Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Meɖoe Kplikpaa Be Nyemana Nye Asiwo Nado Agblɔ O

Meɖoe Kplikpaa Be Nyemana Nye Asiwo Nado Agblɔ O

“PAPA,” “NYRUI.” Aleae ɖekakpui kple ɖetugbui geɖe siwo le Betel la yɔam. Eye esi wònye be mexɔ ƒe 89 ta, edzɔa dzi nam. Mebua ale si woyɔam vividoɖeameŋutɔe la be enye mɔ siwo dzi Yehowa to le ƒe 72 siwo metsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa la teƒe ɖom nam la dometɔ ɖeka. Eye nuteƒekpɔkpɔ siwo su asinye le Mawu subɔsubɔ me wɔe be metea ŋu gblɔna na sɔhɛ siawo tso dzi me be, ‘woaɖo miaƒe dɔwɔwɔ teƒe na mi—ne miena miaƒe asiwo do agblɔ o.’—2 Kron. 15:7, etenuŋɔŋlɔ.

DZINYELAWO KPLE NƆVINYEWO

Dzinyelawo ʋu tso Ukraine yi Canada. Woyi ɖanɔ Rossburn, si nye du aɖe si le Manitoba ƒe nutoa me. Nɔnye lɔlɔ̃a dzi mí ame 16—ŋutsuvi 8 kple nyɔnuvi 8, venɔviwo mele eme o—nyee nye vi 14 lia. Biblia xexlẽ doa dzidzɔ na Papa, eye exlẽnɛ na mí le Kwasiɖagbe ŋdiwo, gake ebua subɔsubɔhakplɔlawo be wolɔ̃a gaxɔxɔ le amewo si tsɔ wu be woakpe ɖe amewo ŋu. Eya ta, ebiana fefetɔe be, “Ame ka gɔ̃e xe fe na Yesu ɖe eƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa ta?”

Nɔvinyeawo dometɔ enyi—ŋutsu ene kple nyɔnu ene—va xɔ nyateƒea mlɔeba. Daanye Rose wɔ mɔɖeɖedɔa va se ɖe esime wòku. Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la, edea dzi ƒo na amewo be woawɔ Mawu ƒe Nya la dzi eye wògblɔna na ame sia ame be, “Medi be makpɔ wò le xexe yeyea me.” Fonye Ted nye dzo mavɔ ŋuti nufiala. Kwasiɖagbe ŋdi ɖe sia ɖe la, egblɔa mawunya le radio dzi, eye wògblɔna na eƒe nyaselawo ŋkubiãtɔe enuenu be nu vɔ̃ wɔlawo atsrɔ̃ tegbetegbe le dzo mavɔ aɖe si matsi akpɔ o la me. Ke hã, emegbe la, eva zu Yehowa subɔla wɔnuteƒe dzonɔamemetɔ.

ALE SI WÒDZƆE BE MEVA DZE ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆSUBƆDƆA GƆME

Gbe ɖeka le June 1944 me esi megbɔ tso suku la, mekpɔ agbalẽvi aɖe si ƒe tanyae nye The Coming World Regeneration * le míaƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Mexlẽ eƒe axa gbãtɔ, eye mexlẽ evelia, eye nyemete ŋu dzudzɔ exexlẽ o va se ɖe esime mexlẽ agbalẽvi bliboa wu enu. Esi mexlẽe vɔ la, metso nya me enumake—medi be masubɔ Yehowa abe ale si Yesu wɔe ene.

Aleke wòdzɔe be agbalẽvi ma va le míaƒe kplɔ̃ dzi? Fonye Steve na menya be ŋutsu eve aɖewo siwo nɔ agbalẽwo kple agbalẽviwo “dzram” la va míaƒe aƒe me. Egblɔ be: “Nyee ƒle agbalẽvi ma, elabe cent atɔ̃ pɛ koe wodzrae.” Ŋutsuawo gava Kwasiɖa si kplɔe ɖo dzi. Wogblɔ na mí be Yehowa Ðasefowoe yewonye eye yewozãa Biblia tsɔ ɖoa amewo ƒe nyabiasewo ŋu na wo. Esia dzɔ dzi na mí, elabe hehe si mía dzilawo na mí la wɔe be míedea bubu Mawu ƒe Nyaa ŋu. Ŋutsu eveawo gblɔ na mí be madidi o, Ðasefoawo awɔ takpekpe aɖe le Winnipeg, si nye dugã si me daanye Elsie le. Meɖoe be made takpekpea.

