Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Dzidodo Le Dodokpɔ Me Hea Yayra Geɖe Vɛ

Dzidodo Le Dodokpɔ Me Hea Yayra Geɖe Vɛ

ADZAMEKPOVITƆA blu ɖe tanye be: “Vifofo tagbɔsẽlae nènye. Ègblẽ srɔ̃wò funɔa kple miaƒe vidzĩa ɖi. Ame kae akpɔ wo dzi ahalé be na wo? Gbe nu le wò mawusubɔsubɔ gbɔ ne nàyi aƒe me!” Meɖo eŋu nɛ be: “Gbeɖe, nyemegblẽ nye ƒomea ɖi o. Miawoe va lém! Eye ɖe susu ka ta?” Adzamekpovitɔa ɖo eŋu be: “Ne nu gbegblẽ bubu aɖee nèwɔ la, aka ɖe eme wu be nènye Ðasefo.”

Nu sia yi edzi le ƒe 1959 me le du si nye Irkutsk ƒe gakpɔ aɖe me le Russia. Na magblɔ nu si tae nye kple srɔ̃nye Maria, míelɔ̃ faa be ‘míakpe fu le dzɔdzɔenyenye ta’ kple ale si Yehowa yra mí ɖe míaƒe nuteƒewɔwɔ ta la na wò.—1 Pet. 3:13, 14.

Wodzim le Ukraine le ƒe 1933 me le kɔƒe si nye Zolotniki me. Le ƒe 1937 me la, nɔɖinye kple srɔ̃a, siwo nye Ðasefowo eye wonɔ France la va srã mí kpɔ, eye wotsɔ agbalẽ siwo nye Government kple Deliverance, siwo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta la na mí hafi trɔ dzo. Esi fofonye xlẽ agbalẽ mawo la, wodo ŋusẽ eƒe mawudzixɔse. Gake nublanuitɔe la, le ƒe 1939 me la, edze dɔ vevie, gake hafi wòaku la, egblɔ na nɔnye be: “Nyateƒeae nye esia. Ƒãe ɖe ɖeviawo me.”

SIBERIA—NUTO YEYE SI ME MÍAÐE GBEƑÃ LE

Le April 1951 me la, Soviet Dziɖuɖua dze aboyoɖeɖe Ðasefowo gɔme tso dukɔa ƒe ɣetoɖoƒenutowo me yi ɖe Siberia. Woɖe aboyo nye kple nɔnye kpakple tsɛnye Grigory hã tso Ɣetoɖoƒe Ukraine. Esi míenɔ keteke me hezɔ kilometa 6,000 kple edzivɔ ƒe mɔ vɔ la, míeva ɖo du si nye Tulun me le Siberia. Kwasiɖa eve megbe la, woɖe aboyo fonye Bogdan hã va gakpɔ aɖe me le du si nye Angarsk, si medidi tso mía gbɔ o me. Woka ƒe 25 nɛ be wòatsɔ awɔ dɔ sesẽ le gakpɔa me.

Nye kple nɔnye kpakple Grigory míeɖe gbeƒã le Tulun ƒe golɔgoewo me, ke hã, ehiã be míadze aɖaŋu. Le kpɔɖeŋu me, míebiaa amewo be, “Ðe ame aɖe le afi sia si adi be yeadzra yeƒe nyia?” Ne míeke ɖe ame aɖe si si nyi le wòdi be yeadzra ŋu la, míetea dzeɖoɖo kplii tso ale si nyi ƒe wɔwɔme wɔ nukui ŋu. Ne dzeɖoɖoa le edzi yim sẽe ko la, míeva nɔa dze ɖom tso Wɔla la ŋu. Ɣemaɣi la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ŋlɔ nu tso Ðasefowo ŋu be wonɔa nyiwo ta biam, gake sigbeɖe, alẽwo boŋ dim wole! Eye míeke ɖe ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ la ŋu vavã! Míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne míele Biblia srɔ̃m kple ɖokuibɔbɔla kple amedzrowɔla mawo siwo nɔ anyigbamama ma si womede asi na hame aɖeke o la me. Egbea, hame ɖeka si me gbeƒãɖela siwo wu 100 le lae le Tulun.

