Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 32

Do Ŋusẽ Wò Xɔse Be Yehowae Nye Wɔla La

Do Ŋusẽ Wò Xɔse Be Yehowae Nye Wɔla La

“Xɔse nye . . . kpeɖodzi si dze ƒãa be nu siwo kpɔm womele o la li ŋutɔŋutɔ.”—HEB. 11:1.

HADZIDZI 11 Nuwɔwɔwo Le Mawu Kafum

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae dziwòlawo fia wò tso mía Wɔla la ŋu?

NE DZIWÒLAWO nye Yehowa Ðasefowoa, anɔ eme be wofia nu wò tso Yehowa ŋu tso wò ɖevime. Wofia wò be eyae nye Wɔla la, nɔnɔme nyuiwo le esi, eye eɖo tame be yeava trɔ anyigbaa wòazu paradiso.—1 Mose 1:1; Dɔw. 17:24-27.

2. Aleke ame aɖewo bua ame siwo xɔe se be Wɔla aɖee wɔ nuwo lae?

2 Ame geɖe mexɔe se be Mawu li, ʋuu keke woayi exɔ ge ase be eyae nye Wɔla la o. Ke boŋ wogblɔna be nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokui si vivivi. Eye ame siwo gblɔa nya siawo dometɔ aɖewo nye agbalẽnyalagãwo. Wogblɔna be dzɔdzɔmeŋutinunya ɖee fia be nya si Biblia gblɔ la menye nyateƒe o, eye ame siwo menya agbalẽ o, siwo ƒe tagbɔ meɖa o, siwo woate ŋu aflu bɔbɔe koe xɔnɛ sena be Wɔla aɖe li.

3. Nu ka tae wòle vevie be míanɔ ŋusẽ dom míaƒe xɔse?

3 Ðe wòle be nàna nya siwo agbalẽnyala aɖewo gblɔna nawɔe be nàva nɔ ɖi kem be Yehowae nye mía Wɔla la? Ŋuɖoɖoa nɔ te ɖe nu si tae míeka ɖe edzi be Yehowae nye Wɔlaa la dzi. Esi wogblɔ na wò be Wɔlaa li tae nèxɔe se ɖo loo alo esi wò ŋutɔ nèku nu me kpɔ kpeɖodziwo taea? (1 Kor. 3:12-15) Ƒe ka kee míeɖale Yehowa subɔm o, ele be mí katã míayi edzi anɔ ŋusẽ dom míaƒe xɔse. Ne míewɔnɛ alea, ame aɖeke mato “xexemenunya kple beble dzodzro” dzi aflu mí be míagaxɔ Mawu ƒe Nyaa dzi ase o. (Kol. 2:8; Heb. 11:6) Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ (1) nu si tae ame geɖe mexɔ Wɔlaa dzi se o, (2) nu si nàwɔ be nàxɔ Yehowa, Wɔlaa dzi ase, kple (3) nu siwo nàwɔ be nànɔ ŋusẽ dom ale si nèxɔ Wɔlaa dzi se.

NU SI TA AME GEÐE GBLƆNA BE WƆLA AÐEKE MELI O

4. Le Hebritɔwo 11:1 ƒe nya nua, nu kae Biblia gblɔ be xɔse nye?

4 Ame aɖewo susu be nu si xɔse fiae nye be nàxɔ nane si ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o la dzi ase. Gake Biblia na míenya be menye xɔse ŋutɔŋutɔe nye ema o. (Xlẽ Hebritɔwo 11:1.) Biblia gblɔ be kpeɖodzi le xɔse ŋu, eya ta togbɔ be mímate ŋu akpɔ Yehowa, Yesu, kple Dziƒofiaɖuƒea o hã, kpeɖodziwo dze ƒãa be woli ŋutɔŋutɔ. (Heb. 11:3) Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe si va nye Ðasefo la gblɔ be: “Kpeɖodzi le nu siwo dzi Yehowa Ðasefowo xɔ se la ŋu, eye woxɔ dzɔdzɔmeŋutinunya siwo ŋu kpeɖodziwo le la hã dzi se.”

