Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 15

Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋua Be Nànɔ Ŋutifafa Me

Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋua Be Nànɔ Ŋutifafa Me

“Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo . . . ŋu.”—FLP. 4:7.

HADZIDZI 113 Ŋutifafa Su Mía Si

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu kae na Yesu tɔtɔ?

LE Yesu ƒe anyigba dzi nɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, etɔtɔ. Gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, nu vlo wɔlawo awɔ fui vevie ahawui. Gake menye ku si ku ge wòala la ɖeɖe koe na nu te ɖe edzi o. Elɔ̃ Fofoa ŋutɔ, eye edi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Yesu nyae be, ne yewɔ nuteƒe le dodokpɔ sesẽ si me to ge yeala me la, yeato esia me akpe asi ɖe eŋu be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. Yesu lɔ̃ amegbetɔwo hã, eye enyae be, ne yewɔ nuteƒe na Yehowa va se ɖe ku me ko hafi mɔnukpɔkpɔ asu amegbetɔwo si be woanɔ agbe tegbee.

2 Togbɔ be agba gã ma gbegbe nɔ Yesu dzi hã la, enɔ ŋutifafa me. Egblɔ na eƒe apostolowo be: “Mele nye ŋutifafa nam mi.” (Yoh. 14:27) “Mawu ƒe ŋutifafa,” si nye dziɖeɖi kple dzidzeme si sua ame si ne ele ƒomedodo nyui me kple Yehowa la, nɔ eyama me. Ŋutifafa ma na Yesu ƒe susu dze akɔ anyi eye eƒe dzi dze eme.—Flp. 4:6, 7.

3. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Mía dometɔ aɖeke mato nu siwo gbegbe me Yesu to ya o, ke hã, Yesu yomedzelawo katã ato dodokpɔwo me. (Mat. 16:24, 25; Yoh. 15:20) Eye abe Yesu ene la, míawo hã míetɔtɔna ɣeaɖewoɣi. Nu kae míate ŋu awɔ be xaxawo alo dzigbãnyawo nagaxɔ míaƒe ŋutifafa le mía si o? Na míadzro nu etɔ̃ aɖewo siwo Yesu wɔ le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi esime wònɔ anyigba dzi la me eye míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua ne dodokpɔwo va mía dzi.

YESU NƆ GBEDODOÐA DZI

Ne míele gbedodoɖa dzi la, míate ŋu akpɔtɔ anɔ ŋutifafa me (Kpɔ memama 4-7 lia)

4. Esi 1 Tesalonikatɔwo 5:17 me nyawo le susu me na wò la, gblɔ kpɔɖeŋu aɖewo siwo ɖee fia be Yesu do gbe ɖa zi gbɔ zi geɖe le ŋkeke mamlɛtɔ si wòtsɔ nɔ anyigba dzi la me.

4 Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:17. Yesu do gbe ɖa zi gbɔ zi geɖe le ŋkeke mamlɛtɔ si wòtsɔ nɔ anyigba dzi la dzi. Esime wòɖo eƒe ku ƒe ŋkuɖodzia anyi la, edo gbe ɖa ɖe aboloa kple wain la ta. (1 Kor. 11:23-25) Hafi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo woadzo le teƒe si woɖu Ŋutitotoŋkekenyuia le la, edo gbe ɖa ɖe wo ta. (Yoh. 17:1-26) Esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Amitoa dzi le zã ma me la, edo gbe ɖa enuenu. (Mat. 26:36-39, 42, 44) Eye nya mamlɛtɔ siwo Yesu gblɔ hafi ku la hã nye gbedodoɖa. (Luka 23:46) Yesu do gbe ɖa na Yehowa tso nu sia nu si me wòto le ŋkeke mamlɛ si wòtsɔ nɔ anyigba dzi me la ŋu.

