Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 18

Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo Le Hame Ƒe Kpekpewo Me

Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo Le Hame Ƒe Kpekpewo Me

“Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, [eye] míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo.”—HEB. 10:24, 25.

HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo

NYA VEVIAWO a

1. Nu ka tae míeɖoa nya ŋu le kpekpeawo me?

 NU KA tae míedea hame ƒe kpekpewo? Susu vevitɔe nye be míakafu Yehowa. (Ps. 26:12; 111:1) Susu bubue nye be míade dzi ƒo na mía nɔewo le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. (1 Tes. 5:11) Ne míedo asi ɖe dzi ɖo nya ŋua, ewɔnɛ be míeɖoa taɖodzinu eve mawo gbɔ.

2. Mɔnukpɔkpɔ kawoe sua mía si be míaɖo nya ŋu le kpekpeawo me?

2 Kwasiɖa sia kwasiɖaa, mɔnukpɔkpɔ sua mía si be míaɖo nya ŋu le kpekpeawo me. Le kpɔɖeŋu me, le kpekpe si míewɔna le kwasiɖanuwuwu mea, míate ŋu aɖo nya ŋu le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me. Eye le kwasiɖa domedome kpekpea mea, míate ŋu aɖo nya ŋu le akpa siwo nye Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo, Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃, kple esiwo nye numedzodzro hã me.

3. Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míaɖo nya ŋu, eye aleke Hebritɔwo 10:24, 25 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

3 Mí katã míedi be míakafu Yehowa eye míade dzi ƒo na mía nɔvi Kristotɔwo. Gake ɖewohĩ míedoa go kuxi aɖewo ne míedi be míaɖo nya ŋu. Ate ŋu anye be míevɔ̃na be míaɖo nya ŋu; alo míedina vevie be míaɖo nya ŋu, evɔ womeyɔa mí edziedzi o. Nu kae akpe ɖe mía ŋu? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo me. Esi wònɔ nu ƒom tso ale si gbegbe wòle vevie be míakpe ɖekae ŋua, egblɔ be ele be míaƒe taɖodzinu nanye be ‘míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo.’ (Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.) Ne míeɖo ŋku edzi be nya kpui aɖe si míagblɔ tso dzi me ate ŋu ade dzi ƒo na amewo le kpekpea mea, esia aʋã mí be míaɖu vɔvɔ̃ dzi eye míalɔ̃ faa aɖo nya ŋu. Awɔe hã be ne womeyɔa mí edziedzi o hãa, dzi adzɔ mí be mɔnukpɔkpɔ sua ame bubuwo si le hamea me be woaɖo nya ŋu.—1 Pet. 3:8.

4. Nu etɔ̃ kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Le nyati sia mea, míadzro nu etɔ̃ me. Gbã, míakpɔ ale si míade dzi ƒo na mía nɔewo ne míele hame sue me eye nyaŋuɖolawo mede ha o. Evelia, míakpɔ ale si míate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔewo ne míele hame si lolo me eye nyaŋuɖolawo sɔ gbɔ. Etɔ̃lia, míakpɔ nu si míate ŋu awɔ be míana míaƒe nyawo nade dzi ƒo na amewo ne míele nya ŋu ɖom.

MIDE DZI ƑO NA MIA NƆEWO LE HAME SUEWO ME

5. Aleke míade dzi ƒo na amewo ne mímesɔ gbɔ le kpekpea me o?

5 Le ƒuƒoƒo alo hame suewo mea, nyaŋuɖolawo mesɔa gbɔ o. Ɣeaɖewoɣia, eva hiãna be nusɔsrɔ̃a dzi kpɔlaa nalala ʋuu hafi nɔvi aɖe nado asi ɖe dzi. Esia wɔnɛ be kpekpea tina ame ɣeaɖewoɣi eye medea dzi ƒo o. Nu kae nàte ŋu awɔ? Lɔ̃ faa be nàdo asi ɖe dzi enuenu aɖo nya ŋu. Esia ade dzi ƒo na ame bubuwo be woawo hã woaɖo nya ŋu edziedzi.

6-7. Ne èvɔ̃na be yeaɖo nya ŋua, nu kae nàte ŋu awɔ?

6 Ðe nèvɔ̃na be yeaɖo nya ŋua? Ne nenemaea, menye wò ɖekae o. Gake àte ŋu aɖu vɔvɔ̃ dzi eye nàɖo nya ŋu ale be nàde dzi ƒo na nɔviwo geɖe wu. Nu kae akpe ɖe ŋuwò?

