Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 30

De Asixɔxɔ Akpa Si Wɔm Nèle Le Yehowa Ƒe Ƒomea Me Ŋu

De Asixɔxɔ Akpa Si Wɔm Nèle Le Yehowa Ƒe Ƒomea Me Ŋu

“Èwɔe wòbɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo, eye nèɖɔ bubu kple atsyɔ̃ nɛ.”—PS. 8:5, etenuŋɔŋlɔ.

HADZIDZI 123 Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Ðe Teokrasiɖoɖowo Te

NYA VEVIAWO *

1. Ne míede ŋugble le nu siwo gbegbe Yehowa wɔ ŋua, nya kae vaa susu me na mí?

NE MÍEDE ŋugble le nu siwo gbegbe Yehowa wɔ ŋua, míase le mía ɖokui me abe David ene; egblɔ le gbedodoɖa me be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, dɔ siwo nètsɔ wò asibidɛwo wɔ, ɣleti kple ɣletivi siwo nèwɔ la, nu kae amegbetɔ nye, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa be nɛ?” (Ps. 8:3, 4) Abe David enea, ne míetsɔ mía ɖokuiwo sɔ kple nu siwo gbegbe Yehowa wɔ la, míate ŋu ase le mía ɖokui me be míele nyaŋui ŋutɔ be wòaɖo ŋku mía dzi. Ke hã, abe ale si míava kpɔe enea, menye ɖeko Yehowa wɔ Adam kple Xawa ko o, ke elé be na wo hã, eye wòdi be woanɔ yeƒe ƒomea me tegbee.

2. Nu kae Yehowa di tso Adam kple Xawa si?

2 Adam kple Xawa ye nye vi gbãtɔ siwo Yehowa wɔ ɖe anyigba dzi. Yehowae nye wo Fofo, eye wòlɔ̃ wo. Edi be woakeke ƒomea ɖe enu. Egblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi.” (1 Mose 1:28) Mawu di be woadzi viwo, eye woalé be na anyigba si nye woƒe aƒe. Ne ɖe Adam kple Xawa ɖo to Yehowa la, anye ne woawo kple wo viwo ayi edzi anɔ Mawu ƒe ƒomea me tegbee.

3. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa na ɖoƒe vevi aɖe Adam kple Xawa le eƒe ƒomea me?

3 Yehowa na ɖoƒe vevi aɖe Adam kple Xawa le eƒe ƒomea me. Abe ale si wòdze le Psalmo 8:5 kple etenuŋɔŋlɔa me enea, David gblɔ tso amegbetɔ si nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ ŋu be: “Èwɔe wòbɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo, eye nèɖɔ bubu kple atsyɔ̃ nɛ.” Enye nyateƒe be, ŋusẽ, nunya, kple ŋutete siwo le amegbetɔwo si la mede mawudɔlawo tɔ nu o. (Ps. 103:20) Ke hã, ɖeko amegbetɔwo ‘bɔbɔ ɖe anyi vie wu’ mawudɔla sẽŋu mawo. Bu eŋu kpɔ! Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi Yehowa na mía dzila gbãtɔwo.

4. Nu kae va dzɔ ɖe Adam kple Xawa dzi esi womeɖo to Yehowa o, eye nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

 4 Nublanuitɔea, Adam kple Xawa megava nye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo o. Esia gblẽ nu le wo viwo ŋu vevie, abe ale si míava kpɔe le nyati sia me ene. Gake tame si Yehowa ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu metrɔ o. Edi be amegbetɔ toɖolawo nanye ye viwo tegbee. Gbãa, mina míadzro nu siwo Yehowa wɔ tsɔ de bubu mía ŋu la me. Eyome, míadzro nu siwo míate ŋu awɔ fifia be míanɔ Yehowa ƒe ƒomea me la me. Mlɔeba, míadzro yayra siwo Mawu ƒe vi siwo ava nɔ anyigba dzi tegbee la akpɔ hã me.

