Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 16

Ƒo Asa Na Kukɔnu Siwo Mewɔ Ðeka Kple Ŋɔŋlɔawo O

Ƒo Asa Na Kukɔnu Siwo Mewɔ Ðeka Kple Ŋɔŋlɔawo O

“[Míedea dzesi] nya si tso nyateƒegbɔgbɔ la gbɔ kple nya si tso aʋatsogbɔgbɔ la gbɔ.”—1 YOH. 4:6.

HADZIDZI 73 Na Dzi Nanɔ Mía Ƒo

NYA VEVIAWO *

Le esi nàkpɔ gome le kɔnu siwo medzea Mawu ŋu o me teƒe la, fa akɔ na wò ƒometɔ siwo ƒe ame vevi aɖe ku la boŋ (Kpɔ memama 1-2 lia) *

1-2. (a) Aleke Satana flu amewoe? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

SATANA, ame si nye “aʋatsokafofo” la, flu amegbetɔwo tso amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke. (Yoh. 8:44) Eƒe alakpanyawo dometɔ aɖewoe nye aʋatsonufiafia siwo ku ɖe ku ŋu kple esiwo ku ɖe agbenɔnɔ le ku megbe ŋu. Nufiafia mawo dzie wotu kɔnu geɖe kple aʋatsodzixɔse siwo bɔ egbea la dometɔ geɖe ɖo. Esia ta, eva hiãna be mía nɔvi aɖewo ‘naʋli sesĩe hena xɔse la,’ ne woƒe ƒometɔ alo nutoa me tɔ aɖe ku.—Yuda 3.

2 Ne xɔse ƒe dodokpɔ mawo tɔgbi va dziwò la, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi alé Biblia ƒe nufiafia siwo ku ɖe ku ŋu la me ɖe asi sesĩe? (Ef. 6:11) Ne amewo le nya ƒom ɖe mía nɔvi Kristotɔ aɖe nu be wòakpɔ gome le kɔnu siwo medzea Mawu ŋu o me la, aleke nàte ŋu afa akɔ nɛ ahado ŋusẽe? Le nyati sia me la, míadzro mɔfiame siwo Yehowa na mí la me. Gake gbã la, na míadzro nya si Biblia gblɔ tso ku ŋu la me.

NYATEƑE SI KU ÐE NƆNƆME SI ME AME KUKUWO LE ŊU

3. Nu kae do tso alakpanya gbãtɔa me?

3 Mawu meɖoe be amegbetɔwo naku o. Gake ele na Adam kple Xawa be woaɖo to Yehowa hafi woate ŋu anɔ agbe tegbee. Nu si ko Yehowa di tso wo sie nye se bɔbɔe si wòde na wo esi wògblɔ na Adam be: “Ke sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ya la, mègaɖu eƒe tsetse aɖeke o, elabena gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe la, ku kee nàku.” (1 Mose 2:16, 17) Eyome, Satana va ge ɖe toa me. Eto da aɖe dzi gblɔ na Xawa be: “Miele kuku ge akpɔ o.” Nublanuitɔe la, Xawa xɔ eƒe alakpanyaa dzi se eye wòɖu atikutsetsea. Eyome, srɔ̃a hã ɖu atikutsetsea. (1 Mose 3:4, 6) Aleae wòdzɔe be amegbetɔwo va zu nu vɔ̃ mewo eye wokuna.—Rom. 5:12.

4-5. Aleke Satana yi edzi le amegbetɔwo flumee?

4 Adam kple Xawa ku abe ale si Mawu gblɔe ene. Gake Satana medzudzɔ alakpanyawo kaka tso ku ŋu o. Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, eva to alakpanya bubuwo vɛ. Wo dometɔ ɖekae nye be, ne ame ku la, amea ƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe, ɖewohĩ le gbɔgbɔwo de. Amewo gblɔa alakpanya ma le mɔ vovovowo nu, eye eflu ame siwo xexlẽme meli na o tso blema va de asi na egbea.—1 Tim. 4:1.

