Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 17

“Meyɔa Mi Be Xɔ̃nyewo”

“Meyɔa Mi Be Xɔ̃nyewo”

“Meyɔa mi be xɔ̃nyewo, elabena nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.”—YOH. 15:15.

HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola

NYA VEVIAWO *

1. Aleke nàwɔ be wò kple ame aɖe miava zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo?

NE ÈDI be xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli nava nɔ wò kple ame aɖe si nèdo goe dome la, afɔ gbãtɔ si wòle be nàɖe ye nye be nàkpɔ vovo ɖe amea ŋu. Ne mieɖoa dze kple mia nɔewo hegblɔa miaƒe susuwo kple nu siwo me mieto le agbe me na mia nɔewo la, awɔe be miava zu xɔlɔ̃wo. Ke hã, kuxi aɖewo li siwo wɔnɛ be menɔa bɔbɔe na mí be míana xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli nava nɔ mía kple Yesu dome o. Wo dometɔ aɖewoe nye kawo?

2. Nu kae nye kuxi gbãtɔ si ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míadze xɔlɔ̃ Yesu?

2 Kuxi gbãtɔ si ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míadze xɔlɔ̃ Yesu ye nye be míawo ŋutɔwo míedo go Yesu kpɔ o. Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ geɖe hã medo go Yesu kpɔ o. Ke hã, apostolo Petro gblɔ be: “Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃nɛ. Togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, mieɖenɛ fiana be yewoxɔ edzi se.” (1 Pet. 1:8) Eya ta, anya wɔ be míadze agbagba be ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ mía kple Yesu dome togbɔ be míedo goe kpɔ o gɔ̃ hã.

3. Nu kae nye kuxi evelia si ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míadze xɔlɔ̃ Yesu?

3 Kuxi evelia ye nye be míate ŋu aƒo nu na Yesu o. Ne míele gbe dom ɖa la, Yehowae míeƒoa nu na. Ele eme be, Yesu ƒe ŋkɔ mee míedoa gbe ɖa le ya, gake míeƒoa nu nɛ tẽe o. Le nyateƒe me la, Yesu medi be míado gbe ɖa na ye o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, gbedodoɖa nye subɔsubɔ si míetsɔna naa Yehowa ƒe akpa aɖe, eye Yehowa ɖeka koe wòle be míasubɔ. (Mat. 4:10) Ke hã, míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Yesu.

4. Nu kae nye kuxi etɔ̃lia si ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míadze xɔlɔ̃ Yesu, eye nu kawo me míadzro le nyati sia me?

4 Kuxi etɔ̃lia ye nye be Yesu le dziƒo, eya ta manya wɔ be míanɔ egbɔ o. Ke hã, anya wɔ be míanya nu geɖe tso Yesu ŋu togbɔ be míele egbɔ o hã. Le nyati sia me la, míadzro afɔ ene aɖewo siwo míate ŋu aɖe be xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yesu dome la me nagasẽ ɖe edzi la me. Gake, gbã la, na míadzro susu siwo tae wòle vevie ŋutɔ be míadze agbagba vevie be míava nye Kristo ƒe xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ɖo la me.

NU KA TAE WÒLE BE MÍANYE KRISTO XƆLƆ̃WO?

5. Nu ka tae wòle be míanye Yesu xɔlɔ̃wo? (Kpɔ aɖaka siwo nye “ Xɔlɔ̃dzedze Yesu Nana Míezua Yehowa Xɔlɔ̃wo” kple “ Da Sɔ Le Ale Si Nèbua Yesu Me” la hã.)

5 Ele be míanye Yesu xɔlɔ̃wo ne míedi be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa dome. Nu ka tae? Bu susu eve aɖewo ko ŋu kpɔ. Gbã, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Fofo la ŋutɔ melɔ̃a nu le mia gbɔ o, le esi mielɔ̃a nu le gbɔnye o . . . ta.” (Yoh. 16:27) Egblɔ hã be: “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yoh. 14:6) Ame si le agbagba dzem be yeanye Yehowa xɔlɔ̃ evɔ menye Yesu xɔlɔ̃ kplikplikpli o la le abe ame aɖe si le agbagba dzem be yeage ɖe xɔ aɖe me evɔ medi be yeato ʋɔtrua nu o la ene. Yesu zã kpɔɖeŋu sia tɔgbi esi wògblɔ be yee nye “agbo na alẽawo.” (Yoh. 10:7) Susu eveliae nye be, Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia pɛpɛpɛ. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yoh. 14:9) Eya ta, mɔ vevi aɖe si dzi míato anya Yehowae nye be míanɔ nu srɔ̃m tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu. Zi ale si míele nu srɔ̃m tso Yesu ŋu la, zi nenemae míagava lɔ̃e ɖe edzi. Eye zi ale si mía kple Yesu dome va le kplikplikpli la, zi nenemae míaƒe lɔlɔ̃ na Fofoa me agasẽ ɖe edzi.

