Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa—Eƒe Kpɔɖeŋua Akpe Ðe Mía Ŋu Míayi Edzi Anɔ Dzidzɔ Kpɔm

Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa—Eƒe Kpɔɖeŋua Akpe Ðe Mía Ŋu Míayi Edzi Anɔ Dzidzɔ Kpɔm

ÐE NÈDINA vevie be yeawɔ dɔ aɖe le hamea me gake èkpɔe be yemate ŋu awɔe fifia oa? Ðewohĩ, ame bubu aɖe le dɔ ma si le dzrowòm la wɔm. Alo ɖewohĩ, enye subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe si su asiwò va yi. Gake, tsitsi, lãmegbegblẽ, ganyawo ƒe sesẽ, alo ƒomegbanɔamedziwo wɔe be màgate ŋu awɔ geɖe fifia o. Alo ate ŋu anye be èɖe asi le subɔsubɔ dɔdeasi si nèwɔ ƒe geɖe la ŋu le tɔtrɔ siwo habɔbɔa wɔ ta. Aleke kee wòɖale o, ɖewohĩ, èle sesem le ɖokuiwò me be yemele yeƒe ŋutete katã wɔm le subɔsubɔdɔ si Mawu de mía si la me abe ale si yedii ene o. Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, eme kɔ be dzi ate ŋu aɖe le ƒowò ɣeaɖewoɣi. Ne edzɔ alea gɔ̃ hã la, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màgaɖe mɔ seselelãme manyomanyowo, abe dziɖeleameƒo, nuxaxa, alo dzikuléleɖedɔme ene, nate wò dzi ɖe to o? Aleke nàwɔ ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm?

Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso ale si Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa wɔ te ŋu yi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm la me. Subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ ɖedzesiwo su Yohanes si, ke hã, manya va susu me nɛ kpɔ be yeƒe agbea ava trɔ bubui kpata o. Manya susui kpɔ be yeava nɔ gaxɔ me ɣeyiɣi didi wu ɣeyiɣi si yetsɔ wɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa o. Togbɔ be edzɔ alea hã la, Yohanes yi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm, eye wòkpɔtɔ nye dzidzɔme le eƒe agbemeŋkeke susɔeawo me. Nu kae kpe ɖe eŋu? Eye nu kae míate ŋu awɔ be míakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm ne nuwo meyi abe ale si míele mɔ kpɔm nɛ ene o gɔ̃ hã?

DƆDEASI AÐE SI DO DZIDZƆ NA YOHANES

Le ƒe 29 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe April me lɔƒo la, Yohanes dze eƒe dɔ si Yehowa de asi nɛ be wòadzra dukɔa ɖo na Mesia la ƒe vava la gɔme, esi wònɔ gbeƒã ɖem be: “Mitrɔ dzi me, elabena Dziƒofiaɖuƒe la gogo.” (Mat. 3:2; Luka 1:12-17) Ame geɖe wɔ ɖe eƒe gbedeasia dzi. Le nyateƒe me la, amewo tso kpuiƒe kple didiƒe va ɖo to eƒe gbedeasia, eye eƒe nyawo ʋã ame geɖe wotrɔ dzi me hexɔ nyɔnyrɔ. Yohanes xlɔ̃ nu subɔsubɔhakplɔla siwo bua wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewoe la dzinɔameƒotɔe be Mawu gbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge wo, negbe ɖe wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. (Mat. 3:5-12) Yohanes wɔ dɔ vevitɔ si Yehowa de esi be wòawɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me la le ƒe 29 K.Ŋ. ƒe October me lɔƒo, esime wònyrɔ Yesu ɖe tsi me. Tso ɣemaɣi la, Yohanes na amewo dze Yesu, si nye Mesia si ŋugbe wodo la, yome.—Yoh. 1:32-37.

Le subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si su Yohanes si ta la, Yesu gblɔ tso eŋu be: “Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke medo kpɔ, si nye gã wu Yohanes Amenyrɔɖetsimela o.” (Mat. 11:11) Míate ŋu aka ɖe edzi be, Yohanes kpɔ dzidzɔ ɖe yayra siwo wòkpɔ tso Mawu gbɔ la ta. Abe Yohanes ene la, Yehowa yra nɔvi geɖe egbea le mɔ geɖe nu. Bu nɔviŋutsu si ŋkɔe nye Terry la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eya kple srɔ̃a, Sandra, wozã ƒe 50 kple edzivɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Terry gblɔ be: “Subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ vovovowo su asinye. Mewɔ mɔɖeɖedɔa, mesubɔ le Betel, mewɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa, menye nutome sue dzikpɔla, menye nutome gã dzikpɔla, eye fifia, megava le mɔɖela vevi ƒe dɔa wɔm.” Edoa dzidzɔ na mí ne míexɔ dɔdeasiwo le Yehowa subɔsubɔ me, ke hã, míava kpɔe le Yohanes ƒe kpɔɖeŋua me be, ele be míaku kutri hafi míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne míaƒe nɔnɔmeawo trɔ.