5 Nu ka tae Satana flu ame gbogbo mawo gbegbe ɖo? Nu si tae nye be, ale si míesena le mía ɖokui me le dzɔdzɔme nu tso ku ŋu la dzie Satana tu eƒe alakpanyawo ɖo. Esi wònye be ɖe Mawu wɔ mí be míanɔ agbe tegbee ta la, míedina be míaku o. (Nyagb. 3:11) Míebua ku míaƒe futɔe.—1 Kor. 15:26.

6-7. (a) Ðe Satana te ŋu ɣla nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la dzidzedzetɔea? Ðe eme. (b) Aleke Biblia me nyateƒea kpena ɖe mía ŋu be míaganɔ vɔvɔ̃m na ku dzodzro o?

6 Togbɔ be Satana dze agbagba aleke gbegbe hã, nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la mele ɣaɣla o. Le nyateƒe me la, ame geɖe va nya nu tso nu si Biblia fia ku ɖe nɔnɔme si me ame siwo ku la le kple mɔkpɔkpɔ si li na kukuawo la ŋu fifia wu tsã. (Nyagb. 9:5, 10; Dɔw. 24:15) Nyateƒe siawo faa akɔ na mí, wowɔnɛ be míevɔ̃na na ku madzemadzee o, eye mɔkpɔkpɔ hã mebuna ɖe mí o. Le kpɔɖeŋu me, míevɔ̃na na ame kukuwo o; nenema kee míevɔ̃na ɖe wo nu hã o. Míenyae be womegale agbe o eye womate ŋu awɔ nu vevi mí o. Ðeko wòle abe ɖe wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi ene. (Yoh. 11:11-14) Míenyae hã be ame siwo ku la menya be ɣeyiɣia va le yiyim o. Eya ta, le tsitretsitsia me la, awɔ na ame siwo ku ƒe alafa geɖe ye nye esi va yi la gɔ̃ hã be ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye ema va yi.

7 Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la me kɔ, egɔmesese le bɔbɔe, eye susu le eme oa? Aleke gbegbe wòto vovo na Satana ƒe alakpanya siwo tɔtɔa susu na ame lae nye esi! Menye ɖeko alakpanya mawo kplɔ amewo trae ko evɔ o, ke wogblẽ mía Wɔla ƒe ŋkɔ nyuia hã ŋu. Hafi míate ŋu akpɔ nu siwo gbegbe Satana ƒe alakpanyawo gblẽ adze sii la, anyo be míadzro biabia siawo me: Aleke Satana ƒe alakpanyawo gblẽ Yehowa ŋui? Aleke alakpanya mawo wɔe be amewo susuna be mele vevie be yewoaxɔ Kristo ƒe tafevɔsaa dzi ase o? Aleke wona amegbetɔwo ƒe nuxaxawo kple fukpekpewo dzi ɖe edzi?

SATANA ƑE ALAKPANYAWO GBLẼ NU ŊUTƆ

8. Abe ale si wòdze le Yeremiya 19:5 ene la, aleke alakpanya siwo Satana kaka tso ku ŋu la gblẽ Yehowa ŋui?

8 Alakpanya siwo Satana kaka tso ku ŋu la gblẽ Yehowa ŋu. Aʋatsonufiafia si nye be wowɔa fu ame kukuwo le dzo mavɔ me la hã le alakpanya mawo dome. Nufiafia mawo gblẽa Mawu ŋu ale gbegbe! Nu ka tae? Nu si tae nye be, wona amewo va bua Mawu lɔ̃ame la be eya hã vɔ̃ɖi abe Abosam ke ene. (1 Yoh. 4:8) Aleke esia na nèse le ɖokuiwò me? Gake biabia si gale vevie wue nye, aleke nu sia na Yehowa se le eɖokui me? Nya lae nye be, elé fu ŋutasẽnuwɔna ɖe sia ɖe ƒomevi.—Xlẽ Yeremiya 19:5.

9. Nu kae Satana ƒe alakpanyawo na amewo susuna tso Kristo ƒe tafevɔsaa dzi xɔxɔ se si ŋu Biblia ƒo nu tsoe le Yohanes 3:16 kple 15:13 la ŋu?

