Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 31

“Míenaa Ta O”!

“Míenaa Ta O”!

“Eya ta míenaa ta o.”​—2 KOR. 4:16.

HADZIDZI 128 Do Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae wòle be Kristotɔwo nawɔ be woate ŋu awu agbedua ƒuƒu nu?

KRISTOTƆWO katã le duɖime kem be yewoƒe asi nasu agbe mavɔ fetu la dzi. Nyitsɔ laa koe míedze dua ƒuƒu gɔme o, alo míele dua ƒum ƒe gbogbo aɖee nye esia o, ehiã be míayi edzi va se ɖe nuwuwu. Aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Kristotɔ siwo nɔ Filipi la ate ŋu ade dzi ƒo na mí be míawu dua ƒuƒu nu. Kristotɔ siwo nɔ Filipi hamea me la dometɔ aɖewo nɔ Yehowa subɔm ƒe geɖe xoxo hafi Paulo ŋlɔ eƒe lɛtaa na wo. Wonɔ agbedua ƒum nyuie, gake Paulo ɖo ŋku edzi na wo be ehiã be woayi dua ƒuƒu dzi kple dzidodo. Edi be woayi edzi anɔ ‘ʋiʋlim be woaɖo taɖodzinua gbɔ’ abe ale si yele ewɔm ene.—Flp. 3:14.

2. Nu ka tae aɖaŋu si Paulo ɖo na Filipitɔwo la sɔ ɖe ɣeyiɣia nu?

2 Aɖaŋu si Paulo ɖo na Filipitɔwo la sɔ ɖe ɣeyiɣia nu. Esi woɖo hamea la, amewo tsi tsitre ɖe wo ŋu tso gɔmedzedzea ke. Le ƒe 50 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) lɔƒo la, Paulo kple Sila wɔ ɖe Mawu ƒe amekpekpe si nye be ‘woatso ƒu ava Makedonia’ la dzi. Eya ta, woyi Filipi ɖaɖe gbeƒã nya nyuia. (Dɔw. 16:9) Esi woyi afi ma la, wodo go nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lidia, si “nɔ to ɖom, eye Yehowa ʋu eƒe dzi bliboe” be wòalé to ɖe nya nyuia ŋu. (Dɔw. 16:14) Eteƒe medidi o, eya kple eƒemetɔwo xɔ nyɔnyrɔ. Gake esia megbe kpuie la, Abosam tɔ ŋku hame yeyea vevie. Dua me ŋutsuwo he Paulo kple Sila yi dumegãwo ŋkume eye wotso wo nu alakpatɔe be wole zitɔtɔ dem dua me. Esia wɔe be woƒo Paulo kple Sila, wode wo gaxɔ me, eye emegbe wobia tso wo si be woadzo le dua me. (Dɔw. 16:16-40) Ðe dzi ɖe le wo ƒo eye wona ta? Kura o! Ke nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nɔ hame yeyea me ya ɖe? Woawo hã womena ta o, woyi edzi do dzi! Ðikeke mele eme o be, Paulo kple Sila ƒe kpɔɖeŋu nyui la do ŋusẽ wo geɖe be wote ŋu do dzi.

3. Nu kae Paulo de dzesii, eye biabia kawo me míadzro?

3 Paulo ɖoe kplikpaa be yemana ta o. (2 Kor. 4:16) Ke hã, enyae be, hafi yeate ŋu aƒu agbedua ahawu enu la, ehiã be yeƒe susu nanɔ taɖodzinua dzi ɣeawokatãɣi. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me? Egbegbe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ƒe kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be míate ŋu ado dzi ne míedo go kuxiwo gɔ̃ hã? Eye aleke míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa ate ŋu ana tame si míeɖo kplikpaa be míana ta gbeɖe o la me nagasẽ ɖe edzi?

ALE SI PAULO ƑE KPƆÐEŊUA ATE ŊU AÐE VI NA MÍ

4. Nu kae kpe ɖe Paulo ŋu wòlé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu togbɔ be edo go kuxi geɖe hã?

4 Bu ale si Paulo ku kutri vevie le subɔsubɔdɔa me esime wòŋlɔ lɛta ɖo ɖe Filipitɔwo la ŋu kpɔ. Wosika eya amea ɖe aƒe aɖe me le Roma. Megatea ŋu doa go ɖaɖea gbeƒã o. Ke hã, ekpɔtɔ nɔ dɔ dzi, elabe eɖia ɖase na ame siwo va srãnɛ kpɔ eye wòŋlɔa lɛta ɖona ɖe hame siwo nɔ didiƒe. Nenema kee egbea hã, Kristotɔ siwo tsi teƒe ɖeka la wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ gblɔa nya nyuia na ame siwo va srãa wo kpɔ le woƒe aƒe me. Nu bubu si wogawɔna ye nye be, woŋlɔa lɛta siwo me woŋlɔ nya dedziƒonamewo ɖo la ɖona ɖe ame siwo le aƒe siwo me míate ŋu ayi bɔbɔe o la me.