ALE SI WODO MARIA ƑE XƆSE KPƆ

Srɔ̃nye, Maria, srɔ̃ nyateƒea le Ukraine esime Xexemeʋa Evelia nɔ edzi yim vevie. Esime wòxɔ ƒe 18 la, Adzamekpovitɔ aɖe va tsɔ gbɔdɔnyawo nɔ fu ɖem nɛ henɔ agbagba dzem be yeaƒoe ɖe enu wòalɔ̃ ne yewoadɔ, gake Maria gbe gbidii. Gbe ɖeka, esi wògbɔ va aƒe me la, ekpɔ ŋutsua wòmlɔ eƒe aba dzi. Maria si dzo enumake. Ŋutsua do dziku vevie eye wògblɔ be yeaɖe hae be enye Ðasefo ale be woalée ade gaxɔ me, eye wova lé Maria de gaxɔ me le ƒe 1952 me hã vavã, eye woka ƒe ewo nɛ be wòatsɔ anɔ gaxɔ me. Ese le eɖokui me abe Yosef, si wolé de gaxɔ me evɔ meɖi fɔ aɖeke o la ene. (1 Mose 39:12, 20) Ʋukula si kɔ Maria tso ʋɔnudrɔ̃ƒea yi ɖe gakpɔa me la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o. Ame geɖe yia gaxɔ me gbɔna gake bubu meklona le wo ŋu o.” Nya mawo do ŋusẽ Maria ŋutɔ.

Tso ƒe 1952 va ɖo ƒe 1956 me la, wona Maria wɔ dɔ sesẽ le gakpɔ aɖe si te ɖe Gorkiy (si woyɔna be Nizhniy Novgorod fifia) ŋu la me le Russia. Woɖo dɔ nɛ be wòaho atiwo, eye wonana wòwɔa esia ne yame fa miamiamia ale gbegbe be tɔsisiwo bla hezu tsikpe gɔ̃ hã. Esia gblẽ nu le eƒe lãmesẽ ŋu, gake le ƒe 1956 me la, woɖe asi le eŋu eye wòɖo ta Tulun.

WOKPLƆM YI DIDIƑE ƲĨI TSO SRƆ̃NYE KPLE VINYEWO GBƆ

Esi nɔviŋutsu aɖe si le Tulun la gblɔ nam be nɔvinyɔnu aɖe gbɔna la, medo nye gasɔa yi ʋutɔɖoƒea be makpe nɔvinyɔnua ne matsɔ eƒe agba akpee. Esi medo go Maria la, eƒe nu lé dzi nam enumake. Agbagba bliboe medze hafi eya hã va lɔ̃ nye nya. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1957 me. Ƒe ɖeka megbe la, míedzi mía vinyɔnu Irina, ke hã, nyemenɔ egbɔ wòdidi kura o. Le ƒe 1959 me la, kpovitɔwo va lém le esi metaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ta. Wodem ameɖekɛgaxɔ me ɣleti ade. Le gaxɔa me la, menɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe, medzia Fiaɖuƒehawo eye medea ŋugble le ale si magaɖe gbeƒã ake ne woɖe asi le ŋunye la ŋu ale be nye susu nadze akɔ anyi.

Esime menɔ dɔsesẽwɔsaɖa me le ƒe 1962 me

Le gaxɔa me la, kpovitɔ aɖe si nɔ gbe biamem la gblɔ kple gbe sesẽ be, “Míabu mo na mi abe ale si wotua afɔ afi dzi ɖe anyigba ene!” Megblɔ nɛ be, “Yesu gblɔ be WOAÐE gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la le dukɔwo katã me, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ ɖe enu o.” Eyome, kpovitɔ la te mɔnu bubu kpɔ. Edze agbagba be yeaƒoe ɖe nunye ne magbe nu le nye xɔse gbɔ, abe ale si megblɔe le gɔmedzedzea me ene. Esi eƒe ŋɔdzidodoawo kple nyaƒoɖeamenua siaa medze edzi o la, woka ƒe adre nam be matsɔ awɔ dɔ sesẽ le gakpɔ aɖe si te ɖe du si nye Saransk ŋu la me. Esi wokplɔm yina gakpɔa me la, mese be wodzi mía vinyɔnu evelia si ŋkɔe nye Olga. Togbɔ be srɔ̃nye kple ɖeviawo nɔ didiƒe ʋĩi tso gbɔnye hã la, ne meɖo ŋku edzi be nye kple Maria míegakpɔtɔ le nuteƒe wɔm na Yehowa la, esia faa akɔ nam.

