Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 18

Nɔ Duɖimekekea Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

Nɔ Duɖimekekea Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

“Mewu duɖimekeke la nu.”—2 TIM. 4:7.

HADZIDZI 129 Míayi Edzi Ado Dzi

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae wòle na mí katã be míawɔ?

ÐE NÀDI be yeakpɔ gome le duɖimekeke aɖe si nènya nyuie be esesẽ ŋutɔ la me, vevietɔ, esime nèdze dɔ alo ɖeɖi te ŋuwòa? Ðikeke mele eme o be, màdi o. Ke hã, apostolo Paulo gblɔ be Kristotɔ vavãwo katã le duɖime aɖe kem. (Heb. 12:1) Eye míeɖanye sɔhɛwo alo ame tsitsiwo o, ŋusẽ ɖale mía ŋu alo ɖeɖi te mía ŋu o, ele na mí katã be míado dzi va se ɖe nuwuwu ne míedi be míaƒe asi nasu fetu si ƒe ŋugbe Yehowa do na mí la dzi.—Mat. 24:13.

2. Abe ale si wòdze le 2 Timoteo 4:7, 8 ene la, nu ka tae Paulo te ŋu ɖo aɖaŋu sia na nɔvia Kristotɔwo?

2 Paulo te ŋu ɖo aɖaŋu sia na nɔvia Kristotɔwo, elabena eya ŋutɔ te ŋu ‘wu duɖimekeke la nu’ dzidzedzetɔe. (Xlẽ 2 Timoteo 4:7, 8.) Gake, nu ka koŋue nye duɖimekeke si ŋu Paulo ƒo nu tsoe?

NU KAE NYE DUÐIMEKEKE LA?

3. Nu ka nye duɖimekeke si ŋu Paulo ƒo nu tsoe?

3 Ɣeaɖewoɣi la, Paulo zãa nu vovovo siwo yia edzi le blema Helatɔwo ƒe kamedefefewo me la tsɔ fiaa nu veviwo. (1 Kor. 9:25-27; 2 Tim. 2:5) Ezã duƒula siwo le ho ʋlim la tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔmɔ la enuenu. (1 Kor. 9:24; Gal. 2:2; Flp. 2:16) Ɣeyiɣi si me ame aɖe tsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ lae wòdzea “duɖimekeke” sia gɔme. (1 Pet. 3:21) Awu duɖimekeke la nu ne Yehowa na teƒeɖoɖo si nye agbe mavɔ fetu lae.—Mat. 25:31-34, 46; 2 Tim. 4:8.

4. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

4 Go kawo mee du legbee ƒuƒu sɔ kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ le? Wosɔ kple wo nɔewo le go geɖe me. Na míadzro wo dometɔ etɔ̃ me. Gbãa, ehiã be míaƒu dua le mɔ si woɖo na mí la dzi; evelia, ele be míaƒe susu nanɔ nuwuƒea dzi; eye etɔ̃lia, ele be míaɖu kuxi siwo míado goe le mɔa dzi la dzi ahayi dua ƒuƒu dzi.

ƑU DUA LE MƆ SI WOÐO NA MÍ LA DZI

Ele be mí katã míato mɔ si woɖo na Kristotɔwo la dzi (Kpɔ memama 5-7 lia) *

5. Aleke wòle be míaƒu duɖimekeke lae, eye nu ka tae?

5 Hafi duƒulawo nadze axɔ woƒe dziɖuɖufetua la, ele be woaƒu dua le mɔ si ame siwo wɔ ɖoɖo ɖe dua ƒuƒu ŋu la ɖo ɖi na wo la dzi. Le mɔ ma ke nu la, ne míedi be míaxɔ agbe mavɔ fetua la, ele be míato mɔ si woɖo na Kristotɔwo, alo Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔmɔ, la dzi. (Dɔw. 20:24; 1 Pet. 2:21) Ke hã, Satana kple ame siwo dze eƒe kpɔɖeŋua yome la di be míanɔ agbe le mɔ bubu nu; wodi be míaɖe asi le agbedua ƒuƒu ŋu agava nɔ “du ƒum kpli yewo” abe tsã ene. (1 Pet. 4:4) Woɖia gbɔ̃ Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ eye wogblɔna be yewoƒe agbenɔnɔmɔ lae nye nyuitɔ si kplɔa ame yia ablɔɖe me. Gake woka aʋatso.—2 Pet. 2:19.