5. Nu ka tae ame geɖe mexɔe se be Wɔla aɖee wɔ nuwo o?

5 Ne kpeɖodzi siwo dze ƒãa li be Mawue wɔ nuwo, eye eyae nye Wɔlaa, ke nu ka tae ame geɖe mexɔe se be eyae wɔ nu gbagbewo o, evɔ wònye eyae wɔ wo hafi? Kpuie koa, ame aɖewo meku nu me be yewoakpɔ kpeɖodziawo o. Robert, si va zu Yehowa Ðasefoa gblɔ be: “Nyemesee kpɔ wofia nu mí le suku be Mawue wɔ nuwo o. Mexɔ ƒe 20 to eŋu hafi Yehowa Ðasefowo va kpe ɖe ŋunye mekpɔ kpeɖodzi siwo dze ƒãa, siwo me susu le le Biblia me be Mawue wɔ nuwo katã.” *—Kpɔ aɖaka si nye “ Gbedeasi Vevi Aɖe Na Dzilawo.”

6. Nu ka tae ame aɖewo xɔe se be Wɔla aɖeke meli o?

6 Ame aɖewo susuna be Wɔla aɖeke meli o elabe wogblɔna be nu siwo yewokpɔ kple ŋku la dzi koe yewoate ŋu axɔ ase. Gake le nyateƒe mea, woxɔ nanewo siwo womekpɔna o dzi se. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be womekpɔa ya si míegbɔna o hã, woxɔe se be eli, elabe kpeɖodziwo li be yaa li ŋutɔŋutɔ. Nenema kee xɔse si ŋu Biblia ƒo nu tsoea hã ku ɖe ‘nu siwo womekpɔna o, evɔ kpeɖodziwo li be woli ŋutɔŋutɔ’ la ŋu. (Heb. 11:1) Ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze be woaku nu me akpɔ kpeɖodzi mawo, gake ame geɖe medina be yewoaku nu me akpɔ kpeɖodziawo o. Ame si meku nu me kpɔ kpeɖodzi mawo o la, ate ŋu aƒo nya ta be Mawu meli o.

7. Agbalẽnyalawo katãe mexɔe se be Mawue wɔ xexea oa? Ðe eme.

7 Esi dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo ku nu me va kpɔ kpeɖodziawoa, wova xɔe se be Mawue wɔ xexea. * Abe ale si wònɔ le Robert si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gome enea, ame geɖe susu be Wɔla aɖeke meli o le esi womefia nu wo tso Wɔlaa ŋu le yunivɛsiti o ta. Ke hã, dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe va nya Yehowa eye wolɔ̃e. Ele be míawo hã míanɔ ŋusẽ dom ale si míexɔ Mawu dzi se, afi ka kee míeɖade suku se ɖo o, elabe ame bubu aɖeke mate ŋu awɔ esia na mí o.

NU SIWO NÀWƆ BE NÀXƆ WƆLA LA DZI ASE GEÐE WU

8-9. (a) Biabia ka mee míadzro fifia? (b) Vi kae wòaɖe na wò ne èsrɔ̃a nu tso nuwɔwɔwo ŋu?

8 Nu kawoe nàwɔ be nàgaxɔ Wɔla la dzi ase geɖe wu? Na míakpɔ wo dometɔ eve ɖa.

9 Srɔ̃ nu tso nuwɔwɔwo ŋu. Ne míeléa ŋku ɖe lãwo, atiwo, kple ɣletiviwo ŋua, awɔe be míagaxɔ Wɔlaa dzi ase geɖe wu. (Ps. 19:1; Yes. 40:26) Ne míesrɔ̃a nu tso nuwɔwɔ mawo ŋua, míagava ka ɖe edzi geɖe wu be Yehowae nye Wɔlaa. Woƒo nu tso nuwɔwɔ siawo dometɔ aɖewo ŋu tsitotsito le míaƒe agbalẽwo me. Ne esesẽna na wò be nàse wo dometɔ aɖewo gɔmea, megakpe ŋu na wò o. Wɔ tɔwò sinua nàsrɔ̃ esiwo nàte ŋui. Eye video nyui siwo ku ɖe nuwɔwɔwo ŋu, siwo míekpɔ le takpekpe gã siwo va yi me nyitsɔ laa, le jw.org, eye àgate ŋu akpɔ wo ake.

