Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 14

‘Dze Yesu Ƒe Afɔɖoƒewo Yome Pɛpɛpɛ’

‘Dze Yesu Ƒe Afɔɖoƒewo Yome Pɛpɛpɛ’

“Kristo . . . kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.”—1 PET. 2:21.

HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola

NYA VEVIAWO *

Yesu gblẽ afɔɖoƒewo ɖi na mí, siwo yome míadze pɛpɛpɛ (Kpɔ memama 1-2 lia)

1-2. Kpɔɖeŋu kae kpe ɖe mía ŋu míese nya siwo dze le 1 Petro 2:21 gɔme?

TSƆE be wò kple ame aɖewo miele zɔzɔm le teƒe aɖe si woɖi bɔmbwo ɖe tome keŋ le. Ame aɖe si nya teƒe siwo woɖi bɔmb-awo ɖo ye le mia kplɔm. Esi wòle ŋgɔ le mia kplɔm la, miele eƒe afɔteƒewo kpɔm le kea me eye miekplɔe ɖo. Eva ɖo teƒe aɖea, miegale ame si le mia kplɔm la kpɔm o! Gake mievɔ̃ o. Ke boŋ, wò kple ame siwo le teƒea zɔma miedze ame si le mia kplɔm la ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ ale si miate ŋui!

2 Mí Kristotɔ vavãwo, míele teƒe aɖe si woɖi kpɔɖeŋu bɔmbwo ɖo la zɔm. Eyae nye xexe vɔ̃ɖi sia. Dzidzɔtɔe la, Yehowa na Mɔfiala nyuitɔ kekeake, si nye Via Yesu Kristo mí, be míadze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ. (1 Pet. 2:21) Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be, Petro tsɔ Yesu nɔ sɔsɔm kple mɔfiala. Abe mɔfiala enea, Yesu ɖo afɔɖoƒewo ɖi na mí, siwo yome míate ŋu adze. Mina míadzro biabia etɔ̃ siawo me: Nu kae wòfia be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome? Nu ka tae wòle be míadze eƒe afɔɖoƒewo yome? Eye aleke míawɔe?

NU KAE WÒFIA BE MÍADZE YESU ƑE AFƆÐOƑEWO YOME?

3. Nu kae wòfia be woadze ame aɖe ƒe afɔɖoƒewo yome?

3 Nu kae wòfia be woadze ame aɖe ƒe afɔɖoƒewo yome? Le Biblia mea, ɣeaɖewoɣi wozã nya siwo nye “zɔ” alo “afɔ” wòfia ale si ame aɖe nɔ agbee. (1 Mose 6:9; Lod. 4:26) Wotsɔa ale si amea nɔ agbee la sɔna kple afɔɖoƒe siwo wògblẽ ɖi. Eya ta, be woadze ame aɖe ƒe afɔɖoƒewo yome fia be woasrɔ̃ amea.

4. Nu kae wòfia be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome?

4 Ekema, nu kae wòfia be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome? Kpuie koa, efia be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Le ŋɔŋlɔ si dzi wotu nusɔsrɔ̃a ɖo mea, apostolo Petro nɔ nu ƒom tso kpɔɖeŋu nyui si Yesu ɖo ɖi le ale si wòdo dzi le fukpekpe me la ŋu. Ke hã, mɔ bubu geɖewo li siwo dzi míate ŋu ato asrɔ̃ Yesu. (1 Pet. 2:18-25) Le nyateƒe mea, nu siwo katã Yesu wɔ, kple nya siwo katã wògblɔ, nye kpɔɖeŋu na mí míasrɔ̃.

5. Ðe amegbetɔ madeblibowo ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu debliboa? Ðe eme.

5 Ðe mí amegbetɔ madeblibowo míate ŋu asrɔ̃ Yesua? Ɛ̃, míate ŋui. De dzesii be Petro megblɔ be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome le mɔ deblibo nu o, ke boŋ be ‘míadze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.’ Togbɔ be míede blibo o hãa, ne míewɔ mía tɔ sinua dze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛa, ke míanɔ wɔwɔm ɖe nya si apostolo Yohanes gblɔ dzi. Egblɔ be: ‘Míayi edzi azɔ abe ale si Yesu zɔe ene.’—1 Yoh. 2:6.

