã.” (The World Book Encyclopedia) Gake egblɔ kpee be: “Le senyawo me la, wogblɔna be amewo le ablɔɖe me ne womeɖo seɖoƒe siwo mele eteƒe o, siwo mehiã o kple esiwo mesɔ o le afi si wole la o.” Esia fia be, seɖoƒe aɖewo hiã hafi ame sia ame nate ŋu ase vivi na ablɔɖe si le amewo si. Ekema, biabia lae nye be: Ame kae dze be wòagblɔ nu si le eteƒe, nu si hiã kple nu si sɔ na amegbetɔwo?

6. (a) Nu ka tae Yehowa ɖeɖe ko sie ablɔɖe si seɖoƒe meli na o la le? (b) Ablɔɖe kae ate ŋu asu amegbetɔwo si, eye nu ka tae?

6 Le ablɔɖe ƒe nyaa gome la, nya vevi si wòle be wòanɔ susu me na mí ye nye be Yehowa Mawu ɖeka pɛ ko sie ablɔɖe blibo, alo ablɔɖe si seɖoƒe meli na o la le. Nu ka tae? Nu si tae nye be eyae nye nuwo katã Wɔla kple xexea katã ƒe Dziɖulagã. (1 Tim. 1:17; Nyaɖ. 4:11) Ðo ŋku nya wɔdɔɖeamedzi siwo Fia David gblɔ tsɔ ɖɔ ɖoƒe kɔkɔ tɔxɛ si Yehowa ɖeɖe ko le la dzi. (Xlẽ 1 Kronika 29:11, 12.) Eya ta, ablɔɖe si seɖoƒe li na koe le nuwɔwɔ siwo le dziƒo kple anyigba dzi la katã si. Ele be woalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Mawu ko sie ŋusẽ le be wòagblɔ nu si le eteƒe, nu si hiã kple nu si sɔ na amegbetɔwo. Le nyateƒe me la, nu sia tututue Yehowa Mawu wɔ na eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo la tso gɔmedzedzea me ke.

7. Nu siwo míewɔna le dzɔdzɔme nu, siwo nana míekpɔa dzidzɔ la dometɔ aɖewo ɖe?

7 Togbɔ be ablɔɖe geɖe su Adam kple Xawa si le gɔmedzedzea me hã la, seɖoƒe nɔ woƒe ablɔɖea ŋu. Seɖoƒe siawo ƒe ɖewo le dzɔdzɔme nu. Le kpɔɖeŋu me, mía dzila gbãtɔwo nyae be hafi yewoate ŋu akpɔtɔ anɔ agbe la, ehiã be yewoagbɔ ya, aɖu nu, adɔ alɔ̃, kple bubuawo. Ðe nu siawo wɔwɔ ana woase le wo ɖokuiwo me be ablɔɖe mele yewo si oa? Ao, elabe Yehowa kpɔ egbɔ be, nu mawo wɔwɔ ana woakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme. (Ps. 104:14, 15; Nyagb. 3:12, 13) Ame kae makpɔ dzidzɔ be yegbɔ ya fafɛ, ɖu nu viviwo, alo dɔ alɔ̃ ɖi ɖe eme nyuie le zã me o? Míekpɔa dzidzɔ ɖe nu siawo wɔwɔ ŋu eye míesena le mía ɖokui me be wonye mɔxenu alo agba na mí o. Ðikeke mele eme o be Adam kple Xawa hã se le wo ɖokuiwo me nenema.

