Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 18

Ale Si Nàwɔ Aɖo Taɖodzinuwo Aɖo Wo Gbɔ

Ale Si Nàwɔ Aɖo Taɖodzinuwo Aɖo Wo Gbɔ

“De ŋugble le nu siawo ŋu; lé fɔ ɖe wo ŋu, ale be wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.”—1 TIM. 4:15.

HADZIDZI 84 Míawɔ Geɖe

NYA VEVIAWO *

1. Taɖodzinu kawoe míate ŋu aɖo na mía ɖokuiwo le Yehowa subɔsubɔ me?

 MÍ KRISTOTƆ vavãwo míelɔ̃ Yehowa vevie ŋutɔ. Míedi be míawɔ míaƒe ŋutete katã le esubɔsubɔ me. Gake hafi míate ŋu awɔ esia bliboe la, ehiã be míaɖo taɖodzinu aɖewo na mía ɖokuiwo. Taɖodzinu abe esiwo gbɔna ene: Míatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖo, míasrɔ̃ aɖaŋudɔ aɖewo alo míadi mɔnu vovovowo akpe ɖe mía nɔviwo ŋu. *

2. Nu ka tae wòle be míaɖo taɖodzinuwo na mía ɖokuiwo, eye míadze agbagba aɖo wo gbɔ?

2 Nu ka tae wòle be míadi vevie be míayi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me? Susu vevitɔe nye be míedi be míaƒe nu nadze mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ŋu. Edzɔa dzi na Yehowa ne ekpɔe be míele míaƒe ŋutete zãm bliboe le eyama subɔsubɔ me. Azɔ hã, míedi be míayi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me ale be míagate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu geɖe wu. (1 Tes. 4:9, 10) Ɣeyiɣi didi ka kee míeɖale Yehowa subɔm o, mí katã míagate ŋu ayi ŋgɔ. Na míakpɔ ale si míate ŋu awɔ esiae ɖa.

3. Le 1 Timoteo 4:12-16 ƒe nya nua, nu kae apostolo Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòawɔ?

3 Togbɔ be ɖekakpui koe Timoteo nye hafi apostolo Paulo ŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ nɛ hãa, ɣemaɣia Timoteo nye hamemetsitsi xoxo. Ke hã Paulo de dzi ƒo nɛ be wòagayi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me. (Xlẽ 1 Timoteo 4:12-16.) Ne ède ŋugble le nya siwo Paulo gblɔ na Timoteo ŋu la, àde dzesii be edi be Timoteo nayi ŋgɔ le go eve aɖewo me. Gbãtɔe nye be wòatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo abe lɔlɔ̃, xɔse kple dzadzɛnɔnɔ ene ɖo. Eye evelia, wòagana eƒe dutoƒonuxexlẽ, nuxɔxlɔ̃, kple nufiafiaɖaŋu naganyo ɖe edzi. Míadzro Timoteo ƒe kpɔɖeŋua me akpɔ ale si taɖodzinuwo ɖoɖo na mía ɖokuiwo akpe ɖe mía ŋu míaƒe subɔsubɔ naganyo ɖe edzi. Azɔ hã, míakpɔ mɔ siwo dzi míate ŋu ato awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me.

TU KRISTOTƆWO ƑE NƆNƆMEWO ÐO

4. Le Filipitɔwo 2:19-22 ƒe nya nua, nu kae na Timoteo va nye Yehowa subɔla nyui?

4 Nu kae na Timoteo va zu Yehowa subɔla nyui? Kristotɔwo ƒe nɔnɔme ɖedzesi siwo nɔ esi lae. (Xlẽ Filipitɔwo 2:19-22.) Le nya siwo Paulo gblɔ tso Timoteo ŋu mea, míede dzesii be Timoteo bɔbɔa eɖokui, ewɔa nuteƒe, edoa vevie nu, eye wònye ame si dzi woate ŋu aka ɖo. Azɔ hã, elɔ̃ nɔviawo vevie eye wòtsɔ ɖe le eme na wo. Esia wɔe be Paulo lɔ̃ Timoteo vevie eye wòtsɔ dɔ sesẽ aɖewo gɔ̃ hã de esi. (1 Kor. 4:17) Nenema kee ne míetu Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖoa, Yehowa alɔ̃ mí, eye míagate ŋu awɔ geɖe le hamea me.—Ps. 25:9; 138:6.

