Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 16

“Nɔviwò La Atsi Tsitre”!

“Nɔviwò La Atsi Tsitre”!

“Yesu gblɔ [na Marta] be: ‘Nɔviwò la atsi tsitre.’”—YOH. 11:23.

HADZIDZI 151 Ayɔ Wo

NYA VEVIAWO a

1. Aleke ŋutsuvi aɖe ɖee fia be yexɔ tsitretsitsia dzi se?

 DƆLÉLE sesẽ aɖe ɖe fu na ŋutsuvi aɖe si ŋkɔe nye Matthew, eye eva hiã be woawɔ dɔ nɛ zi geɖe. Esi wòxɔ ƒe adrea, eya kple edzilawo nɔ JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔna aɖe kpɔm. Le wɔnaa ƒe nuwuwua, woƒo hakpakpa ƒe video aɖe si ƒo nu tso ale si woafɔ míaƒe ame vevi siwo ku ɖe tsitre ŋu. b Esi wɔnaa wu enua, Matthew te ɖe edzilawo ŋu, eye wòlé woƒe asi gblɔ na wo be: “Papa kple Dada, miekpɔea, ne meku kura gɔ̃ hã, woafɔm ɖe tsitre. Miate ŋu alalam; nu sia nu ayi nyuie.” Wò ya bu ale si gbegbe ɖevi sia dzilawo akpɔ dzidzɔe esi wokpɔe be exɔ tsitretsitsia dzi se ŋu kpɔ!

2-3. Nu ka tae wònyo be míade ŋugble le tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu?

2 Anyo be míanɔ ŋugble dem le ŋugbe si Biblia do be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre le etsɔmea ŋu edziedzi. (Yoh. 5:28, 29) Nu ka tae? Nu si tae nye be míenya gbe si gbe míaƒe ame vevi aɖe aku kpata alo míalé dɔ sesẽ aɖe si ate ŋu awu mí o. (Nyagb. 9:11; Yak. 4:13, 14) Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. (1 Tes. 4:13) Ŋɔŋlɔawo na míeka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo nya mí nyuie, eye wòlɔ̃ mí vevie. (Luka 12:7) Le nyateƒe mea, Yehowa Mawu nya mí nyuie ale gbegbe be ate ŋu aɖo ŋku ame si tututu míenye dzi eye wòafɔ mí nenema; míagaɖo ŋku nu siwo míenya hafi kua dzi. Esi Yehowa lɔ̃ mí vevie taa, ena mɔnukpɔkpɔ mí be míanɔ agbe tegbee, eye ne míeku hãa, afɔ mí ɖe tsitre.

3 Le nyati sia mea, míakpɔ nu si tae míate ŋu aka ɖe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi. Eye míadzro Biblia me ŋutinya wɔdɔɖeamedzi aɖe si me Yesu gblɔ le be, “Nɔviwò la atsi tsitre” me. (Yoh. 11:23) Ŋutinya sia dzie wotu nusɔsrɔ̃ sia ɖo, eye ana míagaka ɖe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi geɖe wu. Mlɔeba míakpɔ nu siwo míawɔ be míagaxɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi ase geɖe wu.

NU SI TAE MÍATE ŊU AXƆ TSITRETSITSI ƑE ŊUGBE SI YEHOWA DO DZI ASE

4. Hafi nàxɔ ŋugbe si ame aɖe do na wò dzi asea, nu ka dzie wòle be nàka ɖo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Hafi nàxɔ ŋugbe si ame aɖe do na wò dzi asea, ele be nàka ɖe edzi be edi vavã be yeawɔe, eye be ate ŋui hã. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ya sesẽ aɖe ƒo gblẽ nu wò aƒea ŋu vevie. Xɔ̃wò aɖe do ŋugbe na wò be: ‘Makpe ɖe ŋuwò atso aƒe yeye na wò.’ Èkpɔe be nyateƒe tom wòle, eye èka ɖe edzi be edi be yeakpe ɖe ŋuwò. Ne xɔtula bibi wònye eye xɔtunuwo hã le esia, ekema ènya be ate ŋui. Eya ta àka ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi. Ke ŋugbe si Mawu do be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre ya ɖe? Ðe wòdi vavã be yeafɔ wo ɖe tsitrea? Ðe wòate ŋui nyateƒea?

5-6. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa di be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre?