Medo nye gasɔ kilometa 320 yi Winnipeg, gake meto Kelwood, si nye du si me Ðasefo eve siwo va míaƒe aƒe me la le eye menɔ wo gbɔ vie. Esime menɔ afi ma la, mede kpekpe ɖeka eye meva nya ale si hamewo nɔna. Meva de dzesii hã be ele be ŋutsu, nyɔnu kple sɔhɛ ɖe sia ɖe nanye ame si fiaa nu amewo tso aƒe me yi aƒe me, abe ale si Yesu wɔe ene.

Le Winnipeg la, medo go fonye Jack, si zɔ mɔ tso dziehe Ontario va takpekpea. Le takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nɔviŋutsu aɖe ɖe gbeƒãe be woanyrɔ amewo le takpekpea me. Nye kple Jack míeɖoe be míaxɔ nyɔnyrɔ le takpekpe ma me. Mí ame evea míeɖoe kplikpaa be le míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, míadze mɔɖeɖedɔa gɔme kaba ale si wòanya wɔ. Jack dze mɔɖeɖedɔa gɔme le takpekpea megbe teti ko. Mexɔ ƒe 16 ɣemaɣi eye ele be matrɔ ayi suku, gake le ƒe si kplɔe ɖo me la, nye hã mezu gbesiagbe mɔɖela.

MESRƆ̃ NU GEÐE LE MƆÐEÐEDƆA ME

Medze mɔɖeɖedɔa gɔme le Souris, le Manitoba nutoa me. Stan Nicolson ye nye nye zɔhɛ. Eteƒe medidi o, meva nyae be mɔɖeɖedɔa wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ga si nɔ mía si la nɔ vɔvɔm, gake míeyi edzi nɔ gbeƒã ɖem. Gbe ɖeka, esi míeɖe gbeƒã ŋkeke bliboa eye míetrɔ yina aƒe me la, penivi gɔ̃ hã menɔ mía si o, eye dɔ nɔ mía wum vevie. Míaƒe nu ku esime míekpɔ kotoku gã aɖe si yɔ fũu kple nuɖuɖu la le míaƒe ʋɔtru nu! Míenya ame si da kotokua ɖe afi ma o va se ɖe egbe. Fiẽ ma, míeɖu nu abe fiawo ene. Teƒeɖoɖo nyui kae nye esi su mía si le esi míena míaƒe asiwo do agblɔ o ta! Le nyateƒe me la, kaka ɣleti ma nawu enu la, kpekpeme va nɔ ŋunye wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe do ŋgɔ na ema.

Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, woɖo mí ɖe du si nye Gilbert Plains, si le Souris ƒe dziehekpa dzi kilometa 240 la me. Le ɣeyiɣi mawo me la, hame ɖe sia ɖe klãa subɔsubɔdɔ si wowɔ ɣleti sia ɣleti la ŋuti kɔntabubu ɖe kplɔ̃ta. Esi dɔ si wowɔ le ɣleti aɖe me ɖiɖi la, meƒo nuƒo aɖe na hamea tsɔ te gbe ɖe edzi na nɔviawo be ele be woawɔ geɖe wu. Le kpekpea megbe la, nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si nye mɔɖela, si srɔ̃ mele nyateƒea me o la, tsɔ aɖatsi va gblɔ nam be, “Mewɔ tɔnye sinua, gake ɖeko nyemete ŋu wɔ geɖe wu esi mewɔ o.” Eƒe nyawo na nye hã mefa avi, eye meɖe kuku nɛ.

