Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 31

Ðe Nàlɔ̃ Faa Be Yealala Akpɔ Yehowa Sinua?

Ðe Nàlɔ̃ Faa Be Yealala Akpɔ Yehowa Sinua?

“Manɔ Mawu . . . sinu kpɔm.”—MIKA 7:7.

HADZIDZI 128 Do Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

ALEKE nàse le ɖokuiwò me ne èle mɔ kpɔm na nane si nèhiã vevie gake nua meva le ɣeyiɣi si nèle mɔ kpɔm nɛ dzi o? Ðewohĩ dzi aɖe le ƒowò. Lododowo 13:12 gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ si meva eme kaba o nana dzi sea veve.” Gake aleke nàse le ɖokuiwò me ne èva nya be susu nyui aɖewo tae nua meva kaba o? Ne èva nya esia, ɖewohĩ àlɔ̃ faa be yeagbɔ dzi ɖi alala.

2 Le nyati sia mea, míakpɔ Biblia ƒe mɔfiame vovovo siwo akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ ale si míagbɔ dzi ɖi ‘akpɔ Mawu sinu.’ (Mika 7:7) Eyome míadzro mɔ eve siwo nu míagbɔ dzi ɖi akpɔ Yehowa sinu be wòaɖɔ nuwo ɖo la me. Mlɔebaa, míaƒo nu tso yayra siwo míakpɔ ne míegbɔa dzi ɖi kpɔa Yehowa sinu la ŋu.

BIBLIA ƑE MƆFIAME SIWO KU ÐE DZIGBƆÐI ŊU

3. Nu kae Lododowo 13:11 fia mí?

3 Mɔfiame siwo ku ɖe dzigbɔɖi ŋu dometɔ ɖeka dze le Lododowo 13:11. Egblɔ be: “Kesinɔnu siwo wokpɔ kaba la nu mesẽna yina o, gake ame si ƒo nuwo nu ƒu ʋɛʋɛʋɛ la tɔ adzi ɖe edzi.” Ède dzesi mɔfiamea? Eyae nye be míagbɔ dzi ɖi awɔ nuwo vivivi.

4. Nu kae Lododowo 4:18 fia mí?

4 Lododowo 4:18 gblɔ na mí be “ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli si nɔa kɔkɔm ɖe edzi va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene.” Nya mawo ku ɖe ale si Yehowa ɖea eƒe tameɖoɖowo fiaa eƒe amewo vivivi la ŋu. Kpukpuia agate ŋu afia ale si Kristotɔ aɖe awɔ tɔtrɔwo ale be wòate ɖe Yehowa ŋu wu. Ke hã exɔa ɣeyiɣi hafi ame aɖe kple Yehowa dome va nɔna kplikplikpli. Ne míesrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa veviedodotɔe eye míewɔ ɖe mɔfiame siwo le eme, kple esiwo míexɔna tso Mawu ƒe habɔbɔa gbɔ dzia, vivivia, Kristo ƒe nɔnɔmewo ava su mía si, eye esia awɔe hã be míava nya Mawu ɖe edzi. Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ.

Ale si ko nuku tsina vivivia, nenema kee ne ame aɖe xɔ Fiaɖuƒegbedeasia, exɔa ɣeyiɣi hafi wòva tena ɖe Yehowa ŋu (Kpɔ memama 5 lia)

5. Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ tsɔ ɖe ale si nyateƒea ƒe nuku tsina vivivi la me?

5 Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe ku ɖe Fiaɖuƒegbedeasi si míeɖea gbeƒãe la ŋu; egblɔ be ele abe nuku sue aɖe si tsina vivivi le ame siwo si dzi nyui le la ƒe dzi me ene. Yesu gblɔ be: “Nukuawo miena hetsina—gake [nukuƒãlaa] menyana ale si tututu wòdzɔna ya o. Anyigba la ŋutɔ nana nuku wɔna le eɖokui si vivivi: gbã la, aŋgba dona, emegbe eƒoa se, eye mlɔeba etsea ku.” (Marko 4:27, 28) Yesu ƒe nyaa gɔme ɖe? Enɔ nu ƒom tso ale si nuku tsina vivivi la ŋu. Nenema kee ne ame aɖe va xɔ Fiaɖuƒegbedeasia, exɔa ɣeyiɣi hafi wòva tena ɖe Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne míaƒe Biblia nusrɔ̃vi dovevienuwo va le tetem ɖe Yehowa ŋua, míekpɔa tɔtrɔ nyui siwo wowɔ. (Ef. 4:22-24) Gake ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowae nana nyateƒea ƒe nuku sue ma tsina le woƒe dzi me.—1 Kor. 3:7.