6. Susu bubu ka hã tae wòle be mía kple Yesu dome nanɔ kplikplikpli ɖo? Ðe eme.

6 Ele be mía kple Yesu dome nanɔ kplikplikpli ale be Yehowa naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu. Esia bia nu geɖe wu be míanɔ gbɔgblɔm le míaƒe gbedodoɖawo ƒe nuwuwu be, “le Yesu ƒe ŋkɔ me” dzro ko. Ele be míade dzesi akpa si Yesu wɔna ne Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom. Yesu gblɔ na apostoloawo be: “Nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ me la, mawɔe.” (Yoh. 14:13) Togbɔ be Yehowae ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo heɖoa wo ŋu hã la, ena ŋusẽ Yesu be wòawɔ ɖe Yeƒe nyametsotsowo dzi. (Mat. 28:18) Eya ta, hafi Mawu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, ekpɔnɛ ɖa be ɖe míewɔna ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi mahã. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake mi; ke ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.” (Mat. 6:14, 15) Eya ta, ele vevie ŋutɔ be míawɔ nu ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me abe ale si ko Yehowa kple Yesu hã wɔa nu ɖe mía ŋu ene.

7. Ame kawo koe Yesu ƒe tafevɔsaa ɖea vi na?

7 Ame siwo nye Yesu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo koe eƒe tafevɔsaa aɖe vi na. Aleke míewɔ nya? Yesu gblɔ be ‘yeatsɔ yeƒe agbe aɖo anyi ɖe ye xɔlɔ̃wo ta.’ (Yoh. 15:13) Ahiã be Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la nava srɔ̃ nu tso Yesu ŋu ahalɔ̃e. Woafɔ ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒewo abe Abraham, Sara, Mose, kple Rahab ene ɖe tsitre, ke hã, ahiã be Yehowa subɔla wɔnuteƒe siawo gɔ̃ hã nava nye Yesu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo hafi woate ŋu akpɔ agbe mavɔ.—Yoh. 17:3; Dɔw. 24:15; Heb. 11:8-12, 24-26, 31.

8-9. Abe ale si woɖe eme le Yohanes 15:4, 5 ene la, nu kae ƒomedodo si le mía kple Yesu dome la kpena ɖe mía ŋu míewɔna, eye nu ka tae ƒomedodo sia le vevie?

8 Enye dzidzɔ na mí be míele dɔ wɔm kple Yesu ɖekae esi míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia hele nu fiam amewo tso Fiaɖuƒea ŋu. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, efia nu amewo. Eye esi Yesu trɔ yi dziƒo la, eya si nye hamea ƒe ta la yi edzi le mɔ fiam gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa. Edea dzesi agbagba siwo nèdzena be yeakpe ɖe ame ale si nu yeate ŋui la ŋu be woava nya ye kple ye Fofo, eye ekpɔa ŋudzedze ɖe wò agbagbadzedzeawo ŋu. Le nyateƒe me la, Yehowa kple Yesu ƒe kpekpeɖeŋu me koe míate ŋu awɔ dɔ sia ade goe le.—Xlẽ Yohanes 15:4, 5.

9 Mawu ƒe Nyaa ɖee fia kɔtɛ be, hafi míaƒe nu adze Yehowa ŋu la, ele be míalɔ̃ Yesu eye míayi edzi alɔ̃ eyama. Eya ta, na míadzro afɔ ene aɖewo siwo míate ŋu aɖe be míava nye Yesu xɔlɔ̃wo la me.

AFƆ SIWO MÍATE ŊU AÐE BE MÍAVA NYE YESU XƆLƆ̃WO

Àte ŋu ava nye Yesu xɔlɔ̃ (1) ne èdzea agbagba be yeanyae nyuie wu, (2) ne èdzea agbagba be yeasrɔ̃ ale si wòbua nuwo ŋui kple ale si wòwɔa nui, (3) ne èkpea asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu, eye (4) ne èkpea asi ɖe hamea ƒe ɖoɖowo ŋu (Kpɔ memama 10-14 lia) *