8. Se kae Mawu de na atsu kple asi gbãtɔa, eye taɖodzinu ka tae?

8 Yehowa de se na Adam kple Xawa be woadzi ayɔ anyigba dzi eye woalé be na anyigbaa. (1 Mose 1:28) Ðe sedede sia te ablɔɖe wo le mɔ aɖe nua? Kura o! Ðe wode se sia na amegbetɔwo ale be woakpɔ gome le Wɔla la ƒe tameɖoɖo me vava me. Eyae nye be anyigba bliboa nazu paradisoƒe gã aɖe si me amegbetɔƒome si de blibo anɔ tegbee. (Yes. 45:18) Egbea, ne amewo tiae be yewoanɔ tre, alo yewoaɖe srɔ̃ evɔ yewomadzi vi o la, metsi tsitre ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu o. Ke hã, ame geɖe ɖea srɔ̃ eye wodzia viwo togbɔ be esia hea kuxi aɖewo vanɛ hã. (1 Kor. 7:36-38) Nu ka tae? Elabena le dzɔdzɔme nu la, amewo kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le nu siawo wɔwɔ me. (Ps. 127:3) Ne ɖe Adam kple Xawa ɖo to Yehowa la, anye ne woakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe kple ƒomea me tegbee.

ALE SI WÒDZƆE BE ABLƆÐE VAVÃTƆ MEGAVA LI O

9. Nu ka tae Mawu ƒe se si le 1 Mose 2:17 la menye se si mele eteƒe o, si mehiã o kple esi mesɔ o?

9 Yehowa de se bubu aɖe hã na Adam kple Xawa, eye le sedede sia me la, egblɔ nu si ado tso eme ne woda edzi; egblɔ be: “Ke sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ya la, mègaɖu eƒe tsetse aɖeke o, elabena gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe la, ku kee nàku.” (1 Mose 2:17) Ðe se sia nye se si mele eteƒe o, si mehiã o kple esi mesɔ oa? Ðe se sia wɔe be ablɔɖe meganɔ Adam kple Xawa si oa? Kura o. Le nyateƒe me la, Biblia ŋuti nunyala geɖewo ƒe numeɖeɖewo gblɔ be se sia le eteƒe eye susu le eme. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be: “Nu si se si Mawu de le [1 Mose 2:16, 17] fia ye nye be, Mawu ɖeɖe koe nya nu si nyo . . . na amegbetɔwo, eye Mawu ɖeɖe koe nya nu si menyo . . . na wo o. Hafi nu si ‘nyo’ naɖe vi na amegbetɔwo la, ele be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ahaɖo toe. Ne wogbe toɖoɖo la, ekema Mawu aɖe asi le wo ŋu be woawo ŋutɔwo natso nya me le nu si nyo . . . kple nu si menyo o ŋu.” Ema nye agba aɖe si amegbetɔwo mate ŋu atsɔ dzidzedzetɔe le wo ɖokui si o.

Nyametsotso si Adam kple Xawa wɔ la gblẽ nu ale gbegbe! (Kpɔ memama 9-12)

10. Nu ka tae mele be míasusu be tiatiawɔblɔɖe si Mawu na mí la fia be gome le mía si be míatso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu o?

10 Egbea, ne amewo xlẽ nu tso se si Mawu de na Adam ŋu la, wogblɔna be Mawu mena ablɔɖe Adam be wòawɔ nu si wòdi o. Gake womenya be tiatiawɔblɔɖe ƒe amesinɔnɔ mefia be gome le ame si be wòatso nya me le nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ ŋu o. Ablɔɖe nɔ Adam kple Xawa si be woatiae nenye be yewoaɖo to Mawu loo alo yewomaɖo toe o. Gake, Yehowa ɖeɖe ko sie gome le bliboe be wòatso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu, eye “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati” si nɔ Eden-bɔa me la nye esia ƒe kpeɖodzi na Adam kple Xawa. (1 Mose 2:9) Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be míenyana nu si ava do tso míaƒe nyametsotsowo me ɣesiaɣi o, eye míate ŋu anya nenye be nu nyui ado tso míaƒe nyametsotso ɖe sia ɖe me o. Esia tae míekpɔnɛ zi geɖe be amewo wɔa nyametsotso alo tiatia aɖewo kple susu nyui, gake fukpekpe, gbegblẽ alo vɔ̃ koe va dona tso eme. (Lod. 14:12) Esi seɖoƒe li na nu si amegbetɔwo ate ŋu awɔ tae wòdzɔna alea ɖo. Esi Yehowa de se na Adam kple Xawa be woagaɖu atia ƒe tsetse aɖeke o la, eto esia me fia nu wo lɔlɔ̃tɔe be ele be woaɖo to ye hafi akpɔ ablɔɖe vavãtɔ. Aleke Adam kple Xawa wɔ nui?

