Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 17

Lɔ̃ Yehowa Nakpe Ðe Ŋuwò Nàtsi Tsitre Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋu

Lɔ̃ Yehowa Nakpe Ðe Ŋuwò Nàtsi Tsitre Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋu

“Mía kple . . . gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.”—EF. 6:12.

HADZIDZI 55 Migavɔ̃ Wo O!

NYA VEVIAWO *

1. Abe ale si Efesotɔwo 6:10-13 ɖe eme ene la, mɔ siwo dzi Yehowa tona ɖenɛ fiana be yeléa be na mí la dometɔ ɖekae nye ka? Ðe eme.

MƆ SIWO dzi Yehowa tona ɖenɛ fiana be yeléa be na mí ame siwo nye esubɔlawo la dometɔ ɖekae nye ale si wòkpena ɖe mía ŋu be míatsi tsitre ɖe míaƒe futɔwo ŋu. Míaƒe futɔ gãtɔwoe nye Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo. Yehowa xlɔ̃a nu mí tso míaƒe futɔ siawo ŋu, eye enaa nu si míehiã be míate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu la mí. (Xlẽ Efesotɔwo 6:10-13.) Ne míelɔ̃ Yehowa kpe ɖe mía ŋu eye míeɖo ŋu ɖe eŋu bliboe la, míate ŋu atsi tsitre ɖe Abosam ŋu dzidzedzetɔe. Esia ate ŋu awɔe be kakaɖedzi nasu mía si abe apostolo Paulo ene. Egblɔ be: “Ne Mawu le mía dzi la, ame kae atsi tsitre ɖe mía ŋu?”—Rom. 8:31.

2. Nu ka me míadzro le nyati sia me?

2 Esi míenye Kristotɔwo ta la, míetsia dzi le Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ta o. Ke boŋ, nu si ŋu míetsia dzi ɖoe nye ale si míasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahasubɔe. (Ps. 25:5) Ke hã, ehiã be míanya nu tso Satana ƒe ayemɔwo ŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, esia akpe ɖe mía ŋu be eƒe asi nagasu mía dzi o. (2 Kor. 2:11) Le nyati sia me la, míasrɔ̃ nu tso mɔ vevi aɖe si dzi Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tona kplɔa amewo tranae ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, míakpɔ ale si míate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu dzidzedzetɔe.

ALE SI GBƆGBƆ VƆ̃WO KPLƆA AMEWO TRANAE

3-4. (a) Nu kae nye gbɔgbɔyɔyɔ? (b) Aleke gbegbee gbɔgbɔyɔyɔ kakae?

3 Mɔ ɖedzesi aɖe si dzi Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tona kplɔa amewo trana ye nye gbɔgbɔyɔyɔ. Ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me la ƒua asi akɔ be yewonya nanewo siwo amegbetɔ mate ŋu anya hafi o alo yewokpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo gbɔ amegbetɔwo ƒe ŋutete ŋu la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ƒua asi akɔ be yewoate ŋu ato nukaka alo ɣletivimefakaka dzi anya etsɔme. Ame bubuwo ate ŋu anɔ nu wɔm abe ɖe wotea ŋu ƒoa nu kple kukuawo ene. Ame aɖewo hã wɔa adze alo madziki, eye wodzea agbagba be yewoaɖu dzo amewo alo yewoasa gbe de wo. *

4 Aleke gbegbe gbɔgbɔyɔyɔ kakae? Le numekuku aɖe si wowɔ le dukɔ 18 me le Latin America kple Karib-ƒukpowo dzi me la, ame siwo wobia gbee la dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me gblɔ be yewoka ɖe madzikiwɔwɔ kple adzewɔwɔ dzi, nenema kee ame agbɔsɔsɔ ma kloe ka ɖe edzi be woate ŋu aƒo nu kple gbɔgbɔwo. Wowɔ numekuku ma ke le Afrika dukɔ 18 me. Le numekuku sia me la, ame siwo gblɔ be yewoka ɖe adzewɔwɔ dzi la wu ame siwo wobia gbee la ƒe afã. Gake afi ka kee míeɖale o, ele be míakpɔ nyuie le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu. Nya lae nye be, Satana le agbagba dzem be yeable “anyigbadzinɔlawo katã.”—Nyaɖ. 12:9.

5. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu?

