Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 15

HADZIDZI 124 Míawɔ Nuteƒe Ðaa

Yi Edzi Nàka Ðe Yehowa Ƒe Habɔbɔa Dzi

Yi Edzi Nàka Ðe Yehowa Ƒe Habɔbɔa Dzi

“Miɖo ŋku ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la dzi, ame siwo gblɔ Mawu ƒe nya la na mi.”HEB. 13:7.

TAÐODZINUA

Nu si akpe ɖe mía ŋu be míaka ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa dzi geɖe wu.

1. Aleke Yehowa ƒe amewo nɔ ɖoɖo nu le ƒe alafa gbãtɔ me?

 ƔESIAƔI si Yehowa de dɔ asi na eƒe amewo la, ekpɔa mɔ be woawɔe le ɖoɖo nu. (1 Kor. 14:33) Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba blibo la katã dzi. (Mat. 24:14) Yesue Yehowa tsɔ ɖo dɔ ma nu. Yesu kpɔa egbɔ be dɔ sia yia edzi le ɖoɖo nu. Esi woɖo hamewo le teƒe vovovowo le ƒe alafa gbãtɔ mea, woɖo hamemetsitsiwo be woaxɔ ŋgɔ eye woafia mɔ nɔviawo. (Dɔw. 14:23) Le Yerusalem la, woɖo hamemetsitsiwo ƒe ha aɖe koŋ, siwo dome apostoloawo hã nɔ, be woatso nya me le nya vevi aɖewo ŋu, siwo dzi hameawo katã awɔ ɖo. (Dɔw. 15:2; 16:4) Esi nɔviawo wɔ ɖe mɔfiame mawo dzi ta la, “hameawo ƒe xɔse nɔ ŋu sẽm ɖe edzi, eye woƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi.”—Dɔw. 16:5.

2. Tso ƒe 1919 mea, aleke Yehowa fia mɔ eƒe amewo eye wòna gbɔgbɔmenuɖuɖu wo?

2 Yehowa kpɔ egbɔ be yeƒe amewo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu egbea hã. Tso ƒe 1919 mea, Yesu le amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe zãm be woaxɔ ŋgɔ awɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye woanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam ye yomedzelawo. a (Luka 12:42) Edze ƒãa be Yehowa le ƒuƒoƒo sue ma ƒe dɔa yram.—Yes. 60:22; 65:​13, 14.

3-4. (a) Gblɔ ale si nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nu le vi ɖem ƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Ne ɖe míele ɖoɖo nu oa, anye ne mímate ŋu awɔ dɔ si Yesu de mía si la memie o. (Mat. 28:​19, 20) Tsɔe ko be womede anyigbamama ame aɖeke si le hamea me o, eye ame sia ame ate ŋu aɖe gbeƒã le afi si wòdi faa. Anye ne gbeƒãɖela vovovowo awɔ dɔ le anyigbamama aɖewo me edziedzi eye woagblẽ bubuawo ya ɖi kura. Ðe nèkpɔ mɔ bubu siwo nu nuwo wɔwɔ le ɖoɖo nu le vi ɖem na mí lea?

4 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ena eyomedzelawo nɔ ɖoɖo nu. Ena míawo hã míele ɖoɖo nu egbea. Le nyati sia mea, míadzro kpɔɖeŋu si Yesu ɖoa me, kple ale si habɔbɔa wɔna ɖe kpɔɖeŋu si wòɖo la dzi. Azɔ hã míakpɔ ale si míaɖee afia be míeka ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa dzi.

MÍAƑE HABƆBƆA TOA YESU ƑE AFƆTOƑE

5. Mɔ ka nue míesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu le? (Yohanes 8:28)

5 Yesu srɔ̃ nu si wòawɔ kple nya si wòagblɔ tso Fofoa si le dziƒo gbɔ. Yehowa ƒe habɔbɔa srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu; wozãa Mawu ƒe Nya la tsɔ fiaa mɔ mí eye wokpena ɖe mía ŋu míenyaa nu si sɔ kple nu si mesɔ o. (Xlẽ Yohanes 8:28; 2 Tim. 3:​16, 17) Woɖoa ŋku edzi na mí edziedzi be míaxlẽ Mawu ƒe Nyaa eye míanɔ agbe ɖe enu. Aleke mɔfiame siawo dzi wɔwɔ ɖea vi na mí?