7 Aɖaŋuɖoɖo siwo le dze le Gbetakpɔxɔ siwo do va yi me ate ŋu aɖe vi na wò. b Le kpɔɖeŋu me, ehiã be nàdzra ɖo nyuie. (Lod. 21:5) Ne èsrɔ̃ nu si me miava dzro le kpekpea eye nèse egɔme nyuiea, anɔ bɔbɔe na wò be nàɖo nya ŋu. Azɔ hã ehiã be nàna wò nyaŋuɖoɖoa nanɔ kpuie. (Lod. 15:23; 17:27) Ne nya si nàgblɔ le kpuiea, màtsi dzimaɖi fũu o. Ne wò nyaŋuɖoɖo le kpuie eye ɖewohĩ wònye nyagbe ɖeka alo eve pɛ koa, anɔ bɔbɔe be nɔviwo nase egɔme nyuie, tsɔ wu be wòadidi. Ne èɖo nya ŋu kpuie le wò ŋutɔ wò nyagbewo mea, àɖee afia be yedzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu nyuie eye yese egɔme.

8. Aleke Yehowa bua agbagba siwo nèdzena be yeaɖo nya ŋu?

8 Ke ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo mawo dzi, gake nègavɔ̃na kokoko, eye zi ɖeka eve aɖewo koe nèɖoa nya ŋu ya ɖe? Ka ɖe edzi be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo nèdzena be yeawɔ ye tɔ sinua ŋu. (Luka 21:1-4) Yehowa mebia tso asiwò be nàwɔ nu si gbɔ wò ŋutete ŋu o. (Flp. 4:5) De dzesi nu si nàte ŋu awɔ, ɖoe wò taɖodzinu be yeawɔe, eye nàdo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖe dzi ɖi awɔe. Gbãa, àte ŋu aɖoe wò taɖodzinu be yeaɖo nya ŋu zi ɖeka le kpekpea me eye yeana wòanɔ kpuie.

MIDE DZI ƑO NA MIA NƆEWO LE HAME SIWO LOLO ME

9. Kuxi kae tea ŋu doa mo ɖa le hame siwo lolo me?

9 Ame siwo le hame siwo me gbeƒãɖelawo sɔ gbɔ le doa go kuxi bubu kura. Nɔvi geɖe doa asi ɖe dzi be yewoaɖo nya ŋu, eya ta ate ŋu adzɔ be nàdo asi ɖe dzi zi geɖe gake womayɔ wò o. Bu Danielle ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Nyaŋuɖoɖo le kpekpea me dzɔa dzi nɛ. c Ebunɛ be enye yeƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe kple mɔ aɖe si dzi yeato ade dzi ƒo na amewo, eye ana yeagase Biblia ƒe nufiafiawo gɔme nyuie ahaxɔ wo dzi ase geɖe wu. Gake esi wòʋu yi hame si me amewo sɔ gbɔ le wu mea, womeyɔnɛ enuenu be wòaɖo nya ŋu o. Ɣeaɖewoɣia, womeyɔnɛ zi ɖeka gɔ̃ hã le kpekpe bliboa me o. Egblɔ be: “Ete ɖe dzinye ŋutɔ! Mesena le ɖokuinye me be ke ɖe woxɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe le asinye ene. Eye ne edzɔ enuenua, ewɔna nam abe ke ɖe woɖoe le ewɔm ene.”

10. Nu kawoe míate ŋu awɔ be mɔnukpɔkpɔ nasu mía si míaɖo nya ŋu?

10 Ðe nèsena le ɖokuiwò me abe Danielle enea? Ne nenemaea, ke ɖewohĩ dzi aɖe le ƒowò nàgblɔ be yeaɖo to ko eye yemagaɖo nya ŋu azɔ o. Gake le esi teƒe be nàna taa, nu kae nàte ŋu awɔ? Anyo be nàdzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo vovovowo ŋu hafi ade kpekpe ɖe sia ɖe. Esia awɔe be ne womeyɔ wò le gɔmedzedzea me o hãa, mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi be woayɔ wò emegbe. Ne èle dzadzram ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋua, bu ale si memama ɖe sia ɖe do ka kple nyatia ƒe tanyaa ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu aɖo nya ŋu le nusɔsrɔ̃a ƒe akpa sia akpa. Azɔ hã àte ŋu adzra ɖo be yeaɖo nya ŋu le memama siwo ƒo nu tso Biblia ƒe nufiafia goglowo ŋu me. (1 Kor. 2:10) Nu ka tae? Elabe ɖewohĩ ame ʋɛ aɖewo koe ado asi ɖe dzi le afi ma. Ke ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo dzi, gake nède dzesii be kwasiɖa aɖewoe nye esia womegayɔ ye kpɔ be yeaɖo nya ŋu o ya ɖe? Hafi kpekpea nadze egɔmea, àte ŋu ana nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla nanya memama si ƒe biabia ŋu nèdi be yeaɖo.