9 Satana ƒe alakpanyawo wɔe be amewo susuna be mele vevie be yewoaxɔ Kristo ƒe tafevɔsaa dzi ase o. (Mat. 20:28) Satana ƒe alakpanya bubue nye be, luʋɔ makumaku le amegbetɔwo si. Ne nya sia nye nyateƒe la, ke ame sia ame anɔ agbe tegbee! Ekema, mahiã be Kristo nava tsɔ eƒe agbe ana wòanye tafe si wòxe ɖe mía ta hafi míate ŋu anɔ agbe tegbee o ɖe. Ðo ŋku edzi be Kristo ƒe vɔsa lae nye lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Yehowa kple Via woɖe fia amegbetɔwo. (Xlẽ Yohanes 3:16; 15:13.) Bu ale si woase le wo ɖokuiwo me tso nufiafia siwo nana amewo susuna be nunana xɔasi ma mele vevie o la ŋu kpɔ!

10. Aleke Satana ƒe alakpanyawo na amegbetɔwo ƒe nuxaxawo kple woƒe fukpekpewo dzi ɖe edzi?

10 Satana ƒe alakpanyawo na amegbetɔwo ƒe nuxaxawo kple woƒe fukpekpewo dzi ɖe edzi. Amewo tea ŋu gblɔna na dzila siwo ƒe vi ku la be Mawu kplɔe dzoe, ɖewohĩ kple susu be wòazu mawudɔla le dziƒo. Ðe Satana ƒe alakpanya sia ɖea woƒe vevesesewo dzi kpɔtɔa alo ɖe wòdzia woƒe vevesesewo ɖe edzi? Ame siwo wɔa funyafunya amewo kpakple ame siwo tɔa dzo ame siwo tsi tsitre ɖe subɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo ŋu la siaa tsɔa dzo mavɔ ŋuti aʋatsonufiafiaa doa taflatsɛe. Le agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Spaniatɔwo Ƒe Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ɣia ŋu ƒe nya nu la, ɖewohĩ ame siwo wɔ ŋutasẽnu mawo la dometɔ aɖewo xɔe se be ɖeko yewodi be aglãdzelaawo “naɖɔ ale si dzo mavɔ me nɔnɔ anɔe la kpɔ” ale be woate ŋu atrɔ dzi me hafi aku eye woagayi dzo mavɔ me o. Le dukɔ geɖe me la, amewo subɔa wo tɔgbui kukuwo, tsɔ dea bubu wo ŋu, alo tsɔ dia woƒe yayra. Ame bubuwo hã dina be yewoafa akɔ na yewo tɔgbui kukuawo ale be woagahe to na yewo o. Gake nublanuitɔe la, dzixɔse siwo wotu ɖe Satana ƒe alakpanyawo dzi la menana amewo kpɔa dzidzeme vavãtɔ o. Ke boŋ, wonana amewo tsia dzimaɖi dzodzro alo nɔa vɔvɔ̃m gɔ̃ hã.

ALE SI MÍAWƆ BE MÍALÉ BIBLIA ME NYATEƑEA ME ÐE ASI SESĨE

11. Aleke ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ siwo susu be yewole nyui dim na mí la adze agbagba be yewoaƒoe ɖe mía nu be míada le Mawu ƒe sewo dzi?

11 Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple eƒe Nya la doa ŋusẽ mí be míaɖo to Yehowa ne ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ siwo susu be yewole nyui dim na mí la dze agbagba be yewoaƒoe ɖe mía nu míakpɔ gome le kukɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la me gɔ̃ hã. Woate ŋu adze agbagba be yewoade ŋukpe mo na mí, ɖewohĩ woagblɔ be míelɔ̃ ame si ku la o, alo míedea bubu eŋu o. Alo woate ŋu agblɔ be míaƒe nuwɔna awɔe be ame kukua nawɔ nu vevi ƒomea me tɔwo. Aleke míawɔ be míalé Biblia me nyateƒea me ɖe asi? Bu ale si nàte ŋu awɔ Biblia ƒe mɔfiame siwo gbɔna dzi ŋu kpɔ.