11, 12. Nu ka tae nyametsotso si Adam kple Xawa wɔ la he gbegblẽ vɛ? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

11 Eva dzɔ be mía dzila gbãtɔwo meɖo to Mawu ƒe gbe o. Xawa xɔ nya si Satana gblɔ tsɔ tee kpɔ, si nye be, “miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃” la, dzi se. (1 Mose 3:5) Ðe tiatia si Adam kple Xawa wɔ la wɔe be wova kpɔ ablɔɖe geɖe wua? Kura o. Ðe woƒe tiatiaa wɔe be nya si Satana gblɔ la va eme na woa? Gbeɖe, ke boŋ eteƒe medidi o, wova kpɔe be esi yewogbe wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia dzi hewɔ nu si dze yewo ŋu la, vɔ̃ koe do tso eme. (1 Mose 3:16-19) Nu ka tae wòdzɔ alea? Nya la koe nye be, Yehowa mena ablɔɖe amegbetɔwo be woatso nya me le nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ ŋu na wo ɖokuiwo o.—Xlẽ Lododowo 20:24 kple etenuŋɔŋlɔ; Yeremiya 10:23.

12 Míate ŋu atsɔ yameʋukula si le yameʋu kum la awɔ esia ƒe kpɔɖeŋu. Hafi wòate ŋu aɖo afi si wòɖo tae dedie la, ele be wòato mɔ si woɖo nɛ be wòato le yame. Ne yameʋukulawo le mɔ zɔm la, wowɔa dɔwɔnu vovovowo ŋu dɔ tsɔ nɔa kadodo me kple mɔfiamenala siwo le yameʋudzeƒewo va se ɖe esime woɖo afi si yim wole. Gake, ne yameʋukulaa mewɔ ɖe mɔfiame ma dzi o eye wòto afi si eya ŋutɔ di la, esia ahe afɔku vɛ. Adam kple Xawa di be yewoawɔ nu le yewo ɖokui si, abe yameʋukula ma ene. Wogbe Mawu ƒe mɔfiafia dzi wɔwɔ. Nu kae do tso eme? Gbegblẽ sɔŋ koe do tso eme. Woƒe nyametsotsoa he nu vɔ̃ kple ku va woawo ŋutɔwo kple woƒe dzidzimeviwo dzi. (Rom. 5:12) Esi wodi be yewoanɔ yewo ɖokui si ta la, ablɔɖe vavã si Mawu na wo la megava nɔ wo si o.

ALE SI MÍAWƆ AKPƆ ABLƆÐE VAVÃTƆ

13, 14. Aleke míawɔ akpɔ ablɔɖe vavãtɔ?

13 Ame aɖewo susuna be ne ablɔɖe si seɖoƒe meli na o la le yewo si la, eme anyo na yewo wu, gake nyateƒea ye nye be, ablɔɖe si seɖoƒe meli na o la le abe yi nuevee ene. Ele eme be ablɔɖe me nɔnɔ ɖea vi le mɔ geɖe nu ya; ke hã, ɖe nàte ŋu akpɔ ale si xexea me anɔ ne ablɔɖe si seɖoƒe meli na o le ame sia ame si la le susu mea? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Dukɔ ɖe sia ɖe ƒe sewo goglo, elabena ele be woakpɔ amewo ƒe ablɔɖe ta, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woaɖo seɖoƒe na woƒe ablɔɖea.” (The World Book Encyclopedia) Seawo me “goglo” nyateƒe. Wò ya bu se gbogbo manyaxlẽ siwo le amegbetɔwo ƒe segbalẽwo me kple senyala kpakple ʋɔnudrɔ̃la gbogbo siwo ɖea wo me hetsɔa wo kplɔa dumeviwoe ŋu kpɔ.

