Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 32

Mina Miaƒe Lɔlɔ̃ Nanɔ Dzidzim Ðe Edzi

Mina Miaƒe Lɔlɔ̃ Nanɔ Dzidzim Ðe Edzi

“Nu si medoa gbe ɖa bianae nye be, miaƒe lɔlɔ̃ nanɔ dzidzim ɖe edzi geɖe wu.”​—FLP. 1:9.

HADZIDZI 106 Mina Míatu Lɔlɔ̃ Ðo

NYA VEVIAWO *

1. Ame kawoe kpe asi ɖe eŋu be woɖo hame si nɔ Filipi?

ESIME apostolo Paulo, Sila, Luka, kple Timoteo va ɖo Romatɔwo ƒe dutanyigba si nye Filipi la, wokpɔe be ame geɖe di be yewoase Fiaɖuƒegbedeasia. Nɔviŋutsu dzonɔamemetɔ ene siawo kpe asi ɖe eŋu be woɖo hame aɖe ɖe afi ma, eye nusrɔ̃lawo te kpekpe ɖekae; eye anɔ eme be nyɔnu xɔsetɔ si ŋkɔe nye Lidia, si nye amedzrowɔla la ƒe aƒe mee wokpena le.—Dɔw. 16:40.

2. Nɔnɔme sesẽ kae va hame yeyea dzi le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe?

2 Eteƒe medidi o, nɔnɔme sesẽ aɖe va hame yeyea dzi. Satana de adã ta me na ame siwo lé fu nyateƒea eye wotsi tsitre ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Kristotɔ wɔnuteƒe mawo nɔ ŋu vevie. Wolé Paulo kple Sila, woƒo wo kple ati, eye wode wo gaxɔ me. Emegbe esi woɖe asi le wo ŋu le gaxɔa me la, woyi ɖasrã nusrɔ̃la yeyeawo kpɔ hede dzi ƒo na wo. Eyome, Paulo, Sila, kple Timoteo dzo le dua me gake edze abe Luka ya tsi afi ma ene. Aleke nuwo va yi na hame yeye si woɖo la? Le Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me la, xɔsetɔ yeyeawo yi edzi subɔ Yehowa dzonɔamemetɔe. (Flp. 2:12) Eya ta, Paulo kpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu ale gbegbe!

3. Abe ale si wòdze le Filipitɔwo 1:9-11 ene la, nu kawo ŋue Paulo do gbe ɖa le?

3 Ƒe ewo aɖewo megbe la, Paulo ŋlɔ lɛta ɖo ɖe hame si nɔ Filipi. Ne èle lɛta sia xlẽm la, àde dzesi lɔlɔ̃ si nɔ Paulo si na nɔvia Kristotɔwo la godoo. Eŋlɔ na wo be: “Lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu si la tɔgbie metsɔ le mi katã susum vevie.” (Flp. 1:8) Egblɔ be yedo gbe ɖa ɖe wo ta. Ebia Yehowa be wòakpe ɖe wo ŋu woƒe lɔlɔ̃ nanɔ dzidzim ɖe edzi, woakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii, woanye ame maɖifɔwo, woaganye nuɖiaɖia na amewo o, eye woayi edzi anɔ dzɔdzɔenyenye ƒe ku tsem. Ðikeke mele eme o be, àlɔ̃ ɖe edzi be nya siwo lɔlɔ̃ ʋã Paulo wògblɔ na nɔviawo la ate ŋu aɖe vi na míawo hã egbea. Eya ta, na míaxlẽ nya si tututu Paulo gblɔ na wo. (Xlẽ Filipitɔwo 1:9-11.) Le nyati sia me la, míadzro nya siwo Paulo gblɔ na wo la me. Azɔ hã, míakpɔ ale si míate ŋu awɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me.

MIAƑE LƆLƆ̃ NADZI ÐE EDZI

4. (a) Le 1 Yohanes 4:9, 10 ƒe nya nu la, aleke Yehowa ɖe ale si wòlɔ̃ míi la fia? (b) Aleke gbegbee wòle be míalɔ̃ Mawu?

