Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 14

Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea?

Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea?

‘Wɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔ la, wɔ wò subɔsubɔdɔ la bliboe.’—2 TIM. 4:5.

HADZIDZI 57 Míaɖe Gbeƒã Na Ame Ƒomeviwo Katã

NYA VEVIAWO *

Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, eyi ɖakpe kple eƒe nusrɔ̃lawo eye wòde se na wo be, “Miheyi ɖawɔ [amewo] woanye nusrɔ̃lawo.” (Kpɔ memama 1)

1. Nu kae Mawu subɔlawo katã dina be yewoawɔ, eye nu ka tae? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

KRISTO YESU de se na eyomedzelawo be, “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” (Mat. 28:19) Mawu subɔla wɔnuteƒewo katã dina be yewoasrɔ̃ ale si yewoate ŋu ‘awɔ’ subɔsubɔdɔ sia si wode asi na yewo la “bliboe.” (2 Tim. 4:5) Elabe dɔ sia ye nye dɔ si le vevie wu, dɔ si me viɖe le wu, eye wòganye dɔ si hiã kpata wu dɔ bubu ɖe sia ɖe si wowɔna le ɣea te. Ke hã, ate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míazã ɣeyiɣi geɖe ale si nu míedii la ɖe subɔsubɔdɔa ŋu.

2. Kuxi kawoe wɔnɛ be míetea ŋu wɔa míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe o?

2 Dɔwɔna vevi bubuwo tea ŋu xɔa míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe. Ðewohĩ, ahiã be míawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe gbe sia gbe be míakpɔ mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒomea ƒe agbe me nuhiahiã veviwo gbɔ. Ðewohĩ, le ɣeyiɣi ma ke me la, míele ʋiʋlim le ƒomegbanɔamedzi bubuwo, lãmesẽkuxiwo, dzigbãnyawo, alo tsitsimekuxiwo ta. Nu kae míawɔ be míate ŋu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe esime míele akɔ kpem kple nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbi?

3. Ne míebu Yesu ƒe nya si dze le Mateo 13:23 ŋu la, aleke míate ŋu aƒo nya tae?

3 Ne agbemekuxiwo wɔe be míate ŋu awɔ geɖe le subɔsubɔdɔ si Yehowa de asi na mí me o la, mele be dzi naɖe le mía ƒo o. Yesu nyae be mía dometɔ aɖeke mate ŋu atse Fiaɖuƒea ƒe ku wòasɔ kple nɔvia tɔ o. (Xlẽ Mateo 13:23.) Yehowa dea asixɔxɔ gã nu sia nu si míewɔna le subɔsubɔdɔ si wòde asi na mí me ŋu, zi ale si míenya wɔ míaƒe ŋutete katã ko. (Heb. 6:10-12) Gake ɖewohĩ míase le mía ɖokui me be míate ŋu agawɔ geɖe wu le nɔnɔme si me míele me. Le nyati sia me la, míadzro nu si míate ŋu awɔ be míatsɔ subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ, míanɔ agbe tsɛ, eye míana míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiaɖaŋu naganyo ɖe edzi la me. Gake, gbã la, míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia: Nu kae wòfia be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe?

4. Nu kae wòfia be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe?

4 Kpuie ko la, nu si wòfia be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe ye nye be míaƒo mía ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me bliboe ale si míate ŋui. Gake, esia bia nu geɖe wu be míazã gaƒoƒo geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ko. Susu si tae míeɖea gbeƒã ɖo la hã le vevie na Yehowa. Esi míelɔ̃ Yehowa kple mía haviwo ta la, míedzea agbagba wɔa míaƒe ŋutete katã le míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa * me kple luʋɔ blibo. (Marko 12:30, 31; Kol. 3:23) Mawu subɔsubɔ kple luʋɔ blibo fia be míatsɔ mía ɖokuiwo ana faa azã míaƒe ŋusẽ kple ŋutetewo le subɔsubɔdɔ si wòde asi na mí la me ale si míate ŋui. Ne míedea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, esia awɔe be míadze agbagba aɖe gbeƒã nya nyuia na ame geɖe ale si nu míate ŋui.

5-6. Wɔ ale si ame aɖe si ŋu vovo menɔna kura o la ate ŋu atsɔ subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe gbãtɔe la ƒe kpɔɖeŋu.