11. Nu kae Filipitɔwo 2:4 de dzi ƒo na mí be míawɔ?

11 Xlẽ Filipitɔwo 2:4. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòde dzi ƒo na Kristotɔwo be woadi ame bubuwo ƒe nyonyo. Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi le kpekpea me? Eyae nye be míaɖo ŋku edzi be ame bubuwo hã di be yewoaɖo nya ŋu, abe ale si míawo hã míedii ene.

Ale si ko nàɖe mɔ be ame bubuwo nade nu dzeɖoɖo mea, nenema kee wòle be nàɖe mɔ be ame bubuwo hã nate ŋu aɖo nya ŋu le kpekpeawo me (Kpɔ memama 12 lia)

12. Mɔ vevi ka dzie nàte ŋu ato ade dzi ƒo na amewo le kpekpeawo? (Kpɔ fotoa.)

12 Bu eŋu kpɔ: Ne wò kple xɔ̃wòwo miele dze ɖomaa, wò ɖeka koe anɔ nu ƒom tẽea? Ao. Ke boŋ àna mɔnukpɔkpɔa woawo hã be woaƒo nu. Nenema kee le kpekpeawo mea, míedina be ame geɖe ale si wòanya wɔe naɖo nya ŋu. Le nyateƒe mea, mɔ vevi aɖe si dzi nàto ade dzi ƒo na nɔviwò Kristotɔwoe nye be nàna mɔnukpɔkpɔa wo be woaɖo nya ŋu. (1 Kor. 10:24) Aleke nàte ŋu awɔ esia?

13. Nu kawoe míate ŋu awɔ be mɔnukpɔkpɔ nasu ame geɖe si be woaɖo nya ŋu? (Kpɔ fotoa.)

13 Mɔ ɖekae nye be nàna wò nyaŋuɖoɖowo nanɔ kpuie. Esia ana mɔnukpɔkpɔ ame bubuwo be woawo hã woaɖo nya ŋu. Hamemetsitsiwo kple gbeƒãɖela bibiwo ate ŋu aɖo kpɔɖeŋu le esia me. Ne wò nyaŋuɖoɖoa le kpuie hãa, mègaƒo nu tso nya vevi geɖe ŋu o. Ne ègblɔ nya veviawo katã le memamaa mea, nya aɖeke masusɔ ame bubuwo nagblɔ o. Le kpɔɖeŋu me, nya vevi evee dze le memama sia me. Woawoe nye be nàna wò nyaŋuɖoɖo nanɔ kpuie, eye mègaƒo nu tso nya vevi geɖe ŋu o. Ne wòe nye ame gbãtɔ si woyɔ be nàɖo nya ŋu le memama sia mea, ɖe manyo wu be nàgblɔ nya veviawo dometɔ ɖeka ko oa?

Ɣekaɣiwoe míate ŋu atiae be mímado asi ɖe dzi aɖo nya ŋu le kpekpeawo me o? (Kpɔ memama 14 lia) f

14. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ asi dom ɖe dzi kabakaba akpa o?

14 Enyo be míadi be míaɖo nya ŋu enuenu, gake ele be míada asɔ. Ne míedoa asi ɖe dzi kabakaba akpaa, ate ŋu ana nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlaa nase le eɖokui me be ele be yeagayɔ mí ake be míaɖo nya ŋu, evɔ wònye nɔvi aɖewo li siwo mekpɔ ɖo nya ŋu haɖe o. Esia ate ŋu aɖe dzi le nɔvi aɖewo ƒo eye womagadi be yewoado asi ɖe dzi o.—Nyagb. 3:7.

15. (a) Aleke wòle be míawɔ nu ne womeyɔ mí be míaɖo nya ŋu o? (b) Aleke nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlawo awɔ ana mɔnukpɔkpɔ ame sia ame ale si wòanya wɔe? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ne Èle Nusɔsrɔ̃ Dzi Kpɔm.”)

15 Ne gbeƒãɖela geɖe do asi ɖe dzi le nusɔsrɔ̃a mea, ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ masu mía si enuenu be míaɖo nya ŋu abe ale si míedii ene o. Eye ɣeaɖewoɣia, womayɔ mí kura gɔ̃ hã o. Esia ate ŋu ate ɖe mía dzi ya, gake mele be míatsɔe vevie o.—Nyagb. 7:9.

16. Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na ame siwo ɖo nya ŋu?

16 Ne mɔnukpɔkpɔ megasu asiwò be nàɖo nya ŋu abe ale si wò ŋutɔ nèdii o hãa, àte ŋu alé to ɖe ame bubuwo ƒe nyaŋuɖoɖowo ŋu nyuie eye nàkafu wo ɖe eta le kpekpea megbe. Esia ade dzi ƒo na wo abe ale si ko wò nyaŋuɖoɖo ade dzi ƒo na wo ene. (Lod. 10:21) Ɛ̃, mía nɔviwo kafukafu nye mɔ bubu aɖe si dzi míate ŋu ato ade dzi ƒo na wo.