10. Nu kae nye afɔ gbãtɔ si wòle be míaɖe be míava nye Yesu xɔlɔ̃wo?

10 (1) Nya Yesu nyuie. Míate ŋu awɔ esia ne míexlẽa Biblia-gbalẽ siwo nye Mateo, Marko, Luka, kple Yohanes. Ne míedea ŋugble le Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Biblia me ŋu la, esia kpena ɖe mía ŋu míeva lɔ̃a Yesu hedea bubu eyama ŋu le ale si wòwɔ nu ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ mee la ta. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Yesu ye nye Aƒetɔ na eƒe nusrɔ̃lawo hã la, mewɔ nu ɖe wo ŋu abe kluviwo ene o. Ke boŋ, eɖe eƒe susuwo kple seselelãmewo gblɔ na wo faa. (Yoh. 15:15) Esi wonɔ nu xam la, Yesu hã xa nu kpli wo hefa avi kpli wo. (Yoh. 11:32-36) Yesu ƒe futɔwo gɔ̃ hã de dzesii be ame siwo xɔ eƒe gbedeasia la va zu exɔlɔ̃wo. (Mat. 11:19) Ne míesrɔ̃a Yesu hewɔa nu ɖe amewo ŋu abe ale si wòwɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu ene la, mía kple amewo dome ava nɔ nyuie wu, míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe wu, eye míava lɔ̃ Kristo ahade bubu eyama ŋu geɖe wu.

11. Nu kae nye afɔ evelia si wòle be míaɖe be míava nye Yesu xɔlɔ̃wo, eye nu ka tae afɔɖeɖe sia le vevie?

11 (2) Srɔ̃ ale si Yesu bua nuwo ŋui kple ale si wòwɔa nui. Zi ale si míebua nuwo ŋu abe Yesu ene la, zi nenemae mía kplii dome agava nɔ kplikplikpli wu. (1 Kor. 2:16) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu? Bu kpɔɖeŋu ɖeka ko ŋu kpɔ. Yesu bua ale si wòawɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu la ŋu wu eya ŋutɔ ƒe didiwo. (Mat. 20:28; Rom. 15:1-3) Esi tamesusu ƒe nɔnɔme sia nɔ Yesu si ta la, etsɔa eɖokui nana faa be yeakpe ɖe amewo ŋu eye etsɔna kea amewo faa. Medoa dziku kabakaba le nya siwo amewo gblɔ ɖe eŋu la ta o. (Yoh. 1:46, 47) Eye mewɔa nu ɖe amewo ŋu ɖe vodada aɖe si wowɔ va yi la nu o. (1 Tim. 1:12-14) Yesu gblɔ be: “Amewo katã anyae be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:35) Anyo be nàbia ɖokuiwò be, “Ðe mele Yesu ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m be mawɔ nye ŋutete ɖe sia ɖe be ŋutifafa nanɔ nye kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me la domea?”

12. Nu kae nye afɔ etɔ̃lia si wòle be míaɖe be míava nye Yesu xɔlɔ̃wo, eye aleke míawɔ esiae?

12 (3) Kpe asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu. Yesu bua nu si míewɔna na nɔvia amesiaminawo la be yee míewɔe na. (Mat. 25:34-40) Mɔ vevitɔ si dzi míetona kpea asi ɖe amesiaminawo ŋue nye be míeƒoa mía ɖokui ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me bliboe abe ale si Yesu de se na eyomedzelawo ene. (Mat. 28:19, 20; Dɔw. 10:42) ‘Alẽ bubuawo’ ƒe kpekpeɖeŋu me koe Kristo nɔviwo ate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔ gã nyadri sia si le edzi yim le xexea me godoo la ade goe le. (Yoh. 10:16) Ne alẽ bubuawo dometɔ ɖekae nènye la, ɣesiaɣi si nèkpɔ gome le dɔ sia me la, èle eɖem fia be yelɔ̃ amesiaminaawo eye yelɔ̃ Yesu hã.

13. Aleke míate ŋu awɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le Luka 16:9 la dzi?

13 Mɔ bubu si dzi míetona dzea xɔlɔ̃ Yehowa kple Yesu ye nye be míezãa míaƒe nunɔamesiwo tsɔ doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔ si wole mɔ fiamee la. (Xlẽ Luka 16:9.) Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu adzɔ ga be woatsɔ ado alɔ xexea me katã ƒe dɔa; wozãa nudzɔdzɔ siawo tsɔ doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa le anyigbamama saɖeagawo me, wozãa wo tsɔ tua tadeaguƒewo heléa be na wo, eye nenema kee wozãa nudzɔdzɔ siawo tsɔ naa kpekpeɖeŋu ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le. Azɔ hã, míate ŋu adzɔ ga atsɔ akpe asi ɖe eŋu be woakpɔ míaƒe hamea ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye nenema kee míate ŋu akpe ɖe nɔvi siwo míede dzesii be woɖo hiã me la ŋu. (Lod. 19:17) Míate ŋu ato mɔ siawo dzi akpe asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu.

