Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔ Yehowa, Ablɔɖe Ƒe Mawu La

Subɔ Yehowa, Ablɔɖe Ƒe Mawu La

“Afi si Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la, afi mae ablɔɖe le.”​—2 KOR. 3:17.

HADZIDZI: 49, 73

1, 2. (a) Nu ka tae nya siwo ku ɖe kluvinyenye kple ablɔɖe ŋu la nɔ vevie na ame siwo nɔ anyi le apostolo Paulo ƒe ŋkekea me? (b) Ame kae Paulo gblɔ be eyae nye ablɔɖe vavãtɔ Dzɔtsoƒe?

ROMA Fiaɖuƒea me tɔ siwo nɔ anyi le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli la dana ɖe se ƒe ɖoɖo, ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo kple ablɔɖe si nɔ wo si la ta. Ke hã, kluviwo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔe wɔe be ŋusẽ ɖo Roma Fiaɖuƒea ŋu. Ɣeaɖeɣi la, ame 30 le alafa ɖe sia ɖe me nye kluvi le fiaɖuƒe ma me. Ðikeke mele eme o be, nya siwo ku ɖe kluvinyenye kple ablɔɖe ŋu la nɔa vevie na fiaɖuƒea teviwo, eye enɔ alea le Kristotɔwo gɔ̃ hã gome.

2 Apostolo Paulo ƒo nu tso ablɔɖe ŋu zi geɖe le eƒe agbalẽwo me. Ke hã, menye eƒe taɖodzinue nye be yeakpɔ hadomekuxiwo gbɔ, abe ale si amewo nɔ agbagba dzem be yewoawɔ ɣemaɣi ene o. Paulo meɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo alo ɖoɖo siwo wowɔ ɖe ablɔɖekpɔkpɔ ŋu la ŋu o, ke boŋ, eya kple ehati Kristotɔwo wɔ dɔ kutrikukutɔe be yewoagblɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia na amewo ahana woanya nu tso ale si gbegbe Kristo Yesu ƒe tafevɔsaa xɔ asii la ŋu. Paulo he eƒe haxɔsetɔwo ƒe susu yi Ame si gbɔ ablɔɖe vavãtɔ tso la dzi. Le kpɔɖeŋu me, le eƒe agbalẽ evelia si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto me la, egblɔ eme kɔ nyuie be: “Yehowa nye Gbɔgbɔ; eye afi si Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la, afi mae ablɔɖe le.”—2 Kor. 3:17.

3, 4. (a) Nu kae na Paulo gblɔ nya si dze le 2 Korintotɔwo 3:17? (b) Nu kae wòle be míawɔ be ablɔɖe si Yehowa nana la nasu mía si?

3 Do ŋgɔ la, Paulo ƒo nu tso ŋutikɔkɔe si me Mose nɔ esime wòɖi tso Sinai Toa dzi le esi wòƒo nu kple Yehowa ƒe dɔla aɖe vɔ megbe la ŋu le agbalẽ sia si wòŋlɔ na Korintotɔwo la me. Esi dukɔa kpɔ Mose la, wovɔ̃, eye Mose tsɔ motsyɔnu tsyɔ mo. (2 Mose 34:29, 30, 33; 2 Kor. 3:7, 13) Paulo gblɔ be: “Ke ne wotrɔ ɖe Yehowa ŋu la, ekema woɖea motsyɔnu la ɖa.” (2 Kor. 3:16) Nu kae Paulo ƒe nya sia fia?

4 Abe ale si míesrɔ̃e le nyati si do ŋgɔ me ene la, Yehowa, nuwo katã Wɔla la, ɖeɖe koe nye Ame si si ablɔɖe si seɖoƒe meli na o la le. Eya ta, eme kɔ nyuie be “afi si Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la,” afi mae ablɔɖe le. Gake, hafi ablɔɖe ma naɖe vi na mí la, ele be ‘míatrɔ ɖe Yehowa ŋu,’ si fia be, ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kplii dome. Esime Israel-viwo nɔ gbea dzi la, gbɔgbɔmenugɔmesese mesu wo si ku ɖe ale si Yehowa nɔ nu wɔm kpli wo la ŋu o. Woƒe dziwo ku atri eye woƒe susu do viviti, abe ɖe wotsyɔ nu wo dzi ene, si wɔe be ale si woawɔ ablɔɖe si wokpɔ tso Egiptetɔwo si me la ŋu dɔ atsɔ aɖi kɔ na woawo ŋutɔwo ƒe dzodzrowo la dzi koe woƒe susu nɔ.—Heb. 3:8-10.