5. Le nya siwo le Filipitɔwo 3:12-14 nu la, nu kae kpe ɖe Paulo ŋu be eƒe susu kpɔtɔ nɔ taɖodzinua dzi?

5 Paulo meɖe mɔ eƒe susu nɔ nu nyui siwo wòte ŋu wɔ le subɔsubɔdɔa me alo vodada siwo wòwɔ va yi la dzi ale gbegbe be eƒe susu dzo le nu siwo le vevie la dzi o. Le nyateƒe me la, egblɔ be, ele be ‘yeaŋlɔ nu siwo le ye megbe la be’ ale be yeate ŋu ‘aminya nu siwo le ye ŋgɔ’ la, be yeate ŋu awu agbedua ƒuƒu nu dzidzedzetɔe. (Xlẽ Filipitɔwo 3:12-14.) Nu kawoe ate ŋu ana Paulo ƒe susu nadzo le nu siwo le vevie la dzi hafi? Gbã, Paulo kpɔ dzidzedze le Yudatɔwo dome ŋutɔ hafi va zu Kristotɔ. Ke hã, ebu nu mawo “aɖukpodzinuwo sɔŋ.” (Flp. 3:3-8) Evelia, togbɔ be abu fɔ eɖokui ɖe ale si wòti Kristotɔwo yome va yi la ta ɣeaɖewoɣi hã la, meɖe mɔ seselelãme mawo na wòdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Eye etɔ̃lia, mesusu be yewɔ geɖe na Yehowa xoxo, eya ta, yemagatsɔ dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu o. Paulo wɔ nu nyui geɖewo le subɔsubɔdɔa me togbɔ be wolée de gaxɔ me, woƒoe, woƒu kpee, enɔ tɔdziʋu me wògbã, eye dɔ wui zi geɖe gɔ̃ hã. (2 Kor. 11:23-27) Togbɔ be Paulo to nu siawo gbegbe me hedo dzi eye wòte ŋu wɔ nu nyui geɖe le subɔsubɔdɔa me hã la, enyae be ele be yeayi edzi anɔ Yehowa subɔm. Ele be míawo hã míawɔe nenema ke.

6. Nu kawoe nye ‘nu siwo le mía megbe,’ siwo wòahiã be míaŋlɔ be la dometɔ aɖewo?

6 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua be ‘míaŋlɔ nu siwo le mía megbe’ la be? Ahiã be mía dometɔ aɖewo naɖu fɔbuameɖokui ƒe seselelãme siwo ɖea fu na wo le nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi ta la dzi. Ne aleae wòle le gowòme la, ɖe manyo be nàɖoe koŋ asrɔ̃ nu tso Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu oa? Ne míesrɔ̃ nu tso nyati ma si dea dzi ƒo na ame ŋutɔ la ŋu hede ŋugble le eŋu vevie eye míedo gbe ɖa na Yehowa tso eŋu la, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ fɔ bum mía ɖokuiwo madzemadzee o. Ate ŋu awɔe be míadzudzɔ fɔbubu mía ɖokuiwo gɔ̃ hã ɖe nu vɔ̃ siwo Yehowa tsɔ ke mí xoxo la ta. Bu nu bubu si míagate ŋu asrɔ̃ tso Paulo gbɔ ŋu kpɔ. Ðewohĩ, mía dometɔ aɖewo ɖe asi le dɔwɔɖui siwo me woate ŋu akpɔ ga geɖe le hafi la ŋu ale be yewoate ŋu awɔ subɔsubɔdɔ geɖe na Yehowa. Ne nenemae wòle le gowòme la, ɖe nàte ŋu aɖoe kplikpaa be yeaganɔ ŋutilãmenudidi ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo ŋu yeɖe asi le la ŋu bum o ale be yeaŋlɔ nu siwo le ye megbe la bea? (4 Mose 11:4-6; Nyagb. 7:10) ‘Nu siwo le mía megbe’ la ate ŋu anye nu nyui siwo míewɔ va yi alo dodokpɔ siwo me míedo dzi le va yi la gɔ̃ hã. Ele eme be, ne míedea ŋugble le ale si gbegbe Yehowa yra míi kple ale si wòkpe ɖe mía ŋu va de asi na fifia ŋu la, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagate ɖe mía Fofo la ŋu kplikplikpli wu. Gake, míedi be míasusui gbeɖe be míewɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me xoxo, eya ta, mele be míagatsɔ dzo ɖe dɔa ŋu o.—1 Kor. 15:58.