NU KA TAE WÒLE BE MÍADZE YESU ƑE AFƆÐOƑEWO YOME?

6-7. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ne míedze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yomea, ate mí ɖe Yehowa ŋu geɖe wu?

6 Ne míedze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yomea, ana mí kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. Nu ka tae? Gbãa, Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi na mí le ale si míanɔ agbe wòadze Mawu ŋu. (Yoh. 8:29) Eya ta ne míedze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yomea, míaƒe nu adze Yehowa ŋu. Eye míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒoa ate ɖe ame siwo dzea agbagba be yewoanye ye xɔlɔ̃wo la ŋu.—Yak. 4:8.

7 Evelia, Yesu srɔ̃ Fofoa le mɔ deblibo nu. Ema tae Yesu gblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yoh. 14:9) Ne míesrɔ̃a Yesu ƒe nɔnɔme nyuiwo kple ale si wòwɔ nu ɖe amewo ŋua, ke míele Yehowa srɔ̃m. Le kpɔɖeŋu me, ese veve ɖe nyɔnu aɖe si nɔ dɔ lém vevie la nu, kpodɔléla aɖe ƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye eƒe dɔme trɔ ɖe ame siwo ƒe ame vevi aɖe ku la ŋu. (Marko 1:40, 41; 5:25-34; Yoh. 11:33-35) Ne míeyi edzi srɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔmewo tso Yesu gbɔa, ke míate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.

8. Nu ka tae Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome dzedze akpe ɖe mía ŋu ‘míaɖu’ xexea dzi?

8 Ne míedze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yomea, awɔe be xexe vɔ̃ɖi sia mahe míaƒe susu o. Le zã mamlɛtɔ si Yesu nɔ anyigba dzi mea, egblɔ be: “Meɖu xexea dzi.” (Yoh. 16:33) Eƒe nyawo fia be meɖe mɔ xexea ƒe nuŋububu, taɖodzinuwo kple nuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Yesu meɖe mɔ eƒe susu dzo le susu si ta wòva anyigba dzi ɖo, si nye be wòaʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta la dzi o. Ke míawo ya ɖe? Le xexe sia mea, nu geɖewo li siwo ate ŋu ahe míaƒe susu. Gake ne míesrɔ̃ Yesu, eye míena míaƒe susu le ale si míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu dzia, ke míawo hã ‘míaɖu’ xexea dzi.—1 Yoh. 5:5.

9. Nu kae wòle be míawɔ be míanɔ agbemɔa dzi?

9 Ne míedze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yomea, míakpɔ agbe mavɔ. Esime ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe bia nu si yeawɔ be yeakpɔ agbe mavɔ la, Yesu ɖo eŋu nɛ be: ‘Va dze yonyeme.’ (Mat. 19:16-21) Yesu gblɔ na Yudatɔ aɖewo siwo mexɔ edzi se be eyae nye Kristo la o be: ‘Nye alẽwo dzea yonyeme. Eye menaa agbe mavɔ wo.’ (Yoh. 10:24-29) Yesu gblɔ na Nikodemo, si nye Sanhedrin la me tɔ, si di vevie be yeanya nu geɖe tso Yesu ŋu la be, ame sia ame si ‘xɔa ye dzi sena akpɔ agbe mavɔ.’ (Yoh. 3:16) Míeɖenɛ fiana be míexɔ Yesu dzi se ne míewɔna ɖe nu siwo wòfia mí la dzi eye míesrɔ̃a ale si wònɔ agbee. Ne míewɔ esiawo la, míanɔ agbemɔa dzi.—Mat. 7:14.

ALEKE MÍADZE YESU ƑE AFƆÐOƑEWO YOME PƐPƐPƐ?