4 Yehowa ɖe lɔlɔ̃ gã si gbegbe le esi na mí la fia esi wòdɔ Via ɖe anyigba dzi be wòaku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. (Xlẽ 1 Yohanes 4:9, 10.) Mawu ƒe lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kplii o la ʋãa mí be míawo hã míalɔ̃e. (Rom. 5:8) Aleke gbegbee wòle be míalɔ̃ Mawu? Yesu ɖo nya ma ŋu esime wògblɔ na Farisitɔ aɖe be: ‘Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ (Mat. 22:36, 37) Míedi be míalɔ̃ Mawu kple míaƒe dzi blibo. Eye míedi be míaƒe lɔlɔ̃ nanɔ dzidzim ɖe edzi gbe sia gbe. Paulo gblɔ na Filipi nɔviawo be ele be woƒe lɔlɔ̃ “nanɔ dzidzim ɖe edzi geɖe wu.” Nu kae míate ŋu awɔ be míagalɔ̃ Mawu geɖe wu?

5. Aleke míaƒe lɔlɔ̃ la ate ŋu adzi ɖe edzi?

5 Ehiã be míanya Mawu hafi míate ŋu alɔ̃e. Biblia gblɔ be: “Ame sia ame si melɔ̃a ame o la medze si Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yoh. 4:8) Apostolo Paulo gblɔ be míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu anɔ dzidzim ɖe edzi ne “sidzedze vavãtɔ kple nugɔmesese blibo” su mía si tso Eyama ŋu. (Flp. 1:9) Esi míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, míeva lɔ̃ Mawu togbɔ be nu ʋɛ aɖewo ko míenya tso eŋu gɔ̃ hã. Eye zi ale si míeva le Yehowa nyam la, zi nenemae míaƒe lɔlɔ̃ na eyama nu le sesẽm ɖe edzi. Esia tae míebua Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi kple ŋugbledede le Mawu ƒe Nyaa ŋu be wole nu siwo le vevie wu le míaƒe agbe me la dome!—Flp. 2:16.

6. Le 1 Yohanes 4:11, 20, 21 ƒe nya nu la, mɔ ka nue míaƒe lɔlɔ̃ ate ŋu anɔ dzidzim ɖe edzi le?

6 Lɔlɔ̃ gã si Mawu ɖe fia mí la aʋã mí be míalɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo. (Xlẽ 1 Yohanes 4:11, 20, 21.) Míate ŋu asusui be anɔ bɔbɔe na mí be míalɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo. Nu si tae nye be, mí katã míele Yehowa subɔm eye míele agbagba dzem be míasrɔ̃ eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo. Eye míele Yesu, ame si lɔ̃ mí ale gbegbe be etsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta la, ƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ sedede si nye be míalɔ̃ mía nɔewo la dzi. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe si do mo ɖa le Filipi hamea me ŋu kpɔ.

7. Nu kae míesrɔ̃ tso aɖaŋu si Paulo ɖo na Ewodia kple Sintike la me?

7 Ewodia kple Sintike siaa nye nɔvinyɔnu siwo me dzo nɔ eye wosubɔ “aduadu” kple apostolo Paulo. Gake masɔmasɔ ɖo wo dome eye wo dome megava nɔ vivim o. Esi Paulo ŋlɔ lɛta na Filipi hame si me nɔvinyɔnu eve mawo nɔ subɔsubɔm le la, eyɔ Ewodia kple Sintike ŋkɔ heɖo aɖaŋu na wo tẽe be “woƒe tamesusu nawɔ ɖeka.” (Flp. 4:2, 3) Paulo kpɔe be ele vevie be yeaɖo aɖaŋu na hame bliboa, esi wògblɔ na wo be: “Miyi edzi miawɔ nuwo katã liʋiliʋĩlilĩ kple nyaʋiʋli manɔmee.” (Flp. 2:14) Kakaɖedzitɔe la, menye nɔvinyɔnu wɔnuteƒe mawo koe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo ma si le tẽe la ɖe vi na o, ke ekpe ɖe hame bliboa hã ŋu be woana woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo nadzi ɖe edzi.