Tia Kristotɔwo ƒe nɔnɔme aɖe si nàdi be yeagatu ɖo geɖe wu (Kpɔ memama 5-6 lia)

5. (a) Aleke nàwɔ anya Kristotɔwo ƒe nɔnɔme si wòhiã be nàtu ɖo? (b) Abe ale si wòdze le fotoa me enea, nu ŋutɔŋutɔ ka wɔmee nɔvinyɔnu ɖetugbuia le be yeagase veve ɖe ame nu geɖe wu?

5 Tia nɔnɔme aɖe koŋ si nàdi be yeatu ɖo. Do gbe ɖa nàdzro ɖokuiwò me be nàde dzesi wò amenyenye ƒe akpa siwo wòhiã be nàtrɔ asi le. Tia Kristotɔwo ƒe nɔnɔme aɖe koŋ si nàdi be yeagaɖe fia geɖe wu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ èdi be yeagase veve ɖe amewo nu alo akpe ɖe nɔviwo ŋu geɖe wu. Alo ɖewohĩ èdi be yeanye ŋutifafawɔla alo atsɔ ake amewo geɖe wu. Be nàte ŋu awɔ esia, ɖewohĩ àte ŋu abia xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo be wòakpe ɖe ŋuwò nàde dzesi akpa siwo ŋu wòhiã be nàtrɔ asi le.—Lod. 27:6.

6. Nu kawoe nàwɔ be nàte ŋu atu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme aɖe ɖo?

6 Wɔ nu siwo ana nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. Aleke nàwɔe? Gbãa, anyo be nàsrɔ̃ nu tso nɔnɔme nyui si nèdi be yeatu ɖo la ŋu. Tsɔe be èdi be yeatsɔ vodada ake geɖe wu. Anyo be nàsrɔ̃ nu tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo lɔ̃ faa tsɔ amewo ƒe vodada ke wo, kple ame siwo mewɔe nenema o la ŋu. Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Etsɔ ke amewo faa. (Luka 7:47, 48) Azɔ hã, etsɔ susu ɖo amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, ke menye woƒe vodadawo ŋu o. Gake Farisitɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ‘mebua ame bubuwo ɖe ɖeke me o.’ (Luka 18:9) Esi nède ŋugble le kpɔɖeŋu siawo ŋu vɔa, àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Nu kae medea dzesi le amewo ŋu? Woƒe nɔnɔme kawo ŋue metsɔa susu ɖona?’ Ne ele sesẽm na wò be nàtsɔ ame aɖe ƒe vodada akee la, dze agbagba nàŋlɔ nɔnɔme nyui siwo le esi la ɖi. Eyome bia ɖokuiwò be: ‘Aleke Yesu bua ame siae? Ðe Yesu atsɔe akeea?’ Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míaɖɔ míaƒe nuŋububu ɖo. Ðewohĩ le gɔmedzedzea mea, manɔ bɔbɔe be míatsɔ ake ya o. Gake ne míeku kutri vevie wɔ nu siwo ana míatu nɔnɔme nyui sia ɖoa, eteƒe madidi o, anɔ bɔbɔe na mí be míatsɔ ake amewo.

SRƆ̃ AÐAŊUDƆ VEVI AÐEWO

Tsɔ ɖokuiwò na nàsrɔ̃ ale si nàlé be na miaƒe Fiaɖuƒe Akpataa (Kpɔ memama 7 lia) *

7. Le Lododowo 22:29 ƒe nya nua, aleke Yehowa zãa ame siwo bi ɖe aɖaŋudɔwo me egbea?

7 Taɖodzinu bubu si nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò ye nye be nàsrɔ̃ aɖaŋudɔ aɖe. Bu dɔwɔla siwo gbegbe hiã be míatu alɔdzedɔwɔƒewo, Takpexɔwo, kple Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu kpɔ. Nɔvi geɖe srɔ̃ asinudɔ aɖewo esi wowɔ dɔ kple nɔvi siwo nya dɔ mawo. Abe ale si wòdze le fotoa me enea, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo siaa le aɖaŋudɔ siwo hiã be woate ŋu alé be na Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo la srɔ̃m. Yehowa Mawu, Ame si nye “Fia mavɔmavɔtɔ,” kple Kristo Yesu, si nye “fiawo katã ƒe Fia” la to nɔvi siawo dzi le nu klitsuwo wɔm. (1 Tim. 1:17; 6:15; xlẽ Lododowo 22:29.) Míedi be míawɔ dɔ sesĩe azã aɖaŋudɔ siwo míenya atsɔ akafu Yehowa, ke menye mía ɖokuiwo o.—Yoh. 8:54.

8. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nuƒoƒo alo nufiafiaɖaŋu si wòhiã be nàtu ɖo?

8 Ðo taɖodzinu aɖe koŋ na ɖokuiwò. Nu ka mee nàdi be yeabi ɖo? Bia miaƒe hamemetsitsiwo alo ɖewohĩ nutome sue dzikpɔla be woagblɔ nu si wosusu be nàte ŋu asrɔ̃ la na wò. Tsɔe be wodoe ɖa be nàna wò nuƒoƒo kple nufiafia naganyo ɖe edzi. Ne nenemae la, bia wo be nuƒoƒo ƒe nudidi ka ŋue wòhiã be yeawɔ dɔ tsoe hã. Eyome wɔ nu ŋutɔŋutɔ siwo ana nàgabi ɖe nuƒoƒo ƒe nudidi ma me. Aleke nàte ŋu awɔ esia?

9. Nu kae nàte ŋu awɔ be wò nufiafiaɖaŋu naganyo ɖe edzi?

9 Wɔ nu siwo ana nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. Tsɔe be èdi be yeana wò nufiafiaɖaŋu naganyo ɖe edzi. Ke àte ŋu asrɔ̃ Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia gbalẽ gbadzaa nyuie. Ne wode dɔ asi na wò le kwasiɖa dome kpekpea mea, àte ŋu atiae be yeawɔe afia nɔviŋutsu aɖe si bi do ŋgɔ be wòaɖo aɖaŋu aɖewo na ye. Dzra ɖo ɖe wò dɔdeasiwo ŋu nyuie do ŋgɔ, eye esia awɔe be woade dzesii be èdoa vevie nu eye woaka ɖe dziwò.—Lod. 21:5; 2 Kor. 8:22.

10. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagabi ɖe nuƒoƒo ƒe ŋutete si meɖena na mí o me? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

10 Tsɔe be taɖodzinu si gbɔ nèdi be yeaɖo la meɖena na wò tututu o. Nu kae nàte ŋu awɔ? Mègana ta o! Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Garry mete ŋu xlẽa nu nyuie o. Egblɔ be gbe ɖeka esi wokpe ye be yeaxlẽ nu le hame ƒe kpekpe aɖe mea, ŋu kpe ye ŋutɔ. Gake eku kutri vevie be yeana yeƒe nuxexlẽ naganyo ɖe edzi. Fifia, egblɔ be kpekpeɖeŋu si nɔviwo na ye, kple nu siwo yesrɔ̃ tso míaƒe agbalẽwo me la kpe ɖe ye ŋu be yetea ŋu ƒoa nuƒo le Fiaɖuƒe Akpataa me, takpekpe suewo kple gãwo siaa me!

11. Abe Timoteo enea, nu kae agate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me?

11 Ðe Timoteo va nye nuƒola alo nufiala bibia? Biblia megblɔe o. Gake ɖikeke mele eme o be esi Timoteo wɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo nɛ dzia, ete ŋu wɔ dɔ siwo wode esi la nyuie wu. (2 Tim. 3:10) Nenema kee ne míawo hã míedze agbagba na ŋutete siwo le mía si nyo ɖe edzi la, míasu te awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.

DI MƆ SIWO DZI NÀTE ŊU ATO AKPE ÐE NƆVIWO ŊU

12. Aleke nɔvi bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu ɖe vi na wòe?

12 Subɔsubɔdɔ siwo mía nɔviwo wɔna la ɖea vi na mí katã. Ne míele kɔdzia, edzɔa dzi na mí ne hamemetsitsi siwo le Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo alo Dɔnɔsrãkpɔhawo me va srã mí kpɔ. Eye ne míele nɔnɔme sesẽ aɖe me tom eye hamemetsitsi lɔ̃ame aɖe kpɔ vovo ɖe mía ŋu, ɖo to mí, eye wòfa akɔ na mí la, edzɔa dzi na mí. Azɔ hã ne míehiã kpekpeɖeŋu be míasrɔ̃ nu kple nusrɔ̃vi aɖe eye mɔɖela bibi aɖe lɔ̃ kplɔ mí yi nusrɔ̃via gbɔ eye wòɖo aɖaŋu aɖewo na mía, edzɔa dzi na mí. Edzɔa dzi na nɔvi siawo be yewoakpe ɖe mía ŋu. Míawo hã míakpɔ dzidzɔ ne míekpe ɖe mía nɔviwo ŋu. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔw. 20:35) Ne èdi be yeagakeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu le mɔ siawo alo le mɔ bubuwo nua, nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàɖo taɖodzinu ma gbɔ?