10. Nu kae wòfia be ‘míanya’ Yesu ɖe edzi geɖe wu? (Yohanes 17:3)

10 Ele be míanya Yesu hafi míate ŋu adze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ. (Xlẽ Yohanes 17:3.) Be ‘míanya’ Yesua, menye nu míawɔ zi ɖeka ko o. Ele be míayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso eƒe nɔnɔmewo, nuŋububu, kple eƒe nudidiwo ŋu, ale be míanyae geɖe wu. Míeɖale nyateƒea me ɣeyiɣi didi aɖee nye esia o, ele be míayi edzi anɔ Yehowa kple Via Yesu nyam ɖe edzi geɖe wu.

11. Nu kawo ŋue Nyanyuigbalẽ eneawo ƒo nu tsoe?

11 Yehowa na woŋlɔ Nyanyuigbalẽ eneawo ɖe eƒe Nyaa me be woakpe ɖe mía ŋu míanya nu tso ye Via ŋu. Nyanyuigbalẽawo ƒo nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Wona míenya nya siwo Yesu gblɔ, nu siwo wòwɔ, kple ale si wòse le eɖokui me. Agbalẽ ene siawo akpe ɖe mía ŋu ‘míabu Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu nyuie.’ (Heb. 12:3) Wokpe ɖe mía ŋu míekpɔ afɔɖoƒe siwo Yesu gblẽ ɖi na mí la. Eya ta ne míesrɔ̃a Nyanyuigbalẽawo nyuiea, míanɔ Yesu nyam ɖe edzi. Esia awɔe be míadze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.

12. Nu kae míawɔ be Nyanyuigbalẽawo naɖe vi na mí geɖe wu?

12 Hafi Nyanyuigbalẽawo nate ŋu aɖe vi na mía, menye ɖeko míanɔ wo xlẽm ko o. Ele be míadi ɣeyiɣi asrɔ̃ wo nyuie eye míade ŋugble le wo ŋu vevie hã. (Tsɔe sɔ kple Yosua 1:8, etenuŋɔŋlɔ.) Mina míadzro mɔ eve siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble le nu siwo míexlẽ le Nyanyuigbalẽawo me kple ale si míawɔ ɖe wo dzi la me.

13. Nu kae nàwɔ be nàkpɔ nu si xlẽm nèle le Nyanyuigbalẽa me la le susu me?

13 Gbãa, kpɔ nu si xlẽm nèle la le susu me. Kpɔ nu siwo le dzɔdzɔm, se gbeɖiɖiawo eye nàkpɔ ale si amewo le sesem le wo ɖokuiwo me la le susu me. Be nàte ŋu awɔ esia, ku nu me le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe agbalẽwo me. Xlẽ nya siwo do ŋgɔ kple esiwo kplɔ nu si xlẽm nèlea ɖo. Ku nu me tso ameawo kple teƒe siwo dze le nu si xlẽm nèle me la ŋu. Tsɔ nu si xlẽm nèlea sɔ kple ale si woƒo nu tso eŋu le Nyanyuigbalẽ bubu me. Ɣeaɖewoɣia, Nyanyuigbalẽ aɖe aƒo nu tso nu vevi aɖe si ŋu bubuawo meƒo nu tsoe o la ŋu.

14-15. Aleke míate ŋu awɔ ɖe nu siwo míexlẽ le Nyanyuigbalẽawo me dzi?

14 Evelia, wɔ ɖe nu siwo nèxlẽ le Nyanyuigbalẽa me dzi. (Yoh. 13:17) Ne èsrɔ̃ Nyanyuigbalẽ aɖe nyuie vɔa, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nufiame aɖe le eme si dzi mate ŋu awɔ ɖoa? Aleke mate ŋu azã nu si mexlẽa atsɔ akpe ɖe ame aɖe ŋu?’ Dze agbagba nàkpɔ ame aɖe si nu siwo ŋu nèke ɖoa aɖe vi na la le susu me, eye le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia, zãe aɖaŋutɔe nàtsɔ ade dzi ƒo nɛ.

15 Na míakpɔ ale si míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo eve siawo dzi la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ɖa. Míaƒo nu tso ahosi dahe si Yesu kpɔ le gbedoxɔa me la ŋu.