14 To vovo na dukɔwo ƒe sewo la, Yesu Kristo fia mɔ bɔbɔe aɖe si dzi míato akpɔ ablɔɖe vavãtɔ la mí. Egblɔ be: “Ne mieyi edzi lé nye nya la me ɖe asi la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yoh. 8:31, 32) Eya ta, hafi míakpɔ ablɔɖe vavãtɔ la, ele be míawɔ nu eve: Gbã, ele be míaxɔ nyateƒe si Yesu fia la dzi ase, eye evelia, míazu eƒe nusrɔ̃lawo. Esia wɔwɔ ana míakpɔ ablɔɖe vavãtɔ. Gake nu ka si mee ablɔɖe ma ana míavo tso? Yesu ɖe eme be: “Ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la, nu vɔ̃ ƒe kluvi wònye. . . . Ne Vi la na ablɔɖe mi la, ekema mianye ablɔɖeviwo vavã.”—Yoh. 8:34, 36.

15. Nu ka tae ablɔɖe si ŋugbe Yesu do la ana míanye “ablɔɖeviwo vavã”?

15 Eme kɔ ƒãa be ablɔɖe si ƒe ŋugbe Yesu do na eƒe nusrɔ̃lawo la de ŋgɔ sãsãsã wu ablɔɖe si dim dukɔmevi geɖewo le egbea. Esi Yesu gblɔ be, “Ne Vi la na ablɔɖe mi la, ekema mianye ablɔɖeviwo vavã” la, enɔ nu ƒom tso ablɔɖekpɔkpɔ tso kluvinyenye kple teteɖeanyi si vloe wu ɖe sia ɖe si me amegbetɔwo le la ŋu. Eyae nye ‘nu vɔ̃ ƒe kluvinyenye.’ Menye ɖeko nu vɔ̃ kplɔa mí dea nu gbegblẽ wɔwɔ me o, ke etea ŋu xea mɔ na mí hã be míagawɔ nu si míenya be ele eteƒe alo nu nyui si míate ŋu awɔ hafi la o. Esia fia be, míenye nu vɔ̃ ƒe kluviwo, eye emetsonuawoe nye dzigbagbã, vevesese, fukpekpe kple mlɔeba, ku. (Rom. 6:23) Apostolo Paulo nya ale si gbegbe nu vɔ̃ ƒe kluvinyenye venae. (Xlẽ Romatɔwo 7:21-25.) Ne woɖe nu vɔ̃ ƒe kɔsɔkɔsɔ si bla mí amegbetɔwo la ɖa ko hafi míate ŋu akpɔ mɔ be ablɔɖe vavãtɔ si me mía dzila gbãtɔwo nɔ la agava su mía si ake.

16. Aleke míawɔ be míanye ablɔɖeviwo abe ale si Yesu do ŋugbee ene?

16 Nya si Yesu gblɔ be, “ne mieyi edzi lé nye nya la me ɖe asi la” fia be ele be míaɖo nudidi aɖewo gbɔ hafi wòana ablɔɖe mí. Esi míenye Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ta la, míegbe nu le mía ɖokuiwo gbɔ, eye míetiae be míanɔ agbe ɖe Kristo ƒe nufiafiawo nu abe ale si wòdi tso eƒe nusrɔ̃lawo si ene. (Mat. 16:24) Ne Yesu ƒe tafevɔsaa ƒe viɖewo va eme na mí bliboe le etsɔme la, míanye ablɔɖeviwo vavã, abe ale si wòdo ŋugbee ene.

17. (a) Nu kae ana míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ? (b) Nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Ne míewɔa Yesu ƒe nufiafiawo dzi abe ale si wòbia tso eƒe nusrɔ̃lawo si ene la, esia ana taɖodzinu vavã nanɔ míaƒe agbe ŋu eye míaƒe dzi adze eme. Esia ana mɔnukpɔkpɔa nanɔ ʋuʋu ɖi na mí be míava vo keŋkeŋ tso nu vɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me. (Xlẽ Romatɔwo 8:1, 2, 20, 21.) Nyati si kplɔ esia ɖo la adzro ale si míawɔ ablɔɖe si le mía si fifia la ŋu dɔ le nunya me ale be míate ŋu ade bubu Yehowa, ame si nye ablɔɖe vavãtɔ ƒe Mawu la, ŋu tegbee.