13. Ne èle taɖodzinu aɖe ɖom la, nu ka dzie wòle be nàɖo ŋkui?

13 Mègaɖo taɖodzinu gbadzaa ko o. Le kpɔɖeŋu me, mègagblɔ be, ‘Medi be mawɔ geɖe le hamea me’ ko evɔ o. Elabe ne èwɔe nenemaa, asesẽ be nàɖo taɖodzinu ma gbɔ, eye mànya ne ète ŋu ɖo egbɔ o. Eya ta nyuitɔe nye be nàɖo taɖodzinu aɖe koŋ na ɖokuiwò. Àte ŋu aŋlɔ taɖodzinua kple ale si nàwɔ aɖo egbɔ la ɖi.

14. Nu ka tae wòle be míada asɔ ne míele taɖodzinuwo ɖom?

14 Ele be míada asɔ ne míele taɖodzinuwo ɖom. Nu ka tae? Elabe nɔnɔmeawo tea ŋu trɔna. Le kpɔɖeŋu me, ɖeko apostolo Paulo kpe asi ɖe eŋu woɖo hame yeye le Tesalonika koe nye ema. Eye ɖikeke mele eme o be eɖoe be yeayi edzi anɔ afi ma akpe ɖe Kristotɔ yeyeawo ŋu. Gake tsitretsiɖeŋulawo ƒe nuwɔnawo va wɔe be eva hiã be Paulo nadzo le dua me. (Dɔw. 17:1-5, 10) Ne ɖe Paulo yi edzi nɔ afi ma la, anye ne ede nɔviawo ƒe agbe afɔku me. Gake Paulo medzudzɔ kpekpe ɖe nɔviawo ŋu o. Ke boŋ etrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Ɣeyiɣi aɖe megbea, edɔ Timoteo ɖe nɔviawo gbɔ be wòado ŋusẽ woƒe xɔse. (1 Tes. 3:1-3) Ðikeke mele eme o be nɔvi siwo le Tesalonika kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Timoteo lɔ̃ faa tsɔ eɖokui na be yeava kpe ɖe yewo ŋu!

15. Aleke nɔnɔme siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o ate ŋu atrɔ míaƒe taɖodzinu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

15 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe Paulo dzi le Tesalonika me. Ðewohĩ míate ŋu anɔ kutri kum be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe nasu mía si, gake nɔnɔme aɖewo nawɔe be mava su mía si o. (Nyagb. 9:11) Ne aleae wòle le gowòmea, àte ŋu aɖo taɖodzinu bubu si gbɔ nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò. Esia tututue atsu kple asi aɖe siwo ŋkɔe nye Ted kple Hiedi wɔ. Lãmegbegblẽ aɖe wɔe be eva hiã be woadzo le Betel. Gake lɔlɔ̃ si le wo si na Yehowa wɔe be wodi mɔ bubu siwo dzi woato akeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Gbãa, wowɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Emegbe woɖo wo mɔɖela veviwo, eye wona hehe Ted wòva nye nutome sue dzikpɔla teƒenɔla. Emegbe mɔfiamea va be nutome sue dzikpɔlawo magate ŋu asubɔ ne woxɔ ƒe aɖe o. Eya ta Ted kple srɔ̃a va kpɔe be yewotsi; yewomagate ŋu awɔ subɔsubɔdɔ sia o. Esia te ɖe wo dzi. Gake wokpɔe be yewoate ŋu asubɔ Yehowa le mɔ bubuwo nu. Ted gblɔ be, “Míesrɔ̃e be mele be míatsɔ susu aɖo subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ɖeka aɖe ko ŋu o.”

16. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Galatiatɔwo 6:4?

16 Nanewo ate ŋu adzɔ le míaƒe agbe me siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o. Eya ta, mele be míasusui be míaƒe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo tae míele vevie na Yehowa o, eye mele be míatsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple ame siwo si subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo le la o. Hiedi gblɔ be, “Ne ètsɔ ɖokuiwò le sɔsɔm kple ame bubuwoa, màkpɔ dzidzɔ o.” (Xlẽ Galatiatɔwo 6:4.) Nu vevitɔe nye be míadi mɔ bubu siwo dzi míate ŋu ato akpe ɖe amewo ŋu. *