6. Nu kae nèsrɔ̃ tso nu si me Brian to la me?

6 Ame aɖe si le agbe nɔm abe ale si ame siwo dzi Satana ƒe xexea kpɔ ŋusẽ ɖo la nɔa agbee ene la va dea dzesii godoo be mɔ si dzi yele la mekplɔa ame yia ablɔɖe me o; ke ewɔa ame kluvi boŋ. (Rom. 6:16) Bu nu si dzɔ ɖe Brian dzi la ŋu kpɔ. Edzilawo de dzi ƒo nɛ be wòanɔ agbe abe ale si Mawu di ene. Gake esi wòva zu ƒewuivi la, meva ka ɖe edzi be agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe sewo nu ana yeakpɔ dzidzɔ o. Brian tiae be yeanɔ agbe abe Satana ƒe xexea me tɔwo ene. Egblɔ be: “Nyemenya kura be yeaɖi ablɔɖe si medi be wòasu asinye la ana mava zu kluvi na numame gbegblẽwo o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva ƒo ɖokuinye ɖe atike muamewo kpakple aha muamewo nono kple gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔnawo me. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, vivivi la, meva nɔ atike vɔ̃ɖi sesẽtɔwo zãm ale gbegbe be, ne nyemeno wo o kpa nyemevona o. . . . Meva te atike vɔ̃ɖiwo dzadzra ale be, ɣesiaɣi la, makpɔ ɖe ano godoo.” Gake mlɔeba la, Brian va tso nya me be yeanɔ agbe abe ale si Yehowa dii ene. Etrɔ agbenɔnɔ eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2001 me. Esi wòle Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔmɔ la dzi zɔm fifia ta la, ele dzidzɔ vavã kpɔm. *

7. Le Mateo 7:13, 14 ƒe nya nu la, mɔ eve kawoe le mía ŋkume?

7 Aleke gbegbee wòle vevie ye nye esi be míatiae be míazɔ mɔ nyuitɔ la dzi! Satana di be mí katã míadzudzɔ agbedua ƒuƒu le mɔ xaxɛ si “kplɔa ame yia agbe me” la dzi eye míava zɔ mɔ gbadza si dzi xexe sia me tɔ akpa gãtɔ le la dzi. Ame akpa gãtɔ lɔ̃ agbenɔnɔmɔ sia eye edzizɔzɔ le bɔbɔe. Gake mɔ ma “kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me.” (Xlẽ Mateo 7:13, 14.) Hafi míakpɔtɔ anɔ mɔ nyuitɔa dzi eye womakplɔ mí atra o la, ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahaɖo toe.

KPƆ ŊGƆGBE TẼE LE AGBEDUA ƑUƑU ME EYE MÈGAZU NUKIKLI NA AME BUBUWO O

Kpɔ ŋgɔgbe tẽe le agbedua ƒuƒu me eye mègazu nukikli na ame bubuwo o (Kpɔ memama 8-12 lia) *

8. Ne duƒula aɖe kli nu dze anyi la, nu kae wòwɔna?

8 Ame siwo kea duɖime le du legbee ƒuƒu me la ƒe ŋku nɔa mɔ si le wo ŋgɔ tututu la dzi ale be yewoagakli nu adze anyi o. Gake ate ŋu adzɔ be duƒula aɖe nakli duƒula bubu le vo me loo alo wòaɖo afɔ do aɖe si le mɔa dzi la me. Ne wodze anyi la, wotsona gayia dua ƒuƒu dzi. Wometsɔa susu ɖoa nu si na wodze anyi la ŋu o, ke ale si woawɔ aɖo nuwuƒea ahaxɔ fetu si wole mɔ kpɔm na la koŋ ŋue woƒe susu nɔna.