Esi míele agbedu ƒum ta la, ele be míaƒo asa na susuhenuwo eye míaƒe susu nanɔ míaƒe taɖodzinua dzi (Kpɔ memama 7 lia)

7. Le 1 Korintotɔwo 9:24-27 ƒe nyaa nu la, nu kae le vevie hafi míate ŋu akpɔ dzidzedze le agbedua ƒuƒu me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

7 Paulo se nya si Yesu gblɔ be, “Miʋli sesĩe” la, gɔme nyuie. (Luka 13:23, 24) Paulo nyae be, ele be yeaʋli sesĩe va se ɖe nuwuwu, abe ale si Kristo wɔe ene. Eya ta, etsɔ Kristotɔwo ƒe agbedua ƒuƒu sɔ kple duɖimekeke. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 9:24-27.) Duɖimekela ƒe susu nɔa nuwuƒea dzi eye eƒoa asa na susuhenuwo. Le kpɔɖeŋu me, egbea, ne duɖimekelawo le duɖime kem le dugãwo me la, wotea ŋu toa teƒe siwo asitsaƒewo kple nu bubu siwo ate ŋu ahe woƒe susu la le. Ðe nèsusu be duɖimekela aɖe adi be yeatɔ alé ŋku ɖe nu siwo asitsalawo tsɔ ɖo asii la ŋua? Ne edi be yeaɖu dzi la, mawɔ nu ma o! Le agbedu si ƒum míele me la, ele be míawo hã míaƒo asa na susuhenuwo. Ne míaƒe susu le míaƒe taɖodzinua ŋu eye míeʋli sesĩe abe ale si Paulo wɔe ene la, míaƒe asi asu dziɖuɖufetu la dzi!

ALE SI MÍAWƆ BE MÍAYI EDZI ANƆ YEHOWA SUBƆM NE MÍEDO GO KUXIWO HÃ

8. Kuxi etɔ̃ kawo ŋue míalé ŋku ɖo?

8 Azɔ, na míalé ŋku ɖe kuxi etɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu aɖe dzi le mía ƒo eye míagava tsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o la ŋu. Woawoe nye, mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o, tsitsimekuxiwo, kple xɔse ƒe dodokpɔ siwo nu gbea tsotso. Nusɔsrɔ̃ tso ale si mía nɔvi aɖewo do dzi le kuxi siawo me ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawo hã míado dzi.—Flp. 3:17.

9. Aleke mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi?

9 Mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o. Mí katã míekpɔa mɔ na nu nyui siwo ƒe ŋugbe Yehowa do na mí la vevie. Le nyateƒe me la, esime Yehowa ƒe nyagblɔɖila Habakuk ɖe ale si wònɔ mɔ kpɔm vevie be Yehowa nahe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si nɔ edzi yim le Yuda la ava nuwuwui gblɔ na Yehowa la, Yehowa gblɔ nɛ be ‘wòanɔ esinu kpɔm.’ (Hab. 2:3) Gake ne nu siwo míele mɔ kpɔm na la meva eme o la, esia ate ŋu awɔe be míagatsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo gɔ̃ hã. (Lod. 13:12) Esia dzɔ ɖe nɔvi aɖewo dzi le ƒe 1914-awo me. Ɣemaɣi la, Kristotɔ amesiamina geɖewo nɔ mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo le ƒe 1914 me. Esi esia meva eme o la, aleke nuteƒewɔlawo wɔ nui esi nu si wonɔ mɔ kpɔm na la meva eme o?