Nu ka tae wòhiã be míaƒe susu nanɔ mía nɔviwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu? (Kpɔ memama 8 lia) *

8. Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míalɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo, eye nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

8 Abe ale si wònɔ le Ewodia kple Sintike gome ene la, ne míetsɔ míaƒe susu ɖo mía nɔviwo ƒe vodadawo ŋu la, esia ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míalɔ̃ wo tso dzi me. Mí katã míedaa vo gbe sia gbe. Ne míaƒe susu nɔa mía nɔviwo ƒe vodadawo ŋu la, esia awɔe be míagava nɔ wo lɔ̃m abe tsã ene o. Le kpɔɖeŋu me, ne nɔvi aɖe ŋlɔ be be yeakpe ɖe mía ŋu le Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖodɔa me la, esia ate ŋu ate ɖe mía dzi. Ne míeva le vodada bubu siwo katã mía nɔvia wɔ va yi ŋu bum la, esia ana wòagate ɖe mía dzi vevie eye míagalɔ̃e abe tsã ene o. Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme sia tɔgbi me la, anyo be nàde ŋugble le nyateƒenya sia ŋu: Yehowa dea dzesi mía kple mía nɔvia siaa ƒe vodadawo. Togbɔ be enya mía kple mía nɔvia ƒe vodadawo hã la, egakpɔtɔ lɔ̃a mía nɔvia eye wògakpɔtɔ lɔ̃a míawo hã. Le susu ma ta, ehiã be míasrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ la eye míana míaƒe susu nanɔ mía nɔviwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Ne míeku kutri vevie helɔ̃ mía nɔviwo la, esia wɔnɛ be kadodo kplikplikpli va nɔa mía kpli wo dome.—Flp. 2:1, 2.

“NU SIWO LE VEVIE WU”

9. Nu kawo hãe le “nu siwo le vevie wu,” siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe le lɛta si wòŋlɔ na Filipitɔwo me la dome?

9 Gbɔgbɔ kɔkɔe ʋã Paulo wòɖo aɖaŋu na nɔvi siwo nɔ Filipi la, eye aɖaŋuɖoɖo sia yi na Kristotɔwo katã be, [woakpɔ] nu siwo le vevie wu la adze sii.” (Flp. 1:10) Nu siwo le vevie wu la dometɔ aɖewoe nye Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ, eƒe ŋugbedodowo mevava, kpakple hamea ƒe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ. (Mat. 6:9, 10; Yoh. 13:35) Ne míena nu siawo nye nu vevitɔwo le míaƒe agbe me la, míele eɖem fia be míelɔ̃ Yehowa.

10. Nu kae wòle be míawɔ be Mawu nabu mí ame maɖifɔwo?

10 Paulo gblɔ hã be, ele be míanye “ame maɖifɔwo.” Esia mefia be ele be míade blibo o. Enye nyateƒe be, míate ŋu anye ame maɖifɔwo le gɔmesese deblibo nu abe Yehowa Mawu ene o. Ke hã, ne míewɔa míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míaƒe lɔlɔ̃ nadzi ɖe edzi geɖe wu eye míekpɔa nu siwo le vevie wu la dzea sii la, Yehowa abu mí ame maɖifɔwoe. Mɔ aɖe si dzi míetona ɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía nɔviwoe nye, ne míedzea agbagba vevie be míagazu nuɖiaɖia alo nukikli na wo o.

