Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 35

De Bubu Akpa Si Wɔm Ame Sia Ame Le Le Yehowa Ƒe Hamea Me La Ŋu

De Bubu Akpa Si Wɔm Ame Sia Ame Le Le Yehowa Ƒe Hamea Me La Ŋu

“Ŋku mate ŋu agblɔ na asi be, ‘Nyemehiã wò o’; eye ta hã mate ŋu agblɔ na afɔwo be, ‘Nyemehiã mi o.’”​—1 KOR. 12:21.

HADZIDZI 124 Míawɔ Nuteƒe Ðaa

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae Yehowa na esubɔla wɔnuteƒewo dometɔ ɖe sia ɖe?

YEHOWA na wɔƒe esubɔla wɔnuteƒewo dometɔ ɖe sia ɖe le eƒe hamea me lɔlɔ̃tɔe. Togbɔ be akpa si mía dometɔ ɖe sia ɖe wɔna la to vovo na nɔvia tɔ hã la, mía dometɔ ɖe sia ɖe le vevie, eye míehiã na mía nɔewo. Apostolo Paulo kpe ɖe mía ŋu míese nya vevi sia gɔme nyuie. Le mɔ ka nu?

2. Le Efesotɔwo 4:16 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be míade asixɔxɔ mía nɔewo ŋu ahawɔ dɔ kple mía nɔewo aduadu?

2 Abe ale si wòdze le mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃ sia ɖo me ene la, Paulo te gbe ɖe edzi be Yehowa subɔla aɖeke mate ŋu agblɔ na nɔvia be “Nyemehiã wò o.” (1 Kor. 12:21) Ne míedi be ŋutifafa nanɔ hamea me la, ele be míade asixɔxɔ mía nɔewo ŋu, eye míawɔ dɔ kple mía nɔewo ɖekae. (Xlẽ Efesotɔwo 4:16.) Ne míewɔa dɔ kple mía nɔviwo asi-le-asi-me le ɖekawɔwɔ me la, hamea lia ke, eye ame sia ame sena le eɖokui me be wolɔ̃ ye.

3. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Mɔ siwo dzi míate ŋu ato ade bubu mía nɔviwo ŋu le Kristo hamea me la dometɔ aɖewo ɖe? Le nyati sia me la, míadzro ale si hamemetsitsiwo ate ŋu ade bubu wo nɔvi hamemetsitsi bubuawo ŋu la me. Eyome, míadzro ale si mí katã míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu siwo meɖe srɔ̃ o ŋu hã me. Eye mlɔeba la, míasrɔ̃ ale si míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ mía nɔvi siwo le mía degbea srɔ̃m eye womekpɔ ɖu tu nɛ tututu o la ŋu.

DE BUBU NƆVIWÒ HAMEMETSITSI BUBUAWO ŊU

4. Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo kae dze le Romatɔwo 12:10 si dzi wòle be hamemetsitsiwo nawɔ ɖo?

4 Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye ɖo hamemetsitsiwo katã le hamea me. Ke hã, Yehowa na nunana kple ŋutete vovovo wo dometɔ ɖe sia ɖe. (1 Kor. 12:17, 18) Ðewohĩ, nyitsɔ laa koe nɔviŋutsu aɖewo va zu hamemetsitsiwo eye nuteƒekpɔkpɔ mesu wo si abe hamemetsitsi bubuawo ene o. Ðewohĩ, le tsitsi kple lãmesẽkuxiwo ta la, wo dometɔ aɖewo megatea ŋu wɔa geɖe o. Togbɔ be anɔ alea hã la, mele be hamemetsitsi aɖeke nagblɔ tso nɔvia hamemetsitsi bubu aɖe ŋu be ‘Yemehiãe o.’ Ke boŋ, ele be hamemetsitsi ɖe sia ɖe nawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le Romatɔwo 12:10 la dzi.—Xlẽe.

Hamemetsitsiwo ɖenɛ fiana be yewodea bubu yewo nɔvi hamemetsitsiwo ŋu ne woɖoa to nyuie sea woƒe nyawo esime wole nu ƒom (Kpɔ memama 5-6 lia)

5. Aleke hamemetsitsiwo ɖenɛ fiana be yewodea bubu yewo nɔvi hamemetsitsiwo ŋu, eye nu ka tae wòle vevie be woawɔe nenema?

5 Hamemetsitsiwo ɖenɛ fiana be yewodea bubu yewo nɔvi hamemetsitsiwo ŋu ne woɖoa to sea woƒe nyawo nyuie esime wole nu ƒom. Esia le vevie, vevietɔ ne hamemetsitsiwo ƒe haa va ƒo ƒu hele nya vevi aɖewo me dzrom. Nu ka tae? De dzesi nya si October 1, 1988, ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ. Egblɔ be: “Hamemetsitsiwo alɔ̃ ɖe edzi be Kristo ate ŋu ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi aʋã hamemetsitsi ɖe sia ɖe be wòahe hamemetsitsi susɔeawo ƒe susu ayi Biblia ƒe mɔfiafia si akpe ɖe wo ŋu be woawɔ nyametsotso vevi aɖe alo akpɔ kuxi vevi aɖe gbɔ la dzi. (Dɔw. 15:6-15) Gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe hamemetsitsi siwo le hamea me la katã ŋu, ke menye wo dometɔ ɖeka ŋu koe wòkpena ɖo o.”

6. Nu kae kpena ɖe hamemetsitsiwo ŋu wowɔa dɔ aduadu le ɖekawɔwɔ me, eye aleke esia ɖea vi na hamea?

6 Hamemetsitsi si dea bubu nɔvia hamemetsitsiwo ŋu la medzea agbagba ɣesiaɣi be yee aƒo nu gbã le hamemetsitsiwo ƒe kpekpewo me o. Eya ɖeka mexɔa nyawo katã gblɔna o, eye mesusuna be ye ɖeka ƒe susu koe nye nyuitɔ ɣesiaɣi o. Ke boŋ, egblɔa eƒe susuwo le ɖokuibɔbɔ me. Eɖoa to nyuie ne hamemetsitsi bubuwo le woƒe susuwo gblɔm. Esi gale vevie wu ye nye be, elɔ̃na faa gblɔa Biblia me mɔfiame siwo wònya la na nɔvia hamemetsitsiwo, eye nenema kee wòlɔ̃na faa wɔna ɖe “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe mɔfiamewo dzi. (Mat. 24:45-47) Ne hamemetsitsiwo ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo eye wodea bubu wo nɔewo ŋu le woƒe kpekpewo me la, Mawu ƒe gbɔgbɔa anɔ anyi kpli wo, eye afia mɔ wo be woawɔ nyametsotso nyui siwo ado ŋusẽ hamea.—Yak. 3:17, 18.

DE BUBU NƆVI KRISTOTƆ SIWO MEÐE SRƆ̃ O LA ŊU

7. Aleke Yesu bu ame siwo meɖe srɔ̃ o?

7 Le Yehowa ƒe hamea me la, atsu kple asiwo kple ƒomewo li. Nenema kee nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo nye trewo hã li. Aleke wòle be míabu mía nɔvi siwo meɖe srɔ̃ o? Ele be míasrɔ̃ ale si Yesu bu woe. Esime Yesu va wɔ dɔ si Mawu de esi le anyigba dzi la, meɖe srɔ̃ o. Eyi edzi nye tre, eye etsɔ eƒe dzi katã ku ɖe dɔ si Mawu de esi la ŋu. Ezã eƒe ɣeyiɣi katã ɖe dɔ sia ŋu. Yesu mefia nu gbeɖe be ehiã godoo be Kristotɔ naɖe srɔ̃ alo anɔ tre kokoko o. Ke hã, egblɔ be Kristotɔ aɖewo atiae be yewomaɖe srɔ̃ o. (Mat. 19:11, 12) Yesu de bubu ame siwo meɖe srɔ̃ o la ŋu. Mesusu be ame siwo meɖe srɔ̃ o la mele bo aɖeke nu o, eye mesusu be nane le wo ŋu tom le agbe me le esi womeɖe srɔ̃ o ta o.

8. Le 1 Korintotɔwo 7:7-9 ƒe nya nu la, nu ka ŋue Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woabu?

8 Apostolo Paulo wɔ subɔsubɔdɔ geɖe na Yehowa, ke hã, abe Yesu ene la, eya hã meɖe srɔ̃ o. Paulo mebui kpɔ be nu gbegblẽe wònye be Kristotɔ naɖe srɔ̃ o. Ede dzesii be srɔ̃ɖeɖe nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ke hã, Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woabu eŋu kpɔ nenye be woate ŋu ayi edzi asubɔ Yehowa srɔ̃maɖemaɖee hã. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:7-9.) Vavãe, Paulo mebu Kristotɔ siwo nye trewo la be womele bo aɖeke nu o. Le nyateƒe me la, etia ɖekakpui Timoteo, si nye tre la be wòakpɔ dɔ siwo le vevie la gbɔ le Yehowa subɔsubɔ me. * (Flp. 2:19-22) Ekema, edze ƒãa be enye nu gbegblẽ be woasusui be nɔviŋutsu aɖe dze axɔ agbanɔamedziwo le hamea me alo medze o, le esi wòɖe srɔ̃ ko ta; nenema kee enye nu gbegblẽ be woasusui be nɔviŋutsu aɖe dze axɔ agbanɔamedziwo le hamea me alo medze o, le esi wònye tre ko ta.—1 Kor. 7:32-35, 38.

9. Nya kae míate ŋu agblɔ tso srɔ̃ɖeɖe kple trenɔnɔ ŋu?

9 Yesu mefia nu be ele be Kristotɔ naɖe srɔ̃ alo ele be Kristotɔ nanɔ tre o, eye Paulo hã mefia nu nenema o. Ke nya kae míate ŋu agblɔ tso srɔ̃ɖeɖe kple trenɔnɔ ŋu? October 1, 2012, ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔe nyuie ale, esi wògblɔ be: ‘Le nyateƒe me la, míate ŋu agblɔ tso srɔ̃ɖeɖe kple trenɔnɔ siaa ŋu be wonye nunana tso Mawu gbɔ. . . . Yehowa mebua trenɔnɔ be enye ŋukpe alo nu si ta woaxa nu ɖo o.’ Eya ta, ehiã be míade bubu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tre siwo le hamea me la ŋu.

Ne míedea bubu mía nɔvi siwo nye trewo ƒe seselelãmewo ŋu la, nu kae wòle be míaƒo asa na? (Kpɔ memama 10 lia)

10. Ne míedea bubu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu trewo ŋu la, nu kae míaƒo asa na?

10 Aleke míate aɖee afia be míedea bubu mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu trewo ƒe seselelãmewo kple ale si nɔnɔmeawo le na wo la ŋu? Ele be wòanɔ susu me na mí be, Kristotɔ tre aɖewo ɖoe woƒe taɖodzinu be yewoanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee. Kristotɔ tre aɖewo hã di be yewoaɖe srɔ̃, gake ɖeko womekpɔ ame si sɔ na wo la haɖe o. Eye nɔvi aɖewo hã va zu trewo, le esi wo srɔ̃ ku ta. Aleke kee wòɖale o, ɖe wòle be ame siwo le hamea me la nabia Kristotɔ siwo nye trewo la be nu ka tae womekpɔ ɖe srɔ̃ o mahã? Alo ɖe wòsɔ be woabia tso wo si be ɖe yewoadi srɔ̃ na wo woaɖe mahã? Le nyateƒe me la, Kristotɔ tre aɖewo ate ŋu abia be woakpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ srɔ̃ aɖe. Gake ne nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu treawo ŋutɔwo meva bia be woakpe ɖe yewo ŋu o la, aleke woase le wo ɖokuiwo me ne míeva bia wo be míakpe ɖe wo ŋu woakpɔ srɔ̃ aɖe? (1 Tes. 4:11; 1 Tim. 5:13) Na míadzro nya siwo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tre wɔnuteƒe aɖewo gblɔ la me.

11-12. Aleke míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ate ŋu aɖe dzi le mía nɔvi siwo nye trewo la ƒo?

11 Nɔviŋutsu tre aɖe si nye nutome sue dzikpɔla, si doa vevie nu ŋutɔ le eƒe dɔdeasia me la, se le eɖokui me be viɖe geɖe le trenɔnɔ me. Ke hã, egblɔ be, eɖea dzi le ye ƒo ne nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo si susu nyuiwo le la bia ye be: “Nu ka tae mèɖe srɔ̃ o?” Nɔviŋutsu tre aɖe si le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒe aɖe la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒe nuwɔnawo nana mesena le ɖokuinye me be trewo ƒe nu wɔ nublanui. Esia ate ŋu ana wòadze abe menye nunanae trenɔnɔ nye o ene.”

12 Nɔvinyɔnu tre aɖe si le subɔsubɔm le Betel la gblɔ be: “Gbeƒãɖela aɖewo susuna be nɔvi trewo katã le srɔ̃ dim be yewoaɖe, alo trewo katã bua hadomewɔna ɖe sia ɖe be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoake ɖe ame si yewoava ɖe la ŋu le afi ma. Gbe ɖeka la, mezɔ mɔ yi dukɔa ƒe teƒe bubu yina Beteldɔ aɖe wɔ ge, eye meva ɖo le fiẽ si me wodea kpekpe la me. Nɔvinyɔnu si gbɔ medze la gblɔ nam be nɔviŋutsu eve aɖewo le hamea me siwo nye hanyetiwo. Eka ɖe edzi nam be menye ɖe yele agbagba dzem be yeadi srɔ̃ nam maɖe o. Gake esi míenya ɖo Fiaɖuƒe Akpataa me ko la, ehem yi afi si nɔviŋutsu eveawo le be mado go wo. Wò ŋutɔ kpɔe ɖa; nɔnɔmea ɖe fu na nye kple nɔviŋutsu eveawo ale gbegbe.”

13. Kpɔɖeŋu nyui kawoe de dzi ƒo na nɔvinyɔnu tre aɖe?

13 Nɔvinyɔnu tre bubu aɖe si le subɔsubɔm le Betel la gblɔ be: “Menya nɔvi tsitsi geɖe siwo nye mɔɖela siwo da sɔ nyuie le woƒe subɔsubɔdɔa me. Wotsɔ susu ɖo woƒe subɔsubɔdɔa ŋu, wolɔ̃na faa kpena ɖe ame bubuwo ŋu, eye wole dzidzɔ kpɔm. Yayra gã aɖee wonye na hamea. Susu si da sɔ la le wo si ku ɖe woƒe trenɔnɔ ŋu. Womesena le wo ɖokuiwo me be yewonyo wu ame bubuwo le esi yewonye trewo ta o. Eye nenema kee womesena le wo ɖokuiwo me hã be nane le yewo ŋu tom le agbea me le esi srɔ̃ mele yewo si, alo vi mele yewo si o, ta o.” Esia tae wònyo ŋutɔ be míanɔ hame aɖe si me ame sia ame dea bubu kple asixɔxɔ nɔvia ŋu le la me. Ne èle hame sia tɔgbi me la, ènyae be wò nu mewɔa nublanui na nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnuawo o, eye womeʋãa ŋu wò le esi nènye tre ta o, wodea asixɔxɔ ŋuwò, eye womesusuna be ènyo wu yewo le esi nènye tre ta o. Èka ɖe edzi be wolɔ̃ ye.

14. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea bubu mía nɔvi Kristotɔ siwo nye trewo la ŋu?

14 Adzɔ dzi na mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu trewo be míedea asixɔxɔ wo ŋu le nɔnɔme nyui siwo le wo si ta. Nenema kee adzɔ dzi na wo be míagabu yewo be yewoƒe nu wɔ nublanui le esi yewonye trewo ta o. Le esi míabu wo be woƒe nu wɔ nublanui teƒe la, anyo boŋ be míade asixɔxɔ wo ŋu le esi wole nuteƒe wɔm na Yehowa ta. Esia awɔe be, mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu siwo nye trewo la mase le wo ɖokuiwo me gbeɖe abe ɖe míele gbɔgblɔm na wo be, ‘Mímehiã mi o,’ ene o. (1 Kor. 12:21) Ke boŋ, woakpɔe be míedea bubu yewo ŋu, eye míedea asixɔxɔ akpa vevi si yewowɔna le hamea me la ŋu.

DE BUBU NƆVI SIWO METEA ŊU DOA MIA DEGBEA NYUIE O LA ŊU

15. Tɔtrɔ kawoe nɔvi aɖewo wɔ ale be yewoate ŋu akeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu?

15 Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, gbeƒãɖela geɖewo ɖoe woƒe taɖodzinu be yewoasrɔ̃ gbe bubu aɖe ale be yewoate ŋu akeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Esia bia be woawɔ tɔtrɔ geɖewo. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo ʋu le hame si me wodoa wo degbe le la me, ale be yewoayi aɖasubɔ le hame si me wodoa gbe bubu le, afi si wohiã Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu le, la me. (Dɔw. 16:9) Esia nye nyametsotso aɖe si Kristotɔ siawo ŋutɔwo wɔ ale be yewoate ŋu asubɔ Yehowa bliboe. Togbɔ be ate ŋu axɔ ƒe geɖe hafi woava ɖu tu na gbe si srɔ̃m wole hã la, wokpena ɖe hamea ŋu le mɔ geɖe nu. Woƒe nɔnɔme nyuiwo kple nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si la doa ŋusẽ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me. Míedea asixɔxɔ mía nɔvi siawo siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la ŋu ale gbegbe!

16. Nu kae aɖee afia be nɔviŋutsu aɖe dze anye hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla?

16 Mele be hamemetsitsiwo natso nya me be nɔviŋutsu aɖe mate ŋu anye hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla o, le esi mese wo degbea nyuie o ko ta o. Ŋɔŋlɔawo me nudidiwoe hamemetsitsiwo atsɔ alé ŋku ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu ahakpɔe ɖa be edze anye hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla mahã, ke menye ale si gbegbe wòse gbe si wodona le hamea me la ye o.—1 Tim. 3:1-10, 12, 13; Tito 1:5-9.

17. Biabia kawoe dzea ŋgɔ ƒome aɖewo ne woʋu yi dukɔ bubu me?

17 Kristotɔ ƒe ƒome aɖewo ʋu yi dukɔ bubuwo me abe sitsoƒedilawo ene alo le dɔwɔɖui ta. Ne edzɔ alea la, ahiã be wo viwo nade suku le dukɔ si me wole la me, eye gbe si koŋ wodona le dukɔ ma me ye ɖeviawo sena. Eye ahiã be dzilawo hã nasrɔ̃ gbe si koŋ wodona le dukɔ ma me, ale be woakpɔ dɔ awɔ. Ke ne hame alo ƒuƒoƒo aɖe si me wodoa wo degbe le la le nutoa me ɖe? Hame ka mee wòle be ƒomea nanɔ? Ðe wòle be woanɔ hame si me wodoa wo degbea le me loo alo ɖe wòle be woanɔ hame si me wodoa gbe si koŋ wodona le dukɔa me la mea?

18. Le ɖekawɔwɔ me kple nya siwo dze le Galatiatɔwo 6:5 la, aleke míate ŋu aɖee afia be míede bubu nyametsotso si ƒomea ƒe ta wɔ ŋu?

18 Ele be ƒomea ƒe ta natso nya me le hame si me ƒomea anɔ la ŋu. Esi wònye be ame ŋutɔe atso nya me le nya sia ŋu ta la, ele be wòabu nu si aɖe vi na eƒe ƒomea wu la ŋu. (Xlẽ Galatiatɔwo 6:5.) Ehiã be míade bubu nyametsotso si ƒomea ƒe ta wɔ la ŋu. Nyametsotso ka kee ƒomea ƒe ta ɖawɔ o, mina míade bubu eƒe nyametsotsoa ŋu, eye míaxɔ ƒomea atuu ahade asixɔxɔ akpa vevi si wowɔna le hamea me la ŋu.—Rom. 15:7.

19. Ele be ƒome ƒe tawo nabu nanewo ŋu nyuie ahado gbe ɖa le wo ŋu hafi atso nya me. Nu kawoe?

19 Le go aɖewo me la, ƒome aɖewo ate ŋu aɖanɔ subɔsubɔm le hame aɖe si me wodoa ɖeviawo dzilawo degbe le la me, evɔ ɖewohĩ ɖeviawo ya mese gbe ma nyuie o. Tsɔe be hame si me ƒomea le la le nuto aɖe si me wodoa gbe si koŋ wodona le dukɔa me la me. Esi wònye be ɖeviawo mese wo dzilawo degbe nyuie o ta la, ate ŋu asesẽ na wo be woase nu siwo yia edzi le kpekpeawo me la gɔme ahatsi le xɔse me. Nu ka tae? Nu si tae nye be, anɔ eme be gbe si koŋ wodona le dukɔ ma me lae wozãna tsɔ fiaa nu le suku si ɖeviawo dena, ke menye wo dzilawo degbe ye o. Nɔnɔme siawo ŋue wòle be ƒome ƒe tawo nado gbe ɖa ahade ŋugble le be woanya nu si wòhiã be woawɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woate ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu kplikplikpli. Ðewohĩ, ahiã be woakpe ɖe ɖeviawo ŋu be woase wo degbea nyuie loo alo ahiã be woaʋu ayi hame aɖe si me wodoa gbe si ɖeviawo se nyuie le la me. Nyametsotso ka kee ƒomea ƒe taa ɖawɔ o, ele be nɔvi siwo le hame si me wotia be yewoanɔ me la nade bubu eya kple eƒe ƒomea ŋu, eye woana woase le wo ɖokuiwo me be yewole vevie.

Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ mía nɔvi siwo le gbe bubu srɔ̃m la ŋu? (Kpɔ memama 20 lia)

20. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea bubu mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu siwo le gbe bubu aɖe srɔ̃m la ŋu?

20 Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo le nɔnɔme vovovo siwo ŋu míeƒo nu tsoe la me le hame geɖe me, siwo le agbagba dzem be yewoase gbe si srɔ̃m yewole la nyuie. Ate ŋu asesẽ na wo be woaɖe woƒe susuwo agblɔ. Ke hã, ne míedze agbagba be míagatsɔ míaƒe susu aɖo ale si wodoa gbeae ŋu o la, ekema míate ŋu ade dzesi lɔlɔ̃ si gbegbe le wo si na Yehowa kple didi vevi si le wo me be yewoasubɔe. Ne míeva de dzesi lɔlɔ̃ si gbegbe le nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo si na Yehowa kple didi vevi si le wo me be yewoasubɔe la, esia awɔe be míade bubu wo ŋu ahade asixɔxɔ wo ŋu. Eye míaɖɔ ŋu ɖo be míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo mana woase le wo ɖokuiwo me abe ɖe míele gbɔgblɔm na wo be, ‘Míehiã mi o’ ene, le esi womete ŋu doa mía degbea nyuie o ko ta o.

MÍ KATÃ MÍELE VEVIE NA YEHOWA

21-22. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae su mía si?

21 Yehowa na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe mí be mía dometɔ ɖe sia ɖe le akpa vevi aɖe wɔm le eƒe hamea me. Míeɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, trewo alo srɔ̃tɔwo o, ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, alo míeɖaɖu tu na gbe aɖe loo alo fifiae míele gbe aɖe srɔ̃m o, mí katã míele vevie na Yehowa eye míedea asixɔxɔ mía nɔewo ŋu.—Rom. 12:4, 5; Kol. 3:10, 11.

22 Míesrɔ̃ nu geɖe tso Paulo ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe ametia ƒe ŋutinuwo ŋu la me. Mina míayi edzi awɔ ɖe nu nyui siwo míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu ma me la dzi. Ne míelé nufiame vevi mawo me ɖe asi la, míayi edzi adi mɔ vovovo siwo dzi míato ade asixɔxɔ akpa si wɔm míele kple akpa si wɔm mía nɔviwo le le Yehowa ƒe hamea me la ŋu.

HADZIDZI 90 Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo

^ mm. 5 Ame siwo le Yehowa ƒe hamea me la tso dukɔ vovovowo me eye woƒe dekɔnuwo hã to vovo na wo nɔewo tɔ. Nenema kee akpa siwo wowɔna le hamea me la hã le vovovo. Le nyati sia me la, míakpɔ nu si tae wòle vevie be míade bubu ame sia ame si le Yehowa ƒe hamea me la ŋu.

^ mm. 8 Mímate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be Timoteo meɖe srɔ̃ gbeɖe o.