Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae esi wòsusɔ vie Yesu nakua wòyɔ nya siwo David gblɔ le Psalmo 22:1 la?

Nya siwo Yesu gblɔ hafi kua dometɔ aɖewo dze le Mateo 27:46, afi si gblɔ be: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?” Esi Yesu gblɔ nya siawoa, ena nya siwo hakpala David gblɔ le Psalmo 22:1 la va eme. (Marko 15:34) Masɔ be míaƒo nya ta be Yesu gblɔ nya siawo le esi dzi ɖe le eƒo alo eƒe xɔse gbɔdzɔ le gaƒoƒo ma me ta o. Yesu se susu si ta wòle be wòaku la gɔme nyuie eye elɔ̃ faa be yeaku. (Mat. 16:21; 20:28) Azɔ hã, enyae be le yeƒe kuɣia, ava hiã be Yehowa naɖe eƒe ametakpɔkpɔ ɖa le ye dzi. (Hiob 1:10) Eya ta, Yehowa ɖe mɔ be Yesu nato nɔnɔme siawo me atsɔ aɖee afia be yeayi edzi awɔ nuteƒe va se ɖe ku me, aleke kee nɔnɔmea ɖasesẽ o.—Marko 14:35, 36.

Ke nu ka tae Yesu gblɔ psalmo sia me nyawo? Togbɔ be míate ŋu agblɔe kã o hã la, na míakpɔ susu vovovo aɖewo ɖa. *

Ðe Yesu ƒe nyawo le gbe tem ɖe edzi be Yehowa makpe ɖe eŋu le eƒe kuɣi oa? Ele be Yesu ŋutɔ naxe tafea Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee. Yesu nye amegbetɔ, eya ta ele be wòaku ale be “wòaɖɔ ku kpɔ ɖe amewo katã ta.”—Heb. 2:9.

Esi Yesu yɔ nya tso psalmo ma ƒe akpa aɖea, ɖe wònɔ susu hem yi psalmo ma me nyawo katã dzia? Enye nu si bɔ ɣemaɣi be Yudatɔwo nalé psalmowo me nyawo ɖe susu me. Ne wohe susu yi psalmowo ƒe akpa aɖe dzia, woate ŋu aɖo ŋku psalmo ma me nya ƒe akpa susɔeawo dzi. Ne esiae nɔ susu me na Yesu la, ke anya nɔ kpekpem ɖe Yudatɔwo ŋu be woaɖo ŋku nyagblɔɖi gbogbo siwo le psalmo ma me kple nu siwo dzɔ le eƒe kuɣia dzi. (Ps. 22:7, 8, 15, 16, 18, 24) Azɔ hã, psalmo ma ƒe kpukpui mamlɛawo kafu Yehowa eye woɖɔe be eyae nye fia Gãtɔ ɖe anyigba bliboa dzi.—Ps. 22:27-31.

Esi Yesu yɔ David ƒe nyawo la, ɖe wònɔ gbɔgblɔm be yemeɖi fɔ oa? Hafi Yesu nakua, wodrɔ̃ ʋɔnui madzemadzee, eye wotso enu be egblɔ busunya. (Mat. 26:65, 66) Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpe ta le zã me enumake eye wodrɔ̃ ʋɔnui, evɔ mele se nu be woawɔe nenema o. (Mat. 26:59; Marko 14:56-59) Esi Yesu bia nya maa, anya nɔ susu hem yi edzi be yemewɔ naneke si ta woahe to na ye o.

Togbɔ be Yehowa ɖe mɔ be David, ame si nye psalmo sia ŋlɔla, kpe fu hã la, mefia be Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. Ðe wòanye be Yesu le ŋku ɖom esia dzi na amewoa? David ƒe nya mawo mefia be xɔse mele esi o. Esi wòbia nya ma vɔ megbea, eɖee fia be yeka ɖe edzi be Yehowa axɔ na eƒe amewo, eye Yehowa yi edzi yrae. (Ps. 22:23, 24, 27) Nenema kee togbɔ be Yesu, “David Vi la,” kpe fu le fuwɔameti ŋu hãa, esia mefia be eƒe nu megadze Yehowa ŋu o.—Mat. 21:9.

Ðe nya ma fia be Yesu le ale si wòle veve semee le esi Yehowa ɖe eƒe ametakpɔkpɔ ɖa le edzi be woado eƒe nuteƒewɔwɔ akpɔ bliboe la gblɔmaa? Yehowa meɖo tame le gɔmedzedzea me be ye Via nakpe fu eye wòaku o. Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖoae na esia va hiã. Yesu medze agɔ aɖeke o, gake ehiã be wòakpe fu aku ale be woaɖo nya si Satana fɔ ɖe tea ŋu, eye wòaxe tafea ale be woagbugbɔ aƒle nu si amegbetɔwo bu la. (Marko 8:31; 1 Pet. 2:21-24) Be woate ŋu axe tafe maa, ele be Yehowa naɖe eƒe ametakpɔkpɔ ɖa le Yesu dzi vie, eye emae nye zi gbãtɔ si Yehowa ɖe eƒe ametakpɔkpɔ ɖa le Yesu dzi.

Ðe Yesu ƒe nyawo fia be edi be ye yomedzelawo nabu nu si tae Yehowa ɖe mɔ be yeaku le mɔ sia tɔgbi nu la ŋua? * Yesu nya be ale si yeaku abe nu vlo wɔla enea, aɖia ame geɖe nu. (1 Kor. 1:23) Ne eyomedzelawo tsɔ susu ɖo susu vevi si ta wòva ku ɖo ŋua, woase egɔme. (Gal. 3:13, 14) Esia awɔe be woava kpɔe be eyae nye Ðela la, ke menye nu vlo wɔla o.

Susu ka ke tae Yesu ɖayɔ psalmo sia me nyawo o, enyae be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm yele. Esi Yesu yɔ psalmo sia me nyawo vɔ megbe kpuiea, egblɔ be: “Wowu enu!” (Yoh. 19:30; Luka 22:37) Esi Yehowa ɖe eƒe ametakpɔkpɔ ɖa le Yesu dzi viea, ewɔe be Yesu te ŋu wu dɔ siwo katã ta wodɔe ɖe anyigba dzi ɖoa nu bliboe. Azɔ hã, esia wɔe be nu siwo katã woŋlɔ ɖi tso eŋu le “Mose ƒe Sea kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo kpakple Psalmowo me” la va eme ɖe edzi.—Luka 24:44.

^ mm. 2 Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Nya Mamlɛ Siwo Yesu Gblɔ Me,” si dze le tata sia me, memama 9 kple 10 lia.

^ mm. 4 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣia, egblɔ nya aɖewo alo bia nya aɖewo ɣeaɖewoɣi, menye kple susu be yeatsɔ aɖe yeƒe seselelãmewo afia o. Ke boŋ kple susu be yeatsɔ anya ye yomedzelawo ƒe susu le nanewo ŋu.—Marko 7:24-27; Yoh. 6:1-5; kpɔ October 15, 2010 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 4-5.