11. Nu ka tae wòle be míadze agbagba be míagazu nuɖiaɖia na amewo o?

11 Aɖaŋuɖoɖo si nye be míaganye nuɖiaɖia na amewo o la nye nuxlɔ̃amenya si nye ŋkubiãnya. Aleke wòate ŋu adzɔ be míazu nuɖiaɖia alo nukikli na amewo? Tiatia siwo míewɔna le modzakaɖenuwo, awudodo, alo dɔwɔɖui gɔ̃ hã gome la ate ŋu azu nuɖiaɖia na ame bubuwo. Ðewohĩ, tiatia si míewɔ la menye nu gbegblẽ le eɖokui si ya o. Gake ne míaƒe tiatiawo ɖe fu na ame bubu aɖe ƒe dzitsinya eye esia zu nuɖiaɖia nɛ la, ekema, enye ŋkubiãnya. Yesu gblɔ be anyo na mí be woatsɔ kpe gã si kpe abe zu ene atsi ɖe kɔ na mí ahatsɔ mí aƒu gbe ɖe atsiaƒu me tsɔ wu be míaɖia yeƒe alẽviawo dometɔ ɖeka nu!—Mat. 18:6.

12. Nu kae míesrɔ̃ tso atsu kple asi siwo nye mɔɖelawo la ƒe kpɔɖeŋua me?

12 De dzesi ale si atsu kple asi siwo nye mɔɖelawo la wɔ Yesu ƒe nuxlɔ̃amenyaa dzii. Atsu kple asi bubu aɖe hã xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o le hame si me mɔɖelaawo nɔ subɔsubɔm le la me. Womeɖea mɔ ɖe nanewo nu le ƒome si me nyɔnyrɔxɔla yeyeawo tsi le la me o. Kristotɔ yeye siawo xɔe se be mele na Kristotɔwo be woayi sinima aɖakpɔ film o—ne menye film gbegblẽwoe woyi ɖakpɔ o gɔ̃ hã. Eya ta, ewɔ mo yaa na wo ŋutɔ esi wosee be atsu kple asi siwo nye mɔɖelawo la yi sinima. Esia megbe la, atsu kple asi siwo nye mɔɖelawo la dzudzɔ sinimayiyi va se ɖe esime atsu kple asi siwo xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o la na hehe woƒe dzitsinya heva da sɔ le ale si wobua nuwo ŋui me. (Heb. 5:14) Atsu kple asi siwo nye mɔɖelawo la to nuwɔna ŋutɔŋutɔ me ɖee fia be yewolɔ̃ yewo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu yeye siawo, ke menye to nyagbɔgblɔ me ko o.—Rom. 14:19-21; 1 Yoh. 3:18.

13. Aleke wòate ŋu adzɔ be míana mía nɔvi aɖe nawɔ nu vɔ̃?

13 Ale si wòagate ŋu adzɔ be míazu nuɖiaɖia alo nukikli na ame aɖe ye nye be, míato míaƒe nuwɔna dzi akplɔ amea ade nu vɔ̃ me. Aleke esia ate ŋu adzɔe? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Biblia nusrɔ̃vi aɖe ku kutri vevie ɣeyiɣi didi aɖe heva ɖu aha tsu nono si nye numame nɛ la dzi mlɔeba. Ekpɔe be, ele be yeaƒo asa na aha sesẽ nono keŋkeŋ. Ewɔ tɔtrɔ geɖe le eƒe agbenɔnɔ me eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Gbe ɖeka, esi wòde kplɔ̃ɖoƒe aɖe la, nɔviŋutsu si ɖo kplɔ̃a la de dzi ƒo nɛ be wòano aha sesẽ, esi wògblɔ nɛ be: “Fifia Kristotɔe nènye; Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dziwò. Gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖee nye ɖokuidziɖuɖu. Ne èɖua ɖokuiwò dzi la, àte ŋu ano aha sesẽ vi aɖe ya teti.” Ne ɖe nɔviŋutsu yeyea wɔ ɖe nɔviŋutsu ma ƒe aɖaŋuɖoɖo gbegblẽ ma dzi la, wò ya bu nu si gbegbe ate ŋu ado tso eme ŋu kpɔ!

14. Aleke míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo kpena ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe aɖaŋu siwo woɖo na mí le Filipitɔwo 1:10 la dzi?

14 Míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo kpena ɖe mía ŋu le mɔ geɖe nu be míawɔ ɖe aɖaŋu siwo woɖo na mí le Filipitɔwo 1:10 la dzi. Gbã, nu siwo me míedzrona le kpekpeawo me la nana míekpɔa nu siwo Yehowa buna be wonye nu siwo le vevie wu la dzea sii. Evelia, le kpekpeawo me la, míesrɔ̃a ale si míawɔ nu siwo míesrɔ̃na dzi ale be míanye ame maɖifɔwo. Eye etɔ̃lia, wodea dzi ƒo na mí le kpekpeawo me “na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.” (Heb. 10:24, 25) Ne mía nɔvi Kristotɔwo de dzi ƒo na mí la, esia wɔnɛ be míegalɔ̃a mía Mawu la kple mía nɔvi Kristotɔwo geɖe wu. Ne míena lɔlɔ̃ eve siawo dzi ɖe edzi heyɔ míaƒe dzi me la, míawɔ míaƒe ŋutete katã be míagazu nuɖiaɖia alo nukikli na mía nɔvi Kristotɔwo o.

MIYI EDZI MIANA ‘DZƆDZƆENYENYE ƑE KU NAYƆ MI FŨU’

15. Nu kae wòfia be ‘dzɔdzɔenyenye ƒe ku nayɔ mí fũu’?

15 Paulo do gbe ɖa vevie be ‘dzɔdzɔenyenye ƒe ku nayɔ’ Filipi nɔviawo “fũu.” (Flp. 1:11) Ðikeke mele eme o be, “dzɔdzɔenyenye ƒe ku” sia ƒe akpa aɖee nye lɔlɔ̃ si le wo si na Yehowa kple eƒe amewo. Eƒe ɖe hãe nye be woanɔ nu ƒom tso ale si woxɔ Yesu dzi se kple woƒe mɔkpɔkpɔ wɔnukua ŋu na amewo. Paulo zã kpɔɖeŋunya bubu le Filipitɔwo 2:15 esi wògblɔ tso nɔviawo ŋu be wole ‘keklẽm abe akaɖiwo ene le xexea me.’ Esia sɔ nyuie, elabe Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo be “xexea ƒe kekeli.” (Mat. 5:14-16) Ede se na eyomedzelawo hã be ‘woawɔ nusrɔ̃lawo,’ eye ‘woanye yeƒe ɖasefowo va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.’ (Mat. 28:18-20; Dɔw. 1:8) Míetsea “dzɔdzɔenyenye ƒe ku” ne míedoa vevie nu le dɔ vevitɔ sia me ale si míate ŋui.

Esime wosika Paulo ɖe aƒe aɖe me le Roma lae wòŋlɔ eƒe lɛtaa na hame si nɔ Filipi. Le ɣeyiɣi mawo me la, Paulo wɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu dɔ tsɔ ɖe gbeƒã na asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm kple ame siwo va srãnɛ kpɔna (Kpɔ memama 16 lia)

16. Aleke nya siwo dze le Filipitɔwo 1:12-14 la ɖee fia be míate ŋu anɔ keklẽm abe akaɖiwo ene ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

16 Míate ŋu anɔ keklẽm abe akaɖiwo ene le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Ɣeaɖewoɣi la, nu si adze abe nu si le mɔ xem na mí be míagagblɔ nya nyuia o la ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí boŋ be míaɖe gbeƒã. Le kpɔɖeŋu me, esime apostolo Paulo ŋlɔ eƒe lɛtaa na Filipitɔwo la, wosikae ɖe aƒe aɖe me le Roma hafi. Gake gamenɔnɔ mexe mɔ nɛ be wòagaɖe gbeƒã na asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm la kple ame siwo va srãnɛ kpɔna o. Paulo ɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe le nɔnɔme sesẽ mawo me, eye esia na kakaɖedzi su nɔviawo si eye dzi ɖo wo ƒo “be woagblɔ Mawu ƒe nya la vɔvɔ̃manɔmee.”—Xlẽ Filipitɔwo 1:12-14; 4:22.

