Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 33

“Ame Siwo Ðoa To Wò” La Akpɔ Agbe

“Ame Siwo Ðoa To Wò” La Akpɔ Agbe

“Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi. Do vevie nu le nu siawo me, elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa ɖe agbe.”—1 TIM. 4:16.

HADZIDZI 67 “Ðe Gbeƒã Nya La”

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae mí katã míedina be míaƒe ƒometɔwo nawɔ?

“TSO esime mesrɔ̃ nyateƒea la, enye nye didi vevie be nye kple nye ƒometɔwo katã míava nɔ Paradiso me. Vevietɔ wu la, medi be srɔ̃nye, Wayne, kple mía viŋutsuvia nava wɔ ɖeka kplim le Yehowa subɔsubɔ me.” Nya siae nɔvinyɔnu si ŋkɔe nye Pauline * la gblɔ. Ðe wò ƒometɔ aɖewo mele nyateƒea me oa? Ðikeke mele eme o be, abe Pauline ene la, wò hã èdi be yeƒe ƒometɔwo nava wɔ ɖeka kpli ye le Yehowa subɔsubɔ me.

2. Biabia kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Míate ŋu azi míaƒe ƒometɔwo dzi be woase nya nyuia o, gake míate ŋu ade dzi ƒo na wo be woalɔ̃ aɖo to Biblia ƒe gbedeasia eye woaɖe afɔ siwo hiã. (2 Tim. 3:14, 15) Nu ka tae wòle be míaɖi ɖase na míaƒe ƒometɔwo? Nu ka tae wòle be míase nu gɔme na wo? Nu kawoe míate ŋu awɔ be míakpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu be woawo hã woava lɔ̃ Yehowa abe míawo ke ene? Eye mɔ kawo nue nɔvi siwo le míaƒe hamea me la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le?

NU KA TAE WÒLE BE MÍAÐI ÐASE NA MÍAƑE ƑOMETƆWO?

3. Le 2 Petro 3:9 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be míaɖi ɖase na míaƒe ƒometɔwo?

3 Eteƒe madidi o, Yehowa ahe nuɖoanyi sia ava nuwuwui. “Ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la” koe atsi agbe. (Dɔw. 13:48) Míezãa ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe tsɔ ɖea gbeƒã na ame siwo medo ƒome kpli mí o, siwo le míaƒe nutoa me, eya ta, esɔ be míadi be míaɖi ɖase na míaƒe ƒometɔwo hã ale be woawo hã woava subɔ Yehowa kpli mí. Mía Fofo lɔ̃ame, Yehowa, “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.”—Xlẽ 2 Petro 3:9.

4. Vodada kae míewɔna ne míele ɖase ɖim na míaƒe ƒometɔwo?

4 Ele be wòanɔ susu me na mí be mɔ si dzi míato agblɔ xɔxɔgbedeasia na amewo la ate ŋu anye nyuitɔ loo alo ate ŋu anye esi mesɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anye be míeɖɔa ŋu ɖo ne míele gbeƒã ɖem na ame bubu siwo míenya o, gake ne míele ɖase ɖim na míaƒe ƒometɔwo ya míeƒoa nu na wo kã ameŋumabumabutɔe.

5. Ne míele agbagba dzem be míaɖi ɖase na míaƒe ƒometɔwo la, nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

5 Ne míeɖo ŋku zi gbãtɔ si míedze agbagba be míaɖi ɖase na míaƒe ƒometɔwo dzi la, ɖewohĩ ate ɖe mía dometɔ geɖe dzi be mɔ si nu míewɔe le la mesɔ o, eye anyo wu ne ɖe míewɔe le mɔ bubu nu. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be: “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme, ne mianya ale si wòdze be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.” (Kol. 4:5, 6) Anyo be aɖaŋuɖoɖo sia nanɔ susu me na mí ne míele ɖase ɖim na míaƒe ƒometɔwo. Ne menye nenema o la, le esi woaɖo to mí teƒe la, míaƒe nuwɔna ate ŋu ava wɔe be womaɖo to mí o.

NU KAWOE MÍATE ŊU AWƆ BE MÍAKPE ÐE MÍAƑE ƑOMETƆWO ŊU?