5. (a) Ablɔɖe ka ƒomevie Yehowa ƒe gbɔgbɔa nana? (b) Aleke míewɔ nya be gaxɔmenɔnɔ alo kluvinyenye mate ŋu axe mɔ ɖe ablɔɖe si Yehowa nana la nu o? (d) Biabia kawoe wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo na?

5 Gake ablɔɖe si Yehowa ƒe gbɔgbɔa nana la de ŋgɔ sãsãsã wu ablɔɖekpɔkpɔ tso kluvinyenye me. Yehowa ƒe gbɔgbɔa naa ablɔɖe ame tso nu vɔ̃ kple ku kpakple alakpasubɔsubɔ kple kɔnu siwo medzea Mawu ŋu o la si me; ablɔɖe sia ƒo ablɔɖe ɖe sia ɖe si amegbetɔwo ate ŋu ana ame la ta. (Rom. 6:23; 8:2) Ablɔɖe wɔnuku ka gbegbee nye esi! Ne wolé ame de gaxɔ me alo amea nye kluvi gɔ̃ hã la, ablɔɖe sia ate ŋu aɖe vi nɛ. (1 Mose 39:20-23) Nɔvinyɔnu Nancy Yuen kple Nɔviŋutsu Harold King, siwo nɔ gaxɔ me ƒe geɖe le woƒe xɔse ta la ƒe ŋutinyawo ɖo kpe esia ƒe nyateƒenyenye dzi. Àte ŋu akpɔ ale si wogblɔ nu siwo me woto la ƒe videowo le JW Nyakakadɔwɔƒea. (Àkpɔe le GBEBIAMEWO KPLE NUTEƑEKPƆKPƆWO > DZIDODO LE DODOKPƆWO ME.) Gake na míadzro biabia eve siawo me: Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ ablɔɖe si su mía si la ŋu? Eye aleke míawɔ ablɔɖe sia ŋu dɔ nyuie?

DE ASIXƆXƆ ABLƆÐE SI MAWU NA MÍ LA ŊU

6. Aleke Israel-viwo ɖee fia be yewomede asixɔxɔ ablɔɖe si Yehowa na wo la ŋu o?

6 Ne míenya asixɔxɔ si gbegbe le nane si wona mí ŋu la, esia ʋãa mí míeɖenɛ fiana nunalaa be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòna mí ŋu. Israel-viwo mekpɔ ŋudzedze ɖe ablɔɖe si Yehowa na wo esime wòɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte la ŋu o. Esi Yehowa ɖe wo tso kluvinyenye me ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, nu siwo woɖuna kple nu siwo wonona le Egipte tsã la gava nɔ wo dzrom eye wonɔ nyatoƒoe tom le nu siwo Yehowa na wo la ŋu, wodi gɔ̃ hã be yewoatrɔ ayi Egipte. Wò ya bu eŋu kpɔ ko, ‘tɔmelã, aŋanyi, adzamatre, sabala kple gbegãdzi’ nɔ vevie na wo wu ablɔɖe si Yehowa, Mawu vavã la, na wo be woasubɔ ye la. Ðe wòwɔ nuku be Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔa ŋu veviea? (4 Mose 11:5, 6, 10; 14:3, 4) Nufiame vevi aɖee esia nye na mí!

7. Aleke Paulo ŋutɔ wɔ aɖaŋu si wòɖo le 2 Korintotɔwo 6:1 la dzi, eye aleke míawo hã míate ŋu awɔ nenema ke?

7 Apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo katã be mele be woabu ablɔɖe si Yehowa na mí dɔmenyotɔe to Via, Yesu Kristo, dzi la nu tsɛe o. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:1.) Ðo ŋku edzi be Paulo se veve ŋutɔ esi wòkpɔ ale si gbegbe wònye kluvi na nu vɔ̃ kple kui. Ke hã, egblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi!” Nu ka tae? Eɖe eme na ehati Kristotɔwo be: “Elabena gbɔgbɔ ma, si naa agbe ame si wɔ ɖeka kple Kristo Yesu la, ƒe se la na ablɔɖe [mi] tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la me.” (Rom. 7:24, 25; 8:2) Abe Paulo ene la, míawo hã mele be míabu ablɔɖe si Yehowa na mí tso nu vɔ̃ kple ku si me la nu tsɛe gbeɖe o. Le tafea ta la, míate ŋu atsɔ dzitsinya dzadzɛ asubɔ Mawu eye míakpɔ dzidzɔ le esia wɔwɔ me.—Ps. 40:8.