5 Yehowa nye “nyateƒe Mawu.” (Ps. 31:5) Esia ta, aleke wòsena le eɖokui me tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu? Elé fui! Yehowa gblɔ na Israel-viwo be: “Woagakpɔ ame aɖeke le dowòme, si tɔa dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o, eye bokɔnɔ, akunyawɔla, nutabiala, dzotɔ, ame si saa gbe dea ame, nukala, afakala alo ŋɔliyɔla meganɔ dowòme o. Elabena ame sia ame si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.” (5 Mose 18:10-12) Kristotɔwo mele Se si Yehowa de na Israel-viwo la te o. Ke hã, míenyae be ale si wòsena le eɖokui me tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu la metrɔ o.—Mal. 3:6.

6. (a) Aleke Satana wɔa gbɔgbɔyɔyɔ ŋu dɔ tsɔ gblẽa nu le amewo ŋui? (b) Le Nyagblɔla 9:5 ƒe nya nu la, nu kae nye nyateƒea ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu?

6 Yehowa xlɔ̃a nu mí tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu, elabe enyae be Satana wɔa eŋu dɔ tsɔ gblẽa nu le amewo ŋu. Satana wɔa gbɔgbɔyɔyɔ ŋu dɔ tsɔ doa alakpanyawo ɖe ŋgɔ—wo dometɔ aɖee nye alakpanya si nye be ame kukuwo le agbe le xexe aɖe me. (Xlẽ Nyagblɔla 9:5.) Satana gawɔa gbɔgbɔyɔyɔ ŋu dɔ hã be yeatsɔ ade vɔvɔ̃ amewo me eye yeate wo ɖa tso Yehowa gbɔ. Eƒe taɖodzinue nye be ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me la aɖo ŋu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu, le esi teƒe be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.

ALE SI MÍATSI TSITRE ÐE GBƆGBƆ VƆ̃WO ŊU

7. Nya kae Yehowa gblɔ na mí?

7 Abe ale si míekpɔe va yi ene la, Yehowa gblɔ nu si wòle be míanya ale be Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo nagakplɔ mí atrae o la na mí. Bu afɔ nyui siwo míate ŋu aɖe be míatsi tsitre ɖe Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

8. (a) Mɔ vevi ka dzie míate ŋu ato atsi tsitre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu? (b) Aleke Psalmo 146:4 klo nu le alakpanya si Satana gblɔ tso kukuawo ŋu la dzi?

8 Nɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm eye nànɔ ŋugble dem le eŋu. Esiae nye mɔ vevitɔ si dzi míato agbe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe alakpanyawo. Mawu ƒe Nyaa le abe yi ɖaɖɛ ene; ate ŋu agblẽ alakpanya siwo Satana dona ɖe ŋgɔ la dome. (Ef. 6:17) Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Nyaa klo nu le alakpanya si nye be kukuawo ate ŋu aƒo nu kple agbagbeawo la dzi. (Xlẽ Psalmo 146:4.) Eɖoa ŋku edzi na mí hã be, Yehowa ɖeɖe koe ate ŋu agblɔ etsɔme ɖi wòava eme pɛpɛpɛ. (Yes. 45:21; 46:10) Ne míexlẽa Mawu ƒe Nyaa edziedzi hedea ŋugble le nu si míexlẽ ŋu la, míanɔ dzadzraɖoɖi nyuie be míagbe alakpanya siwo dzi gbɔgbɔ vɔ̃wo di be míaxɔ ase la eye míalé fu alakpanya mawo.

9. Gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔna kawoe míeƒoa asa na?

9 Ðoe kplikpaa be nàgaƒo ɖokuiwò ɖe naneke si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la me o. Esi míenye Kristotɔ vavãwo ta la, míeƒoa mía ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔna aɖeke me o. Le kpɔɖeŋu me, míeyia gbɔgbɔyɔlawo gbɔ o; nenema kee míedzea agbagba be míato mɔ aɖe dzi aƒo nu kple kukuawo o. Abe ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, míeƒoa asa na kunuwɔwɔ ƒe kɔnu siwo do ƒome kple dzixɔse si nye be ame siwo ku la kpɔtɔ le agbe le teƒe aɖe. Eye mímetoa ɣletivimefakaka alo nukaka dzi dzea agbagba be míanya etsɔme o. (Yes. 8:19) Míenyae be afɔku le nu mawo wɔwɔ me eye woate ŋu ana míado ka kple Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tẽe.