AHOSI DAHE SI NƆ GBEDOXƆA ME

16. Ðɔ nudzɔdzɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Marko 12:41.

16 Kpɔ nu si xlẽm nèlea le susu me. (Xlẽ Marko 12:41.) Kpɔ nu si le dzɔdzɔm la le susu me. Nisan 11, ƒe 33 K.Ŋ. mee, eye esusɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo Yesu naku. Yesu zã ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ nɔ nu fiam le gbedoxɔa me. Subɔsubɔhakplɔlawo nɔ tsitre tsim ɖe eŋu. Do ŋgɔa, wo dometɔ aɖewo tɔ gbee le afi si wòkpɔ ŋusẽ tsoe tsɔ le dɔwo wɔm la ŋu. Bubuwo hã bia nya sesẽ aɖewoe siwo wosusu be mate ŋu aɖo wo ŋu o. (Marko 11:27-33; 12:13-34) Fifia, Yesu dzo yi gbedoxɔa ƒe akpa bubu. Le afi sia, ele nudzɔɖakawo kpɔm, eya ta ɖewohĩ anya nɔ afi si woyɔna be Nyɔnuwo Ƒe Xɔxɔnua lɔƒo. Enɔ anyi nɔ ame siwo va nɔ ga dem nudzɔɖakawo me la kpɔm. Ekpɔ gatɔ geɖe siwo va nɔ ga geɖe dem nudzɔɖakaawo me. Ðewohĩ enɔ anyi ɖe teƒe aɖe si na wònɔ ale si woƒe gakuawo nɔ kɔkɔm ɖe nudzɔɖakawo me la sem.

17. Nu kae ahosi dahe si ŋu woƒo nu tsoe le Marko 12:42 la wɔ?

17 Xlẽ Marko 12:42. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, Yesu kpɔ nyɔnu aɖe. Enye “ahosi dahe” aɖe. (Luka 21:2) Agbea mele bɔbɔe nɛ o, eye esesẽ be wòakpɔ eƒe nuhiahiã veviwo. Ke hã, ete ɖe aɖakaa dometɔ ɖeka ŋu eye wòwɔ ɖɔɖɔɖɔ tsɔ gaku sue eve de eme, eye ɖewohĩ etɔa meɖi kura gɔ̃ hã o. Yesu nya nu si wòdzɔ de eme, lepta gaku eve, siwo nye gaku suetɔ kekeake ɣemaɣi. Ga ma mate ŋu aƒle atsutsrɔe, si nye xevi siwo ƒe asi bɔbɔ wu ɣemaɣi dometɔ ɖeka gɔ̃ hã o.

18. Le Marko 12:43, 44 ƒe nya nua, nya kae Yesu gblɔ tso ahosia ƒe nudzɔdzɔa ŋu?

18 Xlẽ Marko 12:43, 44. Ahosia ƒe nu wɔ dɔ ɖe Yesu dzi ŋutɔ. Eya ta eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo, he woƒe susu yi ahosia dzi, eye wògblɔ na wo be: ‘Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu ame bubuawo katã.’ Eɖe eme na wo be: “Wo katã [vevietɔ kesinɔtɔawo tsɔ] woƒe nu gbogboawo ƒe ɖe ko va de eme, ke eya tso eƒe ahedada me tsɔ nu siwo katã le esi, si nu wòanɔ agbe ɖo la, de eme.” Esi ahosi wɔnuteƒe sia dzɔ ga si susɔ ɖe esi gbe ma gbea, enɔ ŋu ɖom ɖe Yehowa ŋu be wòalé be na ye.—Ps. 26:3.

Abe Yesu enea, kafu ame siwo le wo tɔ sinua wɔm na Yehowa (Kpɔ memama 19-20 lia) *

19. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Yesu gblɔ tso ahosi dahea ŋu la me?

