GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2019

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 30 va se ɖe October 27, 2019 la le tata sia me.

“Míenaa Ta O”!

Aleke míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa ate ŋu ana tame si míeɖo kplikpaa be míana ta gbeɖe o la me nagasẽ ɖe edzi?

Mina Miaƒe Lɔlɔ̃ Nanɔ Dzidzim Ðe Edzi

Filipitɔwo ƒe agbalẽa kpena ɖe mía ŋu míekpɔa ale si míana míaƒe lɔlɔ̃ nadzi ɖe edzi, ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã.

“Ame Siwo Ðoa To Wò” La Akpɔ Agbe

Nu kawoe míate ŋu awɔ be míakpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu be woava lɔ̃ Yehowa?

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Le Wò Dɔdeasi Yeyea Me

Ete ɖe nɔvi geɖe dzi vevie be woaɖe asi le dɔdeasi si wolɔ̃ vevie la ŋu. Nu kae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ɖe woƒe nɔnɔme yeyea ŋu nyuie?

Xɔse—Enye Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Nana Míesẽa Ŋu

Xɔse nye nɔnɔme nyui aɖe si nana dzi ɖoa mía ƒo. Ne xɔse le mía si la, míate ŋu ado dzi le kuxi sesẽ siwo le abe towo ene la me.

Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa—Eƒe Kpɔɖeŋua Akpe Ðe Mía Ŋu Míayi Edzi Anɔ Dzidzɔ Kpɔm

Nu kae míate ŋu awɔ be míakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm le mía Mawu la subɔsubɔ me ne nuwo meyi abe ale si míele mɔ kpɔm nɛ ene o gɔ̃ hã?