12. Kukɔnu kawoe dze ƒãa be wotsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu?

12 Ðoe kplikpaa be yeaƒo asa na dzixɔse kple kɔnu siwo tsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu eye ‘yeaɖe ye ɖokui ɖa’ tso wo gbɔ. (2 Kor. 6:17) Le Karib-ƒukpo aɖe dzi la, ame geɖe xɔe se be, ne ame ku la, eƒe “luʋɔ” ate ŋu anɔ tsatsam ahahe to na ame siwo wɔ vɔ̃ ɖe eŋu. Agbalẽ aɖe gblɔ be “luʋɔ” la ate ŋu “awɔ anyra ɖe nuto blibo aɖe me tɔwo ŋu” gɔ̃ hã. Le Afrika la, nu si bɔ amewo wɔna ye nye be, wotsyɔa nu ahuhɔ̃ewo ŋkume le aƒe si me amea ku le la me, eye wotrɔa fotowo ƒe mo ɖe gli ŋu. Nu ka tae wowɔa nu siawo ɖo? Ame aɖewo gblɔ be, nu si tae nye be, mele be ame kukuwo nakpɔ wo ɖokuiwo o! Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míexɔ nya mawo dzi se loo alo kpɔa gome le nuwɔna mawo, siwo doa Satana ƒe alakpanyawo ɖe ŋgɔ la me o!—1 Kor. 10:21, 22.

Ne èku nu me le Biblia-srɔ̃gbalẽwo me nyuie eye nèdzro nu me kple wò ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o ameŋububutɔe la, esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàƒo asa na kuxiwo (Kpɔ memama 13-14 lia) *

13. Ne mènya gɔmesese si le kɔnu aɖe ŋu o la, nu kae wòle be nàwɔ le Yakobo 1:5 ƒe nyaa nu?

13 Ne mènya gɔmesese si le kɔnu aɖe ŋu o la, ekema, do gbe ɖa na Yehowa nàbiae be wòana eƒe nunya wò. (Xlẽ Yakobo 1:5.) Eyome, ku nu me le míaƒe agbalẽwo me. Ne ehiã la, bia aɖaŋuɖoɖo tso miaƒe hamemetsitsiwo gbɔ. Womagblɔ nu si wòle be nàwɔ la na wò o, ke hã, woahe wò susu ayi Biblia ƒe mɔfiamewo, abe esiwo me míedzro le nyati sia me ene, dzi. Ne èle afɔ siawo ɖem la, ke èle hehe nam wò “nugɔmeseseŋutetewo,” eye ŋutete siawo akpe ɖe ŋuwò be “[nàde] vovo nyui kple vɔ̃ dome.”—Heb. 5:14.

14. Mɔ kawo nue míate ŋu aƒo asa na nuɖiaɖiazuzu na amewo le?

14 Biblia gblɔ be: “Miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu. Migazu nuɖiaɖia na [amewoo.” (1 Kor. 10:31, 32) Ne eva hiã be míatso nya me nenye be míakpɔ gome le kɔnu alo nuwɔna aɖe me alo mímakpɔ gome le eme o la, ele hã be míabu ale si míaƒe nyametsotsoa ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo, vevietɔ, hati Kristotɔwo ƒe dzitsinya dzii la ŋu. Míadi gbeɖe be míazu nuɖiaɖia na ame aɖeke o! (Marko 9:42) Azɔ hã, míedi be míaƒo asa na dzikudodo na ame siwo menye Ðasefowo o la madzemadzee. Lɔlɔ̃ aʋã mí be míaƒo nu na wo bubutɔe, elabena míenyae be esia hea kafukafu vanae na Yehowa. Míahe nya kple amewo loo alo aɖi gbɔ̃ woƒe dekɔnuwo o. Ðo ŋku edzi be, ŋusẽ le lɔlɔ̃ ŋu ale gbegbe! Ne míeɖe lɔlɔ̃ fia le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu le ameŋububu kple bubu me la, míate ŋu ana tsitretsiɖeŋulawo gɔ̃ hã ƒe dziwo nabɔbɔ.

15-16. (a) Nu ka tae nunya le eme be míana míaƒe ame nyanyɛwo nanya nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Aleke Paulo ƒe nya si dze le Romatɔwo 1:16 la ka míi?