YI EDZI NÀKPƆ ŊUDZEDZE ÐE SUBƆSUBƆ MƆNUKPƆKPƆ SIWO YEHOWA NA WÒ LA ŊU

Nu si kpe ɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimela ŋu wòyi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm ye nye be, eyi edzi kpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ siwo su esi la ŋu. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, Yohanes ƒe subɔsubɔdɔa va te toyiyi esime Yesu ya ƒe subɔsubɔdɔa nɔ dzidzedze kpɔm. Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo tsi dzi ɖe esia ta eye wogblɔ nɛ be: ‘Kpɔ ɖa, ŋutsu lae nye ema le amewo nyrɔm, eye amewo katã le egbɔ yim.’ (Yoh. 3:26) Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Ame si si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃. Ke ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃ si le tsitre ɖi le to ɖomee la kpɔa dzidzɔ gã ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Eya ta nye dzidzɔ la zu blibo.” (Yoh. 3:29) Yohanes meʋli ho kple Yesu o, eye nenema kee Yohanes mesusu be, esi Yesu ƒe dɔdeasia le vevie wu ye tɔ ta la, asixɔxɔ aɖeke megale yeƒe subɔsubɔ dɔdeasia ŋu o. Ke hã, Yohanes kpɔtɔ nɔ dzidzɔ kpɔm le esi wònyae be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ye wònye na ye be yenye “ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃” ta.

Tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Yohanes si la kpe ɖe eŋu wòyi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be eƒe dɔdeasia menɔ bɔbɔe o gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Yohanes nye Naziritɔ tso edziɣi ke, eye le esia ta, mele nɛ be wòano wain o. (Luka 1:15) Esi Yesu nɔ susu hem yi nuteameɖokui ƒe agbe si Yohanes nɔ dzi la, egblɔ be: “Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu o.” Ke hã, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ya mete nu wo ɖokuiwo abe Naziritɔwo ene o eye wonɔ agbe abe ame akpa gãtɔ ene. (Mat. 11:18, 19) Azɔ hã, togbɔ be Yohanes ya mewɔ nukunu aɖeke o hã la, enyae be Yehowa na ŋusẽ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kple ame siwo nye ye yomedzelawo tsã la ya wowɔ nukunuwo. (Mat. 10:1; Yoh. 10:41) Yohanes mena vovototo ma he eƒe susu ɖa le dɔ si Yehowa de esi la dzi o, ke boŋ, elé fɔ ɖe eƒe dɔa ŋu wɔ dzonɔamemetɔe.

Ne míawo hã míedea asixɔxɔ dɔ si Yehowa de mía si le eƒe subɔsubɔdɔa me ŋu la, míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm. Terry, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Nye susu katã nɔa subɔsubɔdɔ ɖe sia ɖe si wode asi nam la ŋu.” Esi wòde ŋugble le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ si wòwɔ le ƒe siwo katã va yi me ŋu la, egblɔ be: “Naneke mevem le eŋu o, ke boŋ, nu dodzidzɔnamewo sɔŋ dzi koe meɖoa ŋkui.”

Míate ŋu ana míaƒe dzidzɔ nadzi ɖe edzi ne míedea ŋugble le nu si nana asixɔxɔ vavã nɔa subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ alo dɔdeasi ɖe sia ɖe ŋu la ŋu. Eyae nye mɔnukpɔkpɔ si nye be míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo.” (1 Kor. 3:9) Abe ale si ko ne míeyia edzi léa be na domenyinu xɔasi aɖe hetutua eŋu nyuie la, eganya kpɔna ŋutɔ la, nenema kee ne míeyia edzi dea ŋugble le bubu si gbegbe wònye na mí be míele Mawu subɔm ŋu la, míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm. Míatsɔ nu siwo míetsɔ sa vɔe la anɔ sɔsɔm kple nu siwo ame bubuwo tsɔ sa vɔe o. Nenema kee mele be míasusui be dɔ si Yehowa de mía si la le tsɛ wu dɔ si wòde ame bubuwo si o.—Gal. 6:4.