Royal kple Pearl Spatz ƒe mɔkpɔkpɔa meva eme na wo le ƒe 1914 me o, gake woyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe (Kpɔ memama 10 lia)

10. Aleke atsu kple asi aɖe wɔ nui esi woƒe mɔkpɔkpɔa meva eme le ɣeyiɣi si wokpɔ mɔ nɛ la dzi o?

10 Bu nu si Kristotɔ wɔnuteƒe eve aɖewo siwo hã nɔ mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo evɔ esia meva eme na wo o la wɔ ɖu dziɖeleameƒo dzi la ŋu kpɔ. Nɔviŋutsu Royal Spatz xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1908 me esime wòxɔ ƒe 20. Eka ɖe edzi vevie be, eteƒe madidi o, yeaxɔ yeƒe dziƒofetua. Le nyateƒe me la, esi wòdo ŋugbe na nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Pearl le ƒe 1911 me be yeaɖee la, egblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔ ènya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge le ƒe 1914 me. Ne míele srɔ̃ ɖe ge la, ke anyo be míawɔe kaba!” Esi Kristotɔ atsu kple asi sia mexɔ dziƒofetua le ƒe 1914 me o la, ɖe wona ta le agbedua ƒuƒu mea? Ao, elabena woƒe taɖodzinu vevitɔ ye nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe, ke menye dziƒoyiyi o. Woɖoe kplikpaa be yewoaƒu agbedua kple dzidodo. Eye, vavãe, dzo gakpɔtɔ nɔ Royal kple Pearl me ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye woyi edzi wɔ nuteƒe nɛ ƒe geɖe va se ɖe esime wowu woƒe anyigbadzigbenɔnɔa nu. Ðikeke mele eme o be, èdi be yeakpɔ eteƒe Yehowa nakɔ eƒe ŋkɔa ŋu ahaɖee afia be yeƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ eye wòawɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi. Ka ɖe edzi be nu siawo ava eme le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míayi edzi atsɔ dzo ɖe mía Mawu la subɔsubɔ ŋu, eye míagana míaƒe mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o la naɖe dzi le mía ƒo o.

Togbɔ be Nɔviŋutsu Arthur Secord (le miame ɖaa) tsi ŋutɔ hã la, egadi be yeawɔ yeƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me (Kpɔ memama 11 lia)

11-12. Ne lãmegbegblẽ wɔe be ŋusẽ boo megale mía ŋu o gɔ̃ hã la, nu ka tae míate ŋu ayi edzi anɔ Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

11 Ne tsitsi alo lãmegbegblẽ wɔe be ŋusẽ boo megale mía ŋu o. To vovo na duƒula si hiã ŋusẽ geɖe hafi ate ŋu ayi dua ƒuƒu dzi la, mehiã be ŋusẽ nanɔ mía ŋu hafi míayi edzi asẽ ŋu le xɔse me ahatsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Le nyateƒe me la, dzo gakpɔtɔ le mía nɔvi geɖe siwo ŋu ŋusẽ boo megale o la me ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye woyi edzi le woƒe ŋutete katã wɔm na Yehowa. (2 Kor. 4:16) Le kpɔɖeŋu me, esime Nɔviŋutsu Arthur Secord * xɔ ƒe 88 la, esubɔ le Betel ƒe 55 sɔŋ xoxo. Ŋusẽ boo megava nɔ eŋu o eye lãmesẽ hã meganɔ eya amea ŋu tututu o. Gbe ɖeka, nɔvinyɔnu aɖe si nye dɔnɔdzikpɔla la te ɖe eƒe abatia ŋu be yeakpɔ egbɔ. Nɔvinyɔnua kpɔe dũu hegblɔ nɛ vividoɖeameŋutɔe be: “Nɔviŋutsu Secord, ède teƒeteƒewo hewɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.” Nɔviŋutsu Secord ya metsɔ susu ɖo nu siwo wòwɔ va yi la ŋu o. Ekpɔ nɔvinyɔnua heko alɔgbɔnu, eye wògblɔ nɛ be: “Ɛ̃, ele eme ya. Gake menye nu siwo míewɔ va yi lae le vevie o. Nu si le vevie ye nye be míayi edzi awɔ nuteƒe.”

12 Ðewohĩ, èle Yehowa subɔm ƒe gbogbo aɖewoe nye esia, eye fifia, lãmesẽnyawo wɔe be mègate ŋu le geɖe wɔm abe tsã ene o. Ne nenemae la, dzi megaɖe le ƒowò o. Ka ɖe edzi be, Yehowa ɖoa ŋku subɔsubɔdɔ siwo nèwɔ nuteƒewɔwɔtɔe va yi la dzi eye wòdea asixɔxɔ wo ŋu. (Heb. 6:10) Eye nenɔ susu me na wò be, menye nu siwo gbegbe wɔm míele na Yehowa lae ɖea ale si gbegbe míelɔ̃e la fiana o. Ke boŋ, gbɔgbɔ nyui si míeɖena fiana kple ale si míewɔa míaƒe ŋutete katã lae ɖea ale si gbegbe míelɔ̃ Yehowae la fiana. (Kol. 3:23) Yehowa sea afi si míaƒe ŋutete se ɖo la gɔme eye mebiaa nu si míate ŋu awɔ o la tso mía si o.—Marko 12:43, 44.