5 Bu sɔhɛ aɖe si lɔ̃a dzitaaƒoƒo la ŋu kpɔ. Ɣesiaɣi si wòkpɔ asinu ƒo dzitaa la, edzɔa dzi nɛ ŋutɔ. Mlɔeba la, wova xɔe ɖe kɔfinoƒe aɖe be wòanɔ dzitaa ƒom le afi ma kwasiɖanuwuwuwo. Ke hã, fetu si wòxɔna la metea ŋu kpɔa eƒe nuhiahiãwo katã gbɔ nɛ o. Eya ta, ewɔa dɔ le nudzraƒe aɖe tso Dzoɖa va ɖo Fiɖa. Togbɔ be nudzraƒea ye wòzãa eƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ le hã la, haƒoƒoe doa dzidzɔ nɛ wu. Edi vevie be yeagasrɔ̃ haƒoƒo ayi ŋgɔe ahabi ɖe eme eye yeatsɔ haƒoƒo awɔ yeƒe agbemedɔe. Eya ta, edia ɣeyiɣi ƒoa ha, ne ɣeyiɣi sue aɖee gɔ̃ hã.

6 Le mɔ ma ke nu la, ɖewohĩ mètea ŋu zãa gaƒoƒo geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me abe ale si nèdii ene o. Ke hã, dɔ siae doa dzidzɔ na wò wu. Èkua kutri vevie be yeabi ɖe nufiafiaɖaŋu vovovowo ŋu dɔ wɔwɔ me ale be yeakpe ɖe amewo ŋu woaxɔ nya nyuia. Esi wònye be agbanɔamedzi geɖe kpɔ ŋkuwòme ta la, ɖewohĩ èle ale si nàwɔ atsɔ gbeƒãɖeɖedɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu bum.

ALE SI NÀWƆ ATSƆ GBEƑÃÐEÐEDƆA AÐO NƆƑE GBÃTƆ

7-8. Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ ale si Yesu wɔ subɔsubɔdɔae?

7 Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí le ale si wòwɔ subɔsubɔdɔae me. Nu si nɔ vevie nɛ wu le agbe me ye nye nuƒoƒo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na amewo. (Yoh. 4:34, 35) Ezɔ kilometa alafa geɖe ɖaɖe gbeƒã na ame geɖe ale si nu wòate ŋui. Ewɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ɖe gbeƒã na amewo le dutoƒo kple woƒe aƒewo me. Subɔsubɔdɔa ye nye dɔ si nɔ vevie na Yesu wu le agbe me.

8 Míate ŋu asrɔ̃ Kristo ne míedzea agbagba dia mɔnukpɔkpɔwo be míagblɔ nya nyuia na amewo le afi sia afi kple ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me ale si míate ŋui. Míelɔ̃na faa tsɔa nuwo saa vɔe ale be míate ŋu aɖe gbeƒã nya nyuia na amewo. (Marko 6:31-34; 1 Pet. 2:21) Hamea me tɔ aɖewo le subɔsubɔm abe mɔɖela veviwo, gbesiagbe mɔɖelawo, alo kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ene. Nɔvi bubuwo hã srɔ̃ gbe bubu alo ʋu yi afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Ke hã, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo dea gbeadzi edziedzi hewɔa woƒe ŋutete katã lae wɔa gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa gãtɔ. Aleke kee wòɖale o, Yehowa mebia tso mía si be míawɔ nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu o. Edi be mí katã míase vivi na míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea esime míele gbeƒã ɖem “Mawu dzidzɔtɔ la ƒe ŋutikɔkɔe nya nyui” la.—1 Tim. 1:11; 5 Mose 30:11.

9. (a) Aleke Paulo tsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ esime wòva hiã be wòawɔ ŋutilãmedɔ gɔ̃ hã? (b) Nu kae nya si dze le Dɔwɔwɔwo 28:16, 30, 31 la ɖe fia tso nɔnɔme si nɔ Paulo si ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la ŋu?