10. Kpɔɖeŋu kae ɖo kpe edzi be Wɔla aɖe li. (Romatɔwo 1:20)

10 Ne èle nu srɔ̃m tso nuwɔwɔwo ŋua, dze agbagba nàde dzesi nu si woɖe fia tso Wɔlaa ŋu. (Xlẽ Romatɔwo 1:20.) Le kpɔɖeŋu me, ɣe ƒe keklẽ léa nu gbagbewo ƒe agbe ɖe te, ke hã, ne keklẽ ma nu sẽ akpaa, ate ŋu agblẽ nu le nu gbagbewo ŋu. Eya ta, ehiã be woakpɔ mí amegbetɔwo ta tso keklẽ ma si me. Aleke wokpɔ mía tae? Ya aɖe ƒo xlã míaƒe anyigba sia, si kpɔa mía ta tso keklẽ gbegblẽ mawo si me. Ne ɣea ƒe keklẽ gbegblẽ mawo nu le sesẽm ɖe edzia, ya si ƒo xlã anyigbaa, si kpɔa mía ta la hã nɔa dzidzim ɖe edzi. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be Wɔla lɔ̃ame aɖe si dze aɖaŋu ye wɔ nu siawo oa?

11. Afi kae nàkpɔ nu siwo ado ŋusẽ wò xɔse nàka ɖe edzi be Wɔla aɖee wɔ nuwo la le? (Kpɔ aɖaka si nye “ Dɔwɔnu Siwo Ado Ŋusẽ Wò Xɔse.”)

11 Ne èku nu me le Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo kple jw.org la, àkpɔ nu siwo ado ŋusẽ wò xɔse nàka ɖe edzi be Wɔla aɖee wɔ nuwo. Àte ŋu adze egɔme kple video siwo le akpa si nye, “Ðe Wowɔea?” Video kpui mawo siwo ku ɖe lãwo kple nuwɔwɔ bubuwo ŋu la ɖo kpe edzi be ɖe wowɔ nuwo. Video mawo hã na míekpɔ ale si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo lé ŋku ɖe nu mawo ŋu tsɔ to nuwo vɛ.

12. Ne èle Biblia srɔ̃ma, nu kawo ŋue wòle be wò susu nanɔ?

12 Srɔ̃ Biblia. Dzɔdzɔmeŋutinunyala si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la mexɔe se tsã be Wɔla aɖe li o. Gake emegbea, eva xɔe se. Egblɔ be: “Menye dzɔdzɔmeŋutinunya koe mesrɔ̃ o. Mesrɔ̃ Biblia hã, si na meva xɔe se be Wɔla aɖe li.” Ðewohĩ, wò ya ènya Biblia ƒe nufiafia geɖewo nyuie. Ke hã, ele be nànɔ ŋusẽ dom wò xɔse, anɔ Biblia srɔ̃m, be nàgaka ɖe Wɔlaa dzi geɖe wu. (Yos. 1:8; Ps. 119:97) Ne èle Biblia srɔ̃ma, de dzesi ale si wòƒo nu tso nudzɔdzɔwo ŋu tsitotsito. De dzesi nyagblɔɖi siwo le eme, kple ale si Biblia gbalẽwo de nu wo nɔewo me. Ne èwɔe alea, àdo ŋusẽ wò xɔse, eye àva kpɔe be Wɔla nyanu aɖee wɔ mí, eye Eyae na woŋlɔ Biblia na mí. *2 Tim. 3:14; 2 Pet. 1:21.

13. Nu siwo ɖo kpe edzi be aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia mea dometɔ aɖewo ɖe?

13 Ne èle Biblia srɔ̃ma, de dzesi ale si eƒe aɖaŋuɖoɖowo aɖe vi na wò. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔe ɖi xoxoxo be, ame siwo ƒe susu katã le ga ŋu la ‘doa vevesese geɖe na wo ɖokuiwo.’ (1 Tim. 6:9, 10; Lod. 28:20; Mat. 6:24) Ðe nya ma gaɖea vi egbea? Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Zi geɖea, nu tea ame siwo ƒe susu katã kuna ɖe nunɔamesiwo ŋu la ŋu eye womekpɔa dzidzɔ o. Ame siwo si ga le gake wogale geɖe dim kpee la mekpɔa dzidzɔ o eye lãmesẽnyawo ɖea fu na wo.” (The Narcissism Epidemic) Eya ta, nunya le aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe galɔlɔ̃ ŋua me! Ðe nàte ŋu aɖo ŋku Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖe si kpe ɖe ŋuwò dzia? Ne míebu aɖaŋuɖoɖo nyui siwo katã le Biblia me ŋua, míakpɔe be mía Wɔla lɔ̃amea nya nu siwo nyo na mí, si awɔe be míayi edzi aɖo ŋu ɖe eŋu. (Yak. 1:5) Eye esia ana míakpɔ dzidzɔ.—Yes. 48:17, 18.