Nugɔmesese na wò ƒometɔwo kple wò nɔnɔme nyuiwo ate ŋu anye ɖaseɖiɖi nyuitɔ kekeake na wo (Kpɔ memama 6-8 lia) *

6-7. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ele vevie be Kristotɔwo nase nu gɔme na wo srɔ̃ si menye Yehowa subɔla o.

6 Se nu gɔme na wo. Pauline, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, meɖoa dze kple srɔ̃nye tso Mawu kple Biblia ŋu ɣeawokatãɣi. Míeɖoa dze tso nu bubu aɖeke ŋu o.” Evɔ, Pauline srɔ̃, Wayne, menya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o, eye mesea nya siwo Pauline nɔa gbɔgblɔm tso Biblia ŋu la gɔme o. Ewɔ nɛ be subɔsubɔha si me ye srɔ̃ le la ƒe nyawo ŋu koe wòbuna ene. Enɔ vɔvɔ̃m be, ɖewomahĩ, ye srɔ̃ tsɔ eɖokui ƒo ɖe vivimeha vɔ̃ɖi aɖe me eye wole eblem.

7 Pauline lɔ̃ ɖe edzi be, enye nyateƒe be, va de asi na ɣeyiɣi aɖe la, yezãa yeƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ dea ha kple ye nɔvi Kristotɔwo le fiẽsiwo me kple kwasiɖanuwuwuwo—le kpekpeawo, gbeadzi, kple hadomenuwɔnawo me. Pauline gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, Wayne gbɔna vaa aƒe ƒuƒlu me eye wòtsia akogo.” Eme kɔ nyuie be, Wayne di vevie be ye srɔ̃ kple ye via nanɔ ye gbɔ hafi. Menya ame siwo dome wonɔna o, eye ewɔ nɛ be xɔlɔ̃ yeye siwo ye srɔ̃ dze la va le vevie nɛ wu ye. Esia wɔe be, Wayne va gblɔ na Pauline be, ne matrɔ eƒe agbenɔnɔ o la, yeagbee. Bu eŋu kpɔ, aleke Pauline ate ŋu aɖe nugɔmesese afia srɔ̃a hafi?

8. Le 1 Petro 3:1, 2 ƒe nya nu la, nu kae ate ŋu awɔ dɔ ɖe míaƒe ƒometɔwo dzi wu?

8 Na wò nuwɔna nanye ɖaseɖiɖi na wo. Zi geɖe la, nu siwo míewɔna la wɔa dɔ ɖe míaƒe ƒometɔwo dzi wu nya siwo míegblɔna. (Xlẽ 1 Petro 3:1, 2.) Pauline va kpɔ esia dze sii mlɔeba. Egblɔ be: “Menyae be Wayne lɔ̃ mí eye medi ŋutɔŋutɔ be yeagbem o. Gake esi wògblɔ nya sia nam la, mede dzesii be, ele vevie be mawɔ nuwo ale si tututu Yehowa dii. Le esi manɔ nu ƒom fũu teƒe la, ele be mana nye nuwɔnawo nanye ɖaseɖiɖi nɛ.” Pauline dzudzɔ nyaƒoƒo ɖe Wayne nu be wòaɖo dze tso Biblia ŋu, eye Pauline va te dzeɖoɖo tso agbemenya siwo ka wo ŋu. Wayne va de dzesii be Pauline va zu ame fatu, eye ekpɔe hã be ye via va le ame bum fifia wu tsã. (Lod. 31:18, 27, 28) Esi Wayne kpɔ ale si Biblia me gbedeasia le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe eƒe ƒomea dzii la, eva te ŋugbledede le Biblia me gbedeasia ŋu eye wòlɔ̃na faa be yeaɖo dze tso eŋu.—1 Kor. 7:12-14, 16.

9. Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ kpekpem ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu?