ALE SI YEHOWA DE BUBU AMEGBETƆWO ŊU

Mɔ kawo nue Yehowa de bubu mía ŋu le? (Kpɔ memama 5-11 lia) *

5. Esi Mawu wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ta, nu kae míate ŋu awɔ atsɔ ada akpe nɛ?

5 Yehowa de bubu mía ŋu esi wòwɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu. (1 Mose 1:26, 27) Esi Mawu wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ta, míate ŋu asrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ, nuteƒewɔwɔ, kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye míaɖe nɔnɔme mawo afia. (Ps. 86:15; 145:17) Ne míeɖea nɔnɔme mawo fiana, míedea bubu Yehowa ŋu eye míeɖenɛ fiana hã be míeda akpe nɛ. (1 Pet. 1:14-16) Ne míewɔa nu siwo dzea mía Fofo si le dziƒo la ŋua, míekpɔa dzidzɔ eye míaƒe dzi dzea eme. Esi Yehowa wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ta, míate ŋu ava nye ame siwo tɔgbi wòdi be woanɔ yeƒe ƒomea me.

6. Aleke Yehowa de bubu amegbetɔwo ŋu esime wòwɔ anyigba?

6 Yehowa na aƒe nyui aɖe mí. Do ŋgɔ hafi Yehowa nawɔ ame gbãtɔa, edzra anyigba dzi ɖo na mí amegbetɔwo. (Hiob 38:4-6; Yer. 10:12) Esi Yehowa bua ame ŋu eye wònyoa dɔme ta, ena nu nyui gbogbo aɖewo mí be woado dzidzɔ na mí. (Ps. 104:14, 15, 24) Esime Yehowa nɔ nuwo wɔm la, elé ŋku ɖe wo ŋu, ‘eye wòkpɔ be wonyo.’ (1 Mose 1:10, 12, 31) Ede bubu amegbetɔ ŋu, eye ‘wòtsɔe ɖo eƒe asinudɔ wɔnuku siwo katã le anyigba dzi la nu.’ (Ps. 8:6) Mawu di be amegbetɔ deblibowo nalé be na nu siwo katã yewɔ ɖe anyigba dzi la tegbee. Ðe nèdaa akpe na Yehowa ɖe mɔnukpɔkpɔ wɔnuku sia ta?

7. Aleke Yosua 24:15 ɖee fia be tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe le mía si?

7 Yehowa na tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe mí. Míate ŋu atia nu si míedi be míawɔ le agbe me. (Xlẽ Yosua 24:15.) Edzɔa dzi na mía Mawu lɔ̃amea ne míetiae be míasubɔ ye. (Ps. 84:11; Lod. 27:11) Míate ŋu azã tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe ma nyuie le mɔ geɖe nu. Bu kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí ŋu kpɔ.

8. Gblɔ ale si Yesu zã eƒe tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖea ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

8 Mɔ aɖe si dzi míato asrɔ̃ Yesue nye be míatiae be míadi ame bubuwo ƒe nyonyo. Gbe ɖeka, ɖeɖi te Yesu kple eƒe apostoloawo ŋu vevie, eye wodi teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le be yewoaɖi ɖe eme. Gake kaka woakpɔa, ameha aɖee nye esia va do, eye wodi vevie be Yesu nafia nu yewo. Ke hã, Yesu medo dziku o. Ke boŋ woƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye “wòde asi nu geɖewo fiafia me wo.” (Marko 6:30-34) Ne míesrɔ̃ Yesu, eye míezã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ kpe ɖe amewo ŋua, esia hea kafukafu vanɛ na mía Fofo si le dziƒo. (Mat. 5:14-16) Eye míeɖenɛ fiana hã be míedi be míanɔ Yehowa ƒe ƒomea me.

9. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na dzilawo?

9 Yehowa na mɔnukpɔkpɔ amegbetɔwo be woadzi viwo, woafia nu wo be woalɔ̃ ye eye woasubɔ ye. Ne dzilae nènyea, ɖe nèdea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia ŋua? Togbɔ be Yehowa na ŋutete geɖe mawudɔlawo hã, mena mɔnukpɔkpɔ sia wo o. Eya ta, ele be ame siwo le viwo hem la nade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu. Yehowa ka ɖe dzilawo dzi, eye wòde dɔ vevi aɖe asi na wo be woahe wo viwo le yeƒe “amehehe kple nuxɔxlɔ̃” me. (Ef. 6:4; 5 Mose 6:5-7; Ps. 127:3) Be dzilawo nate ŋu awɔ esia, Mawu to eƒe habɔbɔa dzi na dɔwɔnu vovovo siwo nye agbalẽwo, videowo, hadzidziwo, kple nu vovovo siwo le Internet dzi la be woakpe ɖe wo ŋu. Esia ɖee fia be, mía Fofo si le dziƒo kple Via siaa dea asixɔxɔ ɖeviwo ŋu. (Luka 18:15-17) Ne dzilawo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wowɔa wo tɔ sinu léa be na nunana xɔasi si nye wo viwoa, Yehowa kpɔa dzidzɔ. Eye dzila siawo le eɖem fia be yewodi be yewo viwo hã nava nye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo tegbee!

