Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 32

Zɔ Kple Wò Mawu Le Ðokuibɔbɔ Me

Zɔ Kple Wò Mawu Le Ðokuibɔbɔ Me

‘Bɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi nàzɔ kple wò Mawu!’​—MIKA 6:8.

HADZIDZI 31 Oo, Zɔ Kple Mawu!

NYA VEVIAWO *

1. Nya kae David gblɔ tso Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ ŋu?

ÐE MÍATE ŊU agblɔe ŋutɔŋutɔ be Yehowa bɔbɔa eɖokuia? Ɛ̃, míate ŋui. David gblɔ gbe ɖeka be: “Ètsɔ wò xɔxɔ ƒe akpoxɔnu nam, eye wò ɖokuibɔbɔe doa gãm.” (2 Sam. 22:36; Ps. 18:35) Esime David nye ɖevi la, nyagblɔɖila Samuel va wo ƒe me be yeasi ami na ame si ava zu Israel-fia yeye la. Ðewohĩ, nudzɔdzɔ sia ye nɔ susu me na David esime wòŋlɔ nya mawo. David ye nye ɖevitɔ le efoa enyiawo dome; ke hã, eyae Yehowa tia be wòava nye fia ɖe Fia Saul teƒe.—1 Sam. 16:1, 10-13.

2. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 David alɔ̃ ɖe nya siwo hakpala aɖe gblɔ tso Yehowa ŋu la dzi godoo. Hakpalaa gblɔ be: “Ebɔbɔ be yeakpɔ dziƒo kple anyigba, efɔa ame tsɛ ɖe tsitre tso ʋuʋudedi me. Ekɔa ame dahe ɖe dzi tso dzofi me ne wòana wòabɔbɔ nɔ bubumewo dome.” (Ps. 113:6-8) Le nyati sia me la, gbãa, míadzro nudzɔdzɔ aɖewo siwo me Yehowa ɖe ɖokuibɔbɔ fia le la me. Esia akpe ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nɔnɔme nyui sia ŋu. Eyome, míadzro nu si míate ŋu asrɔ̃ tso ɖokuibɔbɔ ŋu tso Fia Saul, nyagblɔɖila Daniel, kple Yesu gbɔ la me.

NU SIWO MÍATE ŊU ASRƆ̃ TSO YEHOWA ƑE KPƆÐEŊUA ME

3. Aleke Yehowa wɔa nu ɖe mía ŋu, eye nu ka dzi esia ɖo kpee?

3 Ale si Yehowa wɔa nu kple esubɔla amegbetɔ madeblibowo la ɖee fia be ebɔbɔa eɖokui. Menye ɖeko wòkpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe subɔsubɔdɔwo ŋu ko evɔ o, ke ebua mí hã be míenye ye xɔlɔ̃wo. (Ps. 25:14) Yehowa ŋutɔ tso le eɖokui si tsɔ Via sa vɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta ale be ƒomedodo nyui nate ŋu anɔ mía kpli ye dome. Nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve ka gbegbee nye esi wòɖe fia mí!

4. Nu kae Yehowa na mí, eye nu ka tae?

4 Bu nu bubu aɖe si Yehowa wɔ na mí, si ɖee fia be ebɔbɔa eɖokui la ŋu kpɔ. Esi wònye Yehowae nye Wɔla ta la, ate ŋu awɔ mí eye mana ŋutetea mí be míawo ŋutɔwo míatia ale si míanɔ agbeae o hafi. Gake mewɔ mí nenema o. Ke boŋ, ewɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu, eye wòna ablɔɖe mí be míawo ŋutɔwo míatso nya me le ale si míanɔ agbeae ŋu. Togbɔ be ne wotsɔ mí sɔ kple Yehowa la, míeɖi naneke le eŋkume o hã la, tiatia siwo míewɔna la le vevie nɛ ŋutɔ. Edi be míawo ŋutɔwo míatiae be míasubɔ ye le esi míelɔ̃ ye eye míede dzesii be toɖoɖo eyama ɖea vi na mí ta. (5 Mose 10:12; Yes. 48:17, 18) Dzi dzɔa mí ŋutɔ be Yehowa bɔbɔa eɖokui alea gbegbe!