Abe ale si wòdzɔ le gonyeme ene la, ele bɔbɔe be nɔviŋutsu siwo nye ɖekakpui siwo ŋu ŋusẽ geɖe le la nawɔ vodada sia tɔgbi eye wòava te ɖe wo dzi emegbe. Gake meva kpɔe be le esi mana nye asiwo nado agblɔ teƒe la, nunya le eme be masrɔ̃ nu tso nye vodadaa me eye maɖo ŋku nu si mesrɔ̃ tso eme la dzi esime mele ŋgɔ yim. Ne meyi edzi le nuteƒe wɔm la, Yehowa aɖo eteƒe nam.

QUEBEC-ƲA LA

Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye nam be esime mexɔ ƒe 21 la, mede Gilead Suku ƒe klass 14 lia si wu enu le February 1950 me! Woɖo mí ame siwo de sukua ƒe memama ɖeka le ene me ɖe Fransegbedolawo ƒe nuto si le Quebec, Canada, afi si wonɔ Ðasefowo yome tim vevie le la me. Woɖom ɖe Val-d’Or, si nye du aɖe si le dukɔa ƒe afi si wokua sika le. Gbe ɖeka, míenɔ ƒuƒoƒo me yi ɖaɖe gbeƒã le Val-Senneville, si nye kɔƒe aɖe si tsɔ mía gbɔ me. Sɔlemeha ƒe nunɔla si nɔ afi ma la gblɔ na mí be yeawɔ nu vevi mí ne míedzo le kɔƒea me enumake o. Nya ma si wògblɔ la wɔe be míetsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe eye nye hã menɔ eme míetsɔ nya ɖe eŋu. Ʋɔnudrɔ̃ƒea do fe na nunɔlaa. *

Nudzɔdzɔ ma kple etɔgbi geɖe ye va nye nu si woyɔ be “Quebec-ʋa” la. Ƒe 300 sɔŋ kple edzivɔe nye ema Roma Katolikohaa nɔ Quebec nutoa dzi ɖum. Sɔlemehakplɔlawo kple wo dzi delawo ti Yehowa Ðasefowo yome vevie le afi ma. Nuwo menɔ bɔbɔe ɣemaɣi o, eye míede ha hã o; gake míena míaƒe asiwo do agblɔ o. Quebectɔ siwo nye dzianukwaretɔwo wɔ nu ɖe nya nyuia ŋu nyuie. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mesrɔ̃ nu kple ame geɖe wova xɔ nyateƒea. Mesrɔ̃ Biblia kple ƒome aɖe si me ame ewo le. Ƒome bliboa va zu Yehowa subɔlawo. Ale si wowɔ nu dzinɔameƒotɔe la ʋã ame bubuwo be woado le Katoliko-haa me. Míeyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi, eye mlɔeba, míeɖu aʋa la dzi!

MÍENA HEHE NƆVIŊUTSUWO LE WO DEGBE ME

Le ƒe 1956 me la, wode dɔ asi nam be mayi aɖasubɔ le Haiti. Fransegbea dodo menɔ bɔbɔe na dutanyanyuigblɔla yeye siwo nɔ afi ma o, gake amewo ɖoa to. Dutanyanyuigblɔla Stanley Boggus, gblɔ be, “Ewɔ nuku na mí esi míekpɔ ale si ameawo wɔ nu sia nu si woate ŋui be yewoakpe ɖe mía ŋu be míagblɔ nya si le mía si na yewo.” Gbã la, nuwo de dzinye vie, elabe mesrɔ̃ Fransegbea esime menɔ Quebec. Gake eteƒe medidi o, meva de dzesii be gbe si nye Haitian Creole la koe nɔvi akpa gãtɔ dona le dukɔa me. Eya ta, hafi mí dutanyanyuigblɔlawo míate ŋu akpɔ dzidzedze la, ele be míasrɔ̃ gbe si wodona le afi ma. Míesrɔ̃e hã vavã, eye Yehowa ɖo míaƒe agbagbadzedzewo teƒe na mí.

