Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo​—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe” Biblia ƒe 2013 ƒe tataa me la, Psalmo 144:​12-15 me nyawo ku ɖe Mawu ƒe amewo ŋu. Gake le tata xoxoa, si nye Eŋlisigbe tɔ me la, nya mawo yi na amedzro vɔ̃ɖi siwo ŋu nya wogblɔ le kpukpui 11 lia me. Nu ka tae wowɔ tɔtrɔ sia?

Nya si wozã le Hebrigbea me la ɖe mɔ ɖe gɔmesese evea siaa nu. Esiawoe nye susu siwo tae gɔmeɖeɖea trɔ le tata yeyea me:

  1. Tɔtrɔ yeyea wɔ ɖeka kple nya siwo wozã eye esɔ ɖe gbea ŋuti sewo hã nu. Kadodo si le Psalmo 144:​12-15 kple kpukpui siwo do ŋgɔ nɛ dome la nɔ te ɖe gɔmesese si wona nya gbãtɔ si le kpukpui 12 lia, si nye Hebrigbe me nya asher dzi. Woate ŋu aɖe nya asher gɔme le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu abu nya sia be enye ŋkɔnyateƒenɔnya abe “ame si” alo “ame siwo” ene. Asher ƒe gɔmesese si nye “ame si” ye wotsɔ ɖe tata xoxoa gɔme. Eya ta, ena wòdze abe ɖe nu nyui siwo woyɔ le kpukpui 12 va se ɖe 14 lia yi na ame vɔ̃ɖi siwo ŋu nya wogblɔ le kpukpui siwo do ŋgɔ me la ene. Ke hã, woate ŋu azã nya asher atsɔ afia emetsonu alo nu si ado tso nane me eye woate ŋu aɖe egɔme be “be,” “ale be” alo “ne.” “Ne” ye wozã le ƒe 2013 ƒe gɔmeɖeɖea (Eŋlisigbe tɔ) kple Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo me.

  2. Asitɔtrɔ si wowɔ la wɔ ɖeka kple psalmo ƒe agbalẽa ƒe akpa susɔeawo. Nya “ne” si wozã le kpukpui 12 lia me la na míese egɔme be yayra siwo ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui 12 va se ɖe 14 lia me la yi na ame dzɔdzɔewo​—ame siwo nɔ biabiam be ‘woaxɔ na yewo eye woaɖe yewo’ tso ame vɔ̃ɖiwo si me (kpukpui 11). Asitɔtrɔ sia dze le kpukpui 15 lia hã me, afi si nya “dzidzɔtɔe nye” dze le zi eve. Esia ta, le go eveawo me la, dzidzɔnya mawo yi na ame ƒomevi ɖeka ma ke​—woawoe nye ame siwo “ƒe Mawu Yehowa nye!” Nenɔ susu me na wò hã be, nuŋɔŋlɔmedzesiwo abe numegbedzesiwo ene, mele Hebrigbe gbãtɔa me o. Eya ta, ele be gbegɔmeɖelawo nadze agbagba adi gɔmesese si tututu le nyaa ŋu, eye le esia wɔwɔ me la, woƒe susu nanɔ Hebrigbe me hakpanya ƒe atsyã si wozã, nya siwo ƒo xlãe kple mawunyakpukpui bubu siwo do ƒome kplii ŋu.

  3. Asitɔtrɔ sia wɔ ɖeka kple Biblia ƒe akpa bubu siwo ƒo nu tso yayra siwo Mawu subɔla wɔnuteƒewo akpɔ ŋu. Asitɔtrɔ le asher ƒe gɔmesesea ŋu alea wɔe be mɔkpɔkpɔ vavã si David ɖe gblɔ le psalmoa me be ne Mawu ɖe Israel dukɔa tso eƒe futɔwo si me megbe la, ana woakpɔ dzidzɔ eye wòana nu nadze edzi na wo la me kɔ nyuie. (3 Mose 26:​9, 10; 5 Mose 7:​13; Ps. 128:​1-⁠6) Le kpɔɖeŋu me, 5 Mose 28:⁠4 gblɔ be: “Woayra viwòwo, wò anyigbadzikutsetsewo, wò lãwo ƒe viwo, kpakple wò nyiviwo kple alẽviwo.” Vavãe, le David ƒe vi Salomo ƒe dziɖuɣi la, dukɔa kpɔ tomefafa kple nudzedziname si tɔgbi aɖeke menɔ anyi kpɔ o. Azɔ hã, nanewo siwo yi edzi le Salomo ƒe dziɖuɣi la nye kpɔɖeŋu na ale si Mesia la ƒe dziɖuɖu ava nɔ.​—1 Fia. 4:​20, 21; Ps. 72:​1-⁠20.

Eya ta, míaƒo nya ta be asitɔtrɔ si míewɔ le Psalmo 144 lia me la metrɔ gɔmesese si le mía si ku ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu o. Ke boŋ ɖe wòwɔe be psalmo bliboa gana mɔkpɔkpɔ xɔasi si le Yehowa subɔlawo si tso blema ke​—si nye be Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye wòana ame dzɔdzɔewo nakpɔ ŋutifafa mavɔ eye nu nadze edzi na wo tegbee la me gakɔ nyuie wu.​—Ps. 37:​10, 11.