Yesue nye ema le dziƒo. Eƒe hatidziɖula aɖewo le eŋu. Wole mawudɔlawo ƒe ha gã aɖe kpɔm. Mawudɔlaawo dometɔ aɖewo le dzodzom ɖo ta anyigbaa gbɔ be yewoawɔ dɔ siwo wode asi na yewo. Yehowa na ŋusẽ aɖe sinu ame siwo katã le dzedzem le nɔnɔmetata sia me (Kpɔ memama 5 lia)

5. Aleke Yehowa fiaa ɖokuibɔbɔ mí? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

5 Ale si Yehowa wɔa nu ɖe mía ŋu la nye mɔ aɖe si dzi wòtona fiaa ɖokuibɔbɔ mí. Yehowae nye Ame si si nunya le wu le xexe bliboa katã me. Togbɔ be ele alea hã la, elɔ̃na faa xɔa ame bubuwo ƒe susuwo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ɖe mɔ Via kpe asi ɖe eŋu le nuwo katã wɔwɔ me. (Lod. 8:27-30; Kol. 1:15, 16) Eye togbɔ be Yehowae nye ŋusẽkatãtɔ la hã la, enaa mɔnukpɔkpɔ ame bubuwo hã be woakpɔ dɔ aɖewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ɖo Yesu wònye Fiaɖuƒea ƒe Fia, eye Yehowa ana ŋusẽ aɖe sinu ame 144,000 siwo nye Yesu ƒe hatidziɖulawo hã. (Luka 12:32) Ele eme be, Yehowa na hehe Yesu be wòanye Fia kple Nunɔlagã eye wòna hehe Yesu ƒe hatidziɖulawo hã ya. Gake esi wònya de dɔ asi na wo ko la, eka ɖe edzi be woawɔ dɔa, eye mekea ŋku ɖe nu sia nu si wowɔna me tsitotsito o.—Heb. 5:8, 9; Nyaɖ. 5:10.

Ne míenaa hehe ame bubuwo hedea dɔwo asi na wo la, ekema, míele Yehowa srɔ̃m (Kpɔ memama 6-7 lia) *

6-7. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si mía Fofo si le dziƒo la na ŋusẽ aɖe sinu ame bubuwo la me?

6 Ne mía Fofo si le dziƒo, si mehiã ame aɖeke ƒe kpekpeɖeŋu o ya na ŋusẽ aɖe sinu ame bubuwo la, ɖe mele be míawo ya míawɔe nenema geɖe wu oa? Le kpɔɖeŋu me, ƒome ƒe tae nènyea, alo hamemetsitsie nènyea? Srɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua nàde dɔwo asi na ame bubuwo, eye dze agbagba ɖe sia ɖe be nàgake ŋku ɖe nu sia nu si wowɔna la me tsitotsito o. Ne èwɔe alea la, menye ɖeko dɔa azɔ nyuie ko evɔ o, ke àna hehe ame bubuwo hã eye woaka ɖe wo ɖokuiwo dzi. (Yes. 41:10) Nu bubu kae ame siwo si ŋusẽ aɖe sinu le la ate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa gbɔ?

7 Biblia ɖee fia be Yehowa dina be yeanya ye vi mawudɔlawo ƒe susu le nanewo ŋu. (1 Fia. 22:19-22) Dzilawo, aleke miate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋuae? Ɣesiaɣi si wòasɔ la, mibia mia viwo ƒe susu le ale si wòle be woawɔ dɔ aɖee la ŋu. Eye ne woƒe susua nyo la, miwɔ ɖe edzi.

8. Aleke Yehowa wɔ nu ɖe Abraham kple Sara ŋu dzigbɔɖitɔe?

8 Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ ɖea dzesi le ale si wògbɔa dzi ɖi na esubɔlawo hã me. Yehowa gbɔa dzi ɖi na esubɔla siwo dina be yewoanya susu si tae wòtso nya me be yeawɔ nanewo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa tso nya me be yeatsrɔ̃ Sodom kple Gomora eye Abraham tsi dzimaɖi henɔ nyawo biamee tso eŋu la, Yehowa ɖo toe dzigbɔɖitɔe. (1 Mose 18:22-33) Azɔ hã, bu ale si Yehowa wɔ nu ɖe Abraham srɔ̃ Sara ŋu la ŋu kpɔ. Esi Yehowa do ŋugbe be Sara nyagãɖeɖi la afɔ fu eye Sara ko nu la, Yehowa medo dziku o. (1 Mose 18:10-14) Mehe nya ɖe Sara ŋu o, ke boŋ ese nu gɔme nɛ.

9. Nu kae dzilawo kple hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ƒe kpɔɖeŋua me?

9 Dzilawo, hamemetsitsiwo, nu kae miate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ƒe kpɔɖeŋua me? Aleke nèwɔa nui ne viwòwo alo ame siwo le hamea me la dometɔ aɖewo melɔ̃ ɖe wò susu aɖewo dzi o? Ðe nètea tɔ ɖe wò susuwo dzia? Alo ɖe nèdzea agbagba be yease woƒe susuwo gɔmea? Ne ame siwo si ŋusẽ aɖe sinu le la srɔ̃a Yehowa ƒe kpɔɖeŋua la, esia ɖea vi na ƒomewo kple hamewo godoo. Va se ɖe fifia, míesrɔ̃ nu vovovowo tso ɖokuibɔbɔ ŋu le kpɔɖeŋu siwo Yehowa ɖo ɖi na mí la me. Azɔ, míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso ɖokuibɔbɔ ŋu tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe kpɔɖeŋuwo me.

NU SI MÍATE ŊU ASRƆ̃ TSO MAWU SUBƆLA AÐEWO ƑE KPƆÐEŊUWO ME

10. Nu kae Yehowa wɔ be esubɔla aɖewo ƒe kpɔɖeŋuwo naɖe vi na mí?

10 Esi wònye be Yehowae nye míaƒe “Nufiala Gãtɔ” ta la, ena woŋlɔ esubɔla aɖewo ƒe kpɔɖeŋuwo ɖe Biblia me be yeatsɔ afia nu mí. (Yes. 30:20, 21) Míesrɔ̃a nu geɖe ne míede ŋugble tso Mawu subɔla siwo ɖe ɖokuibɔbɔ kple nɔnɔme nyui bubuwo fia la ƒe ŋutinyawo ŋu. Nenema kee míesrɔ̃a nu tso ame siwo meɖe nɔnɔme nyui mawo fia o la ƒe ŋutinyawo me.—Ps. 37:37; 1 Kor. 10:11.

11. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Saul ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa me?

11 Bu nu si dzɔ ɖe Fia Saul dzi la ŋu kpɔ. Le gɔmedzedzea me la, ebɔbɔa eɖokui. Esi wònye ɖekakpui la, enya afi si eƒe ŋutetewo se ɖo eye enɔ hehem ɖe megbe gɔ̃ hã esime wodi be woaɖoe fia. (1 Sam. 9:21; 10:20-22) Ke hã, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Saul megava bɔbɔa eɖokui o eye wòwɔ nu si mekpɔ mɔ be wòawɔ o gɔ̃ hã. Esi wònya zu fia teti ko ye wòdze nɔnɔme gbegblẽ ma ɖeɖe fia gɔme. Gbe ɖeka, esi wòva hiã be wòalala akpɔ nyagblɔɖila Samuel sinu la, mete ŋu yi edzi gbɔ dzi ɖi o. Ðe wòle be Saul naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be awɔ nane atsɔ akpɔ dukɔa ta hafi, gake Saul mewɔe nenema o, ke boŋ, etso le eɖokui si sa numevɔ na Yehowa, togbɔ be mekpɔ mɔ awɔ esia o gɔ̃ hã. Le esia ta la, Saul ƒe nu megadze Yehowa ŋu o, eye mlɔeba la, fianyenyea hã va do le esi. (1 Sam. 13:8-14) Míanye ame siwo dze nunya ne míesrɔ̃ nu tso nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu sia me eye míeƒo asa na nu siwo míekpɔ mɔ awɔ o la wɔwɔ.

12. Aleke Daniel ƒe nuwɔnawo ɖee fia be enye ɖokuibɔbɔla?

12 Bu kpɔɖeŋu nyui si nyagblɔɖila Daniel ya ɖo ɖi na mí la ŋu kpɔ. Daniel yi edzi bɔbɔ eɖokui le eƒe agbemeŋkekewo katã me, eye wòkpɔa Yehowa sinu ɣeawokatãɣi be wòafia mɔ ye. Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa zã Daniel wòɖe Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea gɔme nɛ la, Daniel medi be woakafu ye ɖe esia ta o, ke boŋ, etsɔ kafukafua katã na Yehowa. (Dan. 2:26-28) Nufiame kae le esia me na mí? Ne nɔviwo kpɔa dzidzɔ ɖe dɔdeasi siwo míewɔna le hamea me ŋu alo nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo sua mía si le gbeadzi la, ele be míaɖo ŋku edzi atsɔ kafukafua katã ana Yehowa. Ele be míalɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be, Yehowae kpe ɖe mía ŋu míete ŋu wɔ nu siawo. (Flp. 4:13) Ne míewɔnɛ alea la, ekema, míele Yesu ƒe kpɔɖeŋu nyuia hã srɔ̃m. Nu ka tae míegblɔe alea?

13. Nu kae míesrɔ̃ tso ɖokuibɔbɔ ŋu le Yesu ƒe nya siwo dze le Yohanes 5:19, 30 me?

13 Togbɔ be Yesu nye Mawu ƒe Vi eye wòde blibo hã la, mewɔa nu le eɖokui si o. (Xlẽ Yohanes 5:19, 30.) Yesu metee kpɔ gbeɖe be yeaʋli ɖoƒe kple ye Fofo si le dziƒo la o. Filipitɔwo 2:6 gblɔ be Yesu “mebui kpɔ be yeaʋli ɖoƒe be ye kple Mawu yewoasɔ o.” Esi Yesu nye Vi si bɔbɔa eɖokui ta la, enya afi si eƒe ŋutetewo se ɖo eye wòdea bubu Fofoa ƒe ŋusẽ ŋu.

Yesu nya afi si eƒe ŋutetewo se ɖo, eye mewɔa nu gbɔa nu si Mawu di tso esi la ŋu o (Kpɔ memama 14 lia)

14. Esi wobia tso Yesu si be wòawɔ nane si gbɔ eƒe ŋusẽ ŋu la, aleke wòwɔ nui?

14 Bu ale si Yesu wɔ nui esi nusrɔ̃la siwo nye Yakobo kple Yohanes kpakple wo nɔ te ɖe eŋu bia tso esi be wòawɔ nane si Yehowa ɖeka koe kpɔ mɔ awɔ la ŋu kpɔ. Yesu mehe ɖe megbe o, egblɔ na wo enumake be ye Fofo si le dziƒo la ɖeka koe ate ŋu atso nya me le ame si anɔ anyi ɖe yeƒe ɖusime alo miame le Fiaɖuƒea me la ŋu. (Mat. 20:20-23) Yesu ɖee fia be yenya afi si yeƒe ŋutetewo se ɖo. Ebɔbɔ eɖokui vavã! Mewɔ naneke si Yehowa mebia tso esi be wòawɔ o la gbeɖe o. (Yoh. 12:49) Aleke míate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui sia si Yesu ɖo ɖi na mí?

Aleke míate ŋu asrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí la? (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15-16. Aleke míate ŋu awɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le 1 Korintotɔwo 4:6 la dzi?

15 Míesrɔ̃a ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí la ne míewɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le 1 Korintotɔwo 4:6 la dzi. Afi ma gblɔ be: “Migagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu o.” Eya ta, ne ame aɖe bia tso mía si be míaɖo aɖaŋu na ye la, míadi gbeɖe be míazi míawo ŋutɔwo míaƒe susuwo ɖe amea dzi o; nenema ke masɔ gbeɖe be míaɖo aɖaŋu nɛ evɔ míebu nya bliboa ŋu nyuie o. Ke boŋ, nu si wòle be míawɔ ye nye be míakpe ɖe eŋu wòade dzesi aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me kple mɔfiame siwo le míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo me, siwo ate ŋu akpe ɖe eŋu. Ne míewɔnɛ alea la, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe edzi be míenya nu sia nu o. Esia ɖenɛ fiana hã be míebɔbɔa mía ɖokui, elabena míetoa esia me ɖenɛ fiana be Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowoe nye nyuitɔ ɣesiaɣi.—Nyaɖ. 15:3, 4.

16 Susu bubuwo li siwo tae wòle be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui. Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, aleke esia ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ eye mía kple amewo dome nanɔ nyuie? Biabia sia mee míadzro azɔ.

NE MÍEBƆBƆA MÍA ÐOKUI EYE MÍENYA AFI SI MÍAƑE ŊUTETEWO SE ÐO LA, ALEKE ESIA ÐEA VI NA MÍ?

17. Nu ka tae ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo eye wonya afi si woƒe ŋutetewo se ɖo la kpɔa dzidzɔ?

17 Ne míebɔbɔa mía ɖokui eye míenya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo la, esia ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ne míelɔ̃na ɖe edzi be nanewo li siwo míawo ŋutɔwo mímate ŋu awɔ o la, míakpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si ame bubuwo ana mí la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ esime Yesu da gbe le anyidɔléla ewo aɖewo ŋu la ŋu kpɔ. Wo dometɔ ɖeka koe trɔ va da akpe na Yesu le esi wòyɔ dɔe tso dɔléle vɔ̃ɖi ma si me la ta. Ŋutsu ɖokuibɔbɔla sia nyae be ye ŋutɔ yemate ŋu ada dɔ na ye ɖokui gbeɖe o. Le esia ta ekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu wɔ nɛ la ŋu eye wòkafu Mawu ɖe eta.—Luka 17:11-19.

18. Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, aleke esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be mía kple amewo dome nanɔ nyuie? (Romatɔwo 12:10)

18 Ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la kple amewo dome tea ŋu nɔna nyuie eye xɔlɔ̃ nyui geɖewo tea ŋu nɔa wo si. Nu ka tae? Nu si tae nye be, wolɔ̃na ɖe edzi be nɔnɔme nyuiwo le ame bubuwo si eye woɖenɛ fiana be yewoka ɖe wo dzi. Ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la kpɔa dzidzɔ ne ame bubuwo wɔ dɔ si wode asi na wo la nyuie; wokafua wo eye wodea bubu wo ŋu.—Xlẽ Romatɔwo 12:10.

19. Susu siwo tae wòle be míaƒo asa na dada la dometɔ aɖewoe nye kawo?

19 Esesẽna na ame siwo dana alo doa wo ɖokui ɖe dzi la be woakafu ame bubuwo, elabena wodina be amewo nakafu yewo boŋ. Zi geɖe la, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la tsɔa wo ɖokuiwo sɔna kple ame bubuwo eye wodzea agbagba be yewoana amewo nakpɔe be yewonyo wu ame bubuwo. Womedina be yewoana hehe ame bubuwo alo ade dɔ aɖewo asi na wo o, elabe wogblɔna be, “Ne èdi be nua nanyo ko la, ke ele be wò ŋutɔ nàwɔe.” Zi geɖe la, ame si doa eɖokui ɖe dzi la dina be amewo nakpɔe be yenyo wu ame bubuwo, eye ne ame aɖe dze agbagba wɔ dɔ aɖe wònyo wu etɔ la, eʋãa ŋui. (Gal. 5:26) Le susu siawo ta la, xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli megava nɔa wo kple amewo dome o. Ne míede dzesii be dada le mía me la, ele be míado gbe ɖa vevie na Yehowa tso dzi me be wòakpe ɖe mía ŋu ‘míawɔ míaƒe tamesusuwo yeyee,’ ale be nɔnɔme gbegblẽ sia nagaƒo ke ɖe to ɖe mía me o.—Rom. 12:2.

20. Nu ka tae wòle be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui?

20 Enye dzidzɔ na mí ŋutɔ be Yehowa ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí! Míede dzesi eƒe ɖokuibɔbɔ le ale si wòwɔ nu kple esubɔla aɖewo me, eye míedi be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míedi be míasrɔ̃ Yehowa subɔla siwo ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na mí la ƒe kpɔɖeŋu. Mina míayi edzi atsɔ bubu kple kafukafu si Yehowa dze na la anɔ enam ɣesiaɣi. (Nyaɖ. 4:11) Ne míewɔnɛ alea la, míenye Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, xɔlɔ̃wo ɖaa, elabe elɔ̃a ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo.

HADZIDZI 123 Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Ðe Teokrasiɖoɖowo Te

^ mm. 5 Ame si bɔbɔa eɖokui la kpɔa nublanui na ame eye wòsea veve ɖe ame nu. Eya ta, esɔ be míagblɔ be Yehowa bɔbɔa eɖokui. Le nyati sia me la, míakpɔ ale si míasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ tso Yehowa gbɔ. Azɔ hã, míasrɔ̃ nu geɖe tso ɖokuibɔbɔ ŋu le Fia Saul, nyagblɔɖila Daniel, kple Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo me.

^ mm. 58 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Hamemetsitsi aɖe le hehe nam nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe dzigbɔɖitɔe be wòakpɔ hamea ƒe anyigbamamawo dzi. Esia megbe la, hamemetsitsia meva kea ŋku ɖe nu sia nu si nɔviŋutsua wɔna la me o, ke boŋ, eɖe mɔ nɛ be eya ŋutɔ nawɔ dɔa.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe bia hamemetsitsi aɖe nenye be esɔ be yeade srɔ̃kpekpe aɖe si ayi edzi le sɔlemexɔ aɖe me hã. Hamemetsitsia megblɔ eya ŋutɔ ƒe susuwo nɛ o, ke koŋ, ele kpekpem ɖe eŋu be wòakpɔ Biblia me mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe eŋu.