15 Na wò nutoa me tɔwo nanya be Yehowa Ðasefoe nènye. (Yes. 43:10) Ne wò ƒometɔ aɖe ku la, ƒometɔwo kple aƒelikawo ate ŋu ado dziku ɖe ŋuwò vevie ne mèkpɔ gome le kukɔnu aɖe me o. Ðewohĩ, àkpɔe be anɔ bɔbɔe na wò wu be nàdo dzi le nɔnɔme sia me ne èna wonya nu tso wò dzixɔsewo ŋu do ŋgɔ. Francisco, si le Mozambique, la ŋlɔ bena: “Esi nye kple srɔ̃nye, Carolina, míesrɔ̃ nyateƒea la, míegblɔ na míaƒe ƒometɔwo be míagakpɔ gome le ame kukuwo subɔsubɔnuwɔnawo me azɔ o. Esi Carolina nɔvinyɔnu ku la, nudzɔdzɔ sia zu dodokpɔ na mí. Nu si wowɔna le mía gbɔ ne ame ku ye nye be woléa tsi na ŋutilã kukua le subɔsubɔkɔnu aɖe me. Eyome, ele be ame si ku la ƒe ƒometɔ kplikplikpli namlɔ afi si wokɔ tsi ƒoɖia ɖo la zã etɔ̃. Wosusuna be kukɔnu sia nana ame si ku la ƒe gbɔgbɔ kpɔa akɔfafa. Carolina ƒe ƒometɔwo nɔ mɔ kpɔm be wòawɔ kɔnu ma.”

16 Aleke Francisco kple srɔ̃a wɔ nui? Francisco gblɔ be: “Esi míelɔ̃ Yehowa eye míedi be míadze eŋu ta la, míegbe be míakpɔ gome le kɔnu ma me o. Esia wɔe be Carolina ƒe ƒometɔwo do dziku vevie. Wotsɔ nya ɖe mía ŋu be míede bubu ame si ku la ŋu o, eye wogblɔ be, ƒometɔwo magava srã mí kpɔ ake loo alo akpe ɖe mía ŋu o. Esi wònye be míeɖe míaƒe dzixɔsewo me na wo do ŋgɔ ta la, míedzro nyaa me kpli wo esime wole dziku dom o. Ƒometɔ aɖewo gɔ̃ hã ʋli mía ta esi wogblɔ na ame susɔeawo be míena yewonya akpa si dzi míele xoxo. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Carolina ƒe ƒometɔwo ƒe dzi va dze eme, eye míete ŋu va wɔ ŋutifafa kpli wo. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã va mía ƒe me va bia be míana Biblia-srɔ̃gbalẽ yewo.” Negadzɔ gbeɖe be nuteƒewɔwɔ na Mawu nakpe ŋu na mí o, elabe míenya nyateƒea tso ku ŋu.—Xlẽ Romatɔwo 1:16.

FA AKƆ NA AME SIWO LE NU XAM LA EYE NÀDO ŊUSẼ WO

Xɔlɔ̃ vavã faa akɔ na ame siwo ƒe ame vevi aɖe ku la hedoa ŋusẽ wo (Kpɔ memama 17-19 lia) *

17. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanye xɔlɔ̃ vavã na mía nɔvi Kristotɔ si le nu xam?

17 Ne mía nɔvi Kristotɔ aɖe ƒe ame vevi aɖe ku la, ele be míaku kutri vevie be míanye “xɔlɔ̃ vavã . . . , ame nɔvi [si] wodzi ɖe xaxagbe ŋu.” (Lod. 17:17) Aleke nàwɔ anye “xɔlɔ̃ vavã,” vevietɔ, ne wole nya ƒom ɖe nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe nu be wòakpɔ gome le nuwɔna siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o me? Bu Biblia me mɔfiame eve siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míafa akɔ na ame siwo le nu xam la ŋu kpɔ.