5. Nu ka tae dzi ɖe le apostoloawo ƒo?

5 Susu ɖeka si tae Yesu te ŋu do dzi le dodokpɔ si me wòto mee nye be eɖo ŋu ɖe Fofoa ŋu eye wòdo gbe ɖa bia eƒe kpekpeɖeŋu zi gbɔ zi geɖe. Gake apostoloawo ya menɔ gbedodoɖa dzi le zã ma me o. Esia wɔe be, esime tetekpɔ va wo dzi la, dzi ɖe le wo ƒo. (Mat. 26:40, 41, 43, 45, 56) Ne míele dodokpɔwo me tom la, ne míesrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua eye ‘míele gbedodoɖa dzi’ ko hafi míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe. Nu kawo ŋue míate ŋu ado gbe ɖa le?

6. Aleke xɔse akpe ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anɔ ŋutifafa me?

6 Míate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be ‘wòana míaƒe xɔse nadzi ɖe edzi.’ (Luka 17:5; Yoh. 14:1) Míehiã xɔse, elabena Satana ate ame siwo katã dze Yesu yome la kpɔ. (Luka 22:31) Aleke xɔse akpe ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anɔ ŋutifafa me ne kuxiwo ɖe kpe na mí gɔ̃ hã? Ne míewɔ nu sia nu si míate ŋui tso kuxia ŋu la, xɔse aʋã mí be míagblẽ nyaa ɖe Yehowa si me. Esi míeka ɖe edzi be ate ŋu akpɔ nyaa gbɔ nyuie wu ale si míate ŋui ta la, míaƒe dzi dzea eme eye míaƒe susu dzea akɔ anyi.—1 Pet. 5:6, 7.

7. Nu kae nèsrɔ̃ tso Robert ƒe nyawo me?

7 Dodokpɔ ka kee ɖava mía dzi o, gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu míaƒe susu dzea akɔ anyi. Bu Nɔviŋutsu Robert, si nye hamemetsitsi wɔnuteƒe si le eƒe ƒe 80-awo me fifia la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Aɖaŋuɖoɖo si dze le Filipitɔwo 4:6, 7 la kpe ɖe ŋunye medo dzi le dodokpɔ vovovo siwo me meto le nye agbe me la me. Meto gakuxi sesẽwo me. Eye wova xɔ hamemetsitsi ƒe dɔa hã le asinye hena ɣeyiɣi aɖe.” Nu kae kpe ɖe Robert ŋu wòkpɔtɔ nɔ ŋutifafa me le nɔnɔme mawo me? Egblɔ be: “Ne menya kpɔe be metsi dzimaɖi ko la, medoa gbe ɖa. Mexɔe se be, zi gbɔ zi ale si menɔ gbedodoɖa dzi vevie la, zi nenemae nye susu dzea akɔ anyii.”

YESU ÐE GBEƑÃ VEVIEDODOTƆE

Míate ŋu akpɔtɔ anɔ ŋutifafa me ne míelé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu (Kpɔ memama 8-10 lia)

8. Abe ale si wòdze le Yohanes 8:29 ene la, susu bubu ka tae Yesu kpɔtɔ nɔ ŋutifafa me?

8 Xlẽ Yohanes 8:29. Togbɔ be amewo nɔ Yesu yome tim gɔ̃ hã la, ekpɔtɔ nɔ ŋutifafa me, elabe enyae be yele dzidzɔ dom na ye Fofo ƒe dzi. Eyi edzi ɖo to Fofoa, esime esia wɔwɔ sesẽ nɛ ale gbegbe gɔ̃ hã. Elɔ̃ Fofoa, eye Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nu vevitɔ nɛ le agbe me. Hafi Yesu nava anyigba dzi la, enye “dɔwɔla bibi” le Mawu gbɔ. (Lod. 8:30) Eye esime wònɔ anyigba dzi la, efia nu amewo tso Fofoa ŋu veviedodotɔe. (Mat. 6:9; Yoh. 5:17) Dɔ ma wɔwɔ doa dzidzɔ na Yesu ale gbegbe.—Yoh. 4:34-36.

