Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 34

Èwɔa Akpa Vevi Aɖe Le Yehowa Ƒe Hamea Me!

Èwɔa Akpa Vevi Aɖe Le Yehowa Ƒe Hamea Me!

“Ale si ko ametia nye nu ɖeka gake ŋutinu geɖewo le eŋu, eye ameti ma ƒe ŋutinuwo sɔ gbɔ gake woƒo ƒu wɔ ameti ɖeka la, nenema kee Kristo la hã le.”​—1 KOR. 12:12.

HADZIDZI 101 Mina Míawɔ Dɔ Le Ðekawɔwɔ Me

NYA VEVIAWO *

1. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae su mía dometɔ ɖe sia ɖe si?

MƆNUKPƆKPƆ gã ka gbegbee nye esi su mía si be míele Yehowa ƒe hamea me! Mía kple mía nɔvi Kristotɔwo míele Yehowa subɔm kple dzidzɔ le ŋutifafa me. Ðe nènya be wò hã èle akpa vevi aɖe wɔm le hamea mea?

2. Kpɔɖeŋu kae apostolo Paulo zã le eƒe lɛta siwo le Biblia me la dometɔ geɖe me?

2 Apostolo Paulo zã kpɔɖeŋu aɖe le eƒe lɛta siwo le Biblia me la dometɔ geɖe me. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso akpa si míewɔna le hamea me la ŋu tso kpɔɖeŋu sia me. Le lɛta mawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, Paulo tsɔ hamea sɔ kple amegbetɔ ƒe ametia. Nenema kee etsɔ ame sia ame si le hamea me la sɔ kple ametia ƒe ŋutinuwo.—Rom. 12:4-8; 1 Kor. 12:12-27; Ef. 4:16.

3. Nufiame vevi etɔ̃ kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Le nyati sia me la, míadzro nu vevi etɔ̃ siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me la me. Gbãa, míava kpɔe be mía dometɔ ɖe sia ɖe wɔa akpa vevi * aɖe le Yehowa ƒe hamea me. Evelia, míadzro nu si míate ŋu awɔ ne esesẽna na mí be míaxɔe ase be míawo hã míewɔa akpa vevi aɖe le hamea me la me. Etɔ̃lia, míadzro nu si tae wòhiã be míayi dɔ si Yehowa de mía si le hamea me la wɔwɔ dzi hã me.

MÍA DOMETƆ ÐE SIA ÐE WƆA AKPA VEVI AÐE LE YEHOWA ƑE HAMEA ME

4. Nufiame vevi kae le nya siwo dze le Romatɔwo 12:4, 5 me la me na mí?

4 Nufiame gbãtɔ si le Paulo ƒe kpɔɖeŋua me na mí ye nye be mía dometɔ ɖe sia ɖe wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe ƒomea me. Paulo dze eƒe kpɔɖeŋua gɔme be: “Ale si ko ŋutinu geɖewo le ŋutilã ɖeka ŋu na mí, gake ŋutinuawo katã mewɔa dɔ ɖeka ƒomevi o la, nenema kee míawo hã, togbɔ be míesɔ gbɔ hã la, ŋutilã ɖekae míenye le Kristo me, gake ŋutinuwoe mía dometɔ ɖe sia ɖe nye na nɔvia.” (Rom. 12:4, 5) Nu kae Paulo ƒe nya siawo fia? Akpa si mía dometɔ ɖe sia ɖe wɔna le hamea me la to vovo na nɔvia tɔ, ke hã, mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe wɔƒe le vevie.

Akpa si mía dometɔ ɖe sia ɖe wɔna le hamea me la to vovo na nɔvia tɔ, ke hã, mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe wɔƒe le vevie (Kpɔ memama 5-12 lia) *

5. “Nunana” kawoe Yehowa na hamea?

5 Ne èbu ame siwo le akpa vevi aɖe wɔm le hamea me ŋu la, ɖewohĩ wò susu ayi ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me la dzi enumake. (1 Tes. 5:12; Heb. 13:17) Enye nyateƒe be Yehowa to Kristo dzi tsɔ “nunana siwo nye amewo” na Eƒe hamea. (Ef. 4:8) “Nunana siwo nye amewo” la dometɔ aɖewoe nye Dɔdzikpɔhaa me tɔwo, Dɔdzikpɔhaa ƒe kpeɖeŋutɔwo, Alɔdzekɔmitia me tɔwo, nutome sue dzikpɔlawo, habɔbɔa ƒe sukunufialawo, hamemetsitsiwo, kple subɔsubɔdɔwɔlawo. Gbɔgbɔ kɔkɔea ye ɖo nɔviŋutsu siawo katã be woalé be na Yehowa ƒe alẽ xɔasiawo eye woado ŋusẽ hamea.—1 Pet. 5:2, 3.

6. Le 1 Tesalonikatɔwo 2:6-8 ƒe nya nu la, nu kae nɔviŋutsu siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo la kua kutri be yewoawɔ?

6 Gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo nɔviŋutsuwo be woawɔ dɔ vovovowo le hamea me. Ale si ko ŋutilã ƒe ŋutinu vovovoawo, abe asiwo kple afɔwo ene, wɔa dɔ aduadu wòɖea vi na ameti bliboa la, nenema kee nɔviŋutsu siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo la wɔa dɔ vevie be wòaɖe vi na hame bliboa. Womedia kafukafu na wo ɖokuiwo o. Ke boŋ, wodzea agbagba vevie be yewoatu yewo nɔviŋutsuwo kple yewo nɔvinyɔnuwo ɖo ahado ŋusẽ wo. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:6-8.) Míedaa akpe na Yehowa ŋutɔ ɖe nɔviŋutsu siawo, siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo, siwo diaa ame bubuwo ƒe nyonyo, la ta!

7. Yayra kawoe nɔvi siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la kpɔna?

7 Yehowa ƒe habɔbɔa ate ŋu aɖo nɔvi aɖewo woanye dutanyanyuigblɔlawo, mɔɖela veviwo alo gbesiagbe mɔɖelawo le hamea me. Le nyateƒe me la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le xexea me godoo la dometɔ geɖe tsɔ gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa wɔ woƒe agbemedɔe. Woto esia me kpe ɖe ame geɖe ŋu wova zu Kristo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. Togbɔ be zi geɖe la, ŋutilãmenu geɖe menɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo si o hã la, Yehowa yraa wo geɖe ŋutɔ tsɔ ɖoa woƒe subɔsubɔdɔa teƒe na wo. (Marko 10:29, 30) Míelɔ̃ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo vevie, eye míedaa akpe ɖe akpa vevi si wowɔna le hamea me la ta!

8. Nu ka tae nya nyui gbeƒãɖela ɖe sia ɖe le vevie na Yehowa?

8 Nɔviŋutsu siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo koe wɔa akpa vevi aɖe le hamea mea? Kura o! Nya nyui gbeƒãɖela ɖe sia ɖe le vevie na Mawu kple hamea siaa. (Rom. 10:15; 1 Kor. 3:6-9) Nu si tae nye be, hamea ƒe taɖodzinu vevitɔwo dometɔ ɖekae nye be míawɔ amewo woava nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20; 1 Tim. 2:4) Ame siwo katã ɖea gbeƒã nya nyuia, woɖanye gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo alo gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo o, nana dɔ sia nyea dɔ vevitɔ na wo le agbe me.—Mat. 24:14.

9. Nu ka tae míedea asixɔxɔ mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo ŋu?

9 Yehowa na mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo wɔa akpa vevi aɖe, si ŋu bubu le, la le hamea me. Edea asixɔxɔ nɔvinyɔnu siawo siwo nye srɔ̃tɔwo, vidadawo, ahosiwo, kple nɔvinyɔnu siwo mekpɔ ɖe srɔ̃ o, siwo katã subɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe la ŋu. Woyɔ nyɔnu kpɔɖeŋu nyui ɖola siwo ƒe nu dze Mawu ŋu la dometɔ geɖe ƒe ŋkɔwo tẽe le Biblia me. Wokafu wo le esi woɖo kpɔɖeŋu nyui le xɔse, nunya, dzonɔameme, dzinɔameƒo, dɔmenyonyo, kple dɔ nyuiwo wɔwɔ me ta. Míedaa akpe na Yehowa ale gbegbe, be Kristotɔ nyɔnu siawo siwo si nɔnɔme nyui dzeameŋu siawo le la le míaƒe hamewo me!

10. Nu ka tae míedea asixɔxɔ mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu siwo nye ame tsitsiwo la ŋu?

10 Dzidzɔe wònye na mí hã be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nye ame tsitsiwo la le hamea me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nye ame tsitsiwo, siwo zã woƒe agbe bliboa katã tsɔ subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la le hame aɖewo me. Anɔ eme be nyitsɔ laa koe ame tsitsi aɖewo hã va srɔ̃ nyateƒea. Aleke kee wòɖale o, anɔ eme be ame tsitsi siawo dometɔ geɖe le avu wɔm kple lãmesẽkuxi vovovowo le woƒe tsitsi ta. Eye anɔ eme be, kuxi mawo wɔe be womete ŋu le geɖe wɔm le hamea me alo le gbeƒãɖeɖedɔa me o. Ke hã, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo wɔa wo tɔ sinua le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye wowɔa woƒe ŋutete katã tsɔ dea dzi ƒo na ame bubuwo henaa hehe wo! Eye woƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo ɖea vi na mí. Wonya kpɔna na Yehowa kple míawo siaa ale gbegbe!—Lod. 16:31.

11-12. Aleke sɔhɛ kple ɖevi siwo le miaƒe hamea me la ƒe kpɔɖeŋuwo dea dzi ƒo na wòe?

11 Azɔ bu sɔhɛwo kple ɖevi siwo le míaƒe hamea me hã ŋu kpɔ. Wodoa go kuxi geɖe esi wole tsitsim le xexe sia, si dzi Satana Abosam kpɔ ŋusẽ ɖo, si me eƒe susu vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo, la me. (1 Yoh. 5:19) Ke hã, ne míekpɔ sɔhɛ kple ɖevi siwo le hamea me la le nya ŋu ɖom le kpekpeawo hele gbeƒã ɖem nya nyuia eye míese ale si woʋlia woƒe xɔse ta dzinɔameƒotɔe la, edea dzi ƒo na mí katã. Nyateƒee, mi sɔhɛwo kple ɖeviwo, miele akpa vevi aɖe wɔm le Yehowa ƒe hamea me!—Ps. 8:2.

12 Gake esesẽna na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo be woaxɔe ase be yewo hã yewole akpa vevi aɖe wɔm le hamea me. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be míase le mía ɖokui me be míawo hã míele akpa vevi aɖe wɔm le hamea me? Na míakpɔe ɖa.

KA ÐE EDZI BE AKPA SI WƆM NÈLE LE HAMEA ME LA LE VEVIE

13-14. Nu ka tae ame aɖewo ate ŋu ase le wo ɖokuiwo me be yewomele vevie le hamea me o?

13 De dzesi nufiame evelia si le Paulo ƒe kpɔɖeŋua me na mí. Ehe susu yi kuxi aɖe si ɖea fu na ame geɖe egbea la dzi; esesẽna na wo be woaxɔe ase be yewole akpa vevi aɖe wɔm le hamea me. Paulo ŋlɔ bena: “Ne afɔ agblɔ be, ‘Esi nyemenye asi o ta la, nyemenye ametia ƒe akpa aɖeke o’ la, ema mewɔe be meganye ametia ƒe akpa aɖeke o. Eye ne to agblɔ be, ‘Esi nyemenye ŋku o ta la, nyemenye ametia ƒe akpa aɖeke o’ la, ema mewɔe be meganye ametia ƒe akpa aɖeke o.” (1 Kor. 12:15, 16) Nu ka fiam Paulo le mí?

14 Ne ètsɔ ɖokuiwò le sɔsɔm kple ame bubuwo le hamea me la, esia ate ŋu awɔe be nàva nɔ sesem le ɖokuiwò me be yemele vevie na hamea o. Nɔvi aɖewo siwo le hamea me la nye nufiala bibiwo, ɖoɖowɔla nyuiwo, alo ame siwo tea ŋu dea dzi ƒo na ame hefaa akɔ na ame ŋutɔ. Ðewohĩ èsena le ɖokuiwò me be yemate ŋu awɔ nu mawo abe woawo ene o. Esia fia be èbɔbɔa ɖokuiwò eye ènya afi si wò ŋutete se ɖe. (Flp. 2:3) Gake ɖɔ ŋu ɖo. Ne ètsɔa ɖokuiwò nɔa sɔsɔm kple ame siwo si ŋutete tɔxɛwo le la, esia ate ŋu awɔe be nàva nɔ susum be ye ya yemele ɖeke me o, eye aɖe dzi le ƒowò. Àte ŋu ava nɔ sesem le ɖokuiwò me gɔ̃ hã be yemele vevie le hamea me kura o, abe ale si Paulo gblɔe le eƒe kpɔɖeŋua me ene. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖu seselelãme mawo dzi?

15. Le 1 Korintotɔwo 12:4-11 ƒe nya nu la, nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe ŋutete ɖe sia ɖe si le mía si la ŋu?

15 Bu nyateƒenya sia ŋu kpɔ: Yehowa to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na nukunu ƒe nunanawo Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, gake menye Kristotɔwo katãe xɔ nunana ɖeka ma ke o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 12:4-11.) Yehowa na nunana kple ŋutete vovovo woamawo, gake Kristotɔ ɖe sia ɖe nɔ vevie nɛ. Egbea, míexɔa gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nukunu nunanawo o. Ke hã, nufiame si le Paulo ƒe kpɔɖeŋua me la yi na míawo hã. Togbɔ be ŋutete vovovowoe le mí katã si hã la, mía dometɔ ɖe sia ɖe le vevie na Yehowa.

16. Apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo ka dzie wòhiã be míawɔ ɖo?

16 Le esi míatsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple Kristotɔ bubuwo teƒe la, ehiã be míawɔ ɖe aɖaŋu si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòɖo na mí la dzi. Egblɔ be: “Ame sia ame nadzro eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ, ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu me o.”—Gal. 6:4.

17. Ne míewɔ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi la, aleke wòaɖe vi na mí?

17 Ne míewɔ ɖe aɖaŋu si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖo na mí la dzi eye míedzro míawo ŋutɔwo míaƒe nuwɔnawo me kpɔ la, míava kpɔe be nunana kple ŋutete tɔxɛwo le míawo hã si. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anɔ eme be hamemetsitsi aɖe mebi ɖe nufiafia le kplɔ̃ta me o, ke hã, ebi ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me ŋutɔ. Alo ate ŋu anɔ eme be hamemetsitsia menye ɖoɖo nyui wɔla abe hamemetsitsi bubu siwo le woƒe hamea me ene o, ke hã, enye hamemetsitsi lɔ̃ame si nyoa dɔme ŋutɔ, eye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo tena ɖe eŋu faa be wòaɖo aɖaŋu na yewo. Alo ate ŋu anɔ eme be wonyae nyuie be enye ame si wɔa amedzro ŋutɔ. (Heb. 13:2, 16) Ne míede dzesi ŋutete tɔxɛ kple nunana siwo le míawo ŋutɔwo si la, míakpɔ susu si tae wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖe akpa vevi si wɔm míele le hamea me la ŋu. Eye asesẽ be míaʋã ŋu mía nɔvi siwo ƒe ŋutetewo to vovo na mía tɔwo.

18. Nu kae míawɔ be míana míaƒe ŋutetewo naganyo ɖe edzi?

18 Akpa vevi ka kee míeɖawɔna le hamea me o, ele be mí katã míadi be míana míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe ŋutetewo naganyo ɖe edzi. Yehowa wɔ ɖoɖo nyui aɖe to eƒe habɔbɔa dzi le hehe nam mí be míate ŋu awɔ esia. Le kpɔɖeŋu me, le míaƒe kwasiɖa domedome kpekpea me la, míexɔa mɔfiamewo tso ale si míawɔ be míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi la ŋu. Ðe nèwɔa nu siwo nèsrɔ̃ la ŋu dɔ bliboea?

19. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàde Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua?

19 Hehenana ƒe ɖoɖo ɖedzesi bubue nye Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua. Ame siwo ate ŋu ade suku siawoe nye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm, eye woxɔ tso ƒe 23 va ɖo 65. Ðewohĩ ate ŋu awɔ na wò be ye ya yemate ŋu ade suku sia gbeɖe o. Gake le esi nànɔ susu siwo tae nèsusu be yemate ŋu ade sukua o ŋu bum teƒe la, anyo boŋ be nàŋlɔ susu siwo tae nàdi be yeade sukua la boŋ ɖi. Eyome, ŋlɔ taɖodzinu siwo gbɔ wòle be nàɖo be nàte ŋu adze ade sukua la ɖi. Ne èku kutri vevie ɖo taɖodzinu mawo gbɔ la, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, nu si nèsusu be mate ŋu anya wɔ o la ava eme na wò.

ZÃ NUNANA SIWO YEHOWA NA WÒ LA NÀTSƆ ATU HAMEA ÐO

20. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo dze le Romatɔwo 12:6-8 la me?

20 Nufiame vevi etɔ̃lia si le Paulo ƒe kpɔɖeŋua me na mí la dze le Romatɔwo 12:6-8. (Xlẽe.) Le afi sia la, Paulo gaɖee fia ake be nunana vovovowoe le ame siwo le hamea me la si. Gake fifia ya, ete gbe ɖe edzi be ele be míazã nunana ɖe sia ɖe si Yehowa na mí la atsɔ atu hamea ɖo ahado ŋusẽe.

21-22. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Nɔviŋutsu Robert kple Nɔviŋutsu Felice gbɔ?

21 Bu nɔviŋutsu si míayɔ be Robert la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Enɔ subɔsubɔm le duta va se ɖe ɣeaɖeɣi, eye wova de dɔ asi nɛ be wòava subɔ le Betel si le wo de dukɔ me. Togbɔ be woka ɖe edzi nɛ be menye ɖe wòdo kpo nu le nane me tae wotrɔ eƒe dɔdeasia ɖo o hã la, egblɔ be: “Nyemenɔ dzidzɔ kpɔm o ɣleti geɖe, elabe mesusu be ɖe medo kpo nu le nye dɔdeasi gbãtɔa me tae woɖɔ li dɔ nam ɖo. Ɣeaɖewoɣia, mese le ɖokuinye me be maɖe asi le Betel subɔsubɔdɔa ŋu.” Nu kae kpe ɖe eŋu be wògava nɔ dzidzɔ kpɔm ake? Hamemetsitsi aɖe ɖo ŋku edzi nɛ be Yehowa na hehe mí le dɔdeasi ɖe sia ɖe si míewɔ va yi la me, ale be yeate ŋu azã mí bliboe le dɔ si wòde mía si fifia la me. Robert va de dzesii be, ele be yeadzudzɔ nu siwo dzɔ va yi la ŋu bubu, eye yeatsɔ susu aɖo nu siwo yeate ŋu awɔ fifia la ŋu.

22 Nɔviŋutsu Felice Episcopo hã to kuxi ma tɔgbi me. Eya kple srɔ̃a wowu Gilead Sukua nu le ƒe 1956 me, eye wowɔ nutome sue dzikpɔkpɔ dɔa le Bolivia. Wova dzi vi le ƒe 1964 me. Felice gblɔ be: “Ete ɖe mía dzi ŋutɔ be míaɖe asi le míaƒe dɔdeasi si míelɔ̃ vevie la ŋu. Melé blanui ƒe ɖeka blibo le nu si dzɔ la ta. Gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, meva ɖu nye seselelãmea dzi eye meva lé fɔ ɖe dɔ siwo kpɔ ŋkunyeme abe dzila ene la ŋu.” Ðe wò hã èsena le ɖokuiwò me abe Robert alo Felice enea? Ðe dzi ɖe le ƒowò le esi subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo nɔ asiwò tsã la megale asiwò fifia o ta? Ne nenemae la, àte ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe wu ne èɖe wò susu ɖa le nu siwo dzɔ va yi ŋu eye nètsɔ wò susu ɖo nu siwo nàte ŋu awɔ na Yehowa kple nɔviwòwo fifia la ŋu. Yi edzi nànɔ nunana kple ŋutete siwo Yehowa na wò la zãm atsɔ anɔ kpekpem ɖe amewo ŋu ahatu hamea ɖo, eye esia ana nàkpɔ dzidzɔ.

23. Nu kae wòle be míadi ɣeyiɣi awɔ, eye nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

23 Mía dometɔ ɖe sia ɖe le vevie na Yehowa. Edi be míanye yeƒe ƒomea me tɔwo. Ne míedi ɣeyiɣi de ŋugble le nu siwo míate ŋu awɔ atsɔ atu mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo ɖo eye míeku kutri vevie te ŋu le esia wɔm la, asesẽ ŋutɔ be míase le mía ɖokui me be míele vevie le hamea me o! Ke ale si míebua ame bubuwo le hamea me ya ɖe? Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ wo hedea bubu wo ŋu? Míadzro nya vevi sia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

HADZIDZI 24 Miva Yehowa Ƒe To La Dzi

^ mm. 5 Mí katã míesena le mía ɖokui me be Yehowa lɔ̃ mí. Gake ɣeaɖewoɣi la, ewɔna na mí be viɖe aɖeke mele mía ŋu o. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be mía dometɔ ɖe sia ɖe wɔa akpa vevi aɖe le hamea me.

^ mm. 3 NYAMEÐEÐE: Nyagbɔgblɔ si nye akpa vevi si míewɔna le Yehowa ƒe hamea me la ku ɖe nu sia nu si míewɔna tsɔ tua ame siwo le hamea me la ɖo hedoa ŋusẽ wo la ŋu. Akpa si míewɔna le hamea me la metsoa ŋutigbalẽ ƒe amadede si le mía ŋu, to si me tɔ míenye, ga ale si nu le mía si, ƒome si me míetso, míaƒe dekɔnuwo alo afi si míede suku se ɖo la gbɔ o.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Foto etɔ̃awo ɖe nu siwo yia edzi do ŋgɔ na hame ƒe kpekpe aɖe, le kpekpea wɔɣi, kple kpakpa vɔ megbe la fia. Foto 1: Hamemetsitsi aɖe le gbe dom na ɖetsɔlemetɔ aɖe vividoɖeameŋutɔe, nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe le nuƒomɔ̃awo ŋuti dɔwo gbɔ kpɔm, eye nɔvinyɔnu aɖe le dze ɖom kple nɔvinyɔnu tsitsi aɖe. Foto 2 lia: Ðeviwo kple tsitsiawo siaa le agbagba dzem be yewoaɖo nya ŋu le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me. Foto 3 lia: Atsu kple asi aɖe le asi kpem ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo ŋu. Vidada aɖe le kpekpem ɖe via ŋu be wòatsɔ ga ade nudzɔɖaka me. Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe le ʋuʋudedi ɖem ɖa le agbalẽawo ŋu, eye nɔviŋutsu aɖe le dzi dem ƒo na nɔvinyɔnu tsitsi aɖe.