Be míate ŋu akpe ɖe nɔviawo ŋu geɖe wu la, Dɔdzikpɔhaa ɖe mɔ na mí be míaɖe Gbetakpɔxɔ kple agbalẽ bubu aɖewo gɔme ɖe Haitian Creole gbea me. Esia wɔe be ame siwo dea kpekpeawo la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi kabakaba le dukɔ bliboa me. Gbeƒãɖela 99 ye nɔ Haiti le ƒe 1950 me, gake kaka ƒe 1960 naɖo la, gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va ɖo 800 kple edzivɔ! Ɣemaɣie wobia tso asinye be mava wɔ dɔ le Betel. Le ƒe 1961 me la, dzi dzɔm ale gbegbe esi mɔnukpɔkpɔ su asinye mefia nu le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua me. Míete ŋu na hehe hamemetsitsi kple mɔɖela vevi 40. Le takpekpe si míewɔ le January 1962 me la, míede dzi ƒo na nɔviŋutsu siwo dze la be woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu, eye habɔbɔa ɖo wo dometɔ aɖewo wozu mɔɖela veviwo. Esia va ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, elabe tsitretsiɖeŋu sesẽ aɖe nɔ ŋgɔ gbɔna.

Le takpekpe si míede le January 23, 1962 dzi megbe teti la, wova lé nye kple dutanyanyuigblɔla Andrew D’Amico le alɔdzedɔwɔƒea, eye wolɔ January 8, 1962 ƒe Nyɔ! si le Fransegbe me la katã dzoe. Ɣemaɣi la, Nyɔ! la yɔ nya tso nyatakaka aɖe si dze le Franseawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo me be wosubɔa vodu le Haiti la me. Ame aɖewo mekpɔ dzidzɔ ɖe nya ma ŋu o eye wogblɔ be alɔdzedɔwɔƒea ye míeŋlɔ nyatia le. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, wonya dutanyanyuigblɔlawo dzoe le dukɔa me. * Gake nutoa me nɔvi siwo xɔ hehe la yi dɔa dzi nyuie ŋutɔ. Egbea, mele dzidzɔ kpɔm kpli wo ɖe ale si wodo dzi le ɣeyiɣi mawo me eye woƒe xɔse gasẽ ɖe edzi la ta. Fifia gɔ̃ hã la, Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe le wo si le Haitian Creole gbea me—míebui kpɔ be esia ate ŋu ava eme o.

FIAÐUƑE AKPATAWO TUTU LE CENTRAL AFRICAN REPUBLIC

Esi mesubɔ le Haiti megbe la, wobia tso asinye be mayi aɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Central African Republic. Emegbe, mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ dzikpɔla mɔzɔla dɔa le afi ma eye emegbe meva zu alɔdzedɔwɔƒe dzikpɔla.

Le ŋkeke mawo me la, Fiaɖuƒe Akpata geɖe menɔ nɔnɔme nyui me o. Mesrɔ̃ ale si masi bè le ave me atsɔ agba xɔe. Ale si mekua kutri vevie le dɔ yeye sia me la zu nukpɔkpɔ na ame siwo tso eme va yina. Esia ʋã nɔviawo hã be wova lé fɔ ɖe woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu kple beléle na wo ŋu geɖe wu. Subɔsubɔhakplɔlawo ɖua fewu le mía ŋu, elabe zingi ye wotsɔ gbã woƒe sɔlemexɔwo evɔ menɔ nenema le míaƒe Akpatawo gome o. Gake dzi meɖe le mía ƒo o, míeyi míaƒe Fiaɖuƒe Akpata siwo míetsɔ bè gba la tutu dzi. Wova dzudzɔ fewuɖuɖu le mía ŋu esime ahom sesẽ aɖe tu le Bangui, si nye dugã la me. Ahomyaa fo zingi le sɔlemexɔ aɖe dzi hetsɔe ƒu gbe ɖe mɔ gãa dzi. Gake naneke mewɔ bè si míetsɔ gba míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo ya o. Be míate ŋu akpɔ Fiaɖuƒedɔa dzi nyuie la, míetu alɔdzedɔwɔƒe yeye kple dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe le ɣleti atɔ̃ pɛ ko me. *