Ðe nèle wò tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ wɔm tsɔ le Fiaɖuƒedɔa dom ɖe ŋgɔa, alo ètsɔe le wò ŋutɔ wò didiwo yome tim? (Kpɔ memama 8-10)

8, 9. (a) Nuxlɔ̃amenya kae apostolo Petro gblɔ ku ɖe ale si wòle be míawɔ míaƒe ablɔɖea ŋu dɔe ŋu? (b) Aleke ame aɖe ate ŋu awɔ eƒe ablɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu egbea?

8 Menye ɖeko míagblɔ be míekpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe ablɔɖea ŋu ko evɔ o, ke ele hã be míaɖɔ ŋu ɖo be míagawɔ ablɔɖe xɔasi sia ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu gbeɖe o. Apostolo Petro xlɔ̃ nu mí be míagazã míaƒe ablɔɖea abe taflatsɛdonu ene ahanɔ kɔ ɖim na ŋutilã ƒe nudzodzrowo o. (Xlẽ 1 Petro 2:16.) Ðe nuxlɔ̃amenya ma meɖoa ŋku nu si dzɔ ɖe Israel-viwo dzi esime wonɔ gbea dzi la dzi na wò oa? Ele bɔbɔe wu gɔ̃ hã egbea be nu si dzɔ ɖe wo dzi la nadzɔ ɖe míawo hã dzi. Satana kple eƒe xexea le awudodo kple dzadzraɖo, nuɖuɖu kple nunono, modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo kpakple nu bubu siwo dzroa ame la zãm fifia wu tsã gɔ̃ hã be yeatsɔ able mí. Boblodola dzeaɖaŋuwo zãa ame siwo ƒe dzedzeme nya kpɔ la aɖaŋutɔe tsɔ hea mí be míanɔ nuƒeƒle dzi, ne nuawo mehiã mí o gɔ̃ hã. Aleke wòanɔ bɔbɔe ye nye esi be woƒe ayedzedze siawo naɖe mí abe mɔ̃ ene eye míava nɔ míaƒe ablɔɖea ŋu dɔ wɔm le mɔ gbegblẽ nu!

9 Aɖaŋu si Petro ɖo na mí la ku ɖe míaƒe agbemenu siwo gale vevie wu hã ŋu, abe tiatia siwo míawɔ le sukudenyawo kple dɔwɔnyawo me ene. Le kpɔɖeŋu me, egbea, woƒonɛ ɖe sɔhɛwo nu le suku be woawɔ dɔ sesĩe be woakpɔ mɔ le yunivɛsiti xɔŋkɔwo. Wogblɔna na wo be, ne wode suku kɔkɔ la, esia aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woakpɔ dɔ nyui si me ga geɖe le, eye wotsɔa nyatakaka siwo ɖee fia be ame siwo de suku kɔkɔ la xɔa fetu siwo lolo wu ame siwo mede suku kɔkɔ o la tɔ fiaa wo. Esi wònye be tiatia siwo sɔhɛwo awɔ le go siawo me la akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nuwo ava nɔ na wo le agbe me dzi ta la, nyaƒoɖeamenu mawo ate ŋu ana suku kɔkɔ dede nadzro wo vevie. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na woa kple wo dzilawo?

10. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele míaƒe ablɔɖea ŋu dɔ wɔm le tiatia siwo ka míawo ŋutɔwo me?

10 Ame aɖewo ase le wo ɖokuiwo me be, esi wònye be nya mawo nye ame ŋutɔ ƒe nya ta la, yewokpɔ mɔ awɔ tiatia si dze yewo ŋu, zi ale si meɖe fu na yewoƒe dzitsinya o ko. Ðewohĩ nya siwo Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto ku ɖe nuɖuɖu ŋu lae le susu me na wo. Egblɔ be: “Nu ka tae ame bubu ƒe dzitsinya nadrɔ̃ ʋɔnu nye ablɔɖe?” (1 Kor. 10:29) Togbɔ be enye nyateƒe be ablɔɖe le mía si be míawɔ tiatia si dze mía ŋu le sukudede kple dɔwɔɖui gome hã la, ele be míaɖo ŋku edzi be seɖoƒe li na míaƒe ablɔɖea, eye tiatia ɖe sia ɖe si míawɔ kple emetsonuwoe. Le susu sia ta, hafi Paulo nagblɔ nya mawo la, egblɔ be: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe dea ame dzi o. Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe tua ame ɖo o.” (1 Kor. 10:23) Kakaɖedzitɔe la, esia kpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ be nu bubuwo gale vevie wu nu siwo dze mía ŋu, siwo ŋu wòle be míabu ne míele míaƒe ablɔɖea ŋu dɔ wɔm le tiatia siwo ka míawo ŋutɔwo la me.