10-11. Mɔnukpɔkpɔ kae Yehowa to Yesu ƒe vɔsakua dzi ʋu ɖi na mí?

10 Yehowa tsɔ Via malɔ̃nugbɔa na ɖe mía ta ale be míagava nɔ yeƒe ƒomea me ake. Abe ale si míekpɔe le  memama 4 lia me enea, Adam kple Xawa, kple wo viwo megava le Yehowa ƒe ƒomea me o. (Rom. 5:12) Ðe Adam kple Xawa ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu; eya ta, Mawu ɖe wo ɖa le eƒe ƒomea me. Ke wo viwo ya ɖe? Yehowa wɔ ɖoɖo tsɔ Via malɔ̃nugbɔa, Yesu Kristo, sa vɔe, ale be yeaxɔ wo dometɔ siwo aɖo to la ava yeƒe ƒomea me. (Yoh. 3:16; Rom. 5:19) Yesu ƒe vɔsaa wɔe be Mawu tia ame 144,000 siwo nye nuteƒewɔlawo be woava nye ye viwo le dziƒo.—Rom. 8:15-17; Nyaɖ. 14:1.

11 Azɔ hã, nuteƒewɔla miliɔn geɖewo le to ɖom Mawu, wole eƒe lɔlɔ̃nu wɔm, eye wole mɔ kpɔm be yewoava zu Mawu ƒe ƒomea me tɔwo bliboe le dodokpɔ mamlɛtɔa me le Ƒe Akpe Ðekaa ƒe nuwuwu. (Ps. 25:14; Rom. 8:20, 21) Esi mɔkpɔkpɔ ma le ŋgɔ na wo ta, fifia gɔ̃ hã, woyɔa Yehowa, wo Wɔlaa be “Fofo.” (Mat. 6:9) Mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre la hã si be woasrɔ̃ nu tso nu si Yehowa di tso wo si la ŋu. Eye wo dometɔ siwo aɖo toa, mɔnukpɔkpɔ asu woawo hã si be woava nye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo tegbee.

12. Biabia ka ŋue míaɖo fifia?

12 Abe ale si míekpɔe va yi enea, Yehowa wɔ nu geɖe tsɔ de bubu mí amegbetɔwo ŋu. Etia Kristotɔ siwo wòsi ami na be woanye ye viwo, eye wòna mɔnukpɔkpɔ “ameha gã” la me tɔwo be woava nye ye viwo bliboe le xexe yeyea me. (Nyaɖ. 7:9) Nu kawoe míawɔ atsɔ aɖee afia be míedi be míanɔ Yehowa ƒe ƒomea me tegbee?

WƆ NU SIWO ANA YEHOWA NAKPƆE BE ÈDI BE YEANƆ EƑE ƑOMEA ME

13. Ne míedi be Mawu naxɔ mí ɖe eƒe ƒome gã la me bliboea, nu kae wòle be míawɔ? (Marko 12:30)

13 Subɔ Yehowa tso dzi blibo me nàtsɔ aɖee afia be yelɔ̃e. (Xlẽ Marko 12:30.) Mawu na nunana nyui geɖewo mí; nu nyuitɔ siwo wòna mí la dometɔ ɖekae nye ŋutete si wòna mí be míasubɔ ye. Ne ‘míewɔna ɖe eƒe sewo dzia,’ efia be míelɔ̃e. (1 Yoh. 5:3) Se siwo dzi wòdi be míawɔ ɖo la dometɔ ɖekae nye esi Yesu de be míawɔ nusrɔ̃lawo, eye míanyrɔ wo. (Mat. 28:19) Azɔ hã, Yesu de se na mí be míalɔ̃ mía nɔewo. (Yoh. 13:35) Yehowa axɔ ame siwo katã aɖo to la ɖe eƒe ƒome gã la me bliboe.—Ps. 15:1, 2.

14. Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ amewo? (Mateo 9:36-38; Romatɔwo 12:10)

14 Lɔ̃ amewo. Lɔlɔ̃e nye Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔ. (1 Yoh. 4:8) Yehowa lɔ̃ mí hafi míeva nyae gɔ̃ hã. (1 Yoh. 4:9, 10) Ne míelɔ̃ amewoa, efia be míele Yehowa srɔ̃m. (Ef. 5:1) Mɔ aɖe si dzi míato alɔ̃ amewo ye nye be míafia nu wo tso Yehowa ŋu esi ɣeyiɣia gakpɔtɔ li. (Xlẽ Mateo 9:36-38.) Ne míewɔe alea, míana mɔnukpɔkpɔ wo be woawɔ nu siwo ana woadze be woava nɔ Mawu ƒe ƒomea me. Eye ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔa, ele be míayi edzi alɔ̃e ade bubu eŋu. (1 Yoh. 4:20, 21) Aleke míawɔ esiae? Eyae nye be, míaka ɖe mía nɔvia dzi. Le kpɔɖeŋu me, mele be míabu susu vɔ̃wo ɖe eŋu o. Ke boŋ, ele be míade bubu eŋu eye míabui be enye gã wu mí.—Xlẽ Romatɔwo 12:10; Flp. 2:3.

15. Ame kawoe wòle be míakpɔ nublanui na eye míanyo dɔme na?

15 Kpɔ nublanui na amewo katã eye nànyo dɔme na wo. Ne míedi be míanɔ Yehowa ƒe ƒomea me tegbeea, ele be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Eƒe Nyaa mea dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia nu be míakpɔ nublanui eye míanyo dɔme na amewo katã, míaƒe futɔwo gɔ̃ hã. (Luka 6:32-36) Ɣeaɖewoɣia, esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ na mí. Ne esesẽ na mía, ele be míadze agbagba abu nuwo ŋu abe Yesu ene eye míawɔ nu abe eyama ene. Ne míewɔ mía tɔ sinua ɖo to Yehowa eye míesrɔ̃ Yesua, míaɖee afia mía Fofo si le dziƒo la be míedi be míanɔ eƒe ƒomea me tegbee.

16. Nuwɔna kawoe aƒo ɖi Yehowa ƒe ƒomea?

16 Mègawɔ nu si aƒo ɖi Yehowa ƒe ƒomea o. Enye nu si bɔ le ƒomewo me be ɖevi nasrɔ̃ foa alo edaa ƒe nuwɔna. Ne vi tsitsitɔa wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi eye wòɖoa kpɔɖeŋu nyuia, anɔ bɔbɔe na ɖevitɔa be wòasrɔ̃e. Gake ne vi tsitsitɔa wɔa nu siwo mesɔ oa, ɖevitɔa hã asrɔ̃ nɔnɔme gbegblẽ mawo. Nenemae wòle le Yehowa ƒe ƒomea hã me. Ne Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖe ƒoa eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me alo wɔa nugbegblẽ bubu aɖe, alo wòva zu xɔsegbelaa, ame bubuwo ate ŋu asrɔ̃ eƒe nɔnɔme gbegblẽa. Ame siwo wɔa nu siawo la ƒoa ɖi Yehowa ƒe ƒomea ƒe ŋkɔ. (1 Tes. 4:3-8) Ele be míatsri nuwɔna ɖe sia ɖe si ate mí ɖa tso mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la gbɔ.