Le Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la, gblẽ nu sia nu si le asiwò si do ƒome kple vivimeŋusẽwo la dome keŋkeŋ, eye nàƒo asa na modzakaɖeɖe siwo do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ (Kpɔ memama 10-12 lia)

10-11. (a) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nu kae ame aɖewo siwo va srɔ̃ nyateƒea la wɔ? (b) Le 1 Korintotɔwo 10:21 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be míasrɔ̃ Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒe kpɔɖeŋua, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

10 Gblẽ nu sia nu si do ƒome kple vivimeŋusẽwo la dome keŋkeŋ. Ame aɖewo siwo nɔ Efeso le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me. Esi wova srɔ̃ nyateƒea la, woɖe afɔ si hiã la enumake. Biblia gblɔ be: “Afakalawo dometɔ gbogbo aɖewo tsɔ woƒe agbalẽwo katã vɛ, eye wotɔ dzo wo le amewo katã ŋkume.” (Dɔw. 19:19) Ame siawo ɖoe kplikpaa be yewoatsi tsitre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. Woƒe agbalẽ siwo ku ɖe madzikiwɔwɔ ŋu la xɔ asi ŋutɔ. Gake wometsɔ agbalẽ mawo na ame bubuwo alo dzra wo o, ke boŋ, wotɔ dzo wo wofiã keŋkeŋ. Yehowa ŋu dzedze le vevie na wo sãsãsã wu agbalẽawo ƒe home.

11 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Kristotɔ mawo siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒe kpɔɖeŋua? Anyo be míagblẽ nu sia nu si le mía si, si do ƒome kple vivimeŋusẽwo la dome keŋkeŋ. Wo dometɔ aɖewoe nye atiblɛwo, bokɛwo alo nu bubu ɖe sia ɖe si amewo dona ɖe ŋuti alo nu sia nu si le ame aɖe si kple susu be wòakpɔ ye ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:21.

12. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo tso modzakaɖeɖe ŋu?

12 Dzro nu siwo nètsɔ ɖea modzakae la me kpɔ. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mexlẽa agbalẽ kple magazine siwo do ƒome kple vivimeŋusẽwo alo xlẽa wo le Internet dzia? Ke haƒoƒo siwo  mesena, film kple television dzi wɔna siwo mekpɔna, alo videofefe siwo meƒona ya ɖe? Ðe nu siwo metsɔ ɖea modzakae la dometɔ aɖe do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔa? Ðe woɖea zombie-wo (alo ame kuku siwo wobe wotrɔna zua amegbetɔwo), vampire-wo (alo ame kuku siwo wobe wodona le zã me va noa ʋu le lãme na ame), alo ame siwo si vivimeŋusẽwo le la le modzakaɖenu mawo mea? Ðe wonana madzikiwɔwɔ, gbesasa alo dzosasa dzena abe fefe si me afɔku aɖeke mele o enea?’ Enye nyateƒe be, menye modzakaɖeɖe siwo nyea fefe alo glitoto siwo menye agbe me nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ o la ɖe sia ɖee do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ o. Ne èle nu siwo nètsɔ ɖea modzakae la me dzrom la, ɖoe kplikpaa be nàtia esiwo akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nu sia nu si Yehowa lé fui. Míedi be míawɔ míaƒe ŋutete katã be ‘dzitsinya nyui nakpɔtɔ anɔ’ mía si le Mawu ŋkume.—Dɔw. 24:16. *

13. Nu ka wɔwɔe wòle be míaƒo asa na?

13 Ƒo asa na nyadzɔdzɔ siwo ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu gbɔgblɔ. Le go sia me la, míedi be míasrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí. (1 Pet. 2:21) Dziƒoe Yesu nɔ hafi va anyigba dzi, eye enya nu geɖe tso Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. Ke hã, Yesu menɔa nu ƒom tso nu siwo gbɔgbɔ vɔ̃ siawo wɔ la ŋu ɣesiaɣi o. Yesu di be yeanye Yehowa ƒe ɖasefo, ke menye be yeanye Satana ƒe boblodola o. Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ne míekakaa nyadzɔdzɔ siwo ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu o. Ke boŋ, míetoa míaƒe nyagbɔgblɔ me ɖenɛ fiana be ‘nu nyui aɖe le fiefiẽm le míaƒe dzi me wlɔwlɔwlɔ,’ eyae nye, nyateƒe la.—Ps. 45:1.