9. Aleke fɔléle ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anɔ ŋutifafa me?

9 Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua ne míeɖoa to Yehowa eye “[míewɔa] geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me ɣesiaɣi.” (1 Kor. 15:58) Ne míetsɔ gbeƒãɖeɖedɔa “ɖo dɔ koŋ” la, esia kpena ɖe mía ŋu míeɖea susu ɖa le míaƒe xaxawo dzi. (Dɔw. 18:5) Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, kuxi siwo me ame siwo míedoa goe le gbeadzi la tona la nyrana wu mía tɔwo. Ke hã, ne wova srɔ̃ ale si woalɔ̃ Yehowa hewɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, agbea va kana ɖe eme na wo eye wova kpɔa dzidzɔ geɖe wu. Ɣesiaɣi si míekpɔ esia dze sii la, míegakana ɖe edzi geɖe wu be Yehowa alé be na mí. Eye kakaɖedzi sia kpena ɖe mía ŋu míenɔa ŋutifafa me. Aleae wònɔ le nɔvinyɔnu aɖe si se le eɖokui me le eƒe agbe me katã be yemele ɖeke me o, si blanuiléledɔ ɖe fu na ɣeyiɣi didi aɖe la gome. Egblɔ be: “Ne meƒo ɖokuinye ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me la, esia wɔnɛ be metea ŋu ɖua nye seselelãmewo dzi geɖe wu eye mekpɔa dzidzɔ geɖe wu. Ewɔ nam be, nu si gbɔ wòtsoe nye be, ne mele gbeadzi la, mesena le ɖokuinye me be nye kple Yehowa dome le kplikplikpli wu.”

10. Nu kae nèsrɔ̃ tso Brenda ƒe nyawo me?

10 Bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Brenda la hã ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Ahɔhɔ̃medɔ ƒomevi aɖe nɔ fu ɖem na eya kple vianyɔnu siaa. Brenda tsi teƒe ɖeka eye bunɔkeke mee wònɔna, eye ŋusẽ boo mele eŋu o. Ɣesiaɣi si wòate ŋui la, eɖea gbeƒã tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu, gake lɛtaŋɔŋlɔ koŋ dzie wòtona ɖia ɖase na amewo. Egblɔ be: “Esi menya va lɔ̃ ɖe edzi le nye susu kple dzi me be womate ŋu awɔ naneke tso nye nɔnɔmea ŋu le nuɖoanyi sia me o ko la, meɖe dzi ɖi, eye metsɔ nye susu ɖo subɔsubɔdɔa ŋu. Le nyateƒe me la, ɖaseɖiɖidɔa nana meɖea susu ɖa le nye dzimaɖitsitsiwo dzi. Ekpena ɖe ŋunye metsɔa nye susu katã ɖoa ale si mawɔ akpe ɖe ame siwo medoa goe le míaƒe hamea ƒe anyigbamamaa me la ŋu. Eye enana nye susu nɔa etsɔmemɔkpɔkpɔ si le asinye la dzi ɣeawokatãɣi.”

YESU LƆ̃ EXƆLƆ̃WO KPE ÐE EŊU

Ne míedea ha kple xɔlɔ̃ nyuiwo la, míate ŋu akpɔtɔ anɔ ŋutifafa me (Kpɔ memama 11-15 lia)

11-13. (a) Aleke apostoloawo kple ame bubuwo ɖee fia be yewonye xɔlɔ̃ vavãwo na Yesu? (b) Ŋusẽ nyui kae Yesu ƒe xɔlɔ̃wo kpɔ ɖe edzi?

11 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã la, apostolo wɔnuteƒeawo ɖee fia be yewonye xɔlɔ̃ vavãwo na Yesu. Lododo si gblɔ be, “Xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã” la nye nyateƒe le woamawo gome. (Lod. 18:24) Yesu de asixɔxɔ exɔlɔ̃ mawo ŋu ale gbegbe. Le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, nɔviaŋutsuwo dometɔ aɖeke mexɔ edzi se o. (Yoh. 7:3-5) Ɣeaɖeɣi la, eƒe ƒometɔwo bui gɔ̃ hã be eƒe tagbɔ le gbegblẽm. (Marko 3:21) Gake Yesu te ŋu gblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me be: “Miawoe nye ame siwo ku ɖe ŋunye le nye tetekpɔwo me.”—Luka 22:28.