6-7. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa wɔ anyigbaa me?

6 Yehowa gbɔa dzi ɖi le nu sia nu si wòwɔna la me. Ewɔnɛ alea be wòahe kafukafu avae na eƒe ŋkɔa eye wòaɖe vi na amewo. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yehowa gbɔ dzi ɖi wɔ anyigbaa vivivi na amegbetɔwo ŋu kpɔ.

7 Esi Biblia nɔ nu ƒom tso ale si Yehowa wɔ anyigbaa ŋua, egblɔ be eɖo “eƒe dzidzemewo,” eye wòɖi “eƒe anyinɔwo” kple “eƒe dzogoedzikpe.” (Hiob 38:5, 6) Esi wòwu dɔa nua, egbɔ dzi ɖi lé ŋku ɖe nu siwo wòwɔ la ŋu. (1 Mose 1:10, 12) Bu ale si gbegbe mawudɔlawo anya kpɔ dzidzɔe esi wokpɔ Yehowa wònɔ nuwo wɔm vivivi ŋu kpɔ! Biblia gblɔ tso wo ŋu be ‘wodo dzidzɔɣli.’ (Hiob 38:7) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Exɔ ƒe akpe geɖe hafi Yehowa wu eƒe nuwɔwɔwo nu. Gake esi wòlé ŋku ɖe nu siwo wògbɔ dzi ɖi wɔ ŋua, ekpɔ be “wonyo ŋutɔ.”—1 Mose 1:31.

8. Nu ka mee míadzro fifia?

8 Abe ale si míekpɔe le kpɔɖeŋu siwo va yi me enea, mɔfiame nyui geɖewo le Mawu ƒe Nyaa me siwo akpe ɖe mía ŋu míagbɔ dzi ɖi. Azɔ, na míadzro mɔ eve aɖewo siwo nu míate ŋu alala akpɔ Yehowa sinu la me.

NƆNƆME KAWO MEE WÒAHIÃ BE MÍALALA AKPƆ YEHOWA SINU?

9. Nu siwo me míalala akpɔ Yehowa sinu le la dometɔ aɖe ɖe?

9 Ele be míakpɔ Yehowa sinu ne míedo gbe ɖa nɛ. Ne míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔ alo gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzia, ɣeaɖewoɣia, míate ŋu ase le mía ɖokui me be mele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom kaba o. Nu ka tae Yehowa meɖoa míaƒe gbedodoɖawo katã ŋu enumake o?

10. Nu ka tae wòle be míagbɔ dzi ɖi be Yehowa naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu?

10 Yehowa gbɔa dzi ɖi ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo. (Ps. 65:2) Ne míedo gbe ɖa tso dzi mea, ekpɔnɛ be míexɔ ye dzi se. (Heb. 11:6) Azɔ hã, edzɔa dzi na Yehowa ne ekpɔ agbagba siwo dzem míele be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo eye míawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. (1 Yoh. 3:22) Eya ta, ne míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu nɔnɔme gbegblẽ alo gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzia, ele be míagbɔ dzi ɖi eye míanɔ tɔtrɔ siwo hiã la wɔm. Yesu di be míase egɔme be menye míaƒe gbedodoɖawo katã ŋue woaɖo enumake o. Ede dzi ƒo na mí be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi; elabena ame sia ame si le nu biam la, exɔnɛ; eye ame sia ame si le nu dim la, ekpɔnɛ; eye ame sia ame si le ʋɔ ƒom la, woaʋui nɛ.” (Mat. 7:7, 8) Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi eye míenɔa “gbedodoɖa dzi ɖaa” la, míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo la aɖo to míaƒe gbedodoɖawo eye wòaɖo wo ŋu.—Kol. 4:2.