Anatoly kple Lidiya Melnik siaa do dzi nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be woto xaxa geɖe me hã (Kpɔ memama 13 lia)

13. Nu kawo mee Anatoly kple Lidiya to, eye aleke esia dea dzi ƒo na mí be míayi edzi anɔ Yehowa subɔm, ne míele dodokpɔ geɖewo me tom gɔ̃ hã?

13 Xɔse ƒe dodokpɔ siwo nu gbea tsotso. Yehowa subɔla aɖewo do dzi le yometiti sesẽwo me ƒe geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Nɔviŋutsu Anatoly Melnik * xɔ ƒe 12 esime wolé fofoa de gaxɔ me, eye emegbe woɖe aboyoe yi Siberia, afi si didi kilometa 7,000 kple edzivɔwo tso srɔ̃a kple via siwo nɔ Moldova la gbɔ. Ƒe ɖeka megbe la, woɖe aboyo Anatoly ŋutɔ hã kple nɔa kpakple tɔgbuia kple mamaa siaa yi Siberia. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wote ŋu dea kpekpeawo le kɔƒe bubu aɖe me, gake ehiã be woado dzi azɔ kilometa 30 sɔŋ to sno me evɔ yame fana miamiamia. Emegbe la, wolé Nɔviŋutsu Anatoly Melnik dzo le srɔ̃a, Lidiya, kple wo vinyɔnu si xɔ ƒe ɖeka la gbɔ ɖade gaxɔ me ƒe etɔ̃. Togbɔ be Anatoly kple eƒe ƒomea woto xaxa sesẽwo me ƒe geɖe hã la, woyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe. Egbea, Anatoly si xɔ ƒe 82 la nye Alɔdzekɔmitia me tɔ hele subɔsubɔm le Central Asia Alɔdzedɔwɔƒea. Neva eme be míasrɔ̃ Anatoly kple Lidiya ƒe kpɔɖeŋua ahawɔ míaƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me eye míayi edzi anɔ dzi dom abe ale si míedo dzi va yi ene.—Gal. 6:9.

WÒ SUSU NENƆ MÍAƑE ETSƆMEMƆKPƆKPƆA ŊU

14. Nu kae Paulo de dzesii be ele be yeawɔ be yeate ŋu aɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ?

14 Paulo ka ɖe edzi be yeaƒu agbedua va se ɖe nuwuwu eye yeaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ. Esi wònye Kristotɔ amesiamina ta la, enɔ mɔ kpɔm be “Mawu ƒe ameyɔyɔ yi dziƒo ƒe fetu” la nasu ye si. Ke hã, enyae be, hafi yeate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔ la, ehiã be yeayi edzi anɔ “ʋiʋlim ɖo ta” egbɔ. (Flp. 3:14) Eya ta, Paulo wɔ kpɔɖeŋu nyui aɖe na Kristotɔ siwo nɔ Filipi la be yeatsɔ akpe ɖe wo ŋu be woƒe susu nakpɔtɔ anɔ woƒe taɖodzinua dzi.

15. Aleke Paulo ƒo nu tso dumevinyenye ŋu tsɔ de dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ Filipi la be woayi edzi anɔ “ʋiʋlim” ɖo ta taɖodzinua gbɔ?

15 Paulo ɖo ŋku edzi na Kristotɔ siwo nɔ Filipi la be woƒe dumevinyenye le dziƒo. (Flp. 3:20) Nu ka tae wòkpɔe be ele vevie be yeaɖo ŋku woƒe dumevinyenyea dzi na wo? Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo dina vevie be Roma dumevinyenye nasu yewo si, elabena enana mɔnukpɔkpɔ geɖe sua ame si. * Ke hã, dumevinyenye si nyo wu sãsãsã, si nana mɔnukpɔkpɔ wɔnukuwo sua ame si lae le Kristotɔ amesiaminawo ya si. Ne wotsɔ Roma dziɖuɖua ƒe dumevinyenyea sɔ kple dziƒodziɖuɖua ƒe dumevinyenyea la, Roma dumevinyenyea meɖi naneke le egbɔ o! Le susu sia ta la, Paulo de dzi ƒo na Filipi nɔviawo be “[woawɔ] nu abe dumevi siwo dze na Kristo ƒe nya nyui la ene.” (Flp. 1:27, etenuŋɔŋlɔa) Egbea, Kristotɔ amesiaminawo ɖoa kpɔɖeŋu nyui na mí le ale si wole ʋiʋlim be yewoaɖo agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo ƒe taɖodzinua gbɔ la me.

