Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 17

HADZIDZI 111 Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo

Mègado Le Gbɔgbɔmeparadisoa Me Gbeɖe O

Mègado Le Gbɔgbɔmeparadisoa Me Gbeɖe O

“Mitso aseye, eye mikpɔ dzidzɔ tegbee ɖe nu si wɔm mele la ŋu.”YES. 65:18.

TAÐODZINUA

Míasrɔ̃ ale si gbɔgbɔmeparadisoa le vi ɖem na mí kple ale si míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã woava eme.

1. Nu kae nye gbɔgbɔmeparadiso la, eye nu kae wòle be míaɖo kplikpaa awɔ?

 PARADISO aɖe le anyigba dzi egbea, si me ame miliɔn geɖe le, eye wole dɔ nyui geɖe wɔm. Ame siwo le eme la le ŋutifafa vavãtɔ me. Woɖoe kplikpaa be yewomado le eme akpɔ o. Eye wodi be yewoakpe ɖe ame geɖe ŋu woava eme. Paradiso tɔxɛ mae nye gbɔgbɔmeparadisoa! a

2. Nu kae ɖe dzesi le gbɔgbɔmeparadisoa ŋu?

2 Fuléle kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi yɔ Satana ƒe xexea me fũu eye dedienɔƒe aɖeke meli o. Gake nukutɔea, Yehowa wɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe si ana míanɔ dedie eye míaɖe dzi ɖi. (1 Yoh. 5:19; Nyaɖ. 12:12) Mía Mawu lɔ̃amea nya ale si gbegbe nuɖoanyi sia le nu gblẽm le mía ŋu, eye wòwɔ gbɔgbɔmeparadiso si me míanɔ dedie le ƒe ɖoɖo na mí. Woɖɔ gbɔgbɔmeparadisoa le eƒe Nyaa me be enye “sitsoƒe” kple “abɔ si wode tsii nyuie.” (Yes. 4:6; 58:11) Yehowa ƒe yayra wɔe be nu dze edzi na ame siwo le gbɔgbɔmeparadisoa me le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me.—Yes. 54:14; 2 Tim. 3:1.

3. Aleke nyagblɔɖi si le Yesaya ta 65 lia va eme le blema?

3 Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ ale si nɔnɔmeawo anɔ na ame siwo le gbɔgbɔmeparadisoa me. Àte ŋu axlẽ nu tso nyagblɔɖi sia ŋu le Yesaya ta 65 lia me. Eva eme zi gbãtɔ le ƒe 537 D.Y. me. Ɣemaɣie woɖe asi le Yudatɔ siwo trɔ dzi me la ŋu le aboyo me le Babilon wotrɔ gbɔ va wo denyigba dzi. Yehowa yra eƒe amewo, eye wòkpe ɖe wo ŋu be wogbugbɔ Yerusalem si wogbã gudugudu la tso wònya kpɔ. Ena wogbugbɔ gbedoxɔa hã tu be woagaɖo tadedeagu dzadzɛa anyi ake.—Yes. 51:11; Zak. 8:3.

4. Aleke nyagblɔɖi si le Yesaya ta 65 lia le eme vam egbea?

4 Yesaya ƒe nyagblɔɖia va eme zi evelia tso ƒe 1919 K.Ŋ. me. Ɣemaɣie Yehowa subɔla siwo li egbea do tso Babilon Gã la ƒe aboyo me. Tso ɣemaɣia, gbɔgbɔmeparadisoa te takeke ɖe anyigba bliboa dzi. Fiaɖuƒe gbeƒãɖela dovevienuwo ɖo hame geɖewo, eye wonɔ gbɔgbɔa ƒe ku tsem. Ame siwo si nɔnɔme vloewo nɔ tsã la va do “amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.” (Ef. 4:24) Yayra siwo ŋu Yesaya ƒo nu tsoe le eƒe nyagblɔɖia me dometɔ geɖe ava eme ŋutɔŋutɔ le xexe yeyea me, gake fifia gɔ̃ hã, gbɔgbɔmeparadisoa le vi ɖem na mí geɖe ŋutɔ. Mina míadzro ale si wòle vi ɖem na mí fifia kple nu si tae mele be míado le eme gbeɖe o la me.

ALE SI NUWO LE NA MÍ LE GBƆGBƆMEPARADISOA ME

5. Abe ale si wòdze le Yesaya 65:13 enea, yayra kawoe míekpɔna le gbɔgbɔmeparadisoa me?

5 Míele lãmesẽ me, eye míekpɔ gbɔdzɔe. Yesaya ƒe nyagblɔɖia gblɔ ale si nɔnɔmeawo anɔ na ame siwo le gbɔgbɔmeparadisoa me kple ale si wòanɔ na ame siwo mele eme o la eme kɔ nyuie. (Xlẽ Yesaya 65:13.) Yehowa le nu sia nu si esubɔlawo hiã be woanɔ eŋu kplikplikpli la nam wo le agbɔsɔsɔ me. Ena eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, eƒe Nyaa, kple gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖewo mí, si na be ‘míeɖua nu, noa nu eye míekpɔa dzidzɔ.’ (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 22:17.) Gake ‘dɔ kple tsikɔ wua’ ame siwo mele gbɔgbɔmeparadisoa me o, eye ‘woɖua ŋukpe.’ Womenya Mawu o, eye womenye exɔlɔ̃wo o.—Amos 8:11.

6. Aleke Yoel 2:​21-24 ɖɔ nu siwo Yehowa nana mí, eye aleke woɖea vi na míi?

6 Nyagblɔɖila Yoel yɔ agbemenuhiahiã vevi siwo nye nukuwo, wain, kple ami le eƒe nyagblɔɖia me tsɔ ɖɔ ale si Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu kple nuhiahiã vevi bubuwo eƒe amewo le agbɔsɔsɔ mee. (Yoel 2:​21-24) Yehowa wɔa esia to Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo, míaƒe nyatakakadzraɖoƒea, kpekpeawo kple takpekpe suewo kple gãwo dzi. Gbɔgbɔmenuɖuɖu siawo ɖea vi na mí gbe sia gbe, eya ta míesena le mía ɖokui me be míele lãmesẽ me, eye míekpɔ gbɔdzɔe.

7. Nu kawoe nana míaƒe ‘dzi kpɔa dzidzɔ’? (Yesaya 65:14)

7 Míekpɔa dzidzɔ, eye míaƒe dzi dzea eme. Mawu ƒe amewo ‘tsoa aseye’ elabe wokpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa wɔ na wo ŋu. (Xlẽ Yesaya 65:14.) Nyateƒenya tuameɖowo kple ŋugbedodo fakɔname siwo le Mawu ƒe Nyaa me kpakple mɔkpɔkpɔ vavã si le mía si le Kristo ƒe tafevɔsaa ta wɔnɛ be míaƒe ‘dzi kpɔa dzidzɔ.’ Dzeɖoɖo kple mía nɔvi Kristotɔwo tso nu siawo ŋu nana míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ!—Ps. 34:8; 133:​1-3.

8. Nɔnɔme vevi eve kawoe ɖe dzesi le ame siwo le gbɔgbɔmeparadisoa me ŋu?

8 Lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le Yehowa ƒe amewo dome la nye nu vevi eve siwo ɖe dzesi le gbɔgbɔmeparadisoa ŋu. “Ðekawɔwɔ ƒe nublanu” sia na míekpɔ ale si nuwo ava nɔ le xexe yeyea me. Le afi maa, lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si anɔ Yehowa subɔlawo domea me agasẽ ɖe edzi wu ale si wòle egbea. (Kol. 3:14) Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ nu si wòde dzesi le Yehowa ƒe amewo ŋu esi wòva kpekpea zi gbãtɔ. Egblɔ be: “Nyemekpɔ lɔlɔ̃ kple dzidzɔ ŋutɔŋutɔ kpɔ o; nyemekpɔe le nye ƒomea me gɔ̃ hã o. Zi gbãtɔ si meva Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpee mekpɔ nu si lɔlɔ̃ vavãtɔ nye.” Ame sia ame si di be yeakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ koa, ele be wòava gbɔgbɔmeparadisoa me. Susu ka kee ɖale amewo si ɖe Yehowa subɔlawo ŋu o, nyateƒeae nye be ŋkɔ nyui le mía si le Yehowa ŋutɔ kple esubɔla bubuawo gbɔ.—Yes. 65:15.

9. Ŋugbedodo kae le Yesaya 65:​16, 17 tso nu siwo katã nana míesea veve le agbe me ŋu?

9 Míeɖe dzi ɖi bɔkɔɔ. Yesaya 65:14 gblɔ be ame siwo tiae be yewomanɔ gbɔgbɔmeparadisoa me o ‘ado ɣli le dzi ƒe vevesese ta, eye woado konyifaɣli le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.’ Ke nu siwo katã nana Mawu ƒe amewo sea veve, eye woxaa nu egbea ya ɖe? Ʋɛʋɛʋɛa, Mawu ƒe amewo ‘aŋlɔ xaxa mawo be, eye nu mawo anɔ ɣaɣla ɖe Mawu ƒe ŋkuwo.’ (Xlẽ Yesaya 65:​16, 17.) Yehowa aɖe míaƒe kuxiwo katã ɖa, eye míagaɖo ŋku vevesese mawo dometɔ aɖeke dzi o.

10. Nu ka tae nèkpɔe be yayrae wònye be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo le asiwò? (Kpɔ fotoa hã.)

10 Fifia gɔ̃ hã, míeɖea dzi ɖi ne míele Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Míaƒe susu me dzea akɔ anyi, eye míeɖea susu ɖa le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe kuxiwo ŋu. Azɔ hã, míekpena ɖe mía nɔviwo ŋu be woaɖe dzi ɖi ne míeɖea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dɔmenyonyo kple tufafa fiana. (Gal. 5:​22, 23) Yayra gã aɖee wònye na mí be míele Mawu ƒe habɔbɔa me. Ame siwo kpɔtɔ le gbɔgbɔmeparadisoa mea akpɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si ŋugbe Mawu do la mevava teƒe.

Yayrae wònye be míele Mawu ƒe ƒomea me le gbɔgbɔmeparadisoa me (Kpɔ memama 10) c


11. Le Yesaya 65:​18, 19 ƒe nya nua, aleke wòle be míase le mía ɖokui me tso gbɔgbɔmeparadiso si Yehowa ɖo anyi la ŋu?

11 Míaƒe dzi yɔ fũu kple akpedada, eye míetsoa aseye. Yesaya gblɔ susu si tae ‘míetsoa aseye eye míekpɔa dzidzɔ’ le gbɔgbɔmeparadisoa me. Yehowa ŋutɔe ɖo gbɔgbɔmeparadisoa anyi. (Xlẽ Yesaya 65:​18, 19.) Eya ta mewɔ nuku o be Yehowa le mía zãm be míakpe ɖe ame siwo le nyateƒe dim ŋu woado le alakpasubɔsubɔhawo me eye woava gbɔgbɔmeparadisoa me. Dzi dzɔa mí be yayra siawo sua mía si le esi míele nyateƒea me ta, eye eʋãa mí be míagblɔe na amewo.—Yer. 31:12.

12. Aleke ŋugbedodo siwo dze le Yesaya 65:​20-24 na nèse le ɖokuiwò me, eye nu ka tae?

12 Esi míele gbɔgbɔmeparadisoa me ta, mɔkpɔkpɔ nyui aɖe hã su mía si eye esia nana dzi dzɔa mí eye míetsoa aseye. Wò ya bu nu siwo gbegbe míakpɔ kple nu siwo míawɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me ŋu kpɔ! Biblia gblɔ be: “Vidzĩ aɖeke maganɔ . . . agbe ŋkeke ʋɛ aɖewo ko o, eye ame tsitsi si ƒe ŋkekewo mede o hã maganɔe o.” ‘Míatu xɔ anɔ eme, eye míade waingble aɖu eme kutsetse.’ Azɔ hã, ‘míadze agbagba dzodzro o,’ elabena ‘Yehowa ƒe ame yayrawo míenye.’ Yehowa ka ɖe edzi na mí be míanɔ dedie, eye taɖodzinu vavã anɔ míaƒe agbe ŋu. Anya mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe hiahiã ‘hafi míayɔe’ gɔ̃ hã, eye ‘wòatsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na wo.’—Yes. 65:​20-24; Ps. 145:16.

13. Aleke Yesaya 65:25 ɖɔ tɔtrɔ siwo amewo wɔna ne wova le Yehowa subɔm?

13 Míele ŋutifafa me, eye míele dedie. Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe ame siwo wɔa adã kple ame siwo dze aglã la ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ. (Xlẽ Yesaya 65:25.) Woku kutri vevie ɖe asi le woƒe tsãgbenɔnɔ manyomanyoawo ŋu. (Rom. 12:2; Ef. 4:​22-24) Mawu ƒe amewo mede blibo o, eya ta míada vo godoo. Gake Yehowa na ‘ame ƒomevi vovovo,’ siwo lɔ̃e eye wolɔ̃ wo nɔewo la wɔ ɖeka. Esia wɔe be wole ŋutifafa vavãtɔ me. (Tito 2:11) Mawu ŋusẽkatãtɔ la koe ate ŋu awɔ nukunu sia!

14. Aleke Yesaya 65:25 va eme ɖe ŋutsu aɖe dzi?

14 Ðe amewo ate ŋu atrɔ vavã? Bu nɔnɔme si me ɖekakpui aɖe nɔ ŋu kpɔ. Kaka wòaxɔ ƒe 20 la, wolée de ga zi gbɔ zi geɖe xoxo. Eƒe agbenɔnɔ gblẽ ku, eye wòsẽa ŋuta ale gbegbe. Etea ŋu fia ʋu hegbãa ʋɔ ɖe amewo dzi, eye wòwɔa nu vlo geɖe. Ele klalo ɣesiaɣi be yeada kɔ kple ame sia ame. Gake esi wòse Biblia me nyateƒea eye wòdze Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dedea, eva de dzesii be taɖodzinu vavã ate ŋu anɔ yeƒe agbe ŋu, si nye be yeasubɔ Yehowa anɔ gbɔgbɔmeparadisoa me. Esi wòva xɔ nyɔnyrɔa, ede ŋugble le ale si Yesaya 65:25 me nyawo va eme ɖe edzii la ŋu zi geɖe. Etrɔ keŋkeŋ. Ame si wɔa adã abe dzata ene tsã ye nye ema va zu ŋutifafame abe alẽvi ene!

15. Nu ka tae míedina be míakpe ɖe amewo ŋu woava gbɔgbɔmeparadisoa me, eye aleke míawɔ esiae?

15 “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi.” Nya siae wotsɔ dze Yesaya 65:13 gɔme. Kpukpui 25 lia wu enu be, “Yehowa ye gblɔe.” Yehowa ƒe nyawo vaa eme ɣesiaɣi. (Yes. 55:​10, 11) Eɖo gbɔgbɔmeparadisoa wònye nu ŋutɔŋutɔ li. Eɖo nɔviwo ƒe habɔbɔ si le etɔxɛ anyi. Togbɔ be míekpɔtɔ le xexe gblẽku sia me hã, míele ŋutifafa me, eye míele dedie le eƒe amewo dome. (Ps. 72:7) Le esia taa, míedi be míakpe ɖe ame geɖe ŋu ale si wòanya wɔe, be woava wɔ ɖeka kpli mí le gbɔgbɔmeparadiso sia me. Míate ŋu awɔ esia ne míekua kutri vevie wɔa amewo nusrɔ̃lawo.—Mat. 28:​19, 20.

ALE SI MÍAKPE ÐE AMEWO ŊU WOAVA GBƆGBƆMEPARADISOA ME

16. Ame kae hea amewo vaa gbɔgbɔmeparadisoa me, eye aleke wòwɔnɛ?

16 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe be wòadzro amewo be woava gbɔgbɔmeparadisoa me. Be míate ŋu awɔ esia, ele be míasrɔ̃ Yehowa. Mezia amewo dzi akpasesẽtɔe be woava yeƒe habɔbɔa me o. Ke boŋ ‘ehea’ wo lɔlɔ̃tɔe vaa eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44; Yer. 31:3) Ne ame siwo si dzi nyui le srɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu eye wova nya ale si gbegbe wòlɔ̃ amee la, woawo ŋutɔwo dina vevie be yewoate ɖe eŋu. Aleke míate ŋu ato míaƒe agbenɔnɔ nyui kple nɔnɔme nyui bubu siwo míeɖena fiana dzi ahe amewo ava gbɔgbɔmeparadisoa me?

17. Nu kae míawɔ be gbɔgbɔmeparadisoa nadzro amewo?

17 Mɔ aɖe si dzi míato ana gbɔgbɔmeparadisoa nadzro amewoe nye be, míalɔ̃ mía nɔviwo eye míawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. Ne ame yeyewo va míaƒe kpekpewoa, míedi be woase le wo ɖokui me abe ale si ame siwo de kpekpea zi gbãtɔ le blema Korinto se le wo ɖokuiwo me ene. Wogblɔ be: “Mawu le mia dome vavã.” (1 Kor. 14:​24, 25; Zak. 8:23) Eya ta abe ale si Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋui ene la, ele be míayi edzi ‘anɔ anyi kple mía nɔewo le ŋutifafa me.’—1 Tes. 5:13.

18. Nu kae ate amewo ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu?

18 Ele be míadze agbagba vevie ɣesiaɣi abu mía nɔviwo abe ale si Yehowa bua woe ene. Anɔ bɔbɔe be míawɔ esia ne míetsɔa susu ɖoa woƒe nyuiƒewo ŋu, ke menye woƒe gbagbãƒewo ŋu o, elabe gbagbãƒe mawo manɔ anyi ɖaa o. Ne ‘míenyoa dɔme na mía nɔewo, míaƒe dɔme trɔna ɖe mía nɔewo ŋu vevie, eye míetsɔna kea mía nɔewo faa’ la, míakpɔ masɔmasɔ ɖe sia ɖe si ado mo ɖa gbɔ le lɔlɔ̃ me. (Ef. 4:32) Ne míewɔe alea la, ahe dzinyuitɔ siwo dina be woawɔ nu ɖe yewo ŋu le lɔlɔ̃ me ava gbɔgbɔmeparadisoa me. b

YI EDZI NÀNƆ GBƆGBƆMEPARADISOA ME

19. (a) Abe ale si wòdze le aɖaka si nye “ Wodzo, Eye Wogatrɔ Gbɔ” me enea, nya kae ame aɖewo gblɔ esi wotrɔ gbɔ va gbɔgbɔmeparadisoa me? (b) Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa awɔ? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

19 Míekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmeparadisoa ŋu ŋutɔ! Nyonyom ɖe edzi ko wògale, eye ame gbogbo aɖewo le zi nyem ɖe eŋu. Mina míayi edzi ade asixɔxɔ gã paradiso sia si Yehowa ɖo anyi na mí la ŋu. Ele be ame sia ame si di be yeƒe dzi nadze eme, yeƒe tome nafa, yeaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, eye yeanɔ dedie la nava gbɔgbɔmeparadisoa me, eye wòagado le eme gbeɖe o! Gake ele be míanɔ ŋudzɔ, elabe Satana le agbagba dzem vevie be yeable mía nu míado le eme. (1 Pet. 5:8; Nyaɖ. 12:9) Mele be míaɖe mɔ nɛ gbeɖe o. Neva eme be míaku kutri vevie ayi edzi aɖo atsyɔ̃ na gbɔgbɔmeparadisoa, míalé be nɛ be wòakpɔtɔ anɔ kɔkɔe eye ŋutifafa nakpɔtɔ anɔ eme.

Mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo le gbɔgbɔmeparadisoa me si be woanɔ anyigba dzi paradisoa hã me (Kpɔ memama 19)


ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu kae nye gbɔgbɔmeparadisoa?

  • Yayra kawoe sua mía si le gbɔgbɔmeparadisoa me?

  • Nu kae míawɔ be gbɔgbɔmeparadisoa nadzro amewo?

HADZIDZI 144 Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi!

a NYAMEÐEÐE: Nya “gbɔgbɔmeparadiso” fia nɔnɔme si me míele Yehowa subɔm le. Mía kple Yehowa kpakple mía nɔviwo dome le nyuie le gbɔgbɔmeparadiso sia me.

b Kpɔ video si nye Afi Kae Wole Fifia? Alena Žitníková: Ale Si Nye Didiwo Va Eme Nam le jw.org, ne nàkpɔ yayra siwo nɔvinyɔnu aɖe kpɔ le gbɔgbɔmeparadisoa me.

c NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviwo le Fiaɖuƒe Akpata me le vivi dom ɖe wo nɔewo ŋu, gake nɔviŋutsu aɖe ya ɖe eɖokui ɖe aga.