NU BUBU SIWO MÍATE ŊU AWƆ BE MÍADE DZI ƑO NA MÍA NƆEWO

17. (a) Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woaɖo nya ŋu le ƒe si woxɔ nu? (b) Abe ale si wòdze le videoa me enea, nu ene kawoe wòle be míawɔ ne míele dzadzram ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

17 Nu bubu kawoe míate ŋu awɔ be míade dzi ƒo na mía nɔewo le kpekpeawo me? Ne dzilae nènyea, kpe ɖe viwòwo ŋu woadzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo siwo sɔ ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu ŋu. (Mat. 21:16) Ele eme be ɣeaɖewoɣia, nusɔsrɔ̃ aɖewo kuna ɖe srɔ̃tɔwo dome nyawo kple nu goglo bubuwo ŋu, gake miate ŋu akpɔ memama ɖeka alo eve aɖewo siwo me ɖeviwo ate ŋu aɖo nya ŋu le. Azɔ hã kpe ɖe viwòwo ŋu woase egɔme be menye ɣesiaɣi si wodo asi ɖe dzie woayɔ wo be woaɖo nya ŋu o. Esia awɔe be dzi maɖe le wo ƒo ne womeyɔ wo o.—1 Tim. 6:18. d

18. Nu kae míawɔ be míagaƒo nu tso mía ɖokui ŋu fũu akpa ne míele nya ŋu ɖom o? (Lododowo 27:2)

18 Mí katã míate ŋu adzra ɖo be míaɖo nya ŋu atsɔ akafu Yehowa eye wòade dzi ƒo na mía nɔvi Kristotɔwo. (Lod. 25:11) Togbɔ be míate ŋu agblɔ míaƒe nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖe ɣeaɖewoɣi hãa, mele be míanɔ nu ƒom tso mía ɖokui ŋu fũu o. (Xlẽ Lododowo 27:2; 2 Kor. 10:18) Ele be míaƒe nyawo naku ɖe Yehowa, eƒe Nyaa, kple eƒe amewo koŋ ŋu. (Nyaɖ. 4:11) Gake ne wobia tso mía si le memama aɖe ƒe nyabiase me be míagblɔ míaƒe nuteƒekpɔkpɔ alo míaƒe susu le nya aɖe ŋua, míate ŋu awɔe nenema. Eƒe kpɔɖeŋu ɖeka dze le memama si gbɔna ƒe nyabiasea me.

19. (a) Ne míetsɔ susu ɖo ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu le kpekpeawo mea, nu kae ado tso eme? (Romatɔwo 1:11, 12) (b) Aleke nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me nana nèsena le ɖokuiwò me?

19 Togbɔ be se kpaɖii aɖeke meli ku ɖe nyaŋuɖoɖo ŋu o hãa, mí katã míate ŋu aɖoe míaƒe taɖodzinu be míade dzi ƒo na mía nɔewo. Esia ate ŋu abia be míaɖo nya ŋu enuenu wu ale si míewɔnɛ, alo be mɔnukpɔkpɔ ʋɛ si su mía si be míaɖo nya ŋu nadze mía ŋu eye wòanye dzidzɔ na mí be míana mɔnukpɔkpɔ ame bubuwo hã be woaɖo nya ŋu. Ne míetsɔ susu ɖo ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu le kpekpeawo mea, awɔe be mí katã “míade dzi ƒo na mía nɔewo.”—Xlẽ Romatɔwo 1:11, 12.

HADZIDZI 93 Yra Míaƒe Kpekpe La

a Míedea dzi ƒo na mía nɔewo ne míeɖo nya ŋu le kpekpeawo me. Ame aɖewo lɔ̃a nyaŋuɖoɖo eye wodina be woayɔ yewo edziedzi. Ame bubuwo ya vɔ̃na be yewoaɖo nya ŋu. Aleke kee wòle o, míate ŋu awɔ nu ameŋububutɔe be míade dzi ƒo na mía nɔewo. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Eye aleke míate ŋu aɖo nya ŋu wòado ŋusẽ mía nɔviwo na dɔ nyuiwo wɔwɔ? Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia mawo ŋu.

c Míetrɔ ŋkɔa.

f NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le hame si me amewo sɔ gbɔ le mea, nɔviŋutsu aɖe si ɖo nya ŋu va yia, megado asi ɖe dzi o, ale be mɔnukpɔkpɔ nasu ame bubuwo hã si be woaɖo nya ŋu.