18. Nu kae wɔ dɔ ɖe Yesu dzi wòfa avi, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

18 “Mifa avi kple ame siwo le avi fam.” (Rom. 12:15) Ðewohĩ, asesẽ na mí be míanya nya si míagblɔ na ame aɖe si le nu xam le eƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta. Ɣeaɖewoɣi la, míaƒe aɖatsiwo ɖea míaƒe seselelãmewo fiana wu míaƒe nyagbɔgblɔwo. Esime Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku la, Maria, Marta, kple ame bubuwo fa avi le wo nɔviŋutsu kple wo xɔlɔ̃ ƒe kua ta. Ŋkeke ene megbe esi Yesu va wo gbɔ la, eya hã “fa avi,” togbɔ be enyae be yele Lazaro fɔ ge ɖe tsitre gɔ̃ hã. (Yoh. 11:17, 33-35) Yesu ƒe aɖatsiwo ɖe ale si Yehowa se le eɖokui me tso Lazaro ƒe kua ŋu la fia. Woɖe ale si gbegbe Yesu lɔ̃ ƒomeae la fia, eye ɖikeke mele eme o be, esia fa akɔ na Maria kple Marta. Nenema kee, ne mía nɔviwo de dzesii be míelɔ̃ yewo eye míetsɔ ɖe le eme na yewo la, wokpɔnɛ be menye yewo ɖeɖe koe li o, ke boŋ, ame siwo tsɔ ɖe le eme na yewo la le yewo ŋu hele ŋusẽ dom yewo.

19. Ne míele akɔ fam na mía nɔvi Kristotɔ si le nu xam la, mɔ kawo nue míate ŋu awɔ nya si dze le Nyagblɔla 3:7 la ŋu dɔ le?

19 “Ðoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagb. 3:7) Nu bubu aɖe si míawɔ be míafa akɔ na mía nɔvi Kristotɔ si le nu xam la koe nye be míanye toɖola nyui. Ðe mɔ na nɔviwòa be wòaɖe eƒe dzimenyawo agblɔ faa, eye ne ele “nu ƒom kple adã” hã la, mègabi dzi o. (Hiob 6:2, 3) Ðewohĩ, esi eƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la le nya ƒom ɖe enu ta la, nu te ɖe edzi vevie. Eya ta, do gbe ɖa ɖe eta. Ƒo koko na “Gbedodoɖasela” la be wòado ŋusẽe eye wòana eƒe susu nanɔ ŋute. (Ps. 65:2) Ne nɔnɔmeawo ɖe mɔ la, mixlẽ Biblia ɖekae. Alo mixlẽ nyati aɖe si sɔ ɖe nɔnɔmea nu la le míaƒe agbalẽwo me, abe agbemeŋutinya dedziƒoname aɖe ene.

20. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi su mía si be míenya nyateƒe si ku ɖe ku kpakple mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le ŋgɔ gbɔna na ame siwo le ŋkuɖodziyɔdowo me la ŋu! (Yoh. 5:28, 29) Eya ta, mina míato nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me aɖee afia be míelé Biblia me nyateƒea me ɖe asi eye míaƒo nu tso eŋu na amewo le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si sɔ me. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro mɔ bubu aɖe si dzi Satana tona dzea agbagba be yeana amewo nanɔ gbɔgbɔmeviviti me la me—eyae nye gbɔgbɔyɔyɔ. Míakpɔ nu si tae wòhiã be míaƒo asa na nuwɔna kple modzakaɖeɖe siwo do ƒome kple Satana ƒe mɔ̃ sia.

HADZIDZI 24 Miva Yehowa Ƒe To La Dzi

^ mm. 5 Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tsɔ aʋatsonya siwo ku ɖe ku ŋu la flu amewo. Aʋatsonya siawo wɔe be amewo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe kukɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la me. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ne amewo le nya ƒom ɖe mía nu be míakpɔ gome le kɔnu mawo tɔgbi me.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Ðasefowo le akɔ fam na woƒe ƒometɔ aɖe si menye haxɔsetɔ o, si le nu xam le eƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le esi nàkpɔ gome le kɔnu siwo medzea Mawu ŋu o me teƒe la, fa akɔ na wò ƒometɔ siwo ƒe ame vevi aɖe ku la boŋ.

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Hamemetsitsi siwo le Kristo hamea me la le akɔ fam na Ðasefo aɖe si ƒe ame vevi aɖe ku la hele ŋusẽ domee.