6. Mɔ vevi ka nue Biblia sɔsrɔ̃ ɖea vi na mí le?

6 Ne míezã agbalẽ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ta na mí tsɔ srɔ̃ Biblia la, eɖea vi ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, míetea ŋu tsɔa nu siwo Biblia fia sɔna kple mɔfiame siwo míexɔna tso habɔbɔa gbɔ. Ne míekpɔe be mɔfiame siwo míexɔ nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzia, enana míegakana ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa dzi geɖe wu.—Rom. 12:2.

7. Gbedeasi kae Yesu ɖe gbeƒãe, eye aleke Yehowa ƒe habɔbɔa srɔ̃a eƒe kpɔɖeŋu?

7 Yesu ɖe gbeƒã “Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.” (Luka 4:​43, 44) Ede dɔ eyomedzelawo hã si be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea. (Luka 9:​1, 2; 10:​8, 9) Egbea, ame siwo katã le Yehowa ƒe habɔbɔa me ɖea gbeƒã Fiaɖuƒea, metsɔ le afi si wole alo dɔ bubu siwo le wo dzi me o.

8. Dɔ vevi kae wode mía si?

8 Mɔnukpɔkpɔe wònye su mía si be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea na amewo. Menye ame sia ame sie mɔnukpɔkpɔ sia su o. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu nɔ anyigba dzia, meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo be woaɖi ɖase tso ye ŋu o. (Luka 4:41) Hafi ame aɖe nate ŋu awɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo aɖe gbeƒã egbea, ele be wòadze. Ne míeɖea gbeƒã le afi sia afi ɣesiaɣi si nɔnɔmea ɖe mɔe la, eɖenɛ fiana be dɔ sia le vevie na mí ale gbegbe. Míaƒe taɖodzinue nye be míaƒã Fiaɖuƒea ƒe nuku ɖe amewo ƒe dzi me eye míade tsii, abe ale si Yesu wɔe ene.—Mat. 13:​3, 23; 1 Kor. 3:6.

9. Aleke Yehowa ƒe habɔbɔa na wonya Mawu ƒe ŋkɔa?

9 Yesu na wonya Mawu ƒe ŋkɔ. Yesu gblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me be: “Mena wonya wò ŋkɔ la.” (Yoh. 17:26) Yehowa ƒe habɔbɔa srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua, eye wowɔa nu sia nu si woate ŋui kpena ɖe amewo ŋu be woanya Mawu ƒe ŋkɔ. Le kpɔɖeŋu me, le teƒe siwo katã Mawu ƒe ŋkɔa dze le le gbegbɔgblɔ gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me la, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia de wo teƒe mawo katã. Woɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 270 me. Le eƒe Megbenya A4 kple A5 la, àkpɔ numeɖeɖe tsitotsito tso nu si tae wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa de afi mawo ŋu. Le yevugbe me Nusɔsrɔ̃ Biblia ƒe Megbenya (Appendix C) mea, àkpɔ nu geɖe siwo ɖo kpe edzi be ele be Mawu ƒe ŋkɔa nadze zi gbɔ zi 237 le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me.

10. Nu kae nèsrɔ̃ tso nya si nyɔnu aɖe gblɔ me?

10 Míedi be míakpe ɖe ame geɖe ŋu woava nya Mawu ƒe ŋkɔa, abe ale si Yesu wɔe ene. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu aɖe si tso Myanmar, si xɔ ƒe 67 la fa avi esi wòva nyae be ŋkɔ le Mawu si. Egblɔ na nɔvi si fia Mawu ƒe ŋkɔae be: “Esiae nye zi gbãtɔ le nye agbe me si mese be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. . . . Èfia nu vevitɔ kekeake si mate ŋu asrɔ̃ lam.” Nuteƒekpɔkpɔ sia ɖee fia be Mawu ƒe ŋkɔa nyanya wɔa dɔ ɖe dzianukwaretɔwo dzi ale gbegbe.

YI EDZI NÀKA ÐE HABƆBƆA DZI

11. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu aɖee afia be yewoka ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa dzi? (Kpɔ fotoa hã.)

11 Mɔ ka nue hamemetsitsiwo ate ŋu aɖee afia le be yewoka ɖe Mawu ƒe habɔbɔa dzi? Eyae nye be ne woxɔ mɔfiame aɖea, ele be woagbɔ dzi ɖi axlẽe nyuie eye woadze agbagba ɖe sia ɖe awɔ ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsiwo xɔa mɔfiame tso ale si woakpɔ kpekpeawo dzi, ale si woado gbe ɖa le hamea me kple ale si woalé be na Kristo ƒe alẽawoe ŋu. Ne wowɔ ɖe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi la, wokpena ɖe ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te ŋu wosena le wo ɖokuiwo me be Yehowa lɔ̃ yewo eye wòléa be na yewo.

Hamemetsitsiwo kpena ɖe mía ŋu be míaka ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi (Kpɔ memama 11) b


12. (a) Nu ka tae wòle be míawɔ nu aduadu kple ame siwo le ŋgɔ xɔm? (Hebritɔwo 13:​7, 17) (b) Nu ka tae wòle be míaƒe susu nanɔ ame siwo le ŋgɔ xɔm ƒe nɔnɔme nyuiwo boŋ ŋu?

12 Ele be míalɔ̃ faa awɔ ɖe hamemetsitsiwo ƒe mɔfiamewo dzi. Ne míewɔe alea, anɔ bɔbɔe na wo be woawɔ woƒe dɔ. Biblia de dzi ƒo na mí be míaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm eye míabɔbɔ mía ɖokui na wo. (Xlẽ Hebritɔwo 13:​7, 17.) Gake esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o. Nu ka tae? Elabe nɔvi siawo hã mede blibo o. Ne míetsɔ susu ɖo woƒe gbagbãƒewo, ke menye woƒe nyuiƒewo ŋu o la, ɖeko wòanɔ abe míeva le asi kpem ɖe míaƒe futɔwo ŋu ene. Le mɔ ka nu? Le mɔ sia nu be míagava ka ɖe Mawu ƒe habɔbɔa dzi o, eye nu ma tututue futɔwo di be míawɔ. Nu kae míawɔ be míate ŋu ade dzesi futɔwo ƒe ameflunyawo aƒo asa na wo?

MÈGANA AMEWO NAWƆE BE NÀGAKA ÐE HABƆBƆA DZI O

13. Aleke Mawu ƒe futɔwo dzea agbagba be yewoagblẽ eƒe habɔbɔa ƒe ŋkɔ ŋu?

13 Mawu ƒe futɔwo dzea agbagba be yewoagblẽ ŋkɔ nyui si le Mawu ƒe habɔbɔa ŋu la me. Le kpɔɖeŋu me, míesrɔ̃e le Ŋɔŋlɔawo me be Yehowa di be ye subɔlawo nanɔ dzadzɛ le ŋutilã me, le agbenɔnɔ me, kple ale si wosubɔna ye me. Egblɔ be woaɖe ame siwo ɖoe be yewoawɔ nu gbegblẽ eye yewomatrɔ o la le hamea me. (1 Kor. 5:​11-13; 6:​9, 10) Míewɔna ɖe se sia si wòde le Ŋɔŋlɔawo me la dzi pɛpɛpɛ. Gake ame siwo tsi tre ɖe mía ŋu la tsɔ nya ɖe mía ŋu be míele kpaɖii, míedrɔ̃a ʋɔnu amewo eye míelɔ̃a amewo o.

14. Ame ka gbɔe alakpanya siwo kakam wole tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu la tso?

14 De dzesi ame si gbɔ alakpanya mawo tso. Satana Abosam koŋue le megbe na alakpanya mawo. Biblia gblɔ be eyae nye “aʋatsokafofo” la. (Yoh. 8:44; 1 Mose 3:​1-5) Eya ta ele be míakpɔ mɔ be azã ame siwo le eƒe akpa dzi atsɔ akaka alakpanyawo tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu. Ewɔ esia le ƒe alafa gbãtɔ me hã.

15. Nu kae subɔsubɔhakplɔlawo wɔ ɖe Yesu kple eyomedzelawo ŋu?

15 Togbɔ be Mawu ƒe Vi Yesu de blibo eye wòwɔ nukunu geɖewo hã, Satana zã ame siwo le eƒe akpa dzi tsɔ kaka alakpanya geɖe tso eŋu. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔhakplɔlawo gblɔ na amewo be “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia” gbɔe Yesu xɔ ŋusẽ tsoe tsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam. (Marko 3:22) Esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, subɔsubɔhakplɔlawo tso enu be egblɔ busunya eye wode zi amehawo me be woagblɔ be woatso kufia nɛ. (Mat. 27:20) Emegbe esi Kristo yomedzelawo nɔ gbeƒã ɖem nya nyuia, tsitretsiɖeŋulawo “gblẽ to na dukɔwo me tɔwo, eye woƒoe ɖe ameawo nu” be woati Kristotɔwo yome. (Dɔw. 14:​2, 19) Esi December 1, 1998, ƒe GbetakpɔxɔDɔwɔwɔwo 14:2 me ɖem la, egblɔ be: “Esi gbedeasia gbegbe meɖi ƒo na Yudatɔ tsitretsiɖeŋulaawo o la, ameŋugbegblẽ ŋue wotrɔ ɖo azɔ nɔ agbagba dzem be yewoana Dukɔwo me tɔwo nabu nazã ɖe Kristotɔawo ŋu.”

16. Ne míese alakpanyawo la, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui?

16 Satana kpɔtɔ le alakpanyawo kakam tso Yehowa subɔlawo ŋu. Eyae le “anyigbadzinɔlawo katã blem.” (Nyaɖ. 12:9) Eya ta ne èse alakpanyawo tso Yehowa ƒe habɔbɔa alo nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm ŋua, ɖo ŋku edzi be nenemae Mawu ƒe futɔwo wɔ nu ɖe Yesu kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã ŋu. Wotia mí Yehowa subɔlawo yome eye wogblɔa alakpanyawo ɖe mía ŋu abe ale si tututu Biblia gblɔe ɖi ene. (Mat. 5:​11, 12) Ne míenya ame si gbɔ alakpanya mawo tso eye míewɔ nu kpata tsɔ kpɔ mía ɖokui ta la, magblẽ nu le mía ŋu o. Aleke míakpɔ mía ɖokui tae?

17. Nu kae míawɔ be alakpanyawo nagagblẽ nu le mía ŋu o? (2 Timoteo 1:13) (Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Si Wòle Be Nàwɔ Ne Èse Alakpanya Aɖe.”)

17 Gbe alakpanyawo. Apostolo Paulo na mɔfiame siwo me kɔ ku ɖe nu si míawɔ ne edzɔ be míese alakpanyawo la ŋu. Egblɔ na Timoteo be ‘wòade se na ame aɖewo be woagalé to ɖe gliwo ŋu o,’ eye ‘woagbe alakpagliwo.’ (1 Tim. 1:​3, 4; 4:7) Ðevi suewo tea ŋu fɔa nuwo le anyigba tsɔ dea nu me elabe womele ɖeke me nyam o, gake ame tsitsi si nya afɔku si le nuwɔna ma me la maɖe afɔ ma gbeɖe o. Míenya ame si gbɔ alakpanyawo tso, eya ta míegbea wo. Míeléa to ɖe nyateƒenya “siwo le blibo” boŋ ŋu.—Xlẽ 2 Timoteo 1:13.

18. Aleke míawɔ aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu?

18 Mɔ siwo nu Mawu ƒe habɔbɔa le Yesu srɔ̃m le la dometɔ etɔ̃ pɛ ko mee míedzro. Esi nèyi edzi le Biblia srɔ̃m la, dze agbagba nàde dzesi mɔ bubu siwo nu Mawu ƒe habɔbɔa le Yesu ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m le. Kpe ɖe amewo ŋu le hamea me be woaka ɖe habɔbɔa dzi. Yi edzi nàwɔ nuteƒe na Yehowa eye nàku ɖe habɔbɔ si zãm wòle tsɔ le eƒe lɔlɔ̃nu wɔm la ŋu goŋgoŋ. Ne èwɔe alea, àɖee afia be yeka ɖe eƒe habɔbɔa dzi. (Ps. 37:28) Neva eme be míayi edzi ade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míele Yehowa ƒe ame siwo lɔ̃a ame eye wowɔa nuteƒe la dome.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Mɔ kawo nue Mawu ƒe amewo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu le?

  • Aleke míayi edzi anɔ eɖem fia be míeka ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa dzi?

  • Nu kae wòle be míawɔ ne míese alakpanya aɖe?

HADZIDZI 103 Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo

a Kpɔ aɖaka si nye “Nu Ka Tae Wònye Ƒe 1919?” si dze le Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba! gbalẽa ƒe axa 102-103.

b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esi hamemetsitsiwo dzro ɖoɖo siwo wowɔ ɖe dutoƒoɖaseɖiɖidɔa ŋu me vɔa, ƒuƒoƒo dzikpɔlaa le mɔ fiam nɔviawo ku ɖe afi si woatɔ ɖo wòasɔ ŋu.