12 Enye nyateƒe be Yesu ƒe apostoloawo wɔ nu wòvee ɣeaɖewoɣi ya, gake eŋe aɖaba ƒu woƒe vodadawo dzi eye ekpɔe be woxɔ ye dzi se. (Mat. 26:40; Marko 10:13, 14; Yoh. 6:66-69) Egblɔ na wo le zã mamlɛtɔ si wònɔ wo gbɔ hafi wova wui la me be: “Meyɔa mi be xɔ̃nyewo, elabena nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.” (Yoh. 15:15) Ðikeke mele eme o be, Yesu ƒe xɔlɔ̃awo de dzi ƒo nɛ ale gbegbe. Ale si gbegbe wokpe ɖe eŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me la na wòkpɔ dzidzɔ ŋutɔ.—Luka 10:17, 21.

13 To vovo na apostoloawo la, xɔlɔ̃ bubuwo hã nɔ Yesu si. Wonye ŋutsu kple nyɔnu siwo kpe ɖe eŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me; wona kpekpeɖeŋui le mɔ vovovowo hã nu. Wo dometɔ aɖewo kpee va wo ƒe me be wòaɖu nu kpli yewo. (Luka 10:38-42; Yoh. 12:1, 2) Bubuwo hã nɔ eŋu le eƒe mɔzɔzɔawo me eye wozã woƒe nunɔamesiwo tsɔ kpe ɖe eŋu. (Luka 8:3) Nu si tae xɔlɔ̃ nyuiwo nɔ Yesu si ɖoe nye be eya ŋutɔ hã nye xɔlɔ̃ nyui. Ewɔ nu nyuiwo na exɔlɔ̃wo eye mebiaa nu si gbɔ woƒe ŋutete ŋu la tso wo si o. Togbɔ be ame debliboe Yesu nye hã la, ekpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si exɔlɔ̃ ame madebliboawo nɛ la ŋu. Eye ɖikeke mele eme o be, woawo hã wokpe asi ɖe eŋu be Yesu kpɔtɔ nɔ ŋutifafa me.

14-15. Aleke míawɔ adze xɔlɔ̃ nyuiwo, eye aleke woate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

14 Xɔlɔ̃ nyuiwo akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Eye mɔ nyuitɔ si dzi míato adze xɔlɔ̃ nyuiwoe nye be míawo ŋutɔ míanye xɔlɔ̃ nyui. (Mat. 7:12) Le kpɔɖeŋu me, Biblia de dzi ƒo na mí be míadze agbagba akpe ɖe amewo ŋu, vevietɔ, ame siwo “hiã tu.” (Ef. 4:28) Ðe wò susu yi ame aɖe si le miaƒe hamea me, si ŋu nàte ŋu akpe ɖo la dzia? Ðe nàte ŋu aƒle asi na gbeƒãɖela aɖe si tsi teƒe ɖeka? Ðe nàte ŋu akpe ɖe ƒome aɖe si le gakuxiwo me tom la ŋu be woakpɔ nu aɖua? Ne ènya jw.org® nyatakakadzraɖoƒea kple JW Library® dɔwɔnua zazã la, ɖe nàte ŋu akpe ɖe miaƒe hamea me tɔ siwo menya wo zazã o la ŋu be kesinɔnu siwo le dɔwɔnu siawo dzi la naɖe vi na woa? Ne míaƒe susu le nu siwo míawɔ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu dzi la, esia ate ŋu awɔe be míakpɔ dzidzɔ.—Dɔw. 20:35.

15 Ne míedze xɔlɔ̃ mía nɔviwo la, woakpe ɖe mía ŋu ne dodokpɔwo va mía dzi, eye esia awɔe be míakpɔtɔ anɔ ŋutifafa me. Abe ale si ko Elihu ɖo to se Hiob ƒe nyawoe ene la, mía xɔlɔ̃wo kpena ɖe mía ŋu ne míeɖe míaƒe dzimenyawo gblɔ na wo eye woɖo to se míaƒe nyawo dzigbɔɖitɔe. (Hiob 32:4) Mele be míakpɔ mɔ be mía xɔlɔ̃wo natso nya me na mí o, ke hã, nunya le eme be míawɔ woƒe aɖaŋuɖoɖo siwo tso Biblia me la dzi. (Lod. 15:22) Eye abe ale si ko Fia David lɔ̃ ɖokuibɔbɔtɔe exɔlɔ̃wo kpe ɖe eŋu ene la, nenema kee wòle be míabɔbɔ mía ɖokui alɔ̃ be mía xɔlɔ̃wo nana kpekpeɖeŋu si míehiã la mí. (2 Sam. 17:27-29) Vavãe, xɔlɔ̃ nyui siawo tɔgbi nye nunana tso Yehowa gbɔ.—Yak. 1:17.