14. Abe ale si wòdze le Efesotɔwo 4:15, 16 ene la, nu kae nye afɔ enelia si míaɖe be míava nye Yesu xɔlɔ̃wo?

14 (4) Kpe asi ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe ɖoɖowo ŋu. Ne míewɔ nu aduadu kple ame siwo Yehowa ɖo be woalé be na mí la, ana be mía kple Yesu si nye hamea ƒe ta la dome naganɔ kplikplikpli wu. (Xlẽ Efesotɔwo 4:15, 16.) Le kpɔɖeŋu me, fifia, habɔbɔa le agbagba dzem be woakpɔ egbɔ be ne hameawo va kpekpewɔƒe le Fiaɖuƒe Akpataa me la, vavalawo nate ŋu ayɔ akpataa, ke menye be zikpuiwo natsi ƒuƒlu o. Esia ta, woɖe gbeƒãɖela aɖewo tso hame aɖewo me yi hame bubuwo me, wotsɔ hame aɖewo ƒo ƒu, eye wotrɔ asi le hame aɖewo ƒe anyigbamamawo ŋu. Ðoɖo sia wɔe be míeɖe gazazãwo dzi kpɔtɔ eye míewɔa ga siwo wodzɔ na habɔbɔa la ŋu dɔ nyuie. Ke hã, le ɣeyiɣi ma ke me la, eva hiãna be gbeƒãɖela aɖewo natrɔ ɖe nɔnɔme yeyeawo ŋu. Gbeƒãɖela wɔnuteƒe mawo anya subɔ le hame si me wonɔ tsã la me ƒe geɖe eye anɔ eme be ƒomedodo kplikplikpli aɖe nɔ wo kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo dome le hame ma me. Gake fifia, wobia tso wo si be woayi aɖasubɔ le hame bubu me. Edoa dzidzɔ na Yesu ale gbegbe ne ekpɔe be nɔvi wɔnuteƒe siawo le wɔwɔm ɖe ɖoɖo yeye sia dzi.

MÍANYE YESU XƆLƆ̃WO TEGBEE

15. Aleke mía kple Yesu ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me ate ŋu agasẽ ɖe edzi le etsɔme?

15 Mɔkpɔkpɔ le ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na la si be woaɖanɔ Yesu gbɔ tegbee ahaɖu fia kplii le Mawu Fiaɖuƒea me. Woaɖanɔ Kristo gbɔ ŋutɔŋutɔ, woakpɔe ŋkume kple ŋkume, eye woaɖo dze kplii. (Yoh. 14:2, 3) Nenema kee Yesu ƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme aɖe vi na ame siwo si mɔkpɔkpɔ le be woava nɔ agbe tegbee le anyigbaa dzi la hã. Togbɔ be woawo ya makpɔ Yesu ŋkume kple ŋkume o hã la, woawo kple Yesu dome agava nɔ kplikplikpli wu esime woanɔ vivi sem na agbe si Yehowa na wòsu wo si to Yesu dzi la.—Yes. 9:6, 7.

16. Yayra kawoe míakpɔ ne míenye Yesu xɔlɔ̃wo?

16 Ne míewɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpe si nye be míava nye ye xɔlɔ̃wo dzi la, míekpɔa yayra geɖe. Le kpɔɖeŋu me, eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe kpekpeɖeŋu le vi ɖem na mí fifia. Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míava nɔ agbe tegbee. Eye esi gale vevie wu ye nye be, xɔlɔ̃dzedze Yesu ana be nu xɔasitɔ kekeake nasu mía si—eyae nye be míadze xɔlɔ̃ Yesu Fofo, Yehowa, ahanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye na mí be míanye Yesu xɔlɔ̃wo!

HADZIDZI 17 “Melɔ̃”

^ mm. 5 Apostoloawo ɖo dze kple Yesu hewɔ dɔ kplii ƒe geɖe, eye wova zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Yesu di be míawo hã míanye ye xɔlɔ̃wo, gake to vovo na apostoloawo la, menɔa bɔbɔe na míawo ya be míava nye Yesu ƒe xɔlɔ̃wo o. Le nyati sia me la, míadzro nu siwo nana wòsesẽna na mí be míava nye Yesu xɔlɔ̃wo kple afɔ siwo míate ŋu aɖe be míava nye Yesu xɔlɔ̃wo eye mía kplii ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa nanɔ anyi tegbee la me.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA KPLE FOTOAWO ME: (1) Ne míele ƒometadedeagu wɔm la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu. (2) Le hamea me la, míate ŋu adze agbagba be míanɔ ŋutifafa me kple mía nɔviwo. (3) Ne míeƒoa mía ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe la, esia afia be míele asi kpem ɖe Kristo nɔviwo ŋu. (4) Ne hamemetsitsiwo bia tso mía si be míayi aɖasubɔ le hame bubu me la, míate ŋu awɔ nu aduadu kple hamemetsitsiawo ahawɔ ɖe woƒe nyametsotsowo dzi.