Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nya kae Biblia gblɔ tso atamkaka ŋu?

Woɖea atamkaka gɔme be enye “nya si wogblɔna tsɔna doa ŋugbe be woawɔ nane, eye zi geɖea, woyɔa Mawu ɖe eme be wòanye ɖasefo le nyaa ŋu.” Enyea nya si wogblɔ kple nu alo esi woŋlɔ ɖi.

Ame aɖewo asusu be menyo be woaka atam o le nya si Yesu gblɔ ta, be: “Migatà naneke [alo aka atam] o . . . Mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ɛ̃, eye miaƒe ‘Ao’ nanye ao, elabena nu si wu esiawo la, vɔ̃ɖitɔ la gbɔe wòtso.” (Mat. 5:33-37) Yesu nya be Mose Ƒe Sea bia be ame naka atam le nanewo me, eye mawusubɔla siwo nɔ anyi le blema ka atam. (1 Mose 14:22, 23; 2 Mose 22:10, 11) Enya be Yehowa ŋutɔ hã ka atam. (Heb. 6:13-17) Eya ta menye ɖe Yesu le gbɔgblɔm be mígaka atam gbeɖe o. Ke boŋ ɖe wònɔ nu xlɔ̃m mí be míagaka atam le nya maɖinyawo me, alo anɔ atam kam dzodzro o. Mawu bia tso mía si be míawɔ ɖe míaƒe nyawo dzi. Eya ta ele be míatsɔ nya siwo míegblɔna nya vevii.

Ke nu kae wòle be nàwɔ ne wobia tso asiwò be nàka atam? Gbãa, ele be nàka ɖe edzi be, yeate ŋu awɔ ɖe nya siwo gblɔ ge nàlaa dzi. Ne mènya ne àte ŋu awɔ ɖe edzi oa, ke anyo wu ne mèka atam la o. Mawu ƒe Nyaa xlɔ̃ nu mí be: “Ne mèɖe adzɔgbe o la, enyo wu be nàɖe adzɔgbe, gake màwɔ edzi o.” (Nyagb. 5:5) Eyome de ŋugble tso Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ku ɖe atamkanyawo ŋu, eye nàna wò dzitsinya nafia mɔ wò. Gɔmeɖose siawo dometɔ aɖewo ɖe?

Mawu da asi ɖe atamkaka aɖewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne Yehowa Ðasefowo le srɔ̃ ɖema, wokaa atam. Ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃a kaa atam le Mawu kple eteƒekpɔlawo ŋkume be yewoalɔ̃ yewo nɔewo, alé be na yewo nɔewo, eye yewoade bubu yewo nɔewo ŋu “zi ale si [yewo] ame evea [yewoanɔ] agbe.” (Atsu kple asi aɖewo megblɔa nya siawo tututu ne wole srɔ̃ ɖem o, gake wogblɔa nya aɖewo kokoko tsɔ kaa atam le Mawu ŋkume.) Ne wogblɔ nya siawo vɔa, wogblɔna be wozu atsu kple asi, eye wokpɔa mɔ be woƒe srɔ̃ɖeɖea nanɔ anyi ɖaa. (1 Mose 2:24; 1 Kor. 7:39) Ðoɖo sia sɔ, eye wòwɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.

Atamkaka aɖewo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Kristotɔ vavã maka atam be yeawɔ aʋa atsɔ aʋli yeƒe dukɔ ta alo aka atam be yeagbe nu le Mawu gbɔ o. Ne ewɔ esiaa, anye Mawu ƒe se dzi dada. Esi mí Kristotɔwo míenye “xexea ƒe akpa aɖeke o” taa, míate ŋu aƒo mía ɖokui ɖe xexea ƒe dunyahehewo kple aʋawɔwɔwo me o.—Yoh. 15:19; Yes. 2:4; Yak. 1:27.

Ame ŋutɔ ƒe dzitsinyae afia mɔe le atamkaka aɖewo me. Ɣeaɖewoɣia, anyo be míade ŋugble le nya si Yesu gblɔ be, “mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu” ŋu nyuie hafi atso nya me be míaka atam.—Luka 20:25.

Le kpɔɖeŋu me, mítsɔe be Kristotɔ aɖe le dukɔmevigbalẽ kpem ɖo alo di be yeaxɔ mɔzɔgbalẽ, eye wobia tso esi be wòaka atam be yeawɔ nuteƒe na dukɔa. Nenye be le dukɔ ma me atamakanya mawo afia be ele be wòawɔ nane si edze ƒãa be etsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋua, ekema eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehea maɖe mɔ nɛ wòaka atam ma o. Ke hã, dziɖuɖua ate ŋu aɖe mɔ nɛ be wòatrɔ asi le atamkanyawo ŋu le eƒe dzitsinya ta.

Ne amea trɔ asi le atamkanyawo ŋua, esia wɔ ɖeka kple gɔmeɖose si le Romatɔwo 13:1, si gblɔ be: “Ame sia ame nebɔbɔ eɖokui ɖe ŋusẽtɔwo te.” Eya ta Kristotɔ ate ŋu akpɔe be naneke megblẽ le eŋu be yeaka atam be yeawɔ nu si Mawu bia tso mía si be míawɔ la dzi o.

Ehiã be míawɔ míaƒe dzitsinya ŋu dɔ ne wobia tso mía si hã be míalé nane ɖe asi alo awɔ dzesi aɖe esime míele atam kam. Blema Romatɔwo kple Skitetɔwo léa woƒe yiwo ɖe asi hafi kaa atam wònyea woƒe aʋawɔmawu yɔyɔ atsɔ aɖo kpe edzi be amea awɔ nuteƒe. Helatɔwo hã doa asi ɖe dzi ne wole atam kam. Wotoa esia dzi ɖenɛ fiana be ŋusẽtɔ aɖe si amewo katã abu akɔnta na la le yewo kpɔm, eye wòle nya siwo gblɔm yewole la sem.

Ke hã, Yehowa subɔla malé dukɔa ƒe dzesi aɖeke si do ka kple alakpasubɔsubɔ ɖe asi atsɔ aka atam o. Ke ne wobia tso asiwò le ʋɔnudrɔ̃ƒe be nàda asi ɖe Biblia dzi atsɔ aka atam be yeato nyateƒe ya ɖe? Le go mawo mea, àte ŋu atiae be yeawɔe, elabe Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso mawusubɔla wɔnuteƒe siwo wɔ dzesi aɖewo esime wonɔ atam kam ŋu. (1 Mose 24:2, 3, 9; 47:29-31) Ele vevie be nàɖo ŋku edzi be, ne èwɔe alea, ke efia be èle atam kam le Mawu ŋkume be yeato nyateƒe. Eya ta anyo be nànɔ klalo be nàɖo nya sia nya si woabia wò la ŋu anukwaretɔe.

Esi ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome le vevie na mí taa, hafi míaka atam ɖe sia ɖea, anyo be míado ŋgɔ ado gbe ɖa ade ŋugble le eŋu aka ɖe edzi be ewɔ ɖeka kple Biblia me gɔmeɖosewo, eye maɖe fu na míaƒe dzitsinya o. Ne ètiae be yeaka atam la, ele be nàdze agbagba awɔ ɖe edzi.—1 Pet. 2:12.