GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2020

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso June 1 va se ɖe July 5, 2020 la, le tata sia me.

Amedzidzedze Aɖe Si Tso Dziehe!

Nusɔsrɔ̃nyati 14: June 1-7, 2020. Susu nyui ene kawo tae wòva dze abe ehiã be míatrɔ asi le ale si míese Yoel ƒe agbalẽa ƒe ta 1 kple 2 lia gɔme la ŋu?

Aleke Nèbua Ame Siwo Le Wò Anyigbamama Me?

Nusɔsrɔ̃nyati 15: June 8-14, 2020. Le nyati sia me la, àkpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ Yesu kple Paulo ƒe kpɔɖeŋua, ne míebu ame siwo míedoa goe la ƒe dzixɔsewo ŋu, ne míebu nu siwo me wotsɔ ɖe le la ŋu, eye míebu wo be wonye ame siwo ate ŋu ava zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo.

Ðo To Nɔviwòwo, Nya Ale Si Nɔnɔmea Le Na Wo, Eye Nàse Veve Ðe Wo Nu

Nusɔsrɔ̃nyati 16: June 15-21, 2020. Yehowa kpe ɖe Yona, Eliya, Hagar, kple Lot ŋu lɔlɔ̃tɔe. Xlẽ nu tso ale si míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le ale si míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui me la ŋu.

“Meyɔa Mi Be Xɔ̃nyewo”

Nusɔsrɔ̃nyati 17: June 22-28, 2020. Kuxi aɖewo li siwo wɔnɛ be menɔa bɔbɔe na mí be míana xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli nava nɔ mía kple Yesu dome eye míakpɔtɔ anye exɔlɔ̃wo ɖaa o. Gake míate ŋu aɖu kuxi mawo dzi.

Nɔ Duɖimekekea Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

Nusɔsrɔ̃nyati 18: June 29–July 5, 2020. Ne míele fu kpem le tsitsimekuxiwo ta alo le dɔléle vɔ̃ɖiwo si me gɔ̃ hã la, nu kae míate ŋu awɔ be mí katã míaɖu dzi le agbedua ƒuƒu me?