16. Eɖanye dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si o, le Filipitɔwo 4:6, 7 ƒe nya nu la, nu kae wòle be míayi edzi anɔ wɔwɔm?

16 Eɖanye agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si alo paradiso me nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si o, ele be míayi edzi anɔ ʋiʋlim be míaɖo taɖodzinua gbɔ. Aleke kee nɔnɔmea ɖale na mí o, mele be míanɔ nu siwo le megbe la ŋu bum o; nenema kee mele be míaɖe mɔ naneke nana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. (Flp. 3:16) Ðewohĩ, ɣeyiɣi aɖee nye esia miele mɔ kpɔm na Yehowa ƒe ŋugbedodowo mevava, alo ɖewohĩ fifia, ŋusẽ boo megale mia ŋu o. Alo miedo dzi le xaxawo kple tsitretsiɖeŋu geɖewo me ƒe geɖe. Aleke kee nɔnɔmea ɖale na mi o, “migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o.” Ke boŋ, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye ana ŋutifafa si ƒo nu sia nu si ava susu me na mi ta la mi.—Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7.

17. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Abe ale si duɖimekela ʋlina kple eƒe ŋusẽ katã ne ele duɖimekekea ƒe nuwuƒe gogom ene la, neva eme be míaƒe susu katã nanɔ tame si míeɖo kplikpaa be míawu agbedua ƒuƒu nu la ŋu. Le ale si míaƒe lãmesẽ kple míaƒe nɔnɔmeawo aɖe mɔe nu la, mina míaʋli sesĩe be míayi ŋgɔ eye míaƒe susu nanɔ ŋugbedodo wɔnuku siwo le ŋgɔ na mí la ŋu. Nu kae wòle be míawɔ be míanɔ ʋiʋlim anɔ ŋgɔ yim tẽe le míaƒe ŋutete nu le ɖoɖo nyui nu? Nyati si kplɔ esia ɖo la akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso nyuitɔ eye míakpɔ “nu siwo le vevie wu la adze sii.”—Flp. 1:9, 10.

HADZIDZI 79 Míefiaa Nu Wo Be Woanɔ Te Sesĩe

^ mm. 5 Míeɖale Yehowa subɔm ƒe gbogbo aɖee nye esia alo ƒe ʋɛ aɖewo koe nye esia o, míedi be míayi edzi anɔ tsitsim le xɔse me eye míaƒe Yehowa subɔsubɔ naganyo ɖe edzi. Apostolo Paulo de dzi ƒo na ehati Yehowa subɔlawo be woagana ta gbeɖe o! Dzideƒonya siwo le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Filipitɔwo me la kpena ɖe mía ŋu be míado dzi le agbedua ƒuƒu me. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míate ŋu awɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo tso gbɔgbɔ me la dzi.

^ mm. 11 Àkpɔ Nɔviŋutsu Secord ƒe agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye, “Akpa Si Mewɔ Le Subɔsubɔ Vavãtɔ Dodo Ðe Ŋgɔ Me,” la le The Watchtower, June 15, 1965 (La Tour de Garde du 1er février 1966) me.

^ mm. 13 Àkpɔ Nɔviŋutsu Anatoly Melnik ƒe agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye, “Wofia Num Tso Nye Ðevime Ke Be Malɔ̃ Mawu,” la le Eŋlisigbe me ƒe Nyɔ!, October 22, 2004, alo Fransegbe me ƒe Nyɔ! 22 octobre, 2004 ƒe tatawo me.

^ mm. 15 Esi wònye be Filipi nye Roma ƒe dutanyigba ta la, Roma dumevinyenye aɖe sinu su Filipi dugãa me tɔwo si. Eya ta, Kristotɔ siwo Paulo ŋlɔ eƒe lɛtaa na la ate ŋu ase eƒe kpɔɖeŋua gɔme nyuie.