Esi míelala le Yehowa sinu kpɔma, ele be míayi edzi aka ɖe edzi anɔ gbe dom ɖa nɛ (Kpɔ memama 11 lia) *

11. Aleke 1 Petro 5:6 na míekpɔe be menye ɖe Yehowa le hehem ɖe megbe be yeaɖo míaƒe gbedodoɖa aɖe ŋu o?

11 Togbɔ be adze na mí be Yehowa le hehem ɖe megbe be yeaɖo míaƒe gbedodoɖa aɖe ŋu hãa, edo ŋugbe be yeaɖo eŋu “le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.” (Xlẽ 1 Petro 5:6.) Susu ma tae mele be míabu fɔ Yehowa ne meɖo míaƒe gbedodoɖa aɖe ŋu kaba abe ale si míele mɔ kpɔm ene o. Le kpɔɖeŋu me, ƒe geɖee nye esia ame geɖe doa gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava ale be míakpɔ gbɔdzɔe. Yesu gɔ̃ hã de dzi ƒo na mí be míado gbe ɖa be Fiaɖuƒea nava. (Mat. 6:10) Ðe wòasɔ be míana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ le esi xexea ƒe nuwuwu meva le ɣeyiɣi si me amegbetɔwo le mɔ kpɔm nɛ o ta? (Hab. 2:3; Mat. 24:44) Eya ta, nunya anɔ eme be míakpɔ Yehowa sinu, aka ɖe edzi, eye míanɔ gbe dom ɖa nɛ. Nuwuwua ava le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, elabena Yehowa tia “ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma” xoxo. Eye ne eva ɖoa, míakpɔe be emae nye ɣeyiɣi nyuitɔ.—Mat. 24:36; 2 Pet. 3:15.

Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yosef, agbɔ dzi ɖi? (Kpɔ memama 12-14 lia)

12. Nɔnɔme kawoe ate ŋu ana wòasesẽ be míagbɔ dzi ɖi?

12 Ahiã be míagbɔ dzi ɖi ne míede dzesii be nu madzɔmadzɔ aɖe le edzi yim. Zi geɖea, womewɔa nu ɖe ame aɖewo ŋu nyuie o le esi wonye ŋutsu alo nyɔnu, yevu alo ameyibɔ, alo le gbe si wodona, alo dukɔ si me wotso ta. Nenema kee womewɔa nu ɖe ame aɖewo ŋu nyuie o le esi wonye nuwɔametɔwo ta. Azɔ hã, wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖe Yehowa subɔla geɖe ŋu le woƒe dzixɔsewo ta; eye esia ta, ehiã be woado dzi. Ne womewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie le nɔnɔme siawo dometɔ aɖewo me o la, ele be míana Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na mí. Egblɔ be: “Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.” (Mat. 24:13) Ke ne míeva nya nu tso nu vɔ̃ gã aɖe si nɔvi aɖe wɔ le hamea me ŋu ya ɖe? Ne nyaa le hamemetsitsiwo gbɔa, ɖe míagbɔ dzi ɖi agblẽ nyaa ɖe wo si me be woakpɔ egbɔ ale si Yehowa dia? Nu kae nya sia gbɔ kpɔkpɔ bia?

13. Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gãa, nu kae wòfia be woakpɔ nyaa gbɔ abe ale si Yehowa dii ene?