19 Wɔ ɖe nu si nèxlẽa dzi. Bia ɖokuiwò be, ‘Nu kae mate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Yesu gblɔ tso ahosi dahea ŋu la me?’ Bu ahosia ŋu. Ðikeke mele eme o be adi be yeadzɔ ga geɖe na Yehowa hafi. Ke hã, edzɔ nu si wòate ŋui; edzɔ eƒe nu nyuitɔ na Yehowa. Eye Yesu nyae be ahosia ƒe nudzɔdzɔa xɔ asi na ye Fofo. Nu vevi si míesrɔ̃ tso eme ye nye esi: Ne míewɔ míaƒe ŋutete katã tsɔ míaƒe nu nyuitɔ na Yehowa tso dzi blibo mea, míaƒe nu dzea eŋu. (Mat. 22:37; Kol. 3:23) Dzi dzɔa Yehowa ne ekpɔe be míele míaƒe ŋutete katã wɔm! Ne míewɔa míaƒe ŋutete katã zãa míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ, le kpɔɖeŋu me, tsɔ dea kpekpeawo kple gbeadzia, míaƒe nu dzea Yehowa ŋu.

20. Aleke nàte ŋu awɔ ɖe nu siwo nèsrɔ̃ tso ahosia gbɔ la dzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

20 Aleke nàte ŋu awɔ nu siwo nèxlẽ tso ahosia ŋu la ŋu dɔ? Bu nɔvi siwo ne èɖo ŋku edzi na wo be woƒe agbagbadzedzewo dzea Yehowa ŋua wòade dzi ƒo na wo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèɖo ŋku nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si ɖewohĩ esena le eɖokui me be viɖe megale ye ŋu o, le esi megate ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o, le eƒe lãmesẽnyawo ta dzia? Alo ɖe nènya nɔviŋutsu aɖe si nye dɔnɔ, eye dzi ɖe le eƒo le esi megatea ŋu dea kpekpeawo katã le Fiaɖuƒe Akpataa me o taa? Kpe ɖe ame siawo ŋu, nàgblɔ ‘nya siwo nyo siwo atu wo ɖo.’ (Ef. 4:29) Gblɔ nu siwo nèsrɔ̃ tso ahosia gbɔ siwo ade dzi ƒo na woa na wo. Dzideƒonya siwo nàgblɔ na wo ana woaka ɖe edzi be míaƒe nu dzea Yehowa ŋu ne míewɔ míaƒe ŋutete katã nɛ. (Lod. 15:23; 1 Tes. 5:11) Ne èkafua ame siwo wɔa wo tɔ sinua na Yehowa aleke kee wòɖale sue o la, ke èle Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome dzem pɛpɛpɛ.

21. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

21 Edzɔa dzi na mí be Nyanyuigbalẽawo gblɔ nu geɖe tso Yesu ŋu na mí ale be míate ŋu asrɔ̃e, eye míadze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ! Ðe manyo be miadzro Nyanyuigbalẽawo me le Ƒometadedeagu wɔɣi alo le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me oa? Mina míaɖo ŋku edzi be, hafi nusɔsrɔ̃a nate ŋu aɖe vi na mí bliboea, ele be míakpɔ nudzɔdzɔawo le susu me eye míawɔ ɖe nu siwo míesrɔ̃a dzi. Azɔ hã, menye ɖeko míasrɔ̃ Yesu ko evɔ o, ke ele be míawɔ ɖe nya siwo wògblɔ hã dzi. Le nyati si kplɔ esia ɖo mea, míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nya mamlɛ siwo Yesu gblɔ esime wònɔ anyigba dzi la me.

HADZIDZI 15 Mikafu Yehowa Ƒe Ŋgɔgbevi La!

^ mm. 5 Ele be Kristotɔ vavãwo ‘nadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.’ ‘Afɔɖoƒe’ alo kpɔɖeŋu kawoe Yesu gblẽ ɖi na mí? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le nyati sia me. Azɔ hã, míadzro nu si tae wòle be míadze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ kple ale si míawɔe la me.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esime nɔvinyɔnu aɖe de ŋugble le nya siwo Yesu gblɔ tso ahosi dahea ŋu vɔa, ele nɔvinyɔnu tsitsi aɖe kafum ɖe ale si wòle eƒe ŋutete katã wɔm le Yehowa subɔsubɔ me ta.