17. Nu ŋutɔŋutɔ kawoe nàte ŋu awɔ be nàdze na subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe?

17 Àte ŋu awɔ geɖe na Yehowa ne ènɔa agbe tsɛ eye nèƒoa asa na nu siwo ana nànyi fe. Ðo taɖodzinu suesuesue siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo taɖodzinu gãwo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne wò taɖodzinue nye be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, ɖe nàte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa tsia ɖe enu fifia? Ne wò taɖodzinue nye be yeava nye subɔsubɔdɔwɔlaa, ɖe nàte ŋu azã ɣeyiɣi geɖe le gbeadzi eye nàsrã nɔvi tsitsiwo kple nɔvi siwo dze dɔ le miaƒe hamea me la kpɔa? Nu siwo nàsrɔ̃ ne ète nu siawo kpɔa ate ŋu awɔe be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe nava su asiwò. Eya ta dɔ ka kee wode asiwò o, ɖoe kplikpaa be yeawɔ yeƒe ŋutete katã.—Rom. 12:11.

Ðo taɖodzinu aɖe si gbɔ nàte ŋu aɖo (Kpɔ memama 18 lia) *

18. Nu kae míesrɔ̃ tso Nɔvinyɔnu Beverley gbɔ? (Kpɔ fotoa.)

18 Ne míetsi hãa, míate ŋu aɖo taɖodzinuwo aɖo wo gbɔ. Bu Nɔvinyɔnu Beverley si xɔ ƒe 75 ŋu kpɔ. Lãmegbegblẽ wɔe be azɔli mele eŋu o. Gake edi vevie be yeakpe amewo na Ŋkuɖodzia. Eya ta eɖo taɖodzinu aɖewo koŋ na eɖokui. Esi wòɖo taɖodzinuawo gbɔa, ekpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Eƒe kutrikukua ʋã nɔvi bubuwo woawo hã wodi be yewoawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me. Yehowa dea asixɔxɔ dɔ siwo mía nɔvi tsitsiwo wɔnaa ŋu ne woƒe nɔnɔmewo meɖe mɔ be woawɔ geɖe o gɔ̃ hã.—Ps. 71:17, 18.

19. Taɖodzinu kawoe nàte ŋu aɖo?

19 Ðo taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo. Tu nɔnɔme siwo ana wò nu nadze Yehowa ŋu la ɖo. Srɔ̃ nu siwo ana nàwɔ geɖe na Mawu kple eƒe habɔbɔa. Di mɔ siwo dzi nàte ŋu ato akpe ɖe nɔviwo ŋu geɖe wu. * Ne èwɔe alea, abe Timoteo enea, Yehowa ayra wò, eye ‘wò ŋgɔgbedede adze ƒãa na amewo katã.’—1 Tim. 4:15.

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

^ mm. 5 Timoteo nye gbeƒãɖela bibi. Ke hã, apostolo Paulo de dzi ƒo nɛ be wòagawɔ geɖe wu na Yehowa. Esi Timoteo wɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzia, Yehowa zãe geɖe, eye wòte ŋu kpe ɖe nɔviawo ŋu geɖe wu. Abe Timoteo enea, ɖe wò hã nèdi vevie be yeawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me eye yeasubɔ nɔviawo geɖe wua? Ðikeke mele eme o be èdii nenema. Ke taɖodzinu kawoe akpe ɖe ŋuwò nàte ŋu awɔ esia? Eye nu kae nàte ŋu awɔ be nàɖo taɖodzinu mawo aɖo wo gbɔ?

^ mm. 1 NYAMEÐEÐE: Taɖodzinuwo ɖoɖo le Yehowa subɔsubɔ me fia be míaku kutri vevie awɔ nu siwo ana míawɔ geɖe na Yehowa eye míana wòakpɔ dzidzɔ.

^ mm. 16 Kpɔ Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa ƒe ta 10, memama 6-9 lia, si ƒe tanyae nye “Subɔsubɔ Le Afi Si Gbeƒãɖela Geɖe Wu Hiã Le.”

^ mm. 19 Kpɔ agbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! ƒe nusɔsrɔ̃ 60 lia si ƒe tanyae nye “Yi Edzi Nàna Wò Kple Yehowa Dome Nanɔ Kplikplikpli.”

^ mm. 63 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖe le hehe nam nɔvinyɔnu eve tso ale si woalé be na Fiaɖuƒe Akpataa ŋu, eye wole hehe si woxɔa zãm.

^ mm. 65 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔvinyɔnu aɖe si tsi teƒe ɖeka le telefon zãm tsɔ le amewo kpem na Ŋkuɖodzia.