9 Yi edzi nànɔ kpekpem ɖe wò ƒometɔwo ŋu. Yehowa ɖo kpɔɖeŋua ɖi na mí. Enaa mɔnukpɔkpɔa amewo “enuenu” be woase nya nyuia eye woakpɔ agbe. (Yer. 44:4) Eye apostolo Paulo gblɔ na Timoteo be wòayi edzi anɔ kpekpem ɖe amewo ŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ne eyi edzi wɔe nenema la, axɔ eya ŋutɔ kple ame siwo ɖo toe la ɖe agbe. (1 Tim. 4:16) Míelɔ̃ míaƒe ƒometɔwo, eya ta míedi be woanya nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me. Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Pauline ƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo va kpɔ ŋusẽ nyui ɖe eƒe ƒomea dzi. Fifia, ele dzidzɔ kpɔm be ye kple ye srɔ̃ yewole Yehowa subɔm ɖekae. Wo ame evea siaa nye mɔɖelawo, eye azɔ hã, Wayne nye hamemetsitsi.

10. Nu ka tae wòle be míagbɔ dzi ɖi?

10 Gbɔ dzi ɖi. Esi míeva tiae be míawɔ Mawu ƒe sewo dzi la, míewɔ tɔtrɔwo le míaƒe agbenɔnɔ me eye míeɖe asi le dzixɔse siwo nɔ mía si tsã ŋu. Ate ŋu asesẽ na míaƒe ƒometɔwo be woase egɔme. Zi geɖe la, nu gbãtɔ siwo wodea dzesii ye nye be, míegawɔa ɖeka kpli wo le ŋkekenyuiwo ɖuɖu me o eye míegaƒoa mía ɖokui ɖe dunyahehe me o. Le gɔmedzedzea me la, ƒometɔ aɖewo ate ŋu ado dziku ɖe mía ŋu. (Mat. 10:35, 36) Gake mele be míasusui be womate ŋu atrɔ gbeɖe o. Ne míedzudzɔ kpekpe ɖe woamawo ŋu be woase míaƒe dzixɔsewo gɔme la, efia be míedrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo be womedze akpɔ agbe mavɔ o. Yesue Yehowa de dɔ asi na be wòadrɔ̃ ʋɔnu amewo, ke menye míawoe o. (Yoh. 5:22) Ne míegbɔ dzi ɖi la, ate ŋu adzɔ be míaƒe ƒometɔwo nava lɔ̃ faa aɖo to míaƒe gbedeasia mlɔeba.—Kpɔ aɖaka si nye  “Zã Míaƒe Nyatakakadzraɖoƒea Nàtsɔ Akpe Ðe Wo Ŋu.”

11-13. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Alice wɔ nu ɖe edzilawo ŋui la me?

11 Wɔ nu ameŋububutɔe gake mègaɖe mɔ wò ƒometɔwo natrɔ wò susu o. (Lod. 15:2) Bu Alice ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esrɔ̃ nyateƒea esime wòle adzɔge boo tso edzila siwo lɔ̃ dunyahehe ŋutɔ eye womexɔ Mawu dzi se o la gbɔ. Ekpɔe be, ele be yeaƒo nu tso nu nyui siwo srɔ̃m yenɔ la ŋu na wo kaba ale si wòanya wɔ. Alice gblɔ be: “Ne èlala ɣeyiɣi didi aɖe hafi va gblɔ na wò ƒometɔwo be yeɖe asi le yeƒe dzixɔsewo kple nu siwo yewɔna tsã ŋu la, woatɔtɔ ale gbegbe.” Edia nyati siwo wòkpɔ be woado dzidzɔ na edzilawo; esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye lɔlɔ̃. Eyome, eŋlɔa lɛta na wo hegblɔa nu si Biblia fia tso nyatia ŋu na wo eye wòbiaa woƒe susu tso eŋu. (1 Kor. 13:1-13) Eda akpe na edzilawo le ale si wohee helé be nɛ ta, eye eɖoa nunana tɔxɛwo ɖe wo. Ne eyi ɖasrã edzilawo kpɔ la, etsona le eɖokui si kpea asi ɖe nɔa ŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ me. Gbã la, Alice ƒe dzilawo mekpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dzixɔse yeyeawo ŋu o.