14. Ne èsrɔ̃a Biblia, nu kae nàva nya tso Yehowa ŋu?

14 Srɔ̃ Biblia kple taɖodzinu be yeanya Yehowa ɖe edzi wu. (Yoh. 17:3) Ne èle Biblia srɔ̃ma, àva de dzesii be nɔnɔme nyoameŋu geɖewo le Yehowa si eye nɔnɔme mawo kee dze ƒãa le eƒe nuwɔwɔwo me. Eƒe nɔnɔme nyui mawo ana nàva kpɔe be Yehowa nye Mawu si li ŋutɔŋutɔ. (1 Mose 34:6, 7; Ps. 145:8, 9) Ne èva le Yehowa nyam ɖe edzia, wò xɔse adzi ɖe edzi, àgalɔ̃e wu, eye wò kplii dome xɔlɔ̃wɔwɔa hã agasẽ ɖe edzi.

15. Vi kae wòaɖe na wò ne èƒoa nu tso wò xɔse ŋu na amewo?

15 Ƒo nu tso nu siwo nèsrɔ̃ ŋu na amewo. Ne èwɔe alea, ado ŋusẽ wò xɔse ɖe edzi. Ke ne èɖi ɖase na ame aɖe, eye mexɔ edzi se be Mawu li o ɖe, aleke nàkpe ɖe eŋu? Ku nu me nàkpɔ ale si wozã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖe nya siawo me le míaƒe agbalẽwo me, eye nàzãe atsɔ akpe ɖe amea ŋu. (1 Pet. 3:15) Àte ŋu abia nɔvi bibi aɖe hã be wòakpe ɖe ŋuwò. Amea ɖaxɔ nu siwo nètsɔ fiae le Biblia me dzi se alo mexɔ edzi se o, numekuku siwo nèwɔ la aɖe vi na wò. Numekukua ana wò xɔse nagasẽ ɖe edzi. Esia awɔe hã be ame siwo gblɔna be yewonye nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo, siwo gblɔna be Wɔla aɖeke meli o la, ƒe nyawo maflu wò o.

NƆ ŊUSẼ DOM WÒ XƆSE!

16. Nu kawoe ate ŋu adzɔ ne mímedoa ŋusẽ míaƒe xɔse o?

16 Ƒe ka kee nye esia míele Yehowa subɔm o, ele be míayi edzi anɔ ŋusẽ dom míaƒe xɔse. Nu ka tae? Elabe ne mímekpɔ nyuie oa, míaƒe xɔse ate ŋu agbɔdzɔ. Abe ale si míekpɔe va yi enea, xɔse nye nu siwo womekpɔna o, gake kpeɖodziwo li be woli ŋutɔŋutɔ. Míate ŋu aŋlɔ nu siwo mímekpɔna o la be bɔbɔe. Ema tae Paulo yɔ xɔsemanɔamesi be, enye “nu vɔ̃ si ɖea to ɖe mí bɔbɔe.” (Heb. 12:1) Eya ta, nu kawoe míawɔ be míaƒe xɔse nagagbɔdzɔ o?—2 Tes. 1:3.

17. Nu kae míehiã be míayi edzi anɔ ŋusẽ dom míaƒe xɔse?

17 Gbã, nɔ kuku ɖem na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò. Nu ka tae? Elabe xɔse hã nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Eya ta, míehiã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be wòakpe ɖe mía ŋu míado ŋusẽ míaƒe xɔse be Eyae nye Wɔla la. Ne míebia Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, ana mí. (Luka 11:13) Míate ŋu ado gbe ɖa tẽe be: “Na míaƒe xɔse nadzi ɖe edzi.”—Luka 17:5.

18. Le Psalmo 1:2, 3 ƒe nya nua, mɔnukpɔkpɔ kae su mía si egbea?

18 Azɔ hã, nɔ Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m edziedzi. (Xlẽ Psalmo 1:2, 