Maria kple mía vinyɔnu siwo nye Olga kple Irina, le ƒe 1965 me

Zi ɖeka le ƒea me la, Maria ɖoa keteke tso Tulun va kpɔam ɖa le Saransk, togbɔ be eƒe vava kple dzodzo xɔa ŋkeke 12 hã. Ƒe sia ƒe la, etsɔa dɔwɔfɔkpa yeye vanɛ nam. Etsɔa Gbetakpɔxɔ yeyewo ɣlana ɖe afɔkpakɔawo to me. Le ƒe aɖe me la, Maria ƒe sasrãkpɔa nɔ etɔxɛ, elabena ekplɔ mía vinyɔnuvi eveawo ɖe asi vɛ. Bu ale si gbegbe ɖeviawo kpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe dzinyee ŋu kpɔ!

MÍEƲU YI TEƑE BUBUWO EYE MÍEDO GO KUXI YEYEWO

Le ƒe 1966 me la, woɖe asi le ŋunye le gakpɔa me eye mí ame enea míeʋu yi du si nye Armavir, si te ɖe Ƒuyibɔa ŋu la me. Afi mae míedzi mía viŋutsu siwo nye Yaroslav kple Pavel le.

Eteƒe medidi hafi Adzamekpovitɔwo va nɔ míaƒe aƒe me tsam henɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo dim o. Wotsaa afi sia afi, nyiwo ƒe nuɖuɖu me gɔ̃ hã. Gbe ɖeka, esi kpovitɔawo gava nɔ agbalẽawo dim la, wote fifia ale gbegbe, eye ʋuʋudedi lé woƒe awuwo ŋutɔ. Woƒe nu wɔ nublanui na Maria esi wòkpɔe be amewo ƒe gbe dzi ko wɔm wonɔ nenema. Ena aha vivi wo wono. Azɔ hã, eku tsi ɖe agba goboo me hetsɔ papahũ kple brɔs si wotsɔ tutua awu ŋu kpe ɖe eŋu vɛ na wo. Emegbe, esi Adzamekpovitɔawo ƒe amegã va la, kpovitɔawo gblɔ ale si míenyo dɔme na wo la nɛ. Esi wodzo yina la, woƒe amegãa ko alɔgbɔnu hedo babayi na mí. Esi míekpɔ nu nyui si do tso agbagba si míedze be ‘míatsɔ nu nyui aɖu nu vɔ̃ɖi dzi’ me la, dzi dzɔ mí ŋutɔ.—Rom. 12:21.

Togbɔ be kpovitɔwo nɔ fu ɖem na mí alea hã, míeyi edzi nɔ gbeƒã ɖem le Armavir. Míekpe asi ɖe gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si nɔ Kurganinsk, si nye du aɖe si te ɖe mía ŋu la ŋu. Dzi le dzɔyem ŋutɔ be egbea, hame ade le Armavir eye hame ene le Kurganinsk.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, edzɔ ɣeaɖewoɣi be míeva gbɔdzɔ vie le míaƒe mawusubɔsubɔ me. Gake míeda akpe na Yehowa be eto nɔvi nuteƒewɔlawo dzi ɖɔ mí ɖo hedo ŋusẽ mí le xɔse me. (Ps. 130:3) Azɔ hã, xɔse ƒe dodokpɔ sesẽ aɖee wònye na mí be míenɔ subɔsubɔm ɖekae kple Adzamekpovitɔ siwo va be ɖe hamea me dzaa le míaƒe manyamanya me. Wowɔ wo ɖokuiwo abe ame siwo me dzo le ene, eye wodoa vevie nu le subɔsubɔdɔa me. Woɖo wo dometɔ aɖewo agbanɔamedzinɔƒewo le habɔbɔa me gɔ̃ hã. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míeva nya ame siwo wonye.

Le ƒe 1978 me esime Maria xɔ ƒe 45 la, egafɔ fu. Esi wònye be dzidɔ aɖe nɔ eŋu ta la, ɖɔktawo nɔ vɔvɔ̃m be ava ku, eya ta, wodze agbagba be yewoaƒoe ɖe enu be wòaɖe fua. Gake Maria gbe. Esia wɔe be ɖɔkta aɖewo léa abui ɖe asi nɔa eyome le kɔadzi henɔ didim be yewoado abui si ana fua nage le eƒo la nɛ. Eya ta, Maria si dzo le kɔadzi be yeakpɔ ye via ta.

Ɣemaɣi lɔƒo la, Adzamekpovitɔwo de se na mí be míadzo le dua me. Eya ta, míeʋu yi kɔƒe aɖe si te ɖe Tallinn ŋu me le Estonia, si nye Soviet Dukɔa ƒe akpa aɖe ɣemaɣi. Le Tallinn la, nuwo meva yi abe ale si ɖɔkta mawo susui ene o. Maria dzi viŋutsu si nɔ lãmesẽ me, si míena ŋkɔe be Vitaly.

Emegbe la, míeʋu tso Estonia heyi ɖanɔ teƒe siwo amewo tso kɔƒe ɖo le Nezlobnaya, si le Russia ƒe anyiehe. Míeɖe gbeƒã le du siwo me amewo tsoa dukɔa ƒe teƒe vovovowo va ɖua mɔkeke le la me ŋuɖɔɖotɔe. Lãmesẽnyawo tae wovaa du mawo me ɖo, gake agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa su wo dometɔ aɖewo si hafi wotrɔ dzo!

MÍA VIAWO HEHE BE WOALƆ̃ YEHOWA

Míedze agbagba be míahe mía viawo be woalɔ̃ Yehowa eye woadi be yewoasubɔe. Míekpea nɔvi siwo nye kpɔɖeŋu nyui na mía viwo la vaa mía ƒeme edziedzi. Ame siawo dometɔ ɖekae nye nɔvinyeŋutsu Grigory, si nye dzikpɔla mɔzɔla tso ƒe 1970 va se ɖe ƒe 1995 me. Eƒe vava doa dzidzɔ na ƒome bliboa, elabena enye dzidzɔme eye wòdoa nukokoe na ame. Ne nɔviwo va dze mía gbɔ la, zi geɖe la, míezãa Biblia ŋutinyawo tsɔ wɔa fefewo, eye esia wɔe be mía viwo va lɔ̃ Biblia me ŋutinyawo ŋutɔ esime wonɔ tsitsim.

Mía viŋutsuawo kple wo srɔ̃wo.

Tso miame yi ɖusime, le megbea: Yaroslav, Pavel, Jr. kple Vitaly

Ŋgɔgbea: Alyona, Raya kple Svetlana

Le ƒe 1987 me la, mía viŋutsu Yaroslav ʋu yi Latvia ƒe dugã Riga me, eye le afi ma la, ete ŋu ɖe gbeƒã le ablɔɖe geɖe wu me. Gake esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o ta la, woka ƒe ɖeka kple afã nɛ be wòatsɔ anɔ gaxɔ me, eye le wo katã me la, enɔ gaxɔ vovovo asieke me. Nya siwo megblɔ nɛ tso nu siwo me meto esime menɔ gaxɔ me ŋu la kpe ɖe eŋu wòdo dzi. Emegbe la, eva ƒo eɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa me. Le ƒe 1990 me la, mía viŋutsu Pavel si xɔ ƒe 19 la hã di be yeawɔ mɔɖeɖedɔa le Sakhalin, si nye ƒukpo aɖe si le Japan ƒe dziehe la dzi. Gbã la, mímedi be wòayi o. Gbeƒãɖela 20 koe nɔ ƒukpo bliboa dzi, eye ƒukpoa didi tso mía gbɔ kilometa 9,000 sɔŋ. Gake mlɔeba, míeva lɔ̃ be wòayi, eye esia nye nyametsotso nyui aɖe. Ƒukpoa dzi nɔlawo xɔ Fiaɖuƒegbedeasia nyuie. Le ƒe ʋɛ aɖewo ko me la, hame enyi sɔŋ ye va nɔ ƒukpoa dzi. Pavel subɔ le Sakhalin va se ɖe ƒe 1995 me. Ɣemaɣi la, mía viŋutsu dɔmlɔea, Vitaly, koe kpɔtɔ nɔ mía gbɔ. Elɔ̃ Biblia xexlẽ tso eƒe ɖevime ke. Esi wòxɔ ƒe 14 la, edze mɔɖeɖedɔa gɔme, eye mewɔ mɔɖeɖedɔa kplii ƒe eve. Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ ɣemaɣi. Esi Vitaly xɔ ƒe 19 la, ezu mɔɖela vevi eye wòʋu yi eƒe anyigbamama me.

Adzamekpovitɔ aɖe gblɔ na Maria va yi le ƒe 1952 me be: “Gbe nu le wò xɔse gbɔ, ne menye nenema o la, àyi mɔ ƒe ewo. Kaka nàdo go le gaxɔ me la, àzu nyɔnu tsitsi si tsi akogo.” Gake nuwo meva yi abe ale si wòsusui ene o. Míekpɔ ale si gbegbe mía Mawu Yehowa, nuteƒewɔla la, mía viwo kple ame siwo mɔnukpɔkpɔ su mía si míefia nyateƒeae la katã lɔ̃ míi. Nye kple Maria míeyi ɖakpɔ mía viawo ɖa le teƒe siwo wonɔ subɔsubɔm le, eye míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Míekpɔ ale si ame siwo ŋu mía viwo kpe ɖo wova nya Yehowa la kpɔ ŋudzedze ɖe mía viwo ƒe agbagbadzedzewo ŋui.

MEDA AKPE ÐE NYUI SIWO KATÃ YEHOWA WƆ NAM LA TA

Le ƒe 1991 me la, woda asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le se nu. Esia wɔe be dzo yeye ɖo nɔviwo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Míaƒe hamea ƒle bɔs gɔ̃ hã ale be míate ŋu ayi aɖanɔ gbeƒã ɖem le du kple kɔƒe siwo didi tso mía gbɔ la me le kwasiɖanuwuwuwo.

Nye kple srɔ̃nye le ƒe 2011 me

Dzidzɔe wònye nam be Yaroslav kple srɔ̃a, Alyona kpakple Pavel kple srɔ̃a, Raya, wole subɔsubɔm le Betel, eye Vitaly kple srɔ̃a, Svetlana, wole dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa wɔm. Mía vinyɔnu tsitsitɔ, Irina kple eƒe ƒomea wole Germany. Srɔ̃a, Vladimir kple wo viŋutsu etɔ̃awo katã wonye hamemetsitsiwo. Mía vinyɔnu Olga le Estonia eye eƒoa ka na mí edziedzi. Nublanuitɔe la, Maria, srɔ̃nye lɔlɔ̃a, ku le ƒe 2014 me. Mele mɔ kpɔm vevie be magakpɔe ake le tsitretsitsia me! Fifia, míele du si nye Belgorod me, eye mía nɔvi Kristotɔ siwo le afi sia la kpena ɖe mía ŋu ŋutɔ.

Le ƒe siwo katã metsɔ subɔ Yehowa me la, mekpɔe be nuteƒewɔwɔ na Yehowa bia be ame natsɔ nanewo asa vɔe godoo, gake dzidzeme si tsoa Yehowa gbɔ nye teƒeɖoɖo si ƒo nu mawo ta sãsãsã. Yayra siwo nye kple Maria míekpɔ le esi míenɔ te sesĩe le xaxawo me la ƒo nu sia nu si míekpɔ mɔ na la ta. Hafi Soviet Dziɖuɖua namu le ƒe 1991 me la, gbeƒãɖela siwo nɔ dukɔa me la sɔ gbɔ wu 40,000 vie ko. Gake egbea, gbeƒãɖela siwo wu 400,000 sɔŋ ye le dukɔ siwo nɔ Soviet Dziɖuɖua te ɣemaɣi la me! Mexɔ ƒe 83 fifia eye megakpɔtɔ nye hamemetsitsi. Yehowa megblẽm ɖi gbeɖe o, ke boŋ edo ŋusẽm medo dzi le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Ɛ̃, Yehowa yram geɖe ŋutɔ!—Ps. 13:5, 6.