MEÐE NƆVINYƆNU DZONƆAMEMETƆ AÐE

Míaƒe srɔ̃ɖegbe

Le ƒe 1976 me la, woɖo asi Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi le Central African Republic eye habɔbɔa ɖom ɖe dukɔ si te ɖe eŋu, si nye Chad ƒe fiadu, N’Djamena la me. Gake nu nyui aɖe do tso esia me. Medo go Happy, si nye mɔɖela vevi aɖe si me dzo le, si tso Cameroon la le afi ma. Míeɖe srɔ̃ le April 1, 1978 dzi. Le ɣleti ma ke me la, dukɔmeviʋa fe ati le nutoa me, eye míawo hã míesi yi dukɔa ƒe anyiehekpa dzi, abe ale si ame bubu geɖewo wɔe ene. Esi aʋaa ke la, míetrɔ yi míaƒe aƒe me eye míekpɔe be asrafoha aɖe zã míaƒe aƒea tsɔ wɔ woƒe dɔdzikpɔƒee. Menye míaƒe agbalẽawo koe bu le aƒea me o, ke Happy ƒe srɔ̃ɖewua kple nu siwo amewo na mí le míaƒe srɔ̃ɖegbe la hã. Gake míena míaƒe asiwo do agblɔ o. Míekpɔtɔ li na mía nɔewo eye míekpɔ ŋgɔgbe henɔ mɔ kpɔm na dɔ geɖe wɔwɔ le subɔsubɔdɔa me.

Le ƒe eve aɖewo megbe la, woɖe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Central African Republic. Míetrɔ yi afi ma eye míewɔ dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa. Míaƒe ʋuae ganye míaƒe aƒe me. Abati si woŋena ƒoa ƒu, tsigo gã aɖe si ate ŋu axɔ tsi lita 200, nufamɔ̃, kple gamlekpui aɖe le eme. Mɔzɔzɔ menɔa bɔbɔe ɣemaɣi o. Le mɔzɔzɔ aɖe me la, kpovitɔwo tɔ mí le mɔ dzi wu zi 117 sɔŋ.

Zi geɖe la, yame xɔa dzo gbãgbãgbã heɖona Celsius ƒe dzidzenu 50. Eye le takpekpewo me la, esesẽna be míakpɔ tsi agbɔsɔsɔme si me woanyrɔ amewo le. Eya ta, nɔviawo yina ɖaɖea do ɖe tɔʋuwo me, eye vivivi la, wodua tsi si ade na nyɔnyrɔxɔxɔ kɔna ɖe gago me. Ɣemaɣi la, gago mee wonyrɔa amewo le zi geɖe.

DƆ SIWO MÍEWƆ LE AFRIKA DUKƆ BUBUWO ME

Le ƒe 1980 me la, habɔbɔa ɖo mí ɖe Nigeria. Míewɔ dɔ le afi ma ƒe eve kple afã hekpe asi ɖe dzadzraɖodɔ siwo wowɔ do ŋgɔ na alɔdzedɔwɔƒe yeyea tutu la ŋu. Nɔviawo ƒle asitsanudzraɖoƒe tuɖedzi eve aɖe si wòle be woakaka ale be woadzra anyigbaa ɖo na xɔa tutu. Gbe ɖeka ŋdi la, melia xɔa yi etame henɔ asi kpem ɖe eŋu be míakakae. Le ŋdɔ me la, menɔ ɖiɖim to afi si meto lia xɔa tame. Gake esi wònye be míele xɔa kakam ta la, nuwo meganɔ abe ale si wònɔ hafi meyi xɔa tame ene o, eye kaka makpɔa, mege dze anyigba. Edze abe medze afɔku vevie ene, gake esi woɖe fotom le kɔdzi eye ɖɔkta lé ŋku ɖe ŋunye vɔ la, egblɔ na Happy be: “Mègavɔ̃ o. Eƒe lãmeka aɖewo koe tso eye le kwasiɖa ɖeka alo eve me la, aka ɖe eme nɛ.”