5 Ðe Yehowa di be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitrea? Ɛ̃, edi vevie be yeawɔe. Ena Biblia ŋlɔla aɖewo gblɔ ŋugbe si wòdo be yeava fɔ ame kukuwo le etsɔme la ɖi. (Yes. 26:19; Hos. 13:14; Nyaɖ. 20:11-13) Azɔ hã ne Yehowa do ŋugbea, ewɔna ɖe edzi godoo. (Yos. 23:14) Le nyateƒe mea, Yehowa di vevie be yeagbɔ agbe kukuawo. Nu ka tae míegblɔe nenema?

6 Bu nya si blemafofo Hiob gblɔ ŋu kpɔ. Eka ɖe edzi be ne yeku hãa, adzro Yehowa vevie be wòagbɔ agbe ye. (Hiob 14:14, 15) Nenema kee wòle Yehowa dzrom be yeafɔ ye subɔla siwo katã kua ɖe tsitre. Edi vevie be yeafɔ wo woava nɔ lãmesẽ me eye woakpɔ dzidzɔ. Ke ame miliɔn akpe geɖe siwo menya Yehowa hafi ku o ya ɖe? Mía Mawu lɔlɔ̃a di be yeafɔ woawo hã ɖe tsitre. (Dɔw. 24:15) Edi be mɔnukpɔkpɔ nasu wo si woazu ye xɔlɔ̃wo eye woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. (Yoh. 3:16) Eya ta edze ƒãa be Yehowa di be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre.

7-8. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre?

7 Ðe Yehowa ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitrea? Ɛ̃, ate ŋui! Eyae nye “Ŋusẽkatãtɔ.” (Nyaɖ. 1:8) Eya ta ate ŋu aɖu futɔ ɖe sia ɖe dzi, ku gɔ̃ hã. (1 Kor. 15:26) Esia nyanya doa ŋusẽ mí hefaa akɔ na mí. Bu nu si me Nɔvinyɔnu Emma Arnold to ŋu kpɔ. Wodo eya kple eƒe ƒomea ƒe xɔse kpɔ vevie le Xexemeʋa 2 lia me. Esi Emma nɔ dzi dem ƒo na vianyɔnu le woƒe ame vevi siwo ku le Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖawo me taa, Emma gblɔ nɛ be: “Ne ku aɖe aboyo amegbetɔwo ɖikaa, ke ɖe ema mefia be esesẽ wu Mawu oa?” Nyateƒee, naneke mesesẽ wu Yehowa o! Mawu Ŋusẽkatãtɔ si wɔ nu gbagbewo katã la agate ŋu agbɔ agbe ame siwo ku.

8 Susu bubu si tae míenya be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitree nye be meŋlɔa nu be gbeɖe o. Eyɔa ɣletivi ɖe sia ɖe ŋkɔ. (Yes. 40:26) Eye eɖoa ŋku ame siwo ku hã dzi. (Hiob 14:13; Luka 20:37, 38) Ate ŋu aɖo ŋku nu suetɔ kekeake dzi le ame siwo wòafɔ ɖe tsitre ŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye woƒe dzedzeme kple nɔnɔme si le wo si, nu siwo me woto le agbe me, kple nu siwo nɔ susu me na wo hafi woku.

9. Nu ka tae nèxɔ ŋugbe si Yehowa do be yeava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre le etsɔme dzi se?

9 Edze ƒãa be míate ŋu aka ɖe ŋugbe si Yehowa do be yeava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre le etsɔme dzi, elabe míenya be edi be yeafɔ wo ɖe tsitre, eye ate ŋui hã. Susu bubu si ta míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo ma dzie nye be, efɔ amewo ɖe tsitre kpɔ. Le blemaa, ezã nuteƒewɔla ʋɛ aɖewo kple Yesu wofɔ amewo ɖe tsitre. Mina míadzro ame siwo Yesu fɔ ɖe tsitre dometɔ ɖeka ƒe ŋutinya si dze le Yohanes ta 11 lia mea me.

YESU XƆLƆ̃ VEVI AÐE KU

10. Nu kae dzɔ le Betania esime Yesu nɔ gbeƒã ɖem le Yordan godo, eye nu kae wòwɔ? (Yohanes 11:1-3)

10 Xlẽ Yohanes 11:1-3. Wò ya bu nu si dzɔ le Betania le ƒe 32 K.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo ŋu kpɔ. Xɔlɔ̃ vevi aɖewo nɔ Yesu si le kɔƒe ma me, siwo nye Lazaro kple nɔvianyɔnu eve siwo nye Maria kple Marta. (Luka 10:38-42) Gake Lazaro dze dɔ vevie, eye nɔvianyɔnuawo tsi dzi. Eya ta wodɔ ame aɖe tso Betania be wòayi Yesu gbɔ le Yordan godo agblɔe nɛ, eye mɔzɔzɔa axɔ abe ŋkeke eve ene. (Yoh. 10:40) Nublanuitɔea, hafi amea naɖo Yesu gbɔa, Lazaro ku. Togbɔ be Yesu nya be ye xɔlɔ̃a ku hãa, ekpɔtɔ nɔ afi ma ŋkeke eve hafi dze mɔ ɖo ta Betania. Eya ta Lazaro ku ŋkeke ene xoxo hafi Yesu va ɖo. Yesu ɖoe be yeawɔ nane si aɖe vi na ye xɔlɔ̃awo eye wòado Mawu hã ƒe ŋkɔ ɖe dzi.—Yoh. 11:4, 6, 11, 17.

11. Nu kae míesrɔ̃ tso xɔlɔ̃dzedze ŋu le ŋutinya sia me?

11 Míesrɔ̃ nu vevi aɖe tso xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu le ŋutinya sia me. Bu eŋu kpɔ: Esi Maria kple Marta dɔ ame ɖe Yesu gbɔa, womebia tso esi be wòava Betania o. Ðeko wodi be wòanya be exɔlɔ̃ vevia dze dɔ. (Yoh. 11:3) Yesu ate ŋu anɔ adzɔge afɔ Lazaro si kua ɖe tsitre hafi. Gake etiae be yeayi Betania, afi si ye xɔlɔ̃ Maria kple Marta le. Ðe xɔlɔ̃ aɖe le asiwò si alɔ̃ faa akpe ɖe ŋuwò ne mèbiae tso esi o hã? Ekema àte ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwò le “xaxagbe.” (Lod. 17:17) Abe Yesu enea, mina míawo hã míanye xɔlɔ̃ siawo tɔgbi na amewo. Azɔ mina míayi ŋutinyaa me dzodzro dzi ne míakpɔ nu si dzɔ emegbe ɖa.

12. Ŋugbe kae Yesu do na Marta, eye nu ka tae Marta ate ŋu axɔ edzi ase? (Yohanes 11:23-26)

12 Xlẽ Yohanes 11:23-26. Marta se be Yesu gogo Betania. Eya ta eyi ɖakpee enumake hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” (Yoh. 11:21) Nyateƒee, Yesu ate ŋu ada dɔ na Lazaro hafi. Gake eɖoe be yeawɔ nu ɖedzesi aɖe. Edo ŋugbe na Marta be: “Nɔviwò la atsi tsitre.” Eye egblɔ nu si tae wòle be Marta naxɔ edzi ase, esi wògblɔ nɛ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.” Ɛ̃, Mawu na ŋusẽ Yesu be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Do ŋgɔa, efɔ nyɔnuvi sue aɖe si ku teti koe nye ema, eye efɔ ɖekakpui aɖe hã ɖe tsitre, ɖewohĩ le gbe si gbe wòku. (Luka 7:11-15; 8:49-55) Gake ɖe wòate ŋu afɔ ame si ku ŋkeke ene sɔŋ eye eƒe ŋutilã te gbegblẽ ɖe tsitrea?

“LAZARO LEE, DO GO!”

Yesu xɔlɔ̃ siwo ƒe dzi gbã vevie ƒe nu wɔ nublanui nɛ ale gbegbe (Kpɔ memama 13-14 lia)

13. Le Yohanes 11:32-35 ƒe nya nua, aleke Yesu wɔ nui esi wòkpɔ Maria kple ame bubuwo wole avi fam? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

13 Xlẽ Yohanes 11:32-35. Bu nu si dzɔ kplɔe ɖo ŋu kpɔ. Maria, si hã nye Lazaro nɔvinyɔnu, do yi be yeado go Yesu. Eya hã gblɔ nya si nɔvia Marta gblɔ, be: “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” Eya kple ame siwo le eŋu ƒe dzi gbã vevie. Esi Yesu kpɔ wo hese ale si wole avi famaa, ete ɖe edzi ŋutɔ. Exɔlɔ̃awo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ale gbegbe be wòfa avi. Enya ale si gbegbe ame vevi aɖe ƒe ku vea amee. Edi vevie be yeawɔ nu si ana woadzudzɔ avifafa!

14. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nui esi wòkpɔ Maria wòle avi fam me?

14 Ale si Yesu wɔ nui esi wòkpɔ Maria wòle avi fam la fia mí be Yehowa nye Mawu si sea veve ɖe ame nu. Nu ka tae míegblɔe alea? Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me enea, Yesu ɖea Fofoa ƒe nɔnɔmewo kple seselelãmewo fiana pɛpɛpɛ. (Yoh. 12:45) Eya ta esi Biblia gblɔ be Yesu xɔlɔ̃ siwo ƒe dzi gbã vevie ƒe nu wɔ nublanui nɛ ale gbegbe be wòfa avia, ena míenya be etena ɖe Yehowa hã dzi ne ekpɔe be míele nu xam le vevesese ta. (Ps. 56:8) Ðe ema mena nèdi be yeate ɖe mía Mawu sia si sea veve ɖe ame nu ŋu geɖe wu oa?

Yesu ɖee fia be yeate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre (Kpɔ memama 15-16 lia)

15. Abe ale si wòdze le Yohanes 11:41-44 enea, nu kae dzɔ le Lazaro ƒe yɔdoa to? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

15 Xlẽ Yohanes 11:41-44. Yesu va Lazaro ƒe yɔdoa to, eye wòbia be woaɖe kpe si le enua ɖa. Marta gbe hegblɔ be fifia ame kukua anɔ ʋeʋẽm. Yesu gblɔ nɛ be: “Ðe nyemegblɔe na wò be ne èxɔe se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?” (Yoh. 11:39, 40) Azɔ Yesu wu mo dzi hedo gbe ɖa. Edi be yeana amewo nakafu Yehowa ɖe nu si adzɔ ta. Eyome edo ɣli sesĩe be: “Lazaro lee, do go!” Enumake Lazaro fɔ eye wòzɔ do go le yɔdoa me! Nu si ame aɖewo susu be manya wɔ o ye nye ema Yesu wɔ.

16. Aleke ŋutinya si dze le Yohanes ta 11 lia na míegaxɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi se geɖe wu?

16 Ŋutinya si dze le Yohanes ta 11 lia na míegaxɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi se geɖe wu. Le mɔ ka nu? Èɖo ŋku ŋugbe si Yesu do na Marta dzia? Egblɔ nɛ be: “Nɔviwò la atsi tsitre.” (Yoh. 11:23) Abe Yehowa enea, Yesu hã di be yeafɔ míaƒe ame veviwo ɖe tsitre, eye ate ŋui hã. Ale si wòfa avii ɖee fia be edi vevie be yeaɖe ku kple vevesese si wòdona na ame ɖa. Eye esi Lazaro do tso yɔdoa mea, esia gaɖo kpe edzi be ŋusẽ le Yesu si be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Azɔ hã, Yesu ɖo ŋku edzi na Marta be: “Ðe nyemegblɔe na wò be ne èxɔe se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?” (Yoh. 11:40) Kpeɖodzi sẽŋuwo li si tae míexɔe se be ŋugbe si Mawu do be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitrea ava eme. Gake nu kae míate ŋu awɔ be míagaka ɖe mɔkpɔkpɔ sia dzi geɖe wu?

NU SI MÍATE ŊU AWƆ BE MÍAGAKA ÐE TSITRETSITSI MƆKPƆKPƆA DZI GEÐE WU

17. Nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe tsitretsitsi ŋu xlẽm?

17 Xlẽ nu tso tsitretsitsi siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu eye nàde ŋugble le wo ŋu. Biblia gblɔ ame enyi siwo wofɔ ɖe tsitre le anyigba dzi ŋu nya. c Ðe manyo be nàdzro ŋutinya mawo dometɔ ɖe sia ɖe me nyuie oa? Ne èle esia wɔmaa, ɖo ŋkui be ame siawo nɔ anyi ŋutɔŋutɔ; wonye ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo. De dzesi nufiame siwo le wo me. De ŋugble le ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖee fia be Mawu di be yeagbɔ agbe ame kukuwo, eye ŋusẽ le esi be wòawɔe hã. Vevietɔ wua, de ŋugble le tsitretsitsi vevitɔ, si nye Yesu ƒe tsitretsitsi ŋu. Ðo ŋku edzi be ame alafa geɖe ɖi ɖase be wofɔe ɖe tsitre nyateƒe, eye enye kpeɖodzi sẽŋu si le mía si be míaƒe mɔkpɔkpɔa menye dzodzro o.—1 Kor. 15:3-6, 20-22.

18. Nu kae nàwɔ be ha siwo ku ɖe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu naɖe vi na wò? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

18 Na ‘gbɔgbɔmeha’ siwo ku ɖe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu naɖe vi na wò. d (Ef. 5:19) Ha siawo nana míebua tsitretsitsia nu ŋutɔŋutɔe, eye wonana míegakana ɖe mɔkpɔkpɔ xɔasi sia dzi geɖe wu. Ƒo ha siawo nàse, srɔ̃ wo, eye miadzro hagbeawo me le miaƒe ƒometadedeagu me. Na nyaawo natsi dzi kple susu me na wò. Ekema ne wò ame vevi aɖe ku alo èva lé dɔ sesẽ aɖe si ate ŋu awu wò gɔ̃ hã, Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku ha siawo me nyawo dzi, ale be woafa akɔ na wò ahado ŋusẽ wò.

19. Nu kawo ŋue míate ŋu abu ne míele ŋugble dem le tsitretsitsia ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nya Kawoe Nàbia Wo?”)

19 Kpɔ tsitretsitsia ɖaa le susu me. Yehowa na ŋutete mí be míabu ale si agbea ava nɔ na mí le xexe yeyea me ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Mezãa ɣeyiɣi geɖe bua ale si agbea anɔ nam le xexe yeyea me ŋu ale gbegbe be ɖeko wòle abe ɖe mele Paradisoa me le seƒoƒowo ƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ sem ene.” Kpɔ ale si wòanɔe ɖa ne èva wɔ ɖeka kple ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema. Ame kae nèle mɔ kpɔm vevie be yeado goe? Nya kawoe nàbiae? Eye kpɔ ale si wòanɔ ne èva wɔ ɖeka kple wò ame vevi siwo ku eye wofɔ wo ɖe tsitre le susu me ɖa. Bu nya gbãtɔ siwo nàgblɔ na wo, ale si nàwɔ atuu na wo, kple ale si miafa dzidzɔvii ŋu.

20. Nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa awɔ?

20 Ðe mele be míada akpe na Yehowa be edo ŋugbe be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre oa? Kakaɖedzi sẽŋu le mía si be Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo dzi elabe edi be yeawɔe, eye ate ŋui hã. Mina míaɖoe kplikpaa aka ɖe mɔkpɔkpɔ xɔasi sia dzi geɖe wu. Ne míewɔe alea, ana míate ɖe mía Mawu si do ŋugbe na mía dometɔ ɖe sia ɖe be, ‘Wò ame veviwo atsi tsitre godoo’ la ŋu geɖe wu.

HADZIDZI 147 Wodo Agbe Mavɔ Ŋugbe

a Ne wò ame vevi aɖe kua, ekema anɔ eme be ŋugbe si Biblia do be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitrea faa akɔ na wò. Gake aleke nàwɔ aɖe nu si tae nèxɔ ŋugbedodo ma dzi sea me na amewo? Eye aleke nàwɔ aka ɖe tsitretsitsia dzi geɖe wu? Nyati sia ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe mía ŋu míagaxɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi ase geɖe wu.

b Hakpakpaa ƒe videoa ƒe tanyae nye Esiae Míenɔ Mɔ Kpɔm Na, eye edze le November 2016 ƒe wɔnaa me.

c Kpɔ aɖaka si nye “Tsitretsitsi Enyi Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe,” le August 1, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 4.

d Kpɔ ha siwo gbɔna le ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’ hadzigbalẽa me: “Kpɔ Ðokuiwò Le Xexe Yeyea Me” (Hadzidzi 139), “Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi!” (Hadzidzi 144), kple “Ayɔ Wo” (Hadzidzi 151). Kpɔ hakpakpa siawo hã le jw.org: “Esiae Míenɔ Mɔ Kpɔm Na,” “Le Xexe Yeyea Me,” kple “Va Kpɔe Ða.”