ALE SI MÍAWƆ BE MÍAKPƆTƆ ANƆ ŊUTIFAFA ME

16. Le Filipitɔwo 4:6, 7 ƒe nya nu la, mɔ ɖeka kolia ka dzie míate ŋu ato akpɔ ŋutifafa? Ðe eme.

16 Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7. Nu ka tae Yehowa gblɔ na mí be “Kristo Yesu dzi” ye míato be ŋutifafa si yenana la nate ŋu asu mía si? Nu si tae nye be, ne míelɔ̃ ɖe akpa si Yesu wɔna la dzi eye míexɔ eyama dzi se ko hafi míate ŋu akpɔ ŋutifafa vavãtɔ si nana dzidzeme kple dziɖeɖi sua ame si. Le kpɔɖeŋu me, le Yesu ƒe tafevɔsaa ta la, Mawu ate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã ake mí. (1 Yoh. 2:12) Esia nyanya nana míaƒe dzi dzea eme ale gbegbe! Esi wònye be Yesue nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ta la, aɖɔ nu sia nu si Satana kple eƒe xexea agblẽ le mía ŋu la ɖo. (Yes. 65:17; 1 Yoh. 3:8; Nyaɖ. 21:3, 4) Esia na etsɔmemɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe su mía si! Eye togbɔ be Yesu de dɔ sesẽ aɖe asi na mí hã la, eya ŋutɔ li kpli mí, ele kpekpem ɖe mía ŋu le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me. (Mat. 28:19, 20) Esia nana dzi ɖoa mía ƒo ale gbegbe! Nu etɔ̃ siwo nye dzidzeme, mɔkpɔkpɔ, kple dzinɔameƒo lae nye gɔmeɖoanyi sesẽ siwo wɔe be míaƒe susu dze akɔ anyi.

17. (a) Nu kae ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ŋu be wòakpɔtɔ anɔ ŋutifafa me? (b) Le ŋugbedodo si dze le Yohanes 16:33 ƒe nya nu la, nu kae míate ŋu awɔ?

17 Azɔ, nu kae nàte ŋu awɔ be nàkpɔtɔ anɔ ŋutifafa me ne dodokpɔ sesẽwo ɖe kpe na wò gɔ̃ hã? Àte ŋu akpɔtɔ anɔ ŋutifafa me ne èsrɔ̃ Yesu le nu etɔ̃ siawo me. Gbã, do gbe ɖa, eye nànɔ gbedodoɖa dzi ɖaa. Evelia, ɖo to Yehowa eye nàɖe gbeƒã veviedodotɔe, ne esia wɔwɔ sesẽ na wò gɔ̃ hã. Etɔ̃lia, ɖo ŋu ɖe xɔ̃wòwo ŋu be, woakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi ato dodokpɔwo me ado. Ne èwɔ esia la, Mawu ƒe ŋutifafa adzɔ wò dzi kple wò tamesusuwo ŋu. Eye abe Yesu ene la, àɖu dodokpɔ ɖe sia ɖe si ava dziwò la dzi.—Xlẽ Yohanes 16:33.

HADZIDZI 41 Oo Mawu, Se Nye Gbedodoɖa

^ mm. 5 Mí katã míetoa kuxi siwo ate ŋu awɔe be míatɔtɔ le mía ɖokui me la me. Nyati sia dzro nu etɔ̃ siwo Yesu wɔ, siwo míawo hã míate ŋu awɔ be míakpɔtɔ anɔ ŋutifafa me la me. Woate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã.