GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2017

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 25 va se ɖe October 22, 2017 la le tata sia me.

Àlɔ̃ Faa Akpɔ Mawu Sinu Dzigbɔɖitɔea?

Yehowa subɔla nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la bia be ɣekaɣie yewoado dzi le dodokpɔwo me ase ɖo mahã, ke hã Mawu mebu fɔ wo le esi wobia nya ma ta o.

“Mawu Ƒe Ŋutifafa . . . Ƒo Gɔmesesewo Katã Ta”

Ðe nèbia ɖokuiwò kpɔ be nu ka tae Mawu ɖe mɔ dodokpɔ aɖewo siwo mènɔ mɔ kpɔm na o la va dziwòa? Ne nenemae la, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe?

AGBEMEŊUTINYA

Dzidodo Le Dodokpɔ Me Hea Yayra Geɖe Vɛ

Susu ka tae ame siwo woɖe aboyoe yi Siberia nɔ nyiwo ta biam, evɔ wònye alẽwo dim wonɔ hafi? Àkpɔ ŋuɖoɖoa le Pavel kple Maria Sivulsky ƒe agbemeŋutinya wɔdɔɖeamedzia me.

Ale Si Míawɔ Aɖe Amenyenye Xoxoa Ða Ahate Ða Le Eŋu Kura

Ne míeɖe amenyenye xoxoa ɖa vɔ la, ehiã be míate ɖa le eŋu kura. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ evea siaa aleke kee míeɖaƒo mía ɖokui ɖe nuwɔna gbegblẽwo me o?

Ale Si Míado Amenyenye Yeyea Ahana Wòayi Edzi Anɔ Mía Ŋu

Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu ava zu ame si ƒomevi wòdi be nànye. Le kpɔɖeŋu me, xlẽ nu tso mɔ siwo nu nàte ŋu aɖe nɔnɔme nyui siwo nye dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, kple tufafa afia le la ŋu.

Lɔlɔ̃—Nɔnɔme Nyui Xɔasi Aɖee Wònye

Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ nyuie be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae nana lɔlɔ̃ sua ame si. Nu kae koŋue nye lɔlɔ̃? Nu kae be míawɔ lɔlɔ̃ nanɔ mía si na amewo? Eye aleke míanɔ eɖem fia gbe sia gbe?

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Ɣekaɣie Míagawɔ Takpekpe Bubu?”

Nu kae na takpekpe aɖe si ame ʋɛ aɖewo ko de le ƒe 1932 me la ɖe dzesi nenema gbegbe?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae nu siwo Mateo kple Luka ŋlɔ ɖi tso Yesu dzidzi kple eƒe ɖevimenɔɣi ŋu la to vovo?