Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 16

Ðo To Nɔviwòwo, Nya Ale Si Nɔnɔmea Le Na Wo, Eye Nàse Veve Ðe Wo Nu

Ðo To Nɔviwòwo, Nya Ale Si Nɔnɔmea Le Na Wo, Eye Nàse Veve Ðe Wo Nu

“Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo le ale si wodzena le gotae la nu, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”—YOH. 7:24.

HADZIDZI 101 Mina Míawɔ Dɔ Le Ðekawɔwɔ Me

NYA VEVIAWO *

1. Nyateƒenya fakɔname kae Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu?

ÐE ÀDI be amewo nadrɔ̃ ʋɔnu wò le ŋutigbalẽ ƒe amadede si le ŋuwò, wò mo ƒe nɔnɔme, alo wò ametia ƒe nɔnɔme ta? Anɔ eme godoo be màdi o. Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míi ye nye esi be míanyae be Yehowa medrɔ̃a ʋɔnu mí le nu si amegbetɔ ƒe ŋku kpɔna nu o! Le kpɔɖeŋu me, esime Samuel kpɔ Isai viŋutsuawo la, mekpɔ nu si Yehowa ya kpɔ o. Yehowa gblɔ na Samuel be Isai viŋutsuawo dometɔ ɖeka ava zu fia le Israel. Gake wo dometɔ kae wòanye? Esi Samuel kpɔ Isai viŋutsu tsitsitɔ si ŋkɔe nye Eliab la, egblɔ be, “Vavãe Yehowa ƒe amesiamina lae nye esi le eŋkume.” Eliab ƒe dzedzeme dze ame ŋu, eya ta, Samuel susu be eyae Yehowa atia be wòava zu fia. “Ke Yehowa gblɔ na Samuel be: ‘Mègakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee.’” Nufiame kae le eme na mí? Yehowa gblɔ kpee be: “Nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.”—1 Sam. 16:1, 6, 7.

2. Abe ale si Yohanes 7:24 ɖee fia ene la, nu ka tae mele be míadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe le eƒe gotagomedzedzeme nu o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

2 Esi míenye amegbetɔ madeblibowo ta la, mí katã míedrɔ̃a ʋɔnu amewo le woƒe gotagomedzedzeme nu zi geɖe. (Xlẽ Yohanes 7:24.) Gake ne míekpɔ ame aɖe la, nu ʋɛ aɖewo ko míenyana tso eŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖɔkta bibi kpɔnuteƒe aɖe gɔ̃ hã lé ŋku ɖe dɔnɔ aɖe ŋu la, nu ʋɛ aɖewo ko wòate ŋu anya tso eŋu. Ele be wòalé to ɖe dɔnɔa ŋu nyuie ahanya nu tso lãmesẽkuxi siwo me wòto va yi, ale si wòle sesem le eɖokui me, alo dɔa ƒe dzesi bubuwo ŋu. Ðɔktaa ate ŋu abia be woaɖe foto dɔnɔa ƒe lãme ale be yeate ŋu akpɔ nu si le edzi yim le eƒe lãme. Ne menye nenema o la, ɖɔktaa ate ŋu awɔ vodada le atikewɔwɔ nɛ me. Nenema kee míawo hã mímate ŋu ase mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo gɔme bliboe to ŋkuléle ɖe woƒe gotagomedzedzeme ɖeɖe ko ŋu o. Ele be míadze agbagba akpɔ nu ayi ŋgɔ wu woƒe dzedzeme ko—ele be míanya ame si ƒomevi wonye le ememe. Enye nyateƒe be míate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me o, eya tae míate ŋu ase nu si me tom ame bubuwo le la gɔme abe Yehowa ene gbeɖe o. Gake míate ŋu awɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míasrɔ̃ Yehowa. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

3. Aleke Biblia me ŋutinya siwo le nyati sia me la akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ Yehowae?

3 Aleke Yehowa wɔa nu ɖe esubɔlawo ŋu? Eɖoa to wo. Ebua nu siwo me woto kple nɔnɔme si me wole ŋu. Eye esea veve ɖe wo nu. Esi míele ale si Yehowa ɖe nɔnɔme mawo fia le nuwɔwɔ kple Yona, Eliya, Hagar, kple Lot me me dzrom la, na míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le nuwɔwɔ kple mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo me.

LÉ TO ÐE NƆVIWÒWO ŊU NYUIE

4. Nu ka tae wòate ŋu adzɔ be míabu susu manyomanyo ɖe Yona ŋu?

4 Esi míenya nu sia nu tso Yona ƒe nɔnɔmea ŋu o ta la, ate ŋu adzɔ be míadrɔ̃ ʋɔnui be enye ame si dzi womate ŋu aka ɖo o, alo enye ame mawɔnuteƒe gɔ̃ hã. Yehowa de dɔ asi nɛ tẽe be wòaɖagblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi aɖe na Niniwetɔwo. Gake le esi Yona nawɔ dɔ si Yehowa de asi nɛ teƒe la, eɖo tɔdziʋu aɖe ɖo ta teƒe bubu kura “be yeasi le Yehowa nu.” (Yona 1:1-3) Ne wòe nye Yehowa la, ɖe nàgana mɔnukpɔkpɔ bubu Yona? Ðewohĩ mànae o. Ke hã, Yehowa ya kpɔe be edze be yeana mɔnukpɔkpɔ bubu Yona.—Yona 3:1, 2.

5. Nu kae nèsrɔ̃ tso Yona ŋu le eƒe nya siwo dze le Yona 2:1, 2, 9 la me?

5 Ame si ƒomevi Yona nye la dze ƒãa le gbe si wòdo ɖa la me. (Xlẽ Yona 2:1, 2, 9.) Gbedodoɖa ma, si nye gbe gbogbo siwo Yona anya do ɖa na Yehowa dometɔ ɖeka la, kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be menye ame aɖe si si le dɔ si wode esi la nu koe Yona nye kura o. Eƒe nyawo ɖee fia be enye ɖokuibɔbɔla, akpedala, kple ame si ɖoe kplikpaa be yeaɖo to Yehowa. Eya ta, mewɔ nuku o be Yehowa metsɔ eƒe susu ɖo Yona ƒe vodadaa ŋu o, ke boŋ, eɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu, eye wòyi edzi zãe abe eƒe nyagblɔɖila ene!

Ne míenya nyateƒenyawo la, míate ŋu ase veve ɖe mía nɔviwo nu geɖe wu (Kpɔ memama 6 lia) *

6. Nu ka tae wòɖea vi be míaɖo to nyuie?

6 Ebia ɖokuibɔbɔ kple dzigbɔɖi hafi míate ŋu aɖo to ame bubuwo nyuie. Esia ɖea vi le susu etɔ̃ ya teti ta. Gbãtɔe nye be, akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na susu manyomanyowo bubu ɖe amewo ŋu. Eveliae nye be, ana míate ŋu ade dzesi ale si mía nɔvia le sesem le eɖokui me kple nu siwo ʋãe wòɖe afɔ aɖe la gɔme, eye esia akpe ɖe mía ŋu be míase veve ɖe enu geɖe wu. Eye etɔ̃liae nye be, ne míegbɔ dzi ɖi na mía nɔviwo wogblɔ woƒe susuwo la, ate ŋu awɔe be woawo ŋutɔwo nakpɔ nu si nye woƒe kuxia la adze sii. Ɣeaɖewoɣi la, míawo ŋutɔwo míesea míaƒe seselelãme aɖewo gɔme bliboe o va se ɖe esime míeɖe seselelãme mawo gblɔ na ame aɖe ko hafi. (Lod. 20:5) Hamemetsitsi aɖe si le Asia la gblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be, gbe ɖeka, meɖo aɖaŋu na nɔvinyɔnu aɖe hafi va se ale si tututu nɔnɔmeawo le nɛ. Megblɔ na nɔvinyɔnua be ehiã be wòana eƒe nyaŋuɖoɖowo le kpekpea nanyo ɖe edzi. Emegbe la, meva see be nu menya xlẽna nɛ o eye ekua kutri vevie ŋutɔ hafi tea ŋu ɖoa nya ŋu.” Aleke gbegbe wòle vevie ye nye esi be hamemetsitsi ɖe sia ɖe nadze agbagba ‘ase nyateƒenyawo’ hafi aƒo nu!—Lod. 18:13.

7. Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Yehowa wɔ nu ɖe Eliya ŋui la me?

7 Esesẽna na mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu aɖewo be woaɖe woƒe seselelãmewo agblɔ le nu siwo me woto va yi, woƒe dekɔnu, alo woƒe amenyenye ta. Nu kawoe míate ŋu awɔ be wòanɔ bɔbɔe na wo be woagblɔ ale si tututu wole sesem le wo ɖokuiwo me la na mí? Ðo ŋku ale si Yehowa wɔ nu ɖe Eliya ŋu esime wònɔ sisim le Izebel nu la dzi. Exɔ ŋkeke geɖe hafi Eliya te ŋu ɖe ale si tututu wònɔ sesem le eɖokui me la gblɔ na Fofoa si le dziƒo la. Yehowa gbɔ dzi ɖi na Eliya heɖo toe nyuie. Eyome, ede dzi ƒo na Eliya eye wòde dɔ vevi aɖe asi nɛ. (1 Fia. 19:1-18) Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo naɖe dzi ɖi agblɔ ale si wole sesem le wo ɖokuiwo me la na mí faa, gake ne wowɔ esia ko hafi míate ŋu anya ale si tututu wole sesem le wo ɖokuiwo me. Ne míesrɔ̃a Yehowa ƒe kpɔɖeŋua hegbɔa dzi ɖi na mía nɔviwo la, esia ate ŋu ana woava ka ɖe mía dzi. Eye ne wova tso nya me be yewoagblɔ ale si wole sesem le wo ɖokui me na mí la, ele be míaɖo to wo nyuie dzigbɔɖitɔe.

DZE AGBAGBA NÀNYA NƆVIWÒŊUTSUWO KPLE NƆVIWÒNYƆNUWO NYUIE

8. Le 1 Mose 16:7-13 ƒe nya nu la, aleke Yehowa kpe ɖe Hagar ŋui?

8 Esi wotsɔ Hagar, si nye Sarai ƒe kosi la, na Abram wòzu srɔ̃a megbe la, eva wɔ bometsinu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu ko la, megabua Sarai si tsi ko la ɖe ɖeke me o. Hagar ƒe nɔnɔmea va do fievo ɖe edzi eye Sarai bɔbɔ Hagar ɖe anyi ale gbegbe be esi le egbɔ. (1 Mose 16:4-6) Le mí amegbetɔ madeblibowo ƒe susu nu la, nyɔnu dadala vɔ̃ɖi si wòdze be woabɔbɔ ɖe anyi ye Hagar nye. Gake Yehowa ya mebu Hagar nenema o. Edɔ eƒe dɔla ɖo ɖee. Esi mawudɔlaa va Hagar gbɔ la, eɖo aɖaŋu nɛ be wòatrɔ eƒe nɔnɔme eye wòyrae. Hagar kpɔe dze sii be Yehowa nɔ ŋku lém ɖe ye ŋu eye wònya nu siwo katã me tom yele la nyuie. Esia ʋãe wògblɔ tso Yehowa ŋu be: “Mawu si kpɔa nue nènye, . . . ame si le kpɔyem.”—Xlẽ 1 Mose 16:7-13.

9. Nu ka tae Mawu wɔ nu ɖe Hagar ŋu nenema?

9 Nu kae Yehowa de dzesi le Hagar ŋu? Enya nu siwo me wòto le agbe me kple fu siwo katã wòkpe la nyuie. (Lod. 15:3) Hagar nye Egiptetɔ eye enɔ Hebritɔwo ƒe ƒome me. Ðe wòsena le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be wobua ye ame tutɔe le ƒomea mea? Ðe wòsusua eƒe ƒometɔwo ɣeaɖewoɣia, eye ɖe wo de dzronaea? Menye eya ɖekae nye Abram srɔ̃ o. Ɣeaɖeɣi le blema la, Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖewo ɖe srɔ̃ wu ɖeka. Gake menye nenemae Yehowa ɖoe le gɔmedzedzea me o. (Mat. 19:4-6) Eya ta, mewɔ nuku be kuxi sesẽwo, abe ŋuʋaʋã kple fuléle ene, nɔa ƒome mawo tɔgbi me o. Togbɔ be Yehowa meŋe aɖaba ƒu ale si Hagar wɔ nu ɖe Sarai ŋu amemabumabutɔe la dzi o hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be ebu nu si me Hagar to le agbe me kple nɔnɔme si me tom wònɔ la ŋu.

Dze agbagba nànya nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnuwo nyuie (Kpɔ memama 10-12 lia) *

10. Aleke míawɔ be míanya mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo nyuie?

10 Míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua ne míedzea agbagba be míase ale si nuwo le na mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo la gɔme. Dze agbagba nànya nɔviwòŋutsuwo kple nɔviwònyɔnuwo nyuie. Ðo dze kpli wo do ŋgɔ na kpekpeawo kple le kpakpã vɔ megbe, wɔ dɔ kpli wo le gbeadzi, eye ne anya wɔ la, kpe wo woava ɖu nu kpli wò. Ne èwɔe alea la, ɖewohĩ, àva kpɔe be nɔvinyɔnu aɖe si dze abe medoa vivi ɖe ame ŋu o la, sigbeɖe ŋue kpenɛ, alo nɔviŋutsu aɖe si si ga geɖe le la menye ame si tia ŋutilãmenuwo yome o, ke boŋ, enyoa dɔme ŋutɔ, alo àva kpɔe be ƒome aɖe si tsia megbe vaa kpekpeawo zi geɖe la le yometiti me tom. (Hiob 6:29) Enye nyateƒe be, mele be míanɔ “nu dem [ame bubuwo] ƒe nyawo me” o. (1 Tim. 5:13) Ke hã, enyo be míanya nanewo tso ale si nɔnɔmeawo le na mía nɔviŋutsuwo kpakple mía nɔvinyɔnuwo kple nu siwo me woto le agbe me siwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la ŋu. Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaganya wo nyuie wu.

11. Nu ka tae wòle vevie be hamemetsitsiwo nanya alẽawo nyuie?

11 Ele na hamemetsitsiwo koŋ be woanya nu tso nu siwo me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te la to le agbe me la ŋu. Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Artur, si nɔ subɔsubɔm abe nutome sue dzikpɔla ene la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eya kple hamemetsitsi aɖe woyi ɖasrã nɔvinyɔnu aɖe si dze abe eɖea eɖokui ɖe aga ene la kpɔ. Artur gblɔ be: “Míeva nyae be eɖe srɔ̃ ƒe ʋɛ aɖewo megbe ko srɔ̃a ku. Togbɔ be edo go kuxi geɖewo hã la, ehe wo vinyɔnu eveawo wova lɔ̃ Yehowa vevie. Gake, fifia, eƒe ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o, eye ele blanuiléledɔ hã lém. Togbɔ be alea ye nɔnɔmea le nɛ hã la, egakpɔtɔ lɔ̃ Yehowa vevie eye eƒe xɔse hã sẽ. Míeva kpɔe dze sii be nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso nɔvinyɔnu sia ƒe kpɔɖeŋu nyuia me.” (Flp. 2:3) Nutome sue dzikpɔla sia nɔ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m. Yehowa nya eƒe alẽawo kple fu siwo kpem wole. (2 Mose 3:7) Hamemetsitsi siwo nya alẽawo nyuie la asu te nyuie be woakpe ɖe wo ŋu.

12. Esi Yip Yee dze agbagba nya nɔvinyɔnu aɖe le hamea me la, aleke wòɖe vi nɛ?

12 Ne èdze agbagba nya nu tso nu siwo me hati Kristotɔ aɖe si ƒe nuwɔna medzɔa dzi na wò o la to le agbe me ŋu la, esia ate ŋu awɔe be àse nu gɔme nɛ. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Nɔvinyɔnu si ŋkɔe nye Yip Yee, si le Asia la gblɔ be: “Nɔvinyɔnu aɖe si le míaƒe hamea me la ƒe gbe dea dzi bobobo ne ele nu ƒom. Mekpɔe be mebua ame ŋu o. Gake esi nye kplii míewɔ dɔ le gbeadzi ɖekae la, meva nyae be eya kple edzilawo wodzraa akpa le asi me tsã. Ele nɛ be wòado ɣli sesĩe ado boblo akpaa be amewo nava ƒlee.” Yip Yee gblɔ kpee be: “Meva kpɔe be, hafi mate ŋu ase nu gɔme na nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo la, ehiã be manya nu tso nu siwo me woto le agbe me ŋu.” Abia be nàdze agbagba geɖe hafi nànya nɔviwò Kristotɔwo nyuie. Ke hã, ne èwɔna ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be nàʋu wò dzi me gbadzaa dzi la, ekema, èle Yehowa, ame si lɔ̃ “ame ƒomeviwo katã” la srɔ̃m.—1 Tim. 2:3, 4; 2 Kor. 6:11-13.

SE VEVE ÐE WO NU

13. Le 1 Mose 19:15, 16 ƒe nya nu la, nu kae mawudɔlawo wɔ esime Lot nɔ megbelele hem, eye nu ka tae?

13 Ɣeaɖeɣi esime wòhiã be Lot nawɔ nu kpata la, mewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafiawo dzi kaba o, ke boŋ, enɔ nu wɔm blewublewu. Mawudɔla eve yi Lot gbɔ hegblɔ nɛ be wòakplɔ eƒe ƒomea adzo le Sodom. Nu ka tae? Wogblɔ nɛ be: “Míele teƒe sia tsrɔ̃ ge.” (1 Mose 19:12, 13) Le ŋufɔke la, Lot kple eƒe ƒomea gakpɔtɔ nɔ aƒe me. Eya ta, mawudɔlawo gaxlɔ̃ nu Lot ake. Gake ekpɔtɔ nɔ “hehem ɖe megbe.” Anɔ bɔbɔe be míadrɔ̃ ʋɔnu Lot be metsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nuxlɔ̃amea me o, alo be enye tosẽla gɔ̃ hã. Ke hã, Yehowa ya meɖe asi le Lot ŋu o. Esi “Yehowa ve enu” ta la, mawudɔlaawo lé eya kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu hekplɔ wo yi dua godo.—Xlẽ 1 Mose 19:15, 16.

14. Anye nu ka tae Yehowa se veve ɖe Lot nu ɖo?

14 Anɔ eme be susu vovovo aɖewo tae Yehowa se veve ɖe Lot nu ɖo. Anye be Lot nɔ hehem ɖe megbe le esi wònɔ vɔvɔ̃m na ame siwo nɔ dua godo ta. Afɔku bubuwo hã li. Lot anya nyae be fia eve aɖewo ge dze aŋɔʋewo me le bali aɖe si gogo Sodom la me. (1 Mose 14:8-12) Esi Lot nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo ta la, anya tsi dzi ɖe eƒe ƒomea ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, kesinɔtɔe Lot nye, eya ta, aƒe nyui aɖe anya nɔ esi le Sodom dua me. (1 Mose 13:5, 6) Ele eme be, masɔ be Lot natsɔ nu mawo ado taflatsɛ be woawo tae yemewɔ ɖe Yehowa ƒe sededea dzi enumake o ya o. Ke hã, Yehowa metsɔ susu ɖo Lot ƒe vodadaa ŋu o, ke boŋ, ebui be enye “ame dzɔdzɔe.”—2 Pet. 2:7, 8.

Ne míeɖoa to mía nɔviwo nyuie la, míate ŋu ava se woƒe nɔnɔmeawo gɔme nyuie eye míase veve ɖe wo nu (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15. Le esi míadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe ɖe eƒe nuwɔnawo ta teƒe la, nu kae wòle be míawɔ?

15 Le esi nàdrɔ̃ ʋɔnu nɔvi aɖe ɖe eƒe nuwɔnawo ta teƒe la, wɔ wò ŋutete katã be nànya ale si wòle sesem le eɖokui me boŋ. Esia ye nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Veronica, si le Europa, la dze agbagba wɔ. Egblɔ be: “Edzena le nɔvinyɔnu aɖe ŋu ɣesiaɣi be elé blanui. Eyia edzi ɖea eɖokui ɖe aga. Ɣeaɖewoɣi la, mevɔ̃na be mate ɖe eŋu. Gake, megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ne nyee le nɔnɔme si me wòle me la, madi be xɔlɔ̃ aɖe nanɔ asinye.’ Eya ta, metso nya me be mabiae ale si wòle sesem le eɖokui me. Eye eva te nuƒoƒo tso eƒe seselelãmewo ŋu nam! Fifia, meva nya nu geɖe tso nu siwo me wòto le agbe me la ŋu.”

16. Nu ka tae wòle be nàdo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàte ŋu ase veve ɖe ame nu?

16 Ame ɖeka kolia si tea ŋu sea míaƒe nɔnɔmeawo gɔme bliboe ye nye Yehowa. (Lod. 15:11) Eya ta, biae be wòakpe ɖe ŋuwò wò hã nàkpɔ nu si wòkpɔna le ame bubuwo me eye be nànya ale si nàse veve ɖe wo nui. Gbedodoɖa kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Anzhela la ŋu wòva sea veve ɖe ame nu geɖe wu. Nɔvinyɔnu aɖe si le woƒe hamea me la ƒe nɔnɔme na wòsesẽ na Anzhela be wòanɔ anyi le ŋutifafa me kplii. Anzhela gblɔ be: “Anɔ bɔbɔe nam be mabu fɔ nɔvinyɔnua eye maɖe kɔ ɖa le eŋu hafi. Gake, medo gbe ɖa bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mase eƒe nɔnɔmea gɔme.” Ðe Yehowa ɖo Anzhela ƒe gbedodoɖaa ŋua? Anzhela yi edzi gblɔ be: “Nye kplii míeyi gbeadzi ɖekae eye emegbe míeɖo dze gaƒoƒo geɖe. Melé to ɖe eƒe nyawo ŋu veveseɖeamenutɔe. Fifia, megava lɔ̃e wu tsã, eye meɖoe kplikpaa be makpe ɖe eŋu.”

17. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

17 Màte ŋu agblɔ be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo ya dze be yease veve ɖe wo nu gake bubuwo ya medze o. Nɔviawo katã doa go kuxiwo abe ale si wònɔ le Yona, Eliya, Hagar, kple Lot gome ene. Le wo dometɔ aɖewo gome la, woawo ŋutɔwoe he kuxiawo va wo ɖokuiwo dzi. Le nyateƒe me la, míawo hã míehe kuxiwo va mía ɖokui dzi kpɔ. Eya ta, esɔ be Yehowa bia tso mía si be míase veve ɖe mía nɔewo nu. (1 Pet. 3:8) Ne míewɔ ɖe se si Yehowa de na mí dzi la, míekpea asi ɖe eŋu be ɖekawɔwɔ si le míaƒe xexea me katã ƒe ƒome ɖedzesi si me tɔwo to vovo na wo nɔewo la me gasẽna ɖe edzi. Eya ta, ne míele nu wɔm kple mía nɔewo la, mina míaɖoe kplikpaa be míaɖo to mía nɔviwo, míanya ale si nɔnɔmea le na wo, eye míase veve ɖe wo nu.

HADZIDZI 87 Miva, Ne Miakpɔ Gbɔdzɔe

^ mm. 5 Esi míenye ame madeblibowo ta la, edzɔna zi geɖe be míeƒoa nya ta kaba le ame si ƒomevi ame aɖe nye kple susu siwo tae wòwɔ nane ɖo la ŋu madzemadzee. Gake Yehowa ya “kpɔa keke dzi me ke.” (1 Sam. 16:7) Míadzro ale si Yehowa wɔ nu ɖe Yona, Eliya, Hagar, kple Lot ŋu lɔlɔ̃tɔe la me le nyati sia me. Akpe ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ Yehowa le ale si míewɔa nu ɖe mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo ŋui la me.

^ mm. 52 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Ete ɖe nɔviŋutsu tsitsi aɖe dzi be nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe tsi megbe va kpekpe, gake emegbe eva nyae be esi ʋu aɖe va lɔ eƒe ʋua le mɔ dzi tae wòtsi megbe ɖo.

^ mm. 54 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Gbã la, ƒuƒoƒodzikpɔlaa susu be nɔvinyɔnu aɖe ya medoa vivi ɖe ame ŋu o eye eɖea eɖokui ɖe aga, gake eva nyae emegbe be ŋue kpenɛ eye ne ele ame siwo menya nyuie o dome la, mevona le eɖokui me o.

^ mm. 56 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Esi nɔvinyɔnu aɖe do go nɔvinyɔnu bubu aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me zi gbãtɔ la, esusu be mekɔa mo ɖe ame o, gake esi wòdi ɣeyiɣi bɔ ha kplii heva nyae nyuie la, eva kpɔe be menye nenemae wòle hafi o.