9. Ne míekli nu la, nu kae wòle be míawɔ?

9 Le míaƒe duɖimekekea me la, ate ŋu adzɔ be míakli nu zi gbɔ zi geɖe—míada vo le nyagbɔgblɔ alo nuwɔna me. Alo ame siwo le agbedua ƒum kpli mí la ate ŋu awɔ vodada aɖewo ahawɔ nu vevi mí. Ne edzɔ alea la, mele be wòawɔ nuku na mí o. Mí katã míede blibo o, eye mí katã míele du ƒum le mɔ xaxɛ ma si kplɔa ame yia agbe me la dzi. Eya ta, adzɔ godoo be míakli mía nɔewo le mɔa dzi ɣeaɖewoɣi. Paulo gblɔe wòsɔ nyuie be, ɣeaɖewoɣi la, ‘nya aɖe anɔ ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.’ (Kol. 3:13) Gake le esi míatsɔ susu aɖo nu si mía nɔvia wɔ wòve mí la dzi teƒe la, míana míaƒe susu nanɔ fetu si le ŋgɔ na mí la dzi boŋ. Ne eva dzɔ be míekli nu hedze anyi la, anyo be míatso eye míayi dua ƒuƒu dzi. Ne míelé dziku ɖe dɔ me hegbe be míatsɔ ake o la, esia awɔe be mímate ŋu aƒu agbedua ava ɖo nuwuƒea ahaxɔ fetu la o. Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu ava zu nukikli na ame bubu siwo le dua ƒum kple dzidodo le mɔ xaxɛ si ɖo ta agbe me la dzi.

10. Nu kae míate ŋu awɔ be míagazu “nuɖiaɖia alo nukikli” na ame bubuwo o?

10 Mɔ bubu si dzi míate ŋu ato be míagazu “nuɖiaɖia alo nukikli” na mía nɔvi siwo le agbedua ƒum kpli mí o lae nye be míagate tɔ ɖe edzi be mía nɔviwo nawɔ míaƒe susuwo dzi kokoko o, ke boŋ, ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, míaɖe mɔ na wo be woawɔ woƒe susuwo dzi. (Rom. 14:13, 19-21; 1 Kor. 8:9, 13) Mɔ vevi sia nue míeto vovo na duƒula siwo le ho ʋlim la le. Duƒula mawo dometɔ ɖe sia ɖe dina be yeato ye nɔvi ŋu eye edzea agbagba be ye ɖeɖe koe axɔ fetua. Woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo koe nɔa vevie na wo. Eya ta, woate ŋu adze agbagba be yewoawɔ ɖe sia ɖe ato duƒula bubuawo ŋu ahaxɔ ŋgɔ na wo. Gake míawo ya míele ho ʋlim kple mía nɔewo o. (Gal. 5:26; 6:4) Míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu ale si míate ŋui be mí katã míaƒu dua ava ɖo nuwuƒea eye mí katã míaxɔ agbe mavɔ fetu la. Eya ta, míedzea agbagba be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si tso Mawu gbɔ be, ‘míaganɔ míawo ŋutɔ míaƒe nyonyo ko dim o, ke míadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo’ la dzi.—Flp. 2:4.

11. Nu ka ŋue duƒula tsɔa eƒe susu ɖona, eye nu ka tae?

11 Menye mɔ si le du legbee ƒulawo ŋgɔ tututu la dzi koe woƒe ŋku nɔna o, ke wonana woƒe susu nɔa nuwuƒea hã ŋu. Ne womate ŋu akpɔ nuwuƒea kple ŋku o hã la, woate ŋu akpɔe le susu me be yewoɖo nuwuƒea eye yewole dziɖuɖufetu la xɔm. Esia wɔwɔ kpena ɖe wo ŋu woyia dua ƒuƒu dzi tamanamanae.

12. Ŋugbe kae Yehowa do na mí dɔmenyotɔe?

12 Le duɖime si kem míele me la, Yehowa do ŋugbe na eƒe amewo dɔmenyotɔe be yeana teƒeɖoɖo aɖe si ŋu kakaɖedzi le la wo ne woƒu dua va se ɖe nuwuwu—anye agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo loo alo le paradiso me le anyigba dzi. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso teƒeɖoɖo sia ŋu, eye esia kpena ɖe mía ŋu míetea ŋu kpɔa ale si gbegbe agbea awɔ nukui la le susu me. Zi ale si míeyia edzi dea ŋugble le mɔkpɔkpɔ sia ŋu eye míaƒe dzi kuna ɖe eŋu la, zi nenemae míaɖoe kplikpaa wu tsã be míado dzi va se ɖe nuwuwu.