9 Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le ale si wòtsɔ subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la me. Esime wònɔ Korinto le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia me la, ga boo aɖeke megava nɔ esi o, eya ta, eva hiã be wòazã ɣeyiɣi aɖe atsɔ awɔ avɔgbadɔ na amewo. Ke hã, Paulo mebu avɔgbadɔwɔwɔ be eyae nye yeƒe agbemedɔ vevitɔ o. Ðe wòwɔ dɔ sia be yeatsɔ akpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ, ale be yeate ŋu agblɔ nya nyuia na Korintotɔwo evɔ ‘yemaxɔ naneke’ le wo si o. (2 Kor. 11:7) Togbɔ be eva hiã be Paulo nawɔ ŋutilãmedɔ aɖe sinu hã la, eyi edzi tsɔ subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ, eye wòɖea gbeƒã le Sabat sia Sabat dzi. Esi nuwo va ka ɖe eme nɛ la, ete ŋu va tsɔ eƒe susu katã ɖo gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Paulo va “tsɔ nya la gbɔgblɔ ɖo dɔ koŋ, eye wòɖia ɖase na Yudatɔwo heɖoa kpe edzi be Yesu ye nye Kristo la.” (Dɔw. 18:3-5; 2 Kor. 11:9) Ɣeyiɣi aɖe megbe esime wolée hesikae ɖe aƒe me le Roma ƒe eve sɔŋ la, Paulo ɖi ɖase na ame siwo vaa egbɔ la eye wòŋlɔ lɛta geɖe hã na hameawo. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 28:16, 30, 31.) Paulo ɖoe kplikpaa be yemaɖe mɔ naneke nahe yeƒe susu ɖa le subɔsubɔdɔa dzi o. Eŋlɔ bena: ‘Esi wotsɔ subɔsubɔdɔ sia de asi na mí ta la, míenaa ta o.’ (2 Kor. 4:1) Abe Paulo ene la, ne míaƒe ŋutilãmedɔwo xɔa ɣeyiɣi geɖe le mía si gɔ̃ hã la, míagate ŋu ana Fiaɖuƒedɔa nanye míaƒe agbemedɔ vevitɔ kokoko.

Míate ŋu ato mɔ vovovowo dzi awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe (Kpɔ memama 10-11 lia)

10-11. Nu kae míawɔ be míate ŋu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe ne lãmesẽnyawo na míegatea ŋu wɔa geɖe o?

10 Ne tsitsi alo lãmesẽnyawo wɔe be míegatea ŋu wɔa tso aƒe me yi aƒe me dɔa abe ale si míedii ene o hã la, míate ŋu aƒo mía ɖokui ɖe subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo me. Nya nyui gbeƒãɖela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ɖea gbeƒã na amewo le afi sia afi si woakpɔ amewo le. Wowɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ƒo nu na amewo tso nyateƒea ŋu—le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa, vomeɖaseɖiɖidɔa, kple tso aƒe me yi aƒe me dɔa me—afi ka kee ‘woɖado go’ amewo le o. (Dɔw. 17:17; 20:20) Ne azɔlizɔzɔ megale mía ŋu ale o la, ɖewohĩ míate ŋu anɔ anyi ɖe teƒe aɖe le dutoƒo afi si míate ŋu aɖe gbeƒã na ame siwo tsoa eme va yina le. Alo míate ŋu aɖi vomeɖase, aŋlɔ lɛta ɖo ɖe amewo, alo awɔ telefondziɖaseɖiɖidɔa. Gbeƒãɖela siwo ŋu azɔli megale ale o la dometɔ geɖe le dzidzɔ kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa bubuwo me.

11 Ne lãmesẽnyawo le fu ɖem na wò gɔ̃ hã la, àte ŋu awɔ wò subɔsubɔdɔa bliboe. Gabu apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.” (Flp. 4:13) Paulo hiã ŋusẽ ma vevie esime wòva dze dɔ le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔawo dometɔ ɖeka me. Eɖe eme na Galatiatɔwo be: “Nye lãmegbegblẽ aɖee ʋu mɔ ɖi nam be magblɔ nya nyui la na mi zi gbãtɔ.” (Gal. 4:13) Nenema kee wò lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wò hã be nàgblɔ nya nyuia na amewo, abe ɖɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo kple kɔdzidɔwɔla bubuwo ene. Gbeƒãɖelawo mekena ɖe ame siawo dometɔ geɖe ŋu le woƒe aƒewo me o, elabena wonɔa dɔme.

