Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 15

Aleke Nèbua Ame Siwo Le Wò Anyigbamama Me?

Aleke Nèbua Ame Siwo Le Wò Anyigbamama Me?

“Mifɔ mo dzi ne miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu na ŋeŋe.”—YOH. 4:35.

HADZIDZI 64 Kpɔ Gome Le Nuŋeŋedɔa Me Dzidzɔtɔe

NYA VEVIAWO *

1-2. Anye susu ka tae Yesu gblɔ nya siwo dze le Yohanes 4:35, 36 ɖo?

YESU nɔ mɔ zɔm to agblewo me, eye anɔ eme be ƒogble si me ƒo fẽwo le tsitsim le la mee wònɔ mɔ zɔm toe. (Yoh. 4:3-6) Ɣleti ene aɖewo megbe la, ƒo siawo atsi hena ŋeŋe. Eya ta anya wɔ mo yaa na Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ mɔa zɔm kplii la esi wògblɔ na wo be: “Mifɔ mo dzi ne miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu na ŋeŋe.” (Xlẽ Yohanes 4:35, 36.) Nu kae wòwɔnɛ?

2 Anɔ eme be, kpekpe ɖe amewo ŋu be woava wɔ ɖeka kpli yewo le Mawu subɔsubɔ me ye wòwɔnɛ. Bu nu si dzɔ ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ ŋu kpɔ. Togbɔ be Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o hã la, Yesu ɖe gbeƒã na Samaria nyɔnu aɖe, eye nyɔnua ɖo toe! Le nyateƒe me la, esime Yesu nɔ gbɔgblɔm be agbleawo ‘ƒu na ŋeŋe’ la, Samariatɔ gbogbo aɖewo siwo se nu tso Yesu ŋu tso nyɔnua gbɔ la nɔ mɔ dzi gbɔna be yewoagase nya geɖe tso Yesu gbɔ. (Yoh. 4:9, 39-42) Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe gblɔ tso nudzɔdzɔ sia ŋu be: “Didi vevi si nɔ ameawo me la . . . ɖee fia be ɖeko wole abe ƒo siwo tsi na ŋeŋe ene.”

Ne míebua míaƒe anyigbamamaa me tɔwo abe ‘agble siwo ƒu na ŋeŋe’ ene la, nu kae wòle be míawɔ? (Kpɔ memama 3 lia)

3. Ne èbua amewo abe ale si Yesu wɔe ene la, aleke esia ate ŋu ana wò gbeƒãɖeɖedɔa nanyo ɖe edzi?

3 Ke aleke nèbua ame siwo nèɖea gbeƒã nya nyuia na lae? Ðe nèbua wo be wole abe ƒo siwo ƒu na ŋeŋe enea? Ne aleae nèbua woe la, ekema, nu etɔ̃ siawo anye nyateƒe le gowòme. Gbã, àtsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu geɖe wu le esi wòhiã kpata ta. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe nuŋeŋe xɔna, eya ta mele be nuŋelawo nagblẽ ɣeyiɣi kura o. Evelia, àkpɔ dzidzɔ ne amewo ɖo to nya nyuia. Biblia gblɔ be: ‘Amewo kpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi.’ (Yes. 9:3) Eye etɔ̃lia, àbu ame sia ame si nàdo goe la be enye ame si ate ŋu ava zu Yesu ƒe nusrɔ̃la, eya ta àtrɔ asi le wò nyawo ŋu woasɔ ɖe nu siwo me wòtsɔ ɖe le la nu.

4. Nu kawoe míasrɔ̃ tso apostolo Paulo gbɔ le nyati sia me?

4 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo anya bui be Samariatɔwo mate ŋu ava zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gbeɖe o, gake Yesu ya mebu Samariatɔwo nenema o. Ke boŋ, ebu wo be woate ŋu ava nye yeƒe nusrɔ̃lawo. Ehiã be míawo hã míabu ame siwo le míaƒe anyigbamama me la be woate ŋu ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi na mí si míate ŋu asrɔ̃. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ? Le nyati sia me la, míasrɔ̃ nu tso (1) ale si wòwɔ nya nu tso ame siwo wòɖe gbeƒã na la ƒe dzixɔsewo ŋu, (2) ale si wòwɔ de dzesi nu siwo me wotsɔ ɖe le, kple (3) ale si wòbu wo be woate ŋu ava nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, la ŋu.

NU KAWO DZIE WOXƆ SE?

5. Nu ka tae wòanɔ bɔbɔe na Paulo be wòase ame siwo wòdoa goe le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo la ƒe nuŋububu kple dzixɔsewo gɔme?

5 Paulo ɖea gbeƒã edziedzi le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo. Le kpɔɖeŋu me, le Tesalonika la, eyi ƒuƒoƒea eye “wòdzro Ŋɔŋlɔawo me [kple Yudatɔwo] sabat etɔ̃ sɔŋ.” (Dɔw. 17:1, 2) Anɔ eme be enɔ bɔbɔe na Paulo be wòaɖe gbeƒã le ƒuƒoƒea. Yuda vidzidzie eya ŋutɔ nye. (Dɔw. 26:4, 5) Paulo se Yudatɔwo ƒe nuŋububu kple dzixɔsewo gɔme, eya ta etea ŋu ƒoa nu na wo kple kakaɖedzi.—Flp. 3:4, 5.

6. Aleke ame siwo Paulo ɖe gbeƒã na le asi me le Atene la to vovo na ame siwo wòɖe gbeƒã na le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo?

6 Esi tsitretsiɖeŋulawo ɖe Paulo ɖe nu wòsi dzo le Tesalonika kple Beroia megbe la, eyi ɖe Atene. Le afi sia hã la, “edzroa nu me kple Yudatɔwo kpakple ame siwo vɔ̃a Mawu [la] le ƒuƒoƒe la.” (Dɔw. 17:17) Gake ame siwo Paulo ɖe gbeƒã na le asi me le Atene la ƒe nuŋububu kple dzixɔsewo to vovo kura. Wo dometɔ aɖewo nye xexemenunyalawo kple Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo siwo bu Paulo ƒe gbedeasia be enye “nufiafia yeye” aɖe. Wogblɔ nɛ be: “Èle nu siwo míaƒe towo mese kpɔ o la gblɔm.”—Dɔw. 17:18-20.

7. Le Dɔwɔwɔwo 17:22, 23 ƒe nya nu la, aleke Paulo trɔ asi le eƒe dzeɖonya ŋui?

7 Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:22, 23. Paulo medze nya nyuia gbɔgblɔ na Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo nɔ Atene la gɔme abe ale si wòwɔe esime wòɖe gbeƒã na Yudatɔwo le ƒuƒoƒe la ene o. Paulo anya bia eɖokui be, ‘Nu ka dzie Atenetɔ siawo xɔ se?’ Elé ŋku ɖe nuwo ŋu le dua me nyuie eye ede dzesi nu siwo dua me tɔwo wɔna le woƒe mawusubɔsubɔ me. Eyome, Paulo de ŋugble le nu siwo dzi Atenetɔwo xɔ se le woƒe mawusubɔsubɔ me siwo wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea la ŋu. Biblia ŋuti numeɖela aɖe gblɔ be: “Esi [Paulo] nye Yudatɔ si va zu Kristotɔ ta la, enyae be Helatɔ trɔ̃subɔlawo mesubɔa Yudatɔwo kple Kristotɔwo ƒe Mawu ‘vavã’ la o, gake edze agbagba be yeaɖee afia Atenetɔwo be le nyateƒe me la, Mawu si ŋu nya gblɔm yele na wo la menye Mawu si womenya hafi o.” Eya ta, Paulo trɔ asi le eƒe dzeɖonyaa ŋu. Egblɔ na Atenetɔwo be “Mawu Si Womenya O,” si wole agbagba dzem be yewoasubɔ la ƒe gbedeasie yele gbeƒã ɖemee. Togbɔ be Trɔ̃subɔdukɔmetɔ mawo menya Ŋɔŋlɔawo o hã la, Paulo mesusu be womate ŋu ava zu Kristotɔwo gbeɖe o. Ke boŋ, ebu wo be wole abe ƒo si ƒu na ŋeŋe ene, eye wòtrɔ asi le ale si wòagblɔ nya nyuia na woe la ŋu.

Srɔ̃ apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua, lé ŋku ɖe nu ŋu, trɔ asi le wò dzeɖonyaa ŋu, eye bu ameawo be wonye ame siwo ate ŋu ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo (Kpɔ memama 8, 12, 18 lia) *

8. (a) Aleke nàwɔ anya nu tso nu siwo dzi ame siwo le wò anyigbamamaa me la xɔ se ŋu? (b) Ne ame aɖe gblɔ na wò be yele subɔsubɔha aɖe me xoxo la, nu kae nàwɔ?

8 Abe Paulo ene la, lé ŋku ɖe nu ŋu. Lé ŋku ɖe nu ŋu be nàde dzesi nu siwo dzi wò anyigbamamaa me tɔwo xɔ se. Le kpɔɖeŋu me, aleke aƒemenɔlaa ɖo atsyɔ na eƒe aƒe me alo eƒe ʋui? Ðe eƒe ŋkɔ, eƒe awudodo, eƒe dzadzraɖo, alo nyagbe siwo wòzãna la ɖe nane fia wò tso eƒe mawusubɔsubɔ ŋua? Ðewohĩ, egblɔ na wò tẽe be yele subɔsubɔha aɖe me xoxo. Ne ame aɖe gblɔ nya sia na mɔɖela vevi aɖe si ŋkɔe nye Flutura la, eɖoa eŋu be, “Menye ɖe meva be mazi nye dzixɔsewo ɖe dziwò o, ke boŋ, ɖe medi be míaɖo dze tso . . . ”

9. Nu kawo ŋue wò kple ame aɖe si tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me la ƒe susu ate ŋu awɔ ɖeka le?

9 Nya kawo me nàte ŋu adzro kple ame aɖe si tsɔa ɖe le mawusubɔsubɔ me? Dze agbagba nàde dzesi nane si ŋu wò kplii ƒe susu wɔ ɖeka le. Ate ŋu anye be esubɔna Mawu ɖeka, anɔ eme be exɔe se be Yesue nye amegbetɔƒomea Ðela, alo anɔ eme be exɔe se be míele ɣeyiɣi aɖe si me vɔ̃ɖinyenye bɔ, si nu ayi kpuie la me. Ne ède dzesi eƒe dzixɔse siwo wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo la, ekema trɔ asi le Biblia me gbedeasia ŋu le mɔ si ana nyaa sese nadzroe la nu.

10. Nu kae wòle be míadze agbagba be míawɔ, eye nu ka tae?

10 Nenɔ susu me na wò be ate ŋu anɔ eme be menye subɔsubɔha si me amewo le la ƒe nufiafiawo katã dzie woxɔ se o. Eya ta, ne èva nya nu tso subɔsubɔha si me ame aɖe le ŋu gɔ̃ hã la, dze agbagba nànya nu siwo dzi eya ŋutɔ xɔ se. David si nye mɔɖela vevi le Australia la gblɔ be: “Fifia, eva bɔ be ame aɖewo va le xexemenunya bum woƒe dzixɔsewoe.” Donalta, si le Albania la, gblɔ be, “Ame siwo míedoa goe la gblɔna be yewole subɔsubɔha aɖe me, gake emegbe la, wova ʋua eme be menye ɖe yewoxɔ Mawu dzi se hafi o.” Eye nɔviŋutsu aɖe si nye dutanyanyuigblɔla le Argentina la de dzesii be ame aɖewo gblɔna be yewoxɔ Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa dzi se, ke hã, womexɔe se ŋutɔŋutɔ be Fofo la, Vi la, kple gbɔgbɔ kɔkɔe la nye Mawu ɖeka o. Egblɔ be: “Esia nyanya nana wònɔa bɔbɔe nam be makpɔ nu si ŋu nye kple amea ƒe susu wɔ ɖeka le.” Eya ta, dze agbagba nànya nu si tututu dzi amewo xɔ se. Ekema, abe Paulo ene la, “[àzu] nuwo katã na ame ƒomeviwo katã.”—1 Kor. 9:19-23.

NU KAWO ME WOTSƆ ÐE LE?

11. Abe ale si wòdze le Dɔwɔwɔwo 14:14-17 ene la, aleke Paulo gblɔ gbedeasia le mɔ aɖe nu be esese dzro ame siwo nɔ Listra?

11 Xlẽ Dɔwɔwɔwo 14:14-17. Paulo de dzesi nu siwo me eƒe nyaselawo tsɔ ɖe le eye wòtrɔ asi le eƒe dzeɖonyaa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ameha si wòƒo nu na le Listra la menya nu boo alo naneke kura tso Ŋɔŋlɔawo ŋu o. Eya ta Paulo gblɔ nya siwo gɔme woate ŋu ase bɔbɔe la na wo. Eƒo nu tso ale si Mawu nana tsidzadza wo eye wònana nukuwo wɔna na wo le wo wɔɣi kpakple ŋutete si wòna wo be woase vivi na agbea la ŋu. Ezã nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋu siwo gɔme eƒe nyaselawo ate ŋu ase bɔbɔe.

12. Aleke nàte ŋu ade dzesi nu siwo me ame aɖe tsɔ ɖe le eye nàtrɔ asi le wò dzeɖonyaa ŋu?

12 Wɔ nugɔmesese ŋu dɔ be nàde dzesi nu siwo me ame siwo le wò anyigbamamaa me la tsɔ ɖe le eye nàtrɔ asi le wò dzeɖonyaa ŋu. Aleke nàwɔ anya nu siwo me ame aɖe tsɔ ɖe le esime nèle tetem ɖe eyama alo eƒe aƒe ŋu? Le go sia hã me la, nu si wòle be nàwɔe nye be nàlé ŋku ɖe nu ŋu. Ðewohĩ, amea le dɔ wɔm le abɔ me, ele agbalẽ xlẽm, ele ʋu aɖe dzram ɖo, alo ele dɔ bubu aɖe wɔm. Ðewohĩ, àte ŋu agblɔ nya aɖe tso nu si wɔm wòle ŋu atsɔ adze dzeɖoɖoa gɔme. (Yoh. 4:7) Ame ƒe awudodo ɖeɖe gɔ̃ hã ate ŋu aɖe nu geɖe afia tso eya amea ŋu—ate ŋu aku ɖe dukɔ si me tɔ wònye, dɔ si wòwɔna, alo kamedefefewɔha si wòlɔ̃na vevie la ŋu. Gustavo gblɔ be: “Medze dzeɖoɖo gɔme kple ɖekakpui aɖe si xɔ ƒe 19, si ƒe awu dzi wota hadzila xɔŋkɔ aɖe ɖo. Mebiae nya tso awua ŋu, eye wògblɔ nu si tae wòlɔ̃ hadzila ma ɖo la nam. Dzeɖoɖo ma wɔe be medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii, eye fifia, ezu mía nɔviŋutsu.”

13. Aleke nàte ŋu ana Biblia sɔsrɔ̃ nadzro amewo?

13 Ne èdo Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe ame aɖe gbɔ la, wɔe le mɔ si ana wòadzro amea la nu; na wòakpɔ ale si nusɔsrɔ̃a ate ŋu aɖe vi nɛ. (Yoh. 4:13-15) Le kpɔɖeŋu me, esi nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Poppy la gblɔ gbedeasia na nyɔnu aɖe si tsɔ ɖe le eme la, nyɔnua gblɔ nɛ be wòage ɖe eme. Esi Poppy kpɔ ɖaseɖigbalẽ aɖe le gli ŋu si ɖee fia be nufialagãe nyɔnua nye la, ete gbe ɖe edzi be míawo hã míetoa Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe kple míaƒe hamea ƒe kpekpewo dzi fiaa nu amewo. Nyɔnua lɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye, ede kpekpea le ŋkeke si kplɔe do dzi, eye wòde nutome sue takpekpe si wowɔ ɣeyiɣi kpui aɖe le esia megbe la hã. Ƒe ɖeka megbe la, exɔ nyɔnyrɔ. Bia ɖokuiwò be: ‘Nu kawo me ame siwo nye nye tɔtrɔyiwo la tsɔ ɖe le? Ðe mate ŋu aƒo nu tso míaƒe Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu na wo le mɔ si ana wòadzro wo la nua?’

14. Aleke nàte ŋu atrɔ asi le Biblia nusɔsrɔ̃a ŋu be wòaɖe vi na nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe?

14 Ne èdze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe la, dzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe si nàwɔ kplii la ŋu esime ƒome si me nusrɔ̃via tso, eƒe sukudede, nu si me wòto le agbe me kple nu siwo me wòtsɔ ɖe le la le susu me na wò. Esime nèle dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu la, de ŋugble le mawunyakpukpui siwo nàxlẽ, video siwo nàɖe afiae, kple kpɔɖeŋu siwo nàwɔ atsɔ aɖe Biblia me nyateƒeawo me la ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Nu kae asɔ na nusrɔ̃vi sia nyuie wu eye nu kae aʋã eya amea wu?’ (Lod. 16:23) Le Albania la, nyɔnu aɖe si mɔɖela vevi aɖe si ŋkɔe nye Flora la nɔ nu srɔ̃m kplii la gblɔ kã be, “Nyemate ŋu axɔ tsitretsitsi ƒe nufiafiaa dzi ase o.” Flora mezi nyɔnua dzi be wòalɔ̃ ɖe tsitretsitsi ƒe nufiafiaa dzi o. Egblɔ be: “Mekpɔe be, hafi wòate ŋu axɔ tsitretsitsi ƒe nufiafiaa dzi ase la, gbã la, ele be wòanya nu tso Mawu si do ŋugbe be yeafɔ ame siwo ku ɖe tsitre la ŋu.” Tso ɣemaɣi la, Flora tea gbe ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃, eƒe nunya, kple eƒe ŋusẽ dzi le woƒe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe me. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, nusrɔ̃via va xɔ tsitretsitsi ƒe nufiafiaa dzi se bɔbɔe. Fifia, nyɔnua va zu Yehowa Ðasefo si me dzo le.

BU WO BE WONYE AME SIWO ATE ŊU AVA ZU YESU ƑE NUSRƆ̃LAWO

15. Le Dɔwɔwɔwo 17:16-18 ƒe nya nu la, nu kawoe ɖe fu na Paulo le blema Helatɔwo ŋu, ke hã, nu ka tae wòyi edzi ɖe gbeƒã na Atenetɔwo?

15 Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:16-18. Togbɔ be Atene dua me yɔ fũu kple legbawo, dua me tɔwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me eye wolɔ̃ xexemenunya siwo trɔ̃subɔlawo to vɛ hã la, Paulo dze agbagba ɖe gbeƒã na wo; eye meɖe mɔ woƒe gbɔ̃ɖiamenyawo ɖe dzi le eƒo o. Paulo ŋutɔ hã va zu Kristotɔ togbɔ be “busunyagblɔla kple yometila kpakple ame mabuame” ye wònye tsã gɔ̃ hã. (1 Tim. 1:13) Ale si ko Yesu ka ɖe edzi be Paulo ate ŋu ava zu yeƒe nusrɔ̃la la, nenema kee Paulo hã ka ɖe edzi be Atenetɔwo hã ate ŋu ava zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. Eye nenema tututue wòdzɔe hã.—Dɔw. 9:13-15; 17:34.

16-17. Nu kae ɖee fia be ame ƒomevi ɖe sia ɖe ate ŋu ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

16 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame ɖe sia ɖe ƒomevi va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la. Esime Paulo ŋlɔ lɛta na Kristo hame si nɔ Helatɔwo ƒe dugã si nye Korinto me la, egblɔ be hame ma me tɔ aɖewo nye nu vlo wɔlawo alo ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe agbenɔnɔ nyɔŋuwo me tsã. Eyome, egblɔ kpee be: “Nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã. Ke wole tsi na mi.” (1 Kor. 6:9-11) Nenye wòe ɖe, ɖe àbu ame mawo be wonye ame siwo ate ŋu atrɔ woƒe agbenɔnɔ ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawoa?

17 Egbea, ame geɖewo le lɔlɔ̃m faa be yewoawɔ tɔtrɔ siwo hiã be yewoazu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. Le kpɔɖeŋu me, le Australia la, mɔɖela vevi aɖe si ŋkɔe nye Yukina va kpɔe dze sii be amewo katã ƒomevi ate ŋu axɔ Biblia me gbedeasia nyuie. Gbe ɖeka esi wòyi xɔtudɔwɔƒe aɖe la, ekpɔ ɖetugbui aɖe si ta nu vovovowo ɖe eƒe ŋutigbalẽ ŋu eye wòdo awu siwo le gblotoo. Yukina gblɔ be: “Gbã, mehe ɖe megbe vie, gake meva te dzeɖoɖo kplii. Le dzeɖoɖoa me la, meva de dzesii be elɔ̃ Biblia ale gbegbe be nu siwo wòta ɖe eɖokui ŋu la dometɔ aɖewo nye Psalmowo me nyawo!” Ðetugbuia lɔ̃ wodze nusɔsrɔ̃ gɔme eye ele kpekpeawo dem fifia. *

18. Nu ka tae mele be míadrɔ̃ ʋɔnu amewo o?

18 Ðe Yesu gblɔ be agbleawo ƒu na ŋeŋe le esi wòkpɔ mɔ be ame akpa gãtɔ ava dze ye yome ta? Kura o. Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi be ame ʋɛ aɖewo koe axɔ edzi ase. (Yoh. 12:37, 38) Eye nukunu ƒe ŋutete aɖe le esi be wòtea ŋu nyaa nu si le ame ƒe dzi me. (Mat. 9:4) Togbɔ be enyae be ame ʋɛ aɖewo koe axɔ ye dzi ase hã la, eɖe gbeƒã na ame ɖe sia ɖe dzonɔamemetɔe. Aleke gbegbe wòle vevie wu be, mí ame siwo mate ŋu anya nu si le amewo ƒe dzi me o la, míaƒo asa na ʋɔnudɔdrɔ̃ míaƒe anyigbamamaa me tɔwo kple ame bubu siwo míedoa goe la ye nye esi! Le esia teƒe la, bu amewo be woate ŋu ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Marc, si nye dutanyanyuigblɔla le Burkina Faso la gblɔe ale: “Zi geɖe la, ame siwo ŋu meɖo dzi ɖo be woawɔ ŋgɔyiyi ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo la va dzudzɔa nusɔsrɔ̃a. Gake ame siwo ŋu nyemebui ɖo kura o lae va wɔa ŋgɔyiyi nyuiwo. Eya ta, meva kpɔe be enyo be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia ŋu.”

19. Aleke wòle be míabu míaƒe anyigbamamaa me tɔwo?

19 Ne míelé ŋku ɖe míaƒe anyigbamamaa me tɔwo ŋu la, gbã la, awɔ na mí be wo dometɔ akpa gãtɔ mele abe nuku siwo ƒu na ŋeŋe ene o. Gake ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo la dzi. Agbleawo ƒu, si fia be, fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míakpe ɖe amewo ŋu woava wɔ ɖeka kpli mí le Mawu subɔsubɔ me. Amewo ate ŋu atrɔ woƒe agbenɔnɔ ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Yehowa bua ame siawo be wonye ‘nu veviwo’ na ye. (Hag. 2:7) Ne míebua amewo abe ale si Yehowa kple Yesu bua woe ene la, míadze agbagba be míanya nu tso wo ŋu ahanya nu siwo me wotsɔ ɖe le. Mímabu wo be wonye ame tutɔwo o, ke míabu wo boŋ be wonye ame siwo ate ŋu ava zu mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo.

HADZIDZI 57 Míaɖe Gbeƒã Na Ame Ƒomeviwo Katã

^ mm. 5 Aleke ale si míebua ame siwo le míaƒe anyigbamama me la kpɔa ŋusẽ ɖe ale si míeɖea gbeƒã hefiaa nui la dzi? Le nyati sia me la, míadzro ale si Yesu kple apostolo Paulo bu woƒe nyaselawoe la me. Azɔ hã, míakpɔe be, ne míebu ame siwo míedoa goe la ƒe dzixɔsewo ŋu, ne míebu nu siwo me wotsɔ ɖe le la ŋu, eye míebu wo be wonye ame siwo ate ŋu ava zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo la, ekema, míate ŋu asrɔ̃ Yesu kple Paulo ƒe kpɔɖeŋua.

^ mm. 17 Kpɔɖeŋu bubu geɖe siwo ku ɖe ale si gbegbe amewo ate ŋu atrɔ woƒe agbenɔnɔe ŋu la dze le nyati vovovo siwo ƒe tanyae nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” la me. Nyati siawo dze le Gbetakpɔxɔ magazineawo me enuenu va de asi na ƒe 2017. Fifia, yeyetɔwo le dzedzem le jw.org®. Àkpɔe le MÍA ŊU NYAWO > NUTEƑEKPƆKPƆWO.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Esi atsu kple asi aɖe le tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm la, (1) wokpɔ aƒe aɖe si wolé be na nyuie, si me wodo seƒoƒowo ɖo; (2) wokpɔ aƒe aɖe si me ƒome aɖe si si viwo le la le; (3) wokpɔ aƒe aɖe si ƒe gota kple eme siaa le nyamaa; eye (4) wokpɔ aƒe aɖe si me subɔsubɔha aɖe me tɔwo le. Aƒeawo dometɔ ka mee nàdo go ame aɖe si ate ŋu ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la la le?