YI DUA ƑUƑU DZI TOGBƆ BE KUXIWO LI HÃ

Míedi be míayi agbedua ƒuƒu dzi ne míele kuxiwo me tom gɔ̃ hã (Kpɔ memama 13-20 lia) *

13. Nu kae le mía si si mele duɖimekelawo si o?

13 Duɖimekela siwo kpɔa gome le Helatɔwo ƒe kamedefefewo me la doa go kplamatsedonuwo, eye esiawo dometɔ aɖewoe nye ɖeɖiteameŋu kple lãmeve. Gake nu siwo ŋu woɖoa ŋu ɖo koe nye hehe si woxɔ kple woawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ. Míele abe duɖimekelawo ene, le mɔ sia nu be, wonaa hehe mí le ale si wòle be míaƒu agbedua la ŋu. Gake nane le mía si si mele duɖimekelawo ya si o. Eyae nye be, míate ŋu axɔ ŋusẽ tso Yehowa gbɔ, eye seɖoƒe meli na eƒe ŋusẽ o. Edo ŋugbe be, ne míeɖo ŋu ɖe ye ŋu la, menye ɖeko yeana hehe mí ko o, ke yeana míasẽ ŋu hã!—1 Pet. 5:10.

14. Aleke 2 Korintotɔwo 12:9, 10 kpena ɖe mía ŋu be míado dzi le kuxiwo me?

14 Ehiã be Paulo nado dzi le kuxi geɖe me. Amewo dzui eye woti eyome, eye ɣeaɖewoɣi la, esena le eɖokui me be yegbɔdzɔ eye ehiã be wòado dzi le nu si eya ŋutɔ yɔ be ‘ŋù aɖe le yeƒe ŋutilã me’ la hã nu. (2 Kor. 12:7) Gake Paulo mesusui be ele be yeadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ le kuxi mawo ta o, ke boŋ, ebu kuxi mawo be woʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na ye be yeaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 12:9, 10.) Esi wònye be Paulo bu nuwo ŋu nenema ta la, Yehowa kpe ɖe eŋu wòdo dzi le tetekpɔ siwo katã va edzi la me.

15. Ne míesrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua la, aleke wòaɖe vi na mí?

15 Ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã dzi be amewo nadzu mí alo woati mía yome le míaƒe xɔse ta. Ate ŋu ahiã hã be míado dzi le lãmegbegblẽ alo ɖeɖiteameŋu me. Gake ne míesrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua la, kuxi mawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ava zu mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe si me míawo ŋutɔwo míakpɔ ale si Yehowa kpena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe le.

16. Ne lãmesẽnyawo ɖe kpe na wò gɔ̃ hã la, nu kae nàte ŋu awɔ?

16 Ðe lãmegbegblẽ wɔe be ètsi aba dzi alo èva le bunɔkeke mea? Ðe wò klowo ɖua wòa, alo wogbɔdzɔa? Alo ɖe wò ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie oa? Ne nenemae la, ɖe nàte ŋu aƒu agbedua ɖekae kple ɖekakpui kple ɖetugbui siwo le lãmesẽ mea? Ɛ̃, àte ŋui! Ame tsitsiwo kple ame siwo dzi lãmesẽnyawo mede o la siaa le agbedua ƒum. Womate ŋu awɔ esia le woawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Ke boŋ, woxɔa ŋusẽ tso Yehowa gbɔ le esi wokpɔa gome le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me to telefonkadodo dzi alo esi wokpɔa kpekpeawo ƒe video siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi ta. Eye wokpɔa gome le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me to ɖaseɖiɖi na ɖɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, kple ƒometɔwo me.

17. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso ame siwo ŋu ŋusẽ boo megale o la ŋu?