ALE SI NÀWƆ ANƆ AGBE TSƐ

12. Nu kae wòfia be wò ŋku nanɔ “nu ɖeka ŋu”?

12 Yesu gblɔ be: “Ameti la ƒe akaɖie nye ŋku. Eya ta ne wò ŋku nɔa nu ɖeka ŋu la, ekema wò ameti blibo la katã me akɔ.” (Mat. 6:22) Nu kae wòwɔnɛ? Nu si wòwɔnɛ ye nye be, míanɔ agbe tsɛ alo míaƒe susu nanɔ nu ɖeka alo taɖodzinu ɖeka ŋu, ke míagaɖe mɔ nu bubuwo nakplɔ mí atrae alo ahe míaƒe susu ɖa le dɔ si Yesu de asi na mí la dzi o. Yesu ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋua ɖi na mí esi wòna eƒe susu nɔ subɔsubɔdɔa ŋu bliboe, eye efia eƒe nusrɔ̃lawo be woana Yehowa subɔsubɔ kple Eƒe Fiaɖuƒea nanye nu vevitɔ na wo le agbe me. Míesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua ne míena gbeƒãɖeɖedɔa nye nu vevitɔ na mí le agbe me, si fia be, míanɔ “Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã.”—Mat. 6:33.

13. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

13 Nu ɖeka aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ gbeƒãɖeɖedɔa ŋue nye be míanɔ agbe tsɛ, ale be míate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woanya Yehowa ahalɔ̃e. * Le kpɔɖeŋu me, ɖe míate ŋu aɖe ɣeyiɣi si míetsɔ wɔa ŋutilãmedɔ la dzi akpɔtɔ ale be míate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu atsɔ aɖe gbeƒã le kwasiɖaa mea? Ðe míate ŋu aɖe modzakaɖeɖe siwo xɔa ɣeyiɣi geɖe le mía si la dzi akpɔtɔa?

14. Asitɔtrɔ kawoe atsu kple asi aɖe wɔ ale be yewoate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me ahalé fɔ ɖe eŋu geɖe wu?

14 Kpɔ nu si Nɔviŋutsu Elias, si nye hamemetsitsi la kple srɔ̃a wowɔ ɖa. Egblɔ be: “Ɣemaɣi la, míate ŋu adze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme enumake o, gake nu geɖe nɔ anyi míate ŋu awɔ be míawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Eya ta, míewɔ asitɔtrɔ suesuesuewo ale be míate ŋu adzi ɣeyiɣi si míezãna le gbeƒãɖeɖedɔa me la ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, míeɖe míaƒe gazazãwo dzi kpɔtɔ, míedzudzɔ gomekpɔkpɔ le modzakaɖeɖe aɖewo me, eye míebia tso míaƒe dɔmemegãwo si be woaɖɔli ɣeyiɣi siwo míetsɔ wɔa dɔe la na mí ale be míate ŋu awɔ geɖe wu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Esia wɔe be míete ŋu va ƒo mía ɖokuiwo ɖe fiẽsiɖaseɖiɖidɔa me, míeva nɔ Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wu wɔm, eye míedea gbeadzi le kwasiɖa domedome gɔ̃ hã zi eve le ɣletia me. Míekpɔ dzidzɔ ale gbegbe!”

ALE SI NÀWƆ ANA WÒ GBEƑÃÐEÐE KPLE NUFIAFIAÐAŊU NAGANYO ÐE EDZI

Ne míewɔa nu siwo míesrɔ̃ le kwasiɖa domedome kpekpea me dzi la, esia akpe ɖe mía ŋu be míana míaƒe subɔsubɔdɔa nanɔ nyonyom ɖe edzi (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15-16. Le ɖekawɔwɔ me kple nya si dze le 1 Timoteo 4:13, 15 la, aleke míawɔ be míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiaɖaŋu nanɔ nyonyom ɖe edzi? (Kpɔ aɖaka si nye “ Taɖodzinu Siwo Akpe Ðe Ŋunye Mawɔ Nye Subɔsubɔdɔa Bliboe.”)

15 Nu bubu si akpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe ye nye be míanɔ agbagba dzem be míabi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me. Le ŋutilãmedɔ aɖewo me la, wobiana tso dɔwɔlawo si be woanɔ hehe xɔm enuenu ahasrɔ̃ nu yeyewo ale be sidzedze geɖe wu nasu wo si eye woabi ɖe dɔa me. Aleae wòle le Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hã gome. Ele be míayi edzi anɔ nu siwo akpe ɖe mía ŋu míabi ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa me la srɔ̃m.—Lod. 1:5; xlẽ 1 Timoteo 4:13, 15.