MÍAƑE ABLƆÐEA ŊU DƆ WƆWƆ LE NUNYA ME LE MAWU SUBƆSUBƆ ME

11. Taɖodzinu ka tae Yehowa na ablɔɖe mí ɖo?

11 Esi Petro nɔ nu xlɔ̃m mí be míagawɔ míaƒe ablɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu o la, ehe susu yi nu si wòle be míazã míaƒe ablɔɖea atsɔ awɔ hã dzi. Ede dzi ƒo na mí be míazã míaƒe ablɔɖea “abe Mawu ƒe kluviwo ene.” Eya ta, taɖodzinu si koŋ tae Yehowa ɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me to Yesu dzi ye nye be míatsɔ mía ɖokui ana ye bliboe ahasubɔ ye “abe Mawu ƒe kluviwo ene.”

12. Kpɔɖeŋu kae Noa kple eƒe ƒomea ɖo ɖi na mí?

12 Nu nyuitɔ si wòle be míawɔ be míagawɔ míaƒe ablɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu o ye nye be míaƒo mía ɖokui ɖe mawusubɔsubɔdɔwo me bliboe. Esia akpɔ mía ta be míaganɔ xexe sia ƒe taɖodzinuwo kple míawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo yome tim o, ale be míagazu eƒe kluviwo ake o. (Gal. 5:16) Le kpɔɖeŋu me, bu blemafofo Noa kple eƒe ƒomea ŋu kpɔ. Wonɔ xexe si me ŋutasẽnuwɔwɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ xɔ aƒe ɖo me. Ke hã, womeƒo wo ɖokuiwo ɖe ame siwo dome wonɔ la ƒe nuwɔnawo me o, eye woƒo asa na xexe ma ƒe nudzodzrowo. Aleke wote ŋu wɔ esiae? Wotiae be yewoado vevie nu le dɔ siwo katã Yehowa de yewo si la me—si nye be yewoakpa aɖakaʋua, adzra nuɖuɖu ɖo ɖi na yewo ŋutɔwo kple lãwo, eye yewoaxlɔ̃ nu amewo. “Noa wɔ nu siwo katã ƒe se Mawu de nɛ la. Ewɔ wo pɛpɛpɛ.” (1 Mose 6:22) Nu kae do tso eme? Esime tsɔtsrɔ̃ va xexe ma dzi la, Noa kple eƒe ƒomea tsi agbe.—Heb. 11:7.

13. Dɔ kae Yehowa de mía si?

13 Dɔ kae Yehowa de mía si egbea? Esi míenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ta la, míenya dɔ si Mawu de mía si la nyuie. (Xlẽ Luka 4:18, 19.) Egbea, nuɖoanyi sia ƒe mawu gbã ŋku na ame akpa gãtɔ eye wozu kluviwo na alakpasubɔsubɔ, ŋutilãmenuwo kple dunyahenuɖoanyia. (2 Kor. 4:4) Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua ahakpe ɖe amewo ŋu be woanya Yehowa, ablɔɖe ƒe Mawu la, ahasubɔe. (Mat. 28:19, 20) Dɔ sia mele bɔbɔe o, eye kplamatsɛdonu geɖewo li. Le dukɔ aɖewo me la, ame geɖe megatsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔnyawo me o, eye ame aɖewo doa dziku gɔ̃ hã ne míeɖe gbeƒã na wo. Biabia si ŋu wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabue nye, ‘Ðe mate ŋu awɔ nye ablɔɖea ŋu dɔ atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu geɖe wua?’

14, 15. Nu ka wɔm Yehowa ƒe amewo dometɔ geɖe le fifia? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

14 Ede dzi ƒo ŋutɔ be nɔvi geɖe kpɔ ale si nuwɔwɔ kpata hiã le míaƒe ɣeyiɣi sia me la dze sii, eye wotiae be yewoanɔ agbe tsɛ ale be yewoate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. (1 Kor. 9:19, 23) Wo dometɔ aɖewo le subɔsubɔm le woƒe hamea ƒe anyigbamama me, eye bubuwo hã ʋu yi hame siwo me hiahiã geɖe wu le la me. Míaƒe akɔntabubuwo ɖee fia be le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, nɔvi siwo wu 250,000 dze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme, eye fifia, gbesiagbe mɔɖelawo ƒe xexlẽme wu 1,100,000 le xexea me godoo. Aleke gbegbe wònyoe ye nye esi be nɔvi geɖe le woƒe ablɔɖea zãm tsɔ le Yehowa subɔm le mɔ sia nu!—Ps. 110:3.

15 Nu kae kpe ɖe nɔvi siawo ŋu wole woƒe ablɔɖea ŋu dɔ wɔm nyuie? Bu John kple Judith, siwo subɔ le dukɔ vovovowo me le ƒe 30 siwo va yi me ŋu kpɔ. Wogblɔ be esi habɔbɔa dze Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua gɔme le ƒe 1977 me la, wodea dzi ƒo na sukuviawo be woaʋu aɖasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le. John gblɔ be, yeɖɔ li yeƒe dɔwɔɖuia zi geɖe ale be yewoanɔ agbe tsɛ ate ŋu ayi subɔsubɔdɔa dzi susuhenuwo manɔmee. Mlɔeba, esi woyi be yewoaɖaɖe gbeƒã le duta la, wokpɔe be gbedodoɖa na Yehowa kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu kpe ɖe yewo ŋu yewote ŋu ɖu kplamatsɛdonuwo, abe gbe bubu sɔsrɔ̃, tɔtrɔ ɖe yame ƒe nɔnɔmewo kple dekɔnuwo ŋu ene dzi. Aleke wose le wo ɖokuiwo me tso subɔsubɔdɔ sia si wowɔ ƒe geɖe la ŋu? John gblɔ be: “Mekpɔe be meƒo ɖokuinye ɖe dɔ si nye nyuitɔ kekeake le esiwo menya alo wɔ kpɔ dome la me bliboe. Nye kple Yehowa dome va le kplikplikpli abe vi kple tɔa ene. Fifia, mese nya si Yakobo 4:8 gblɔ be, ‘Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu’ la gɔme nyuie wu. Menyae be meke ɖe nu si dim menɔ ŋu, ɛ̃, taɖodzinu vavã va le nye agbe ŋu.”

16. Aleke nɔvi akpe geɖe wɔ woƒe ablɔɖea ŋu dɔ nyuie?

16 Nɔvi aɖewo ate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe geɖe abe ale si John kple Judith wɔe ene. Nɔvi bubuwo ya ate ŋu awɔe ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Ke hã, nɔvi geɖe wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ wo ɖokuiwo na faa kpɔ gome le teokrasixɔtudɔwo me le xexea ƒe akpa vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, esime míenɔ dɔwɔƒegã yeyea tum le Warwick, New York la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ade 27,000 la tsɔ wo ɖokuiwo na faa va kpɔ gome le xɔtudɔa me—nɔvi aɖewo wɔe kwasiɖa eve, ɖewo ƒe ɖeka alo esi wu nenema. Nɔviwo tsɔ nu geɖe sa vɔe ale be yewoakpɔ gome le xɔtudɔa me. Kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi kae nye esi be wozã ablɔɖe si Yehowa Mawu na wo la tsɔ kafu Eyama, si nye ablɔɖe ƒe Mawu la, hede bubu eŋu!

17. Etsɔme nyui kae le ŋgɔ gbɔna na ame siwo le woƒe ablɔɖea ŋu dɔ wɔm le nunya me fifia?

17 Enye dzidzɔ na mí be míenya Yehowa eye ablɔɖe si wònana la su mía si. Mina míato tiatia siwo míewɔna dzi aɖee afia be míede asixɔxɔ ablɔɖe si wòna mí la ŋu. Ɛ̃, mina míaɖoe kplikpaa be míagagblẽ ablɔɖe xɔasi sia dome alo awɔ eŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu o, ke boŋ, míawɔ míaƒe ablɔɖea kple mɔnukpɔkpɔ siwo wòaʋu ɖi na mí la ŋu dɔ atsɔ asubɔ Yehowa bliboe ale si míate ŋui fifia. Ne míewɔe alea la, míate ŋu akpɔ mɔ be yayra si ƒe ŋugbe Yehowa do be, “Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la” ava eme na mí.—Rom. 8:21.