17 Mègaɖe mɔ gbeɖe be lãmegbegblẽ alo gbɔdzɔgbɔdzɔ nana dzi naɖe le ƒowò nàsusui be yemagate ŋu ayi agbedua ƒuƒu dzi o. Yehowa lɔ̃ wò le wò xɔse kple nu siwo katã nèwɔ nɛ va yi la ta. Èhiã eƒe kpekpeɖeŋu fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe, eye magblẽ wò ɖi akpɔ o. (Ps. 9:10) Ke boŋ, ate ɖe ŋuwò kplikplikpli. De dzesi nya si nɔvinyɔnu aɖe si le lãmesẽkuxi aɖewo me tom la gblɔ; egblɔ be: “Esi nye lãmesẽkuxiawo nɔ sesẽm ɖe edzi la, mekpɔe be nyemegakpɔa mɔnu ɖia ɖase na amewo edziedzi abe tsã ene o. Gake menyae be agbagba suesuesue siwo medzena la gɔ̃ hã doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, eye esia nana mekpɔa dzidzɔ.” Ne dzi ɖe le ƒowò la, ɖo ŋku edzi be Yehowa li kpli wò. De ŋugble le Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu, eye nàɖo ŋku dzideƒonya si wògblɔ be, “mekpɔa dzidzɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, . . . elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu” la dzi.—2 Kor. 12:10.

18. Kuxi sesẽ si nu mate ŋu agblɔ o ka me tom ame aɖewo le?

18 Ame siwo le duɖime kem le agbemɔa dzi la dometɔ aɖewo le kuxi bubu aɖe me tom. Wole kuxi siwo gɔme ame bubuwo mate ŋu ase alo akpɔ adze sii o la me tom. Le kpɔɖeŋu me, ele be woado dzi le blanuiléledɔ alo nuteɖeamedzi ƒe seselelãme siwo wu gbɔgblɔ la me. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa subɔla siawo siwo Yehowa lɔ̃ vevie la le kuxi sesẽ si nu mate ŋu agblɔ o la me tom? Nu si tae ye nye be, ne ame aɖe ƒe abɔ ŋe alo ame aɖe tsi bunɔkeke me la, ame sia ame ate ŋu akpɔ kuxi si me tom wòle eye esia ate ŋu aʋã wo woana kpekpeɖeŋui. Gake le ame siwo le seselelãmekuxiwo me tom alo ame siwo le susumedɔléle ƒomevi aɖewo lém ya gome la, naneke meɖea dzesi le wo ŋu be wole fu kpem o. Evɔ wole fu kpem abe ale si ame si ƒe abɔ ŋe la le fu kpem ene hafi, gake ate ŋu adzɔ be amewo mase veve ɖe woawo ya nu ahaɖe lɔlɔ̃ afia wo abe ale si woawɔe na ame si ƒe abɔ ŋe la ene o.

19. Nu kae míesrɔ̃ tso Mefiboset ƒe kpɔɖeŋua me?

19 Ne èle lãmesẽkuxi aɖe me tom eye èse le ɖokuiwò me be ame bubuwo mese nu si gbegbe me tom nèle la gɔme o la, ɖewohĩ, ŋugbledede le Mefiboset ƒe kpɔɖeŋua ŋu ate ŋu ado ŋusẽ wò. (2 Sam. 4:4) Ezu bunɔ eye ele be wòado dzi le nɔnɔme ma me; azɔ hã, Fia David bu fɔe madzemadzee. Menye Mefiboset ŋutɔ ƒe vodadawo tae tetekpɔ mawo va edzi ɖo o. Ke hã, meɖe mɔ nɔnɔmeawo na dzi ɖe le eƒo o, ke boŋ, ekpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui siwo su esi le agbe me la ŋu. Eda akpe ɖe ale si David nyo dɔme nɛ va yi la ta. (2 Sam. 9:6-10) Eya ta, esi David bu fɔ Mefiboset madzemadzee la, Mefiboset melé David ɖe dɔ me o. Melé dziku ɖe dɔ me le David ƒe vodadaa ta o. Eye mebu fɔ Yehowa ɖe nu si David wɔ la ta o. Ke boŋ, nu si ŋu Mefiboset tsɔ susu ɖoe nye nu si wòate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe fia si Yehowa ɖo la ŋu. (2 Sam. 16:1-4; 19:24-30) Yehowa na woŋlɔ Mefiboset ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesia ŋuti nya ɖe Eƒe Nya, Biblia la, me be wòaɖe vi na mí.—Rom. 15:4.