16 Gake aleke míawɔ ana míaƒe subɔsubɔdɔa nanɔ nyonyom ɖe edzi? Eyae nye be, míanɔ to lém ɖe mɔfiame siwo míexɔna kwasiɖa sia kwasiɖa le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe si míedena me la ŋu nyuie. Le kpekpe sia me la, wonaa hehe nyui aɖe mí be wòakpe ɖe mía ŋu be, vivivi la, míabi ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Le kpɔɖeŋu me, ne kpekpea ƒe zimenɔla le aɖaŋu ɖom na ame siwo wɔ sukuvi ƒe dɔdeasiwo le kpekpea me la, míate ŋu ade dzesi aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu dɔ míawɔ be míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nanyo ɖe edzi. Eye anyo be míawɔ aɖaŋuɖoɖo mawo ŋu dɔ ɣesiaɣi si míele nya nyuia gblɔm na ame aɖe. Míate ŋu abia kpekpeɖeŋu tso míaƒe gbeadziƒuƒoƒo dzi kpɔlaa gbɔ alo míawɔ dɔ kple eyama alo gbeƒãɖela bibi aɖe, alo mɔɖela, alo nutome sue dzikpɔla le gbeadzi. Ne míeva bi ɖe nu vovovo siwo le míaƒe Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui me la zazã me la, esia awɔe be míava nɔ vivi sem na míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa geɖe wu.

17. Ne èwɔ wò subɔsubɔdɔa bliboe la, viɖe kawoe nàkpɔ?

17 Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su mía si be Yehowa na míenye eƒe “hadɔwɔlawo”! (1 Kor. 3:9) Ne ‘èkpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii’ eye nètsɔ wò susu ɖo míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu bliboe la, esia awɔe be ‘nàsubɔ Yehowa kple dzidzɔ.’ (Flp. 1:10; Ps. 100:2) Esi wò hã ènye nya nyui gbeƒãɖela ta la, àte ŋu aka ɖe edzi be, nɔnɔme sesẽ alo kuxi ka kee ɖava dziwò o, Mawu ana ŋusẽ si nèhiã la wò be nàwɔ wò subɔsubɔdɔa bliboe. (2 Kor. 4:1, 7; 6:4) Wò nɔnɔmea ɖaɖe mɔ na wò be nàwɔ geɖe loo alo nu vi aɖe koe nètea ŋu wɔna le ale si nɔnɔmea le nu o, ne ɖaseɖiɖidɔ si nèwɔna la tso luʋɔ blibo me la, ekema, ‘àkpɔ susu si ta nàtso aseye’ ɖo. (Gal. 6:4) Ne èwɔ wò subɔsubɔdɔa bliboe la, àto esia me aɖee afia be èlɔ̃ Yehowa kple hawòvi. “Ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa ɖe agbe.”—1 Tim. 4:16.

HADZIDZI 58 Míadi Ŋutifafalɔ̃lawo

^ mm. 5 Yesu de se na mí be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia eye míawɔ amewo nusrɔ̃lawoe. Nyati sia aƒo nu tso nu si míawɔ be míate ŋu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔ la bliboe, nenye be míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã ŋu. Azɔ hã, míasrɔ̃ nu tso nu si míawɔ be míagabi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me nyuie eye míase vivi nɛ wu la ŋu.

^ mm. 4 NYAMEÐEÐE: Míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖewoe nye gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa, teokrasixɔtudɔwo kpakple beléle na xɔawo, kple kpekpeɖeŋunadɔwo ne afɔkuwo dzɔ.—2 Kor. 5:18, 19; 8:4.

^ mm. 13 Kpɔ afɔɖeɖe adre siwo ŋu woƒo nu tsoe le aɖaka si nye “Ale Si Nànɔ Agbe Tsɛ,” si dze le July 2016, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 10 lia.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔvinyɔnu aɖe le tɔtrɔyi ƒe wɔwɔfia wɔm le kwasiɖa domedome kpekpea me. Eyome, esi kpekpea ƒe zimenɔlaa le aɖaŋu ɖom nɛ la, ele nuŋlɔɖi wɔm ɖe eƒe Nufiafia gbalẽ gbadzaa me. Emegbe, ele nu siwo wòsrɔ̃ le kpekpea me la ŋu dɔ wɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me le kwasiɖanuwuwu.