Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 33

Ŋugbe Si Mawu Do Be Yeava Fɔ Ame Siwo Ku Ðe Tsitre La Ðea Eƒe Lɔlɔ̃, Nunya, Kple Dzigbɔɖi Fiana

Ŋugbe Si Mawu Do Be Yeava Fɔ Ame Siwo Ku Ðe Tsitre La Ðea Eƒe Lɔlɔ̃, Nunya, Kple Dzigbɔɖi Fiana

“Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”​—DƆW. 24:15.

HADZIDZI 151 Ayɔ Wo

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae Yehowa wɔ Yesu, mawudɔlawo, kple amegbetɔwo?

ƔEAÐEƔI va yi la, Yehowa ɖeka koe nɔ anyi. Gake mese le eɖokui me be yetsi akogo o, elabe Yehowa mehiã na ame aɖeke ƒe kpekpeɖeŋu hafi wòakpɔ dzidzɔ o. Ke hã, Yehowa di be ame bubuwo hã nase agbe ƒe vivi. Esia tae eƒe lɔlɔ̃ ʋãe wòwɔ Yesu, mawudɔlawo kple amegbetɔwo ɖo.—Ps. 36:9; 1 Yoh. 4:19.

2. Aleke Yesu kple mawudɔlawo se le wo ɖokuiwo me tso Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu?

2 Gbãa, Yehowa wɔ hadɔwɔla aɖe. Eyome, eya kple hadɔwɔla sia, si nye Via gbãtɔ, ‘wowɔ nu bubuawo katã,’ eye wowɔ mawudɔla miliɔn geɖewo hã. (Kol. 1:16) Yesu kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be ye kple ye Fofo yewowɔ dɔ ɖekae. (Lod. 8:30) Eye mawudɔlawo hã kpɔ dzidzɔ. Nu si ta mawudɔlawo kpɔ dzidzɔ ɖoe nye be wokpɔ eteƒe Yehowa kple Yesu, si nye eƒe Dɔwɔla Bibi la, wowɔ dziƒo kple anyigba. Nu kae ɖee fia be mawudɔlawo kpɔ dzidzɔ? Biblia gblɔ be ‘wodo dzidzɔɣli’ esime Yehowa wɔ anyigba. Eye ɖikeke mele eme o be, woyi edzi kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔ ɖe sia ɖe ta. Azɔ hã, woanya kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esime Mawu wɔ amegbetɔwo. (Hiob 38:7; Lod. 8:31, etenuŋɔŋlɔ) Yehowa ƒe nuwɔwɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nunya fia.—Ps. 104:24; Rom. 1:20.

3. Le 1 Korintotɔwo 15:21, 22 ƒe nya nu la, mɔnukpɔkpɔ kawoe asu mía si le Yesu ƒe tafevɔsaa ta?

3 Yehowa di be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba sia si wòwɔ, si nya kpɔ la dzi. Gake tso esime Adam kple Xawa dze aglã ɖe wo Fofo lɔ̃amea ŋu ko la, womagate ŋu anɔ agbe tegbee o. Woa kple woƒe dzidzimeviwo katã woava ku mlɔeba. (Rom. 5:12) Afɔ kae Yehowa ɖe? Enumake, Yehowa gblɔ nu si wòawɔ atsɔ aɖe amegbetɔwo tso nɔnɔme sia me. (1 Mose 3:15) Yehowa ɖoe be yeana ye Vi, Yesu, nava tsɔ eɖokui asa vɔ ɖe amegbetɔwo ta, ale be yeaɖe Adam kple Xawa ƒe viwo tso nu vɔ̃ kple ku si me. Esia ana mɔnukpɔkpɔ ame sia ame be wòatiae be yeasubɔ Yehowa eye wòakpɔ agbe mavɔ.—Yoh. 3:16; Rom. 6:23; xlẽ 1 Korintotɔwo 15:21, 22.

4. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati sia me?

4 Biabia geɖewo le mía si ku ɖe ŋugbe si Mawu do be yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖoɖo ka nue woafɔ amewo ɖe tsitre le? Ðe míate ŋu akpɔ míaƒe ame vevi siwo wofɔ ɖe tsitre la adze siia? Mɔ kawo nue tsitretsitsia ana míakpɔ dzidzɔ le? Eye aleke ŋugbledede le tsitretsitsia ŋu ana míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃, eƒe nunya, kple eƒe dzigbɔɖi ŋu? Na míadzro biabia siawo dometɔ ɖe sia ɖe me ɖekaɖeka.

ÐOÐO KA NUE WOAFƆ AMEWO ÐE TSITRE LE?

5. Nu ka tae wòsɔ be míaxɔe ase be woafɔ amewo ɖe tsitre vivivi le ɖoɖo nu?

5 Ne Yehowa to Via dzi fɔ ame miliɔn geɖe ɖe tsitre la, esɔ be míaxɔe ase be mafɔ wo katã ɖe tsitre zi ɖeka o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ne amewo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi le anyigbaa dzi zi ɖeka kpoyi nenema la, ana nuwo natɔtɔ. Evɔ míenyae be, Yehowa mewɔa nu nyamanyama gbeɖe o. Enyae be, hafi ŋutifafa nanɔ anyi ɖaa la, ele be nuwo nayi edzi ɖe ɖoɖo nu. (1 Kor. 14:33) Yehowa Mawu ɖe eƒe nunya kple dzigbɔɖi fia esime woa kple Yesu wodzra anyigbaa dzi ɖo vivivi hafi va wɔ amegbetɔwo. Yesu aɖe nɔnɔme nyui mawo ke afia le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Awɔ esia ne ele mɔ fiam ame siwo tsi agbe le Armagedon me be woadzra anyigbaa dzi ɖo hafi woafɔ amewo ɖe tsitre.

Ame siwo atsi agbe le Armagedon me la afia nu ame siwo woafɔ ɖe tsitre la tso Mawu Fiaɖuƒea kple Yehowa ƒe nudidiwo ŋu (Kpɔ memama 6 lia) *

6. Le Dɔwɔwɔwo 24:15 ƒe nya nu la, ame kawo hãe Yehowa afɔ ɖe tsitre?

6 Nu vevitɔ si ayi edzi ɣemaɣi ye nye be, ahiã be ame siwo tsi agbe le Armagedon me la nafia nu ame siwo woafɔ ɖe tsitre la tso Mawu Fiaɖuƒea kple Yehowa ƒe nudidiwo ŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ame siwo woafɔ ɖe tsitre la dometɔ akpa gãtɔ anye “ame madzɔmadzɔwo.” (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15.) Ahiã be woawɔ tɔtrɔ geɖe hafi Kristo ƒe tafevɔsaa naɖe vi na wo. Wò ya bu dɔ si gbegbe wòanye be woafia nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la ame miliɔn gbogbo mawo siwo menya naneke tso Yehowa ŋu o la ŋu kpɔ. Ðe míasrɔ̃ nu kple ame sia ame ɖekaɖeka abe ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewo egbea enea? Ðe woatia hame si me ame yeye siawo anɔ la na woa, eye ɖe woana hehe woawo hã be woafia nu ame bubu siwo woava fɔ ɖe tsitre la? Ðeko wòle be míalala ava kpɔ eteƒe. Gake míenyae be, kaka Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua nawu enu la, “sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi.” (Yes. 11:9) Míawɔ dɔ geɖee siwo ahe dzidzɔ vɛ na mí la le ƒe akpe ɖeka ma me!

7. Nu ka tae Mawu ƒe amewo aɖe veveseɖeamenu afia ne wole nu fiam ame siwo wofɔ ɖe tsitre la?

7 Le Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, ahiã be Yehowa ƒe ame siwo le anyigba dzi la katã nawɔ tɔtrɔwo be woadze Eyama ŋu. Wo katã woaɖe veveseɖeamenu vavãtɔ afia ne wole kpekpem ɖe ame siwo wofɔ ɖe tsitre la ŋu be woaɖu woƒe tamesusu kple dzodzro vɔ̃wo dzi eye woanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. (1 Pet. 3:8) Ame siwo woafɔ ɖe tsitre la akpɔe be Yehowa ƒe amewo bɔbɔ wo ɖokuiwo eye wokpɔtɔ le agbagba dzem be yewoawɔ tɔtrɔwo be yewoadze Yehowa ŋu, eye woawo hã woalɔ̃ faa awɔ ɖeka kpli wo be yewoasubɔ Yehowa.—Flp. 2:12.

ÐE MÍATE ŊU AKPƆ AME SIWO WOFƆ ÐE TSITRE LA ADZE SIIA?

8. Nu ka tae wòsɔ be míasusui be míakpɔ míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ siwo wofɔ ɖe tsitre la adze sii?

8 Le susu vovovo aɖewo ta la, esɔ be míasusui be míakpɔ míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ siwo wofɔ ɖe tsitre la adze sii. Le kpɔɖeŋu me, ne míebu tsitretsitsi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu la, edze abe Yehowa agbugbɔ awɔ amewo ale be woƒe dzedzeme, woƒe nuƒoƒo, kple woƒe tamesusu nanɔ tututu abe ale si wònɔ do ŋgɔ teti na woƒe ku ene. Ðo ŋku edzi be Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ eye etsɔ amefɔfɔ tso ku me sɔ kple amefɔfɔ tso alɔ̃ me. (Mat. 9:18, 24; Yoh. 11:11-13) Ne ame aɖe fɔ le alɔ̃ me la, eƒe dzedzeme kple eƒe nuƒoƒo nɔna abe ale si ko wònɔ hafi wòdɔ alɔ̃ ene, eye eɖoa ŋku nu sia nu dzi. Bu Lazaro ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eku ŋkeke ene sɔŋ, eye eƒe ŋutilã te gbegblẽ. Ke hã, esi Yesu fɔe tso ku me la, nɔvianyɔnuwo kpɔe dze sii enumake, eye ɖikeke mele eme o be, Lazaro ŋutɔ hã kpɔ wo dze sii.—Yoh. 11:38-44; 12:1, 2.

9. Nu ka tae womafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre kple ŋutilã kpakple susu deblibo o?

9 Yehowa do ŋugbe be, le Kristo ƒe dziɖuɖu te la, ‘ame aɖeke magblɔ be yele dɔ lém o.’ (Yes. 33:24; Rom. 6:7) Esia fia be, Yehowa agbugbɔ awɔ ame siwo ku la woanɔ lãmesẽ nyui me. Ke hã, womade blibo enumake o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ne wode blibo enumake la, anɔ eme be woƒe ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo makpɔ wo adze sii o. Edze abe le Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, ame siwo wofɔ ɖe tsitre kple ame siwo tsi agbe le Armagedon me la katã anɔ blibo dem vivivi ene. Ne ƒe akpe ɖekaa wu enu ko hafi Yesu atsɔ Fiaɖuƒea ade asi na Fofoa. Kaka ɣemaɣi naɖo la, Yesu ato Fiaɖuƒea dzi awɔ nu sia nu si Yehowa di be wòawɔ la awu enu keŋkeŋ, eye ɣemaɣi la, amegbetɔwo katã hã de blibo vɔ.—1 Kor. 15:24-28; Nyaɖ. 20:1-3.

MƆ KAWO NUE TSITRETSITSIA ANA MÍAKPƆ DZIDZƆ LE?

10. Aleke tsitretsitsia ana nàse le ɖokuiwò me?

10 Bu dzidzɔ si gbegbe wòanye be nàgawɔ atuu na wò ame veviwo kple wò ƒometɔwo ake ŋu kpɔ. Ðe nàgli kple dzidzɔa, alo ɖe nàfa dzidzɔvi? Ðe dzi adzɔ wò ale gbegbe be nàdzi kafukafuha na Yehowa? Ðikeke mele eme o be, esia awɔe be àlɔ̃ Fofowò lɔ̃amea kple Via si tsɔ eɖokui sa vɔe la siaa le esi wowɔe be wò ame veviwo gagbɔ agbe la vevie ŋutɔ.

11. Le Yesu ƒe nya siwo dze le Yohanes 5:28, 29 nu la, nu kae adzɔ ɖe ame siwo ɖo to Mawu la dzi?

11 Bu dzidzɔ si gbegbe ame siwo wofɔ ɖe tsitre la akpɔ ne wole woƒe amenyenye xoxo la ɖem ɖa eye wole agbe nɔm ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu la ŋu kpɔ. Woaɖe mɔ na ame siwo wɔ tɔtrɔ siawo be woanɔ agbe tegbee le Paradisoa me. Gake, Yehowa maɖe mɔ na ame siwo gbe be yewomatrɔ agbenɔnɔ o la be woayi edzi anɔ Paradisoa me ahagblẽ ŋutifafa si le afi ma la me o.—Yes. 65:20; xlẽ Yohanes 5:28, 29.

12. Mɔ ka nue Yehowa ayra ame siwo katã le anyigbaa dzi la le?

12 Le Fiaɖuƒe dziɖuɖua te la, Mawu ƒe amewo katã akpɔ nya si dze le Lododowo 10:22 la ƒe nyateƒenyenye teƒe. Afi ma gblɔ be: “Yehowa ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o.” Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe wo ŋu ale gbegbe be, woanɔ blibo dem vivivi, eye woava ɖi Kristo geɖe wu. (Yoh. 13:15-17; Ef. 4:23, 24) Tso ŋkeke yi ŋkeke la, ŋusẽ aɖo woƒe ametia ŋu woanɔ lãmesẽ nyui me, eye woƒe amenyenye anɔ nyonyom ɖe edzi. Agbea avivi ɣemaɣi ŋutɔ! (Hiob 33:25) Gake aleke ŋugbledede le tsitretsitsia ŋu ate ŋu aɖe vi na wò fifia?

NU SI TSITRETSITSIA FIA MÍ TSO YEHOWA ƑE LƆLƆ̃ ŊU

13. Aleke Psalmo 139:1-4 ɖe ale si gbegbe Yehowa nya mí nyuie la fiae, eye aleke tsitretsitsia aɖo kpe esia dzi?

13 Abe ale si míedzro eme va yi ene la, ne Yehowa gbɔ agbe ame siwo ku la, ana woaɖo ŋku nu siwo wonya tsã la dzi, eye agana amenyenye ƒe nɔnɔme siwo nɔ wo si tsã, siwo na woto vovo na ame bubuwo la hã wo. Wò ya bu nu si nya ma fia ŋu kpɔ. Yehowa lɔ̃ wò ale gbegbe be, edea dzesi wò susuwo, wò seselelãmewo, wò nyagbɔgblɔwo, kple wò nuwɔna ɖe sia ɖe, eye wòɖoa ŋku wo dzi. Eya ta, ne eva hiã be wòafɔ wò ɖe tsitre la, anɔ bɔbɔe nɛ ŋutɔ be wòagbugbɔ awɔ wò abe ale si tututu nènɔ hafi ku ene. Fia David nya ale si gbegbe Yehowa tsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖee. (Xlẽ Psalmo 139:1-4.) Aleke nèse le ɖokuiwò me esi nèva de dzesi ale si Yehowa nya wòe?

14. Aleke wòle be míase le mía ɖokui me ne míede ŋugble le ale si gbegbe Yehowa nya míi la ŋu?

14 Ne míede ŋugble le ale si gbegbe Yehowa nya míi ŋu la, ele be esia nana míaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ. Nu ka tae? Ðo ŋku edzi be, Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí vevie ŋutɔ. Ebua mía dometɔ ɖe sia ɖe be míele vevie na ye. Eɖoa ŋku nu ɖe sia ɖe si me míeto le agbe me si na míeto vovo na ame bubu ɖe sia ɖe la dzi nyuie. Nya dedziƒoname ka gbegbee nye esi! Mele be míase le mía ɖokui me gbeɖe be ame aɖeke meli na mí o. Yehowa li kpli mí ɣeawokatãɣi, gbe sia gbe, le aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe me, eye edina be yeakpe ɖe mía ŋu.—2 Kron. 16:9.

NU SI TSITRETSITSIA FIA MÍ TSO YEHOWA ƑE NUNYA ŊU

15. Aleke ŋugbe si Yehowa do be yeava fɔ ame siwo ku la ɖe tsitre la ɖea eƒe nunya fiana?

15 Ne amewo le vɔvɔ̃m na ku la, esia wɔnɛ be futɔwo doa ŋɔdzi na wo be yewoawu wo hezia wo dzi wowɔa nu siwo womadi be yewoawɔ hafi o. Ame siwo le Satana ƒe ŋusẽ te la tsɔa ku doa vɔvɔ̃dzi na amewo wodea wo xɔlɔ̃wo asi alo wɔa nu si wonya be mesɔ o. Gake, woƒe ŋɔdzidoname ma makpɔ dzidzedze le míawo ya gome o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, míenyae be ne míaƒe futɔwo wu mí la, Yehowa agbɔ agbe mí. (Nyaɖ. 2:10) Míeka ɖe edzi bliboe be, nu sia nu si woawɔ la mate ŋu ama mí ɖa tso Yehowa gbɔ o. (Rom. 8:35-39) Nunya gã ka gbegbee nye esi Yehowa ɖe fia be ena tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa mí! Ɣeaɖewoɣi la, ame siwo le Satana ƒe akpa dzi la tsɔa ku doa ŋɔdzi na mí ne míegbe be mímawɔ nu si wodi be míawɔ o, gake tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa doa ŋusẽ mí míevɔ̃na o. Nenema kee tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa nana dzi ɖoa mía ƒo míeyia edzi wɔa nuteƒe na Yehowa.

Ðe míaƒe nyametsotsowo ɖenɛ fiana be míeka ɖe ŋugbe si Yehowa do be yeakpɔ míaƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ na mí la dzia? (Kpɔ memama 16 lia) *

16. Nya kawoe wòhiã be nàbia ɖokuiwò, eye aleke biabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo akpe ɖe ŋuwò nànya ale si gbegbe nèka ɖe Yehowa dzi?

16 Ne Yehowa ƒe futɔwo gblɔ na wò be yewoawu wò la, ɖe nàka ɖe edzi be Yehowa afɔ ye ɖe tsitrea? Aleke nàwɔ anya? Mɔ ɖeka si dzi nàto anya ye nye be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe nyametsotso siwo mewɔna gbe sia gbe la ɖenɛ fiana be meka ɖe Yehowa dzia?’ (Luka 16:10) Nya bubu si nàgate ŋu abia ɖokuiwò ye nye be, ‘Ðe ale si menɔa agbe la ɖenɛ fiana be meka ɖe edzi be ne metsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ la, Yehowa akpɔ nye agbemenuhiahiã veviwo gbɔ nama?’ (Mat. 6:31-33) Ne èɖo biabia mawo ŋu be ɛ̃ la, ekema, èle eɖem fia be èka ɖe Yehowa dzi, eye ànɔ dzadzraɖoɖi ne tetekpɔ aɖe va dziwò.—Lod. 3:5, 6.

NU SI TSITRETSITSIA FIA MÍ TSO YEHOWA ƑE DZIGBƆÐI ŊU

17. (a) Aleke tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ɖea Yehowa ƒe dzigbɔɖi fianae? (b) Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe dzigbɔɖi ŋu?

17 Yehowa ɖo ŋkeke kple gaƒoƒo si dzi wòatsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia la ɖi xoxo. (Mat. 24:36) Yehowa mava tsɔ dzitsitsi aɖe afɔ hafi ɣeyiɣi si wòɖo ɖi la naɖo o. Ele edzrom vevie be yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre, ke hã, ele dzi gbɔm ɖi. (Hiob 14:14, 15) Ele lalam be yeafɔ wo ɖe tsitre le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Yoh. 5:28) Ele be míada akpe ɖe Yehowa ƒe dzigbɔɖi ta. Wò ya bu eŋu kpɔ: Esi Yehowa gbɔa dzi ɖi ta la, mɔnukpɔkpɔ su ame geɖe si ‘wotrɔ dzi me’ va zu Yehowa subɔlawo, eye míawo hã míele eme. (2 Pet. 3:9) Yehowa di be mɔnukpɔkpɔ nasu ame sia ame si be wòakpɔ agbe mavɔ. Eya ta, mina míaɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe eƒe dzigbɔɖia ŋu. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Eyae nye be, míaku kutri vevie anɔ “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la dim ahanɔ kpekpem ɖe wo ŋu be woalɔ̃ Yehowa eye woasubɔe. (Dɔw. 13:48) Ne míewɔe alea la, Yehowa ƒe dzigbɔɖia aɖe vi na woawo hã abe ale si wòle vi ɖem na mí ene.

18. Nu ka tae wòle be míagbɔ dzi ɖi na amewo?

18 Yehowa nyae be ƒe akpe ɖekaa ƒe nuwuwu hafi míade blibo. Ke hã, alala dzigbɔɖitɔe va de asi na ɣemaɣi. Hafi ɣemaɣi naɖo la, Yehowa lɔ̃ faa be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo anɔ mía kem. Eya ta, ele be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua, eye míaƒe susu nanɔ amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, eye míagbɔ dzi ɖi na wo. Bu nɔvinyɔnu aɖe ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Srɔ̃a va tsi dzimaɖi vevie ale gbegbe be eva dzudzɔ kpekpeawo dede. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Esia na mese veve ŋutɔ. Ðoɖo siwo katã nye kple srɔ̃nye míewɔ la tsi akpo dzi, eye nu sia nu tɔtɔ.” Togbɔ be nuwo nɔ alea hã la, srɔ̃nyɔnu lɔ̃ame sia gbɔ dzi ɖi na srɔ̃a. Eyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye mena ta o. Esrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua ale be, metsɔ susu ɖo kuxia ŋu o, ke boŋ, etsɔ susu ɖo srɔ̃a ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Egblɔ be, “Nɔnɔme nyui geɖewo le srɔ̃nye si, eye ele agbagba dzem vivivi be yeaɖu kuxia dzi.” Ðe mele vevie ŋutɔ be míagbɔ dzi ɖi na míaƒe ƒometɔwo alo hamea me tɔ siwo le agbagba dzem be yewoaɖu kuxi siwo me tom wole la dzi oa?

19. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

19 Esime Yehowa wɔ anyigbaa la, Yesu kple mawudɔlawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Gake wò ya bu ale si gbegbe woakpɔ dzidzɔe ne wokpɔe be ame deblibo siwo lɔ̃ Yehowa hele esubɔm la ɖeɖe sɔŋ koe yɔ anyigba dzi la ŋu kpɔ. Eye bu ale si gbegbe ame siwo ayi dziƒo la akpɔ dzidzɔe ne wokpɔe be yewoƒe dɔwo le vi ɖem na amewo le anyigba dzi la ŋu kpɔ. (Nyaɖ. 4:4, 9-11; 5:9, 10) Azɔ hã, bu ale si agbea anɔ ne dzidzɔvifafa va xɔ ɖe vevesese ƒe aɖatsiwo teƒe, eye dɔléle, blanuiléle, kple ku nu yi tegbee la ŋu kpɔ. (Nyaɖ. 21:4) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ɖoe kplikpaa nàsrɔ̃ Fofowò lɔ̃ame, si si nunya geɖe le, eye wògbɔa dzi ɖi la ƒe kpɔɖeŋua. Ne èwɔe alea la, tetekpɔ ka kee ɖava dziwò o, àyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm. (Yak. 1:2-4) Míedaa akpe ŋutɔ be Yehowa do ŋugbe be ‘yeava fɔ ame siwo ku la ɖe tsitre’!—Dɔw. 24:15.

HADZIDZI 141 Agbe Nye Nukunu

^ mm. 5 Yehowa nye Fofo lɔ̃ame. Nunya geɖe le esi, eye egbɔa dzi ɖi hã. Míetea ŋu dea dzesi eƒe nɔnɔme nyui siawo le ale si wòwɔ nuwo katã la me. Nenema kee míedea dzesi nɔnɔme nyui mawo le tame si wòɖo be yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre hã me. Le nyati sia me la, míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo le mía si ku ɖe tsitretsitsia ŋu la dometɔ aɖewo. Azɔ hã, ana míakpɔ nu si tsitretsitsia fia mí tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃, eƒe nunya kple eƒe dzigbɔɖi ŋu. Eye míakpɔ ale si Yehowa ƒe nɔnɔme nyui mawo ɖea vi na mí fifia gɔ̃ hã.

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO KPLE FOTOA ME: Wofɔ ŋutsu aɖe si nye Amerika vidzidzi, si ku ƒe alafa geɖe va yi la ɖe tsitre le Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣia me. Nɔviŋutsu aɖe si tsi agbe le Armagedon me la kpɔ dzidzɔ be yele nu siwo wòle be ŋutsu sia si wofɔ ɖe tsitre la nawɔ be Kristo ƒe tafevɔsaa naɖe vi nɛ la fiamee.

^ mm. 61 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe le nu me ɖem na eƒe dɔmemegãa be yemate ŋu awɔ dɔ le kpakpã vɔ megbe le ŋkeke aɖewo dzi le kwasiɖaa me o. Eɖe nu me nɛ be, le ŋkeke mawo dzi la, yezãa yeƒe fiẽsiwo tsɔ wɔa dɔ siwo do ƒome kple Yehowa subɔsubɔ. Ke hã, ne eva hiã kpata be yeakpɔ dɔ aɖewo gbɔ le ŋkeke bubuwo dzi la, yealɔ̃ faa be yeawɔ dɔ le kpakpã vɔ megbe.