13 Ne hamemetsitsiwo va nya nu tso nu vɔ̃ gã aɖe si nɔvi aɖe si le hamea me wɔ ŋua, wobiaa “nunya si tso dziƒo” be yewoanya Yehowa ƒe susu le nyaa ŋu. (Yak. 3:17) Woƒe taɖodzinue nye be yewoakpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu ‘wòatrɔ tso eƒe mɔ tatraa dzi’ ne anya wɔ. (Yak. 5:19, 20) Azɔ hã, wodi be yewoawɔ nu sia nu atsɔ akpɔ hamea ta eye woafa akɔ na ame siwo ŋu amea ƒe nuwɔnaa gblẽ nu le. (2 Kor. 1:3, 4) Ne hamemetsitsiwo le nya siawo tɔgbi gbɔ kpɔma, gbãa, ele be woadi nyateƒenya siwo katã le nyaa me, eye esia ate ŋu axɔ ɣeyiɣi. Emegbe, wodoa gbe ɖa dia mɔfiamewo le Ŋɔŋlɔawo me, eye woɖɔa nu vɔ̃ wɔlaa ɖo “ale si dze.” (Yer. 30:11) Togbɔ be hamemetsitsiwo mehena ɖe megbe o hãa, wometsɔa dzitsitsi tsoa nya me o. Ne hamemetsitsiwo kpɔ nyawo gbɔ nyuiea, eɖea vi na hamea. Ke hã, ne hamemetsitsiwo kpɔ nyaa gbɔ nyuie ale si dze gɔ̃ hãa, ame si ŋu ame si wɔ nu vɔ̃a ƒe nuwɔnaa gblẽ nu le la agate ŋu anɔ veve sem kokoko. Ne elea wòle le gowòmea, nu kae nàwɔ be nàkpɔ gbɔdzɔe?

14. Ne nɔvi aɖe wɔ nu wòve wòa, Biblia me kpɔɖeŋu kae ate ŋu afa akɔ na wò?

14 Ðe ame aɖe alo nɔvi aɖe wɔ nu wòte ɖe dziwò vevie kpɔa? Ne nenemae la, ke àte ŋu akpɔ kpɔɖeŋu nyui aɖewo le Biblia me, siwo afia wò ale si nàlala agblẽ nyaa ɖe Yehowa si me be wòakpɔ egbɔ na wò. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Yosef ŋutɔ nɔviwoe wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu hãa, mena be woƒe nuwɔna wɔe be wòva zu dzikume o, ke boŋ elé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye Yehowa yrae ɖe ale si wògbɔ dzi ɖi do dzi la ta. (1 Mose 39:21) Ɣeyiɣi aɖe megbea, Yosef tsɔe ke ame siwo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu, eye wòva kpɔ ale si Yehowa yrae. (1 Mose 45:5) Ne míesrɔ̃ Yosef eye míelé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye míegblẽ nyawo ɖe esi me be wòakpɔ egbɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia, esia afa akɔ na mí.—Ps. 7:17; 73:28.

15. Nu kae kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu wòŋe aɖaba ƒu nu madzɔmadzɔ aɖe si wowɔ ɖe eŋu dzi?

15 Le nyateƒe mea, menye nu madzɔmadzɔ siwo katã woawɔ ɖe mía ŋue anye ŋkubiãnya abe Yosef tɔ ene o. Ke hã, nu mawo ate ŋu ana míase veve. Ne ame aɖe wɔ nu wòve mí, ne amea menye Yehowa subɔla o gɔ̃ hãa, ne míewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzia, aɖe vi na mí. (Flp. 2:3, 4) Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Ete ɖe nɔvinyɔnu aɖe dzi vevie esi wòva nya be yeƒe dɔme tɔ aɖe nɔ ye ŋu gblẽm na ame bubuwo. Nɔvinyɔnua metsɔ dzitsitsi wɔ nu o, eɖo ŋku Yesu ƒe kpɔɖeŋua dzi be, esi wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o. (1 Pet. 2:21, 23) Esi ema le susu me nɛ taa, metsɔ nya ma wɔ nyae o. Nɔvinyɔnua va nya emegbe be lãmesẽnya sesẽ aɖee nɔ fu ɖem na yeƒe dɔme tɔa, si na nu te ɖe edzi eye wòwɔ nu nenema. Nɔvinyɔnua va kpɔe be menye ɖe yeƒe dɔme tɔa ɖoe koŋ be yeawɔ nu ɖe ye ŋu nenema o. Dzi dzɔ mía nɔvia be yegbɔ dzi ɖi le nɔnɔme ma me, eye esia na eƒe dzi dze eme.