12 Esime Alice yi ɖasrã edzilawo kpɔ la, eyi edzi zɔ ɖe ɖoɖo si wòwɔ ɖe Biblia xexlẽ gbe sia gbe ŋu la dzi. Alice gblɔ be: “Esia kpe ɖe nɔnye ŋu wòkpɔ ale si gbegbe Biblia le vevie nam la dze sii.” Le ɣeyiɣi ma ke me la, tɔa ɖoe be yeasrɔ̃ nu tso Biblia ŋu ale be yeanya nu si tututu tae ye vinyɔnua trɔ eƒe susu ɖo, eye eɖoe hã be yeadi vodada le Biblia ŋu. Alice gblɔ be: “Metsɔ Biblia ɖeka nɛ, eye meŋlɔ nya aɖe si awɔ dɔ ɖe eyama dzi la ɖe eme nɛ.” Nu kae do tso eme? Le esi tɔa nadi vodada le Mawu ƒe Nyaa ŋu teƒe la, ɖe nu siwo wòxlẽ le Biblia me la wɔ dɔ ɖe edzi vevie boŋ.

13 Ele be míatɔ afɔ to sesĩe gake míawɔ nu ameŋububutɔe, ne esia bia be míado dzi ato nɔnɔme sesẽwo me gɔ̃ hã. (1 Kor. 4:12b) Le Alice gome la, ehiã be wòado dzi le esi nɔa tsi tsitre ɖe eŋu ta. Egblɔ be: “Esime mexɔ nyɔnyrɔ la, Dada yɔm be, ‘vi masetonu.’” Aleke Alice wɔ nui? Egblɔ be: “Nyemesi le nutsotsoa nu o, ke boŋ, meɖe nu me nɛ bubutɔe be metso nya me be manye Yehowa Ðasefo eye nyematrɔ nye susu o. Medze agbagba ka ɖe edzi na nɔnye be melɔ̃e vevie. Mí ame evea míefa avi, eye emegbe, meɖa nu nyui aɖe nɛ. Tso gbe ma gbe la, nɔnye kpɔe dze sii be Biblia na meva zu ame ɖɔʋu.”

14. Nu ka tae mele be míaɖe mɔ gbeɖe be míaƒe ƒometɔwo nana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o?

14 Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi míaƒe ƒometɔwo nava se ale si gbegbe Yehowa subɔsubɔ le vevie na mí la gɔme nyuie. Le kpɔɖeŋu me, esime Alice tiae be yeawɔ mɔɖeɖedɔa tsɔ wu be yeawɔ ye dzilawo ƒe didi si nye be yeade suku kɔkɔ dzi la, nɔa gafa avi ake. Gake Alice mena ta o. Alice gblɔ be: “Ne èɖe mɔ na wò ƒometɔwo wona nètrɔ wò susu le nu ɖeka aɖe ŋu la, anɔ eme be woadze agbagba be yewoatrɔ wò susu le nu bubuwo hã ŋu. Ke hã, ne ètɔ afɔ to sesĩe gake nèwɔ nu ɖe wò ƒometɔwo ŋu ameŋububutɔe la, wo dometɔ aɖewo ate ŋu ava ɖo to wò.” Aleae wòdzɔe le Alice gome. Tɔa kple nɔa siaa le mɔɖeɖedɔa wɔm fifia, eye tɔa nye hamemetsitsi.

MƆ KAWO NUE HAMEA ME TƆWO KATÃ ATE ŊU ANA KPEKPEÐEŊU LE?

Aleke hamea ate ŋu akpe ɖe míaƒe ƒometɔ siwo menye Yehowa subɔlawo o ŋu? (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15. Le Mateo 5:14-16 kple 1 Petro 2:12 ƒe nyawo nu la, aleke ame bubuwo ƒe “nu nyui wɔwɔwo” ate ŋu akpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu?

15 Yehowa toa Kristo hamea ƒe “dɔ nyui wɔwɔwo” dzi hea amewo vaa eɖokui gbɔ. (Xlẽ Mateo 5:14-16; 1 Petro 2:12.) Ne srɔ̃wò menye Yehowa Ðasefo o la, ɖe nèɖe miaƒe hamea me tɔ bubuwo fiae kpɔa? Pauline, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, kpe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo va eƒe me ale be ye srɔ̃, Wayne, nate ŋu adze si wo. Wayne gblɔ be yeɖoa ŋku ale si nɔviŋutsu aɖe kpe ɖe ye ŋu yeva nya ame siwo tututu Yehowa Ðasefowo nye la dzi; egblɔ be: “Ebia mɔ le dɔme kple susua ko be yeawɔ ɖeka kplim míakpɔ bɔl. Eye megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ame nyui aɖee wònye!’”