TSƆ WÒ SUSU ÐO NU SIWO LE VEVIE NA YEHOWA ŊU

Ðewohĩ, Yohanes anya de dzesii be yeƒe subɔsubɔdɔa ava wu enu, gake ɖewohĩ menɔ ŋuɖoɖo me nɛ be ava wu enu kpata nenema o. (Yoh. 3:30) Le ƒe 30 K.Ŋ. me, esime Yohanes nyrɔ Yesu ɖe tsi me ɣleti ade aɖewo megbe la, Fia Herodes lé Yohanes de gaxɔ me. Ke hã, Yohanes yi edzi wɔ nu si wòate ŋui henɔ ɖase ɖim. (Marko 6:17-20) Esi eƒe nɔnɔmea va trɔ alea la, nu kae ate ŋu akpe ɖe eŋu be wòayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm? Etsɔ eƒe susu ɖo nu siwo le vevie na Yehowa la ŋu.

Esime Yohanes nɔ gaxɔ me la, exɔ nyatakakawo tso ale si Yesu ƒe subɔsubɔdɔa nɔ dzidzedze kpɔmee ŋu. (Mat. 11:2; Luka 7:18) Yohanes ka ɖe edzi be Yesue nye Mesia la, ke hã, anya nɔ eɖokui biam be, aleke Yesu le nana ge be nu siwo katã Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Mesia awɔ la nava eme mahã. Esi wònye be Mesia la anye fia ta la, ɖe wòanye be eteƒe madidi o Yesu ate dziɖuɖua? Ðe esia awɔe be woaɖe Yohanes le gaxɔ mea? Esi Yohanes di vevie be yease Yesu ƒe dɔa gɔme nyuie ta la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖabia Yesu be: “Wòe nye Ame Si Gbɔna laa, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubua?” (Luka 7:19) Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo trɔ gbɔ la, anɔ eme be Yohanes lé to ɖe woƒe nyawo ŋu nyuie esime wonɔ nyawo ta kam nɛ be Yesu da gbe le ame geɖewo ŋu nukutɔe eye Yesu de gbe asi na yewo be yewoagblɔ nɛ be: “Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, bunɔwo le zɔzɔm, anyidɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre, eye wole nya nyui la gblɔm na ame dahewo.”—Luka 7:20-22.

Ðikeke mele eme o be woƒe nyatakakawo do ŋusẽ Yohanes. Woɖo kpe edzi be Yesu na nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu la le eme vam. Togbɔ be Yesu ƒe vava abe Mesia ene mawɔe be woaɖe Yohanes le gaxɔ me o hã la, Yohanes nyae be yeƒe subɔsubɔdɔa menye dzodzro o. Togbɔ be nɔnɔmeawo mede edzi o gɔ̃ hã la, ekpɔ susu si tae wòle be wòakpɔ dzidzɔ ɖo.

Ne míetsɔa míaƒe susu ɖoa gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele le xexea me katã ŋuti nyatakakawo ŋu la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm

Abe Yohanes ene la, ne míetsɔ míaƒe susu ɖo nu siwo le vevie na Yehowa ŋu la, míate ŋu ado dzi le dzidzɔ kple dzigbɔgbɔ blewu me. (Kol. 1:9-11) Míate ŋu ado dzi ne míexlẽa Biblia hedea ŋugble le nu si míexlẽ ŋu, eye esia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be dɔ ɖe sia ɖe si wɔm míele le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me la menye dzodzro o. (1 Kor. 15:58) Sandra gblɔ be: “Esi mexlẽa Biblia-gbalẽ aɖe ƒe ta ɖeka gbe sia gbe ta la, esia kpe ɖe ŋunye nye kple Yehowa dome gava le kplikplikpli wu. Esia kpena ɖe ŋunye nye susu nɔa eyama ŋu ke menye ɖokuinye dzi o.” Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu atsɔ míaƒe susu aɖo Fiaɖuƒedɔa ŋuti nyatakakawo ŋu, elabe, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagatsɔ susu aɖo nɔnɔme siwo me míawo ŋutɔwo míele ŋu o, ke míaƒe susu anɔ nu siwo wɔm Yehowa le ŋu boŋ. Sandra gblɔ be: “JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe ɣleti sia ɣleti ƒe wɔnawo kpɔkpɔ nana míesena le mía ɖokui me be kadodo kplikplikpli le mía kple habɔbɔa dome, eye wokpena ɖe mía ŋu míeyia edzi nɔa dzidzɔ kpɔm le míaƒe dɔdeasia me.”

Yohanes Amenyrɔɖetsimela wɔ eƒe dɔdeasia ɣeyiɣi kpui aɖe le “Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me,” eye abe Eliya ene la, enye “amegbetɔ si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.” (Luka 1:17; Yak. 5:17) Ne míesrɔ̃ ale si wòyi edzi kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe dɔdeasia ŋu kple ale si wòtsɔ eƒe susu ɖo nu siwo le vevie na Yehowa ŋui la, míawo hã míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le míaƒe Fiaɖuƒedɔa me, aleke kee nuwo ɖatrɔ le míaƒe agbe me o.