20. Aleke nuteɖeamedzi ate ŋu agblẽ nu le ame aɖewo ŋui, gake nu ka dzie woate ŋu aka ɖo?

20 Le nuteɖeamedzi si nu sẽ ta la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo tsia dzimaɖeɖi eye wotsia dzodzodzoe le nɔnɔme siwo me ame sia ame tona gbe sia gbe la me. Ate ŋu asesẽ na wo be woaɖe dzi ɖi ne wole amehawo dome, ke hã, woyia edzi dea hame ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo siaa. Togbɔ be esesẽna na wo be woaƒo nu na ame siwo womedzesi o hã la, woɖea gbeƒã na amewo le gbeadzi. Ne aleae wòle le gowòme la, ka ɖe edzi be menye wò ɖeka koe le nɔnɔme sia me tom o. Nɔvi bubu geɖe hã le nɔnɔme siawo tɔgbi me tom. Ðo ŋku edzi be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo nèdzena be yeasubɔe tso luʋɔ blibo me la ŋu. Esi wònye be mèna ta o ta la, esia nye kpeɖodzi be Yehowa le yrawòm eye ele ŋusẽ si nèhiã la nam wò. * (Flp. 4:6, 7; 1 Pet. 5:7) Ne èle Yehowa subɔm togbɔ be èle dzi dom le lãmegbegblẽ alo seselelãmekuxiwo me hã la, àte ŋu aka ɖe edzi be wò nu dzea Yehowa ŋu.

21. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, nu kae mí katã míate ŋu awɔ?

21 Dzidzɔtɔe la, duƒulawo ƒe duɖimekeke kple duɖimekeke si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la to vovo le go geɖe me. Le ame siwo kea duɖime le Biblia-ŋlɔɣiwo gome la, ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetua. Gake le Kristotɔwo ƒe agbedua ƒuƒu me la, ame sia ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la xɔa agbe mavɔ ƒe fetua. (Yoh. 3:16) Eye le duƒulawo ƒe duɖimekeke gome la, ele be duƒulawo katã nanɔ lãmesẽ nyui me, ema manɔmee la, womate ŋu aɖu dzi o. Gake le mí ame siwo le agbedua ƒum gome la, mía dometɔ geɖe le lãmesẽkuxiwo me tom, ke hã, míele dua ƒuƒu dzi kple dzidodo. (2 Kor. 4:16) Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mí katã míaƒu agbedua va se ɖe nuwuwu!

HADZIDZI 144 Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi!

^ mm. 5 Yehowa subɔla siwo li egbea la dometɔ geɖe le fu kpem le tsitsimekuxiwo ta; wo dometɔ aɖewo hã le fu kpem le dɔléle vɔ̃ɖiwo si me. Eye ɖeɖi tea mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ɣeaɖewoɣi. Eya ta, duɖimekeke manye nu si me míadi be míaƒo mía ɖokui ɖo kura o. Nyati sia ƒo nu tso ale si mí katã míate ŋu aƒu agbedu si ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe la kple dzidodo ahaɖu dzi la ŋu.

^ mm. 6 Kpɔ nyati si nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm,” si dze le January 1, 2013, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 20 Ne èdi aɖaŋuɖoɖo bubuwo ku ɖe ale si woawɔ ado dzi le nuteɖeamedzi me ŋu kpakple ame siwo le dzi dom le seselelãmekuxiwo me dzidzedzetɔe ƒe nuteƒekpɔkpɔwo la, kpɔ May 2019 ƒe wɔnaa le jw.org®. Àkpɔe le AGBALẼWO KPLE NU BUBUWO > JW NYAKAKADƆWƆƑE.

^ mm. 63 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOA KPLE NƆNƆMETATAA ME: Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ edziedzi le kpekpem ɖe nɔviŋutsu tsitsi sia ŋu wòkpɔtɔ le duɖimea kem le mɔ si woɖo na Kristotɔwo la dzi.

^ mm. 65 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOA KPLE NƆNƆMETATAA ME: Ate ŋu adzɔ be míazu nukikli na ame bubuwo ne míeƒoe ɖe wo nu be woano aha sesẽ wu ale si wodii alo ne míawo ŋutɔwo míenonae fũu akpa.

^ mm. 67 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOA KPLE NƆNƆMETATAA ME: Esi wosika nɔviŋutsu aɖe ɖe kɔdzi gɔ̃ hã la, ekpɔtɔ le Kristotɔwo ƒe duɖimea kem to ɖaseɖiɖi na dɔnɔdzikpɔla si le be lém nɛ la me.