Mègana gbɔgbɔ vɔ̃wo nadzi ŋɔ na wò o. Yehowa, Yesu, kple mawudɔlawo ƒe ŋusẽ ƒo woƒe ŋusẽ ta sãsãsã (Kpɔ memama 14-15 lia) *

14-15. (a) Nu ka tae mele be gbɔgbɔ vɔ̃wo nadzi ŋɔ na mí o? (b) Kpeɖodzi kawoe li be Yehowa kpɔa eƒe amewo ta egbea?

14 Gbɔgbɔ vɔ̃wo megadzi ŋɔ na wò o. Le xexe gbegblẽ sia me la, vɔ̃ ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi. Afɔkuwo, dɔlélewo, alo ku gɔ̃ hã ate ŋu ava ƒo ɖe mí le vo me kpoyi. Gake mele be míasusui be gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔe esia tso o. Biblia gblɔ be “azãgbe kple nuɖiɖeame” tea ŋu ɖina ɖe ame sia ame. (Nyagb. 9:11) Gake Yehowa ɖee fia be yeƒe ŋusẽ ƒo gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽ ta sãsãsã. Le kpɔɖeŋu me, Mawu xe mɔ na Satana be mewu Hiob o. (Hiob 2:6) Le Mose ƒe ŋkekea me la, Yehowa ɖee fia be yeƒe ŋusẽ ƒo akunyawɔla (alo madzikiwɔla) siwo nɔ Egipte la ƒe ŋusẽ ta. (2 Mose 8:18; 9:11) Esi Yehowa na ŋusẽ Yesu ta la, enya Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa tso dziƒo ɖe anyigba dzi heto esia me ɖee fia be yeƒe ŋusẽ ƒo woƒe ŋusẽ ta. Eye le etsɔ si gbɔna kpuie me la, woatsɔ wo ade aʋli me, eye womagate ŋu awɔ nu vevi ame aɖeke o.—Nyaɖ. 12:9; 20:2, 3.

15 Kpeɖodzi geɖewo li siwo ɖee fia be Yehowa le eƒe amewo ta kpɔm egbea. Bu nya sia ŋu kpɔ: Míele gbeƒã ɖem hele nyateƒea fiam amewo le anyigbaa ƒe akpa sia akpa. (Mat. 28:19, 20) Esia wɔe be míekloa nu le Abosam ƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo dzi. Kakaɖedzitɔe la, ne ɖe Satana ate ŋui la, anye ne etɔ te míaƒe dɔa keŋkeŋ, gake mate ŋui o. Eya ta, mele be gbɔgbɔ vɔ̃wo nadzi ŋɔ na mí o. Míenyae be “Yehowa ƒe ŋkuwo kpɔa afi sia afi le anyigba blibo la dzi, ne wòazã eƒe ŋusẽ atsɔ axɔ na ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (2 Kron. 16:9) Ne míewɔa nuteƒe na Yehowa la, gbɔgbɔ vɔ̃wo mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu ɖikaa o.

YAYRA SIWO SUA AME SIWO LƆ̃ FAA YEHOWA KPE ÐE WO ŊU LA SI

16-17. Gblɔ ale si gbegbe wòbia dzinɔameƒo hafi woate ŋu atsi tsitre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

16 Ebia dzinɔameƒo be míatsi tsitre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu, vevietɔ, ne xɔlɔ̃wo alo ƒometɔ siwo lɔ̃ mí hafi la va tsi tsitre ɖe mía ŋu. Gake Yehowa yraa ame siwo ɖea dzinɔameƒo sia tɔgbi fiana. Bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Erica, si le Ghana ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Erica xɔ ƒe 21 esime wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Esi wònye be fofoa nye bokɔnɔ ta la, edi be eya hã nawɔ ɖe woƒe kɔnu siwo ƒe ɖee nye be woaɖu lã siwo wotsɔ sa vɔ na tɔgbui kukuwo la dzi. Esi Erica gbe ta la, ƒomea bu eƒe nuwɔnaa be enye bubu mademade wo tɔgbui kukuwo ŋu. Ƒomea xɔe se be tɔgbui kukuawo atsɔ tagbɔdɔ kple dɔléle bubuwo ahe to na yewo.