Dze agbagba ɣesiaɣi nàdi mɔ siwo dzi nàto akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe (Kpɔ memama 17 lia) *

17. Aleke nɔvi aɖewo wɔ te ŋu yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi togbɔ be wonɔ nɔnɔme madeamedziwo me hã?

17 Mɔnukpɔkpɔ su mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu geɖewo si wosrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua. Nɔvi siawo le dukɔ siwo me womate ŋu aɖe gbeƒã le gaglãgbe alo tso aƒe me yi aƒe me o la me, eya ta, wodi mɔ bubu si dzi woato agblɔ nya nyuia na amewo. (Mat. 10:16-20) Le dukɔ siawo dometɔ aɖe me la, nutome sue dzikpɔlaa doe ɖa be gbeƒãɖela ɖe sia ɖe nakpe eya ŋutɔ ƒe “anyigbamama” ɖo; le go sia me la, woƒe anyigbamamae nye woƒe ƒometɔwo, aƒelikawo, sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo, kple ame nyanyɛwo. Le ƒe eve pɛ ko me la, hameawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi le nutome sue ma me ale gbegbe. Ðewohĩ, naneke mexe mɔ na wò ya be nàɖe gbeƒã le gaglãgbe le dukɔ si me nèle la me o. Ke hã, àte ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso ale si mía nɔvi siawo wɔ nui la me: Dze agbagba ɣesiaɣi nàdi mɔ siwo dzi nàto akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe, eye ka ɖe edzi be Yehowa ana ŋusẽ si nèhiã be nàyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi la wò, ne esia wɔwɔ sesẽ na wò le nɔnɔme si me nèle me gɔ̃ hã.—Flp. 2:13.

18. Nu kae wòle be nàɖo kplikpaa be yeawɔ?

18 Le ɣeyiɣi vevi sia me la, neva eme be míaɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ ɖe eƒe lɛtaa me na Filipitɔwo la dzi. Mina míakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii, míanye ame maɖifɔwo, míaganye nukikli na ame bubuwo o, eye míatse dzɔdzɔenyenye ƒe ku la. Ne míewɔe alea la, míaƒe lɔlɔ̃ adzi ɖe edzi eye míahe kafukafu avɛ na Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame la.

HADZIDZI 17 “Melɔ̃”

^ mm. 5 Ehiã be míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔvi Kristotɔwo nu nagasẽ ɖe edzi fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Filipitɔwo ƒe agbalẽa kpena ɖe mía ŋu míekpɔa ale si míana míaƒe lɔlɔ̃ nadzi ɖe edzi, ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã.

^ mm. 54 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esime hame aɖe le Fiaɖuƒe Akpataa me dzram ɖo la, nɔviŋutsu si ŋkɔe nye Joe ya dzudzɔ dɔa wɔwɔ hele dze ɖom kple nɔviŋutsu aɖe kple via. Esia te ɖe nɔviŋutsu si ŋkɔe nye Mike, si le dɔa wɔm la dzi. Ele gbɔgblɔm na eɖokui be, ‘Ðe wòle be Joe nanɔ dze ɖom loo, alo ɖe wòle be wòanɔ dɔ wɔm?’ Emegbe, Mike kpɔ Joe wòle kpekpem ɖe nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ŋu dɔmenyotɔe. Nu nyui sia teƒekpɔkpɔ na Mike va le nɔviaŋutsua ƒe nɔnɔme nyuiwo koŋ ŋu bum.

^ mm. 58 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le dukɔ aɖe si me Ðasefowo mate ŋu aɖe gbeƒã le gaglãgbe o me la, nɔviŋutsu aɖe le Fiaɖuƒegbedeasia gblɔm na eƒe ame nyanyɛ aɖe ŋuɖɔɖotɔe. Ɣebubuɣi esime nɔviŋutsua le dɔme eye wòle ɖiɖim ɖe eme la, ele ɖase ɖim na eƒe dɔwɔhati aɖe.