16. Nu kae afa akɔ na mí ne míele dzi dom le nu madzɔmadzɔ aɖe me? (1 Petro 3:12)

16 Ne èle dzi dom le nu madzɔmadzɔ alo nu bubu aɖe si wowɔ ɖe ŋuwò mea, ɖo ŋku edzi be Yehowa tsɔ ɖe “ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu” la gbɔ. (Ps. 34:18) Yehowa lɔ̃ wò le ale si nègbɔ dzi ɖi gblẽ nyaa ɖe esime ta. (Ps. 55:22) Eyae nye anyigba bliboa ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, eye enya nu sia nu si le edzi yim. (Xlẽ 1 Petro 3:12.) Ne èle nɔnɔme sesẽ aɖewo me tom, evɔ màte ŋu awɔ naneke tso wo ŋu o la, ɖe nàlala akpɔ Yehowa sinua?

YAYRA SIWO AME SIWO KPƆA YEHOWA SINU LA AKPƆ

17. Le Yesaya 30:18 la, kakaɖedzi kae Yehowa na mí?

17 Eteƒe madidi o, mía Fofo si le dziƒo la ato eƒe Fiaɖuƒea dzi ayra mí geɖe. Yesaya 30:18 gblɔ be: “Yehowa anɔ lalam dzigbɔɖitɔe be yeave mia nu, eye wòatso be yeakpɔ nublanui na mi. Elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo katã kpɔa esinu.” Ɛ̃, Yehowa ayra ame siwo kpɔa esinu la fifia kple le etsɔme siaa.

18. Nu nyui kawoe míele mɔ kpɔm na?

18 Le xexe yeyea mea, Mawu ƒe amewo magado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo me míetona egbea me o. Nu madzɔmadzɔwo nu ayi, eye vevesese maganɔ anyi o. (Nyaɖ. 21:4) Magahiã be míalala ʋuu atsi dzi be nu siwo hiã mí la masu mía si o, elabe nu siwo hiã mí la abɔ. (Ps. 72:16; Yes. 54:13) Yayra ka gbegbee nye esi wòanye!

19. Nu kae Yehowa le mía dzram ɖo na fifia?

19 Ɣesiaɣi si míeɖu nɔnɔme gbegblẽ aɖe dzi alo tu nɔnɔme nyuiwo ɖoa, ke míeto edzi na Yehowa le mía dzram ɖo be míava nɔ agbe le eƒe xexe yeyea me. Eya ta, dzi megaɖe le ƒowò o, eye mègana ta o. Nu nyuiwo le ŋgɔ na mí! Esi míele mɔ kpɔm na nu nyui siawo ta, mina míatsɔ dzidzɔ akpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe be wòava wɔ nu siwo ƒe ŋugbe wòdo na mí la!

HADZIDZI 118 Na Xɔse Geɖe Mí

^ mm. 5 Èsee ame aɖe si subɔ Yehowa ɣeyiɣi didi aɖee nye esia gblɔ be ‘nyemesusu be xexe vɔ̃ɖi sia aganɔ anyi va se ɖe fifia o’ kpɔa? Mí katã míedi be Yehowa naɖe xexe vɔ̃ɖi sia ɖa, vevietɔ, le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Ke hã, ele be míasrɔ̃ ale si míagbɔ dzi ɖi. Le nyati sia mea, míadzro Biblia ƒe mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu be míagbɔ dzi ɖi la me. Azɔ hã, míadzro go eve siwo me wòahiã be míagbɔ dzi ɖi akpɔ Yehowa sinu le la me. Mlɔebaa, míaƒo nu tso yayra siwo míava kpɔ ne míegbɔ dzi ɖi la ŋu.

^ mm. 56 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Tso ɖevime kea, nɔvinyɔnu aɖe doa gbe ɖa na Yehowa edziedzi. Edzilawo fiae ale si wòado gbe ɖa tso eƒe ɖevime ke. Esi wòva nye mɔɖela le eƒe sɔhɛmea, edoa gbe ɖa na Yehowa be wòayra ɖe yeƒe subɔsubɔdɔa dzi. Ƒe aɖewo megbe esi srɔ̃a va dze dɔ veviea, eƒoa koko na Yehowa be wòado ŋusẽ ye yeado dzi le nɔnɔme sesẽ sia me. Fifia esi wònye ahosi hãa, egadoa gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo la vevie, eye wòka ɖe edzi be aɖo to ye abe ale si wòwɔe na ye le yeƒe agbe me katã ene.