17. Nuŋububu kae wòle be míatsri, eye nu ka tae?

17 Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye ɖe kesinɔnuwo ŋu o. Yehowa do ŋugbe na mí be yeana nuɖuɖu, nudodo, kple afi si míada ta ɖo la mí nenye be míedi yeƒe Fiaɖuƒea gbã eye míewɔ ɖe yeƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi. (Ps. 55:22; Mat. 6:33) Esi esia le susu me na mí ta, mímedaa míaƒe susu ɖe nu siwo xexea dona ɖe ŋgɔ be woawoe ana míanɔ dedie alo ana míakpɔ dzidzɔ la dzi o. Míenya be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ koe ana míakpɔ dzidzeme vavãtɔ. (Flp. 4:6, 7) Ne ga le mía si míate ŋu aƒle nu geɖewo gɔ̃ hã, ele be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe mate ŋu akpɔ ɣeyiɣi alo ŋusẽ atsɔ anɔ be lém na nu siawoa? Alo ɖe wòana nye susu katã nava ku ɖe nu mawo ŋua?’ Ele be míaɖo ŋku edzi be, Mawu di be míalé fɔ ɖe dɔ si yede mía si la ŋu. Eya ta mele be míaɖe mɔ naneke nahe míaƒe susu ɖa le dɔ ma dzi o. Mímadi be míaɖi ɖekakpui si na eƒe susu katã ku ɖe kesinɔnuwo ŋu, si wɔe be mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòava subɔ Yehowa eye wòava nye via le dziƒoa to eŋu la gbeɖe o!—Marko 10:17-22.

NU SIWO YEHOWA ƑE VIWO ASE VIVI NA TEGBEE

18. Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kple yayra kawoe asu amegbetɔ toɖolawo si tegbee?

18 Eteƒe madidi o, mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe asu amegbetɔ toɖolawo katã si be woalɔ̃ Yehowa eye woasubɔe tegbee! Azɔ hã, mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo anyi anyigba sia dome la si be woalé be na anyigba nyui sia si Yehowa wɔ be wòanye woƒe aƒe la. Eye eteƒe madidi o, Yesu ato Mawu Fiaɖuƒea dzi aɖɔ nu siwo katã Adam kple Xawa ƒe nuwɔna gblẽ esi woɖoe be yewomanɔ Mawu ƒe ƒomea me o la ɖo. Yehowa agbɔ agbe ame miliɔn geɖe siwo ku la be woava nɔ agbe tegbee le anyigba si zu paradiso la dzi, eye woanɔ lãmesẽ blibo me. (Luka 23:42, 43) Ne Yehowa subɔla siwo katã le anyigba dzi va de bliboa, “bubu kple atsyɔ̃” si ŋu David ƒo nu tsoe la anɔ wo ŋu bliboe.—Ps. 8:5.

19. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

19 Ne “ameha gã” la me tɔe nènyea, ke mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe le ŋgɔ na wò. Mawu lɔ̃ wò, eye edi be nàva nye yeƒe ƒomea me tɔ bliboe. Eya ta, wɔ wò ŋutete katã be wò nu nadze eŋu. Na Mawu ƒe ŋugbedodowo nanɔ susu kple dzi me na wò gbe sia gbe. Kpɔ dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nèle Fofowò si le dziƒo la subɔm fifia ŋu, eye de asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si ava su asiwò be nàsubɔe tegbee la hã ŋu!

HADZIDZI 107 Lɔlɔ̃ Ƒe Kpɔɖeŋu Si Mawu Ðo

^ mm. 5 Be nuwo nate ŋu ayi edzi le ƒomea me nyuiea, ele be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu aduadu kple wo nɔewo. Vifofoae xɔa ŋgɔ lɔlɔ̃tɔe, srɔ̃a kpea asi ɖe eŋu, eye ɖeviawo hã ɖoa to wo. Nenema kee wòle le Yehowa ƒe ƒomea hã me. Mawu ɖo tame nyui aɖe ɖe mía ŋu, eye ne míekpe asi ɖe tameɖoɖo ma ŋua, míayi edzi anye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo tegbee.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Yehowa wɔ amegbetɔwo eye wòna ŋutete wo be woasrɔ̃ yeƒe nɔnɔmewo, abe lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ ene; atsu kple asi aɖe le nɔnɔme nyui siawo ɖem fia wo nɔewo kple wo viwo. Atsu kple asia lɔ̃ Yehowa, eye wole kpekpem ɖe wo viwo ŋu be woawo hã woalɔ̃ Yehowa eye woasubɔe. Wole video aɖe zãm tsɔ le kpekpem ɖe wo viwo ŋu be woakpɔ susu si tae Yehowa na Yesu va ku ɖe mía ta. Wole wo viwo fiam hã be, le Paradisoa mea, míalé be na anyigbaa kple lãwo tegbee.