16. Nu ka tae wòle be míakpe míaƒe ƒometɔwo be woade hamea ƒe kpekpewo?

16 Mɔ nyui aɖe si dzi míato akpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋue nye be míakpe wo be woade hamea ƒe kpekpewo kpli mí. (1 Kor. 14:24, 25) Kpekpe gbãtɔ si Wayne de ye nye Ŋkuɖodzia, elabe wɔnaa yi edzi le ɣeyiɣi si me amewo kpã tso dɔme eye wònɔ kpuie hã. Egblɔ be: “Nyemese nuƒoa gɔme tututu o, ke hã, meɖo ŋku ameawo ya dzi. Wote ɖe ŋunye eye woxɔm nyuie, eye wona asim vividoɖeameŋutɔe. Mekpɔe be wolɔ̃ nye nya vavã.” Atsu kple asi aɖe ya nyoa dɔme na Pauline le mɔ tɔxɛ aɖe nu; wokpena ɖe Pauline kple wo via ŋu le kpekpewo kple le gbeadzi. Eya ta, esi Wayne va tso nya me be yeanya nu geɖe tso Pauline ƒe dzixɔsewo ŋu la, ebia tso nɔviŋutsua si be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye.

17. Nu ka ŋutie mele be míabu fɔ mía ɖokuiwo le o, gake nu ka tae mele be míasusui be míaƒe ƒometɔwo mate ŋu atrɔ gbeɖe o?

17 Míaƒe didie nye be míaƒe ƒometɔwo katã nava wɔ ɖeka kpli mí míasubɔ Yehowa. Ke hã, aleke kee míeɖadze agbagba be míakpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu be woazu Yehowa subɔlawo o, ɖewohĩ, womava xɔ nyateƒea o. Ne edzɔ alea la, mele be míabu fɔ mía ɖokuiwo le woƒe nyametsotsoa ta o. Nya lae nye be, míate ŋu azi míaƒe dzixɔsewo ɖe ame aɖeke dzi o. Gake ne wò ƒometɔwo kpɔ ale si gbegbe dzi dzɔa wòe le esi nèle Yehowa subɔm ta la, esia awɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Do gbe ɖa ɖe wo ta. Ƒo nu tso nyateƒea ŋu na wo ameŋububutɔe. Yi edzi nànɔ kpekpem ɖe wo ŋu! (Dɔw. 20:20) Ka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi. Eye ne wò ƒometɔwo tiae be yewoaɖo to wò la, woakpɔ agbe!

HADZIDZI 57 Míaɖe Gbeƒã Na Ame Ƒomeviwo Katã

^ mm. 5 Míaƒe didi vevie nye be míaƒe ƒometɔwo nava nya Yehowa, ke hã woawo ŋutɔe atiae be yewoasubɔe loo alo yewomasubɔe o. Nyati sia adzro nu siwo míate ŋu awɔ be wòanɔ bɔbɔe na míaƒe ƒometɔwo be woaɖo to mí la me.

^ mm. 1 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo. Le nyati sia me la, ŋkɔnya “ƒometɔwo” fia ƒometɔ siwo menye Yehowa subɔlawo o.

^ mm. 53 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe le asi kpem ɖe tɔa si menye Yehowa subɔla o ŋu esime wòle eƒe ʋu dzram ɖo. Le ɣeyiɣi si sɔ me la, etsɔ video aɖe si le jw.org® la le efiam.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe le to ɖom nyuie esime srɔ̃a si menye Yehowa subɔla o la le nu ƒom tso ale si nuwo yi nɛ le ŋkekea me ŋu. Emegbe, eya kple eƒe ƒomea wole modzaka ɖem.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnua kpe hamea me tɔ aɖewo va eƒe me. Wotsɔ ɖe le eme na srɔ̃a vevie eye wodi be yewoadze sii nyuie. Ɣeyiɣi aɖe megbe, srɔ̃aŋutsua wɔ ɖeka kplii wode Ŋkuɖodzia.