17 Erica ƒe ƒometɔwo dze agbagba be yewoazi edzi wòawɔ ɖe kɔnua dzi, gake egbe be yemana ta o, togbɔ be esia bia be wòaʋu le aƒea me gɔ̃ hã. Ðasefo aɖewo xɔe be wòava nɔ yewo gbɔ. Alea ye Yehowa yra Erica be ƒome yeye su esi, ɛ̃, haxɔsetɔwo va zu nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo. (Marko 10:29, 30) Togbɔ be Erica ƒe ƒometɔwo gbee eye wotɔ dzo eƒe nuwo gɔ̃ hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa, exɔ nyɔnyrɔ, eye fifia, ezu gbesiagbe mɔɖela. Gbɔgbɔ vɔ̃wo medzi ŋɔ nɛ o. Eye Erica gblɔ tso eƒe ƒometɔwo ŋu be, “Medoa gbe ɖa gbe sia gbe be nye ƒometɔwo hã nava kpɔ yayra si gbegbe wònyena be woanya Yehowa kple ablɔɖe si gbegbe sua ame si be wòanye mía Mawu lɔ̃ame sia subɔla.”

18. Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, yayra kawoe sua mía si?

18 Ðewohĩ, womado mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe xɔse kpɔ le mɔ sia nu ya o. Ke hã, ehiã be mía dometɔ ɖe sia ɖe natsi tsitre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ne míewɔ esia la, ayra mí le mɔ geɖe nu eye Satana ƒe alakpanyawo makplɔ mí atra o. Azɔ hã, vɔvɔ̃ na gbɔgbɔ vɔ̃wo mana míatsi dzodzodzoe o. Eye, ƒo wo katã ta la, mía kple Yehowa dome anɔ kplikplikpli. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ. Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—Yak. 4:7, 8.

HADZIDZI 150 Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

^ mm. 5 Yehowa xlɔ̃ nu mí lɔlɔ̃tɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ale si woate ŋu agblẽ nu le mía ŋui la ŋu. Aleke gbɔgbɔ vɔ̃wo dzea agbagba be yewoakplɔ amewo atrae? Afɔ kawoe míate ŋu aɖe be míatsi tsitre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu? Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míade dzesi ale si Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míaƒo asa na woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi.

^ mm. 3 NYA AÐEWO ME ÐEÐE: Gbɔgbɔyɔyɔ nye dzixɔse kple nuwɔna siwo nana ame nɔa kadodo me kple gbɔgbɔ vɔ̃wo la me léle ɖe asi. Nenema kee nye dzixɔse si nye be gbɔgbɔ aɖe le amegbetɔ me si yia edzi nɔa agbe le amea ƒe ku megbe, si tea ŋu ƒoa nu kple agbagbeawo, vevietɔ, to ŋɔliyɔla dzi la hã. Adzewɔwɔ kple afakaka hã nye gbɔgbɔyɔyɔ. Le nyati sia me la, madzikiwɔwɔ fia nuwɔna siwo do ƒome kple vivimeŋusẽwo kple ŋusẽ si gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu. Nenema kee nye dzoɖuɖu ame kple gbesasa de ame hã. Menye ameflunuwɔna si me ameflulaa nɔa eƒe asiwo ʋãm kabakaba le, si ame aɖewo wɔna tsɔ ɖea modzaka na amewo lae wònye o.

^ mm. 12 Menye hamemetsitsiwo ƒe dɔe wònye be woade sewo ɖe modzakaɖeɖe nu o. Ke boŋ, ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nawɔ eya ŋutɔ ƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la ŋu dɔ ne ele nu si wòaxlẽ, haƒoƒo si wòase, alo film si wòakpɔ la tiam. Ƒome ƒe ta siwo dze nunya la kpɔa egbɔ be nu siwo yewoƒe ƒomea tsɔ ɖea modzakae la wɔ ɖeka kple Biblia me gɔmeɖosewo.—Kpɔ jw.org® dzi nyati si nye “Ðe Yehowa Ðasefowo Dea Se Ðe Video, Agbalẽ Alo Hadzidzi Aɖewo Nua?” Àkpɔe le, MÍA ŊU NYAWO > NYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI.

^ mm. 54 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Yesu, míaƒe Fia sẽŋu si le dziƒo la, le ŋgɔ na mawudɔlawo ƒe aʋakɔ gã aɖe. Yehowa ƒe fiazikpuia le wo tame ɖaa.