Esime míeɖo ʋu yina ɖe takpekpe aɖe

Le ƒe 1986 me la, míeʋu yi Côte d’Ivoire, eye míewɔ dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa le afi ma. Dɔ sia kplɔ mí yi keke Burkina Faso ke. Nyemebui kpɔ ɣemaɣi be Burkina Faso ava zu mía nɔƒe hena ɣeyiɣi aɖe o.

Esime míenɔ dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa wɔm la, míaƒe ʋu la kee nye míaƒe aƒe me

Medzo le Canada le ƒe 1956 me, gake le ƒe 2003 me, si nye ƒe 47 tso esime medzo la, megatrɔ yi Betel le Canada eye fifia nye kpakple Happy ye yi. Le se nu la, Canadatɔwoe míenye, gake míesena le mía ɖokui me be míenye Afrikatɔwo.

Esime menɔ Biblia srɔ̃m kple ŋutsu aɖe le Burkina Faso

Le ƒe 2007 me esime mexɔ ƒe 79 la, míegaʋu yi Afrika ake! Wode dɔ asi nam le Burkina Faso, eye menɔ Dukɔdzikpɔkɔmitia me. Emegbe wova trɔ dɔwɔƒea wòzu gbegɔmeɖeƒe si le Benin alɔdzedɔwɔƒea ƒe dzikpɔkpɔ te, eye le August 2013 me la, woɖo mí ɖe Benin alɔdzedɔwɔƒea.

Esime nye kple Happy míenɔ subɔsubɔm le Benin alɔdzedɔwɔƒea

Togbɔ be ŋusẽ megale ŋunye ale o hã la, gbeƒãɖeɖedɔa gale vevie nam kokoko. Le hamemetsitsiwo kple srɔ̃nye ƒe kpekpeɖeŋu me la, nye Biblia nusrɔ̃vi eve, siwo nye Gédéon kple Frégis xɔ nyɔnyrɔ le ƒe etɔ̃ siwo va yi me. Mekpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Wole Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe.

Fifia ya, nye kple srɔ̃nye míeʋu yi South Africa alɔdzedɔwɔƒea, afi si Betel ƒomea le míaƒe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔm le lɔlɔ̃tɔe. South Africa ye nye Afrika dukɔ adrelia si me mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ le. Le October 2017 me la, Yehowa yra mí le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Mɔnukpɔkpɔ su mía si míede habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Warwick, New York ŋu kɔkɔ ƒe wɔnaa teƒe. Míaŋlɔ wɔna ma be kpɔ gbeɖe o!

Wogblɔ le ƒe 1994 ƒe Ƒegbalẽa ƒe axa 255 lia be: “Míele egblɔm na mi ame siwo do dzi le dɔa me ƒe geɖe ye nye esia la be: ‘Milé dzi ɖe ƒo eye míaƒe alɔ megado agblɔ o, elabena woaɖo miaƒe dɔwɔwɔ teƒe na mi.’—2 Kron. 15:7.” Nye kple Happy míeɖoe kplikpaa be míawɔ dzideƒonya sia dzi eye míade dzi ƒo na ame bubuwo hã be woawɔ nenema ke.

^ mm. 9 Yehowa Ðasefowoe tae le ƒe 1944 me. Womegale etam fifia o.

^ mm. 18 Kpɔ nyati si nye “Wobu Fɔ Quebec Nunɔla Le Esi Wòti Yehowa Ðasefowo Yome Ta,” si dze le November 8, 1953, ƒe Nyɔ! me, axa 3-5 (ele yevugbe me).

^ mm. 23 Esia ŋuti nya bubuwo dze le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 1994 Ƒegbalẽa me, axa 148-150 (ele yevugbe me).

^ mm. 26 Kpɔ nyati si nye “Xɔtutu Ðe Gɔmeɖoanyi Nyui Dzi,” si dze le May 8, 1966 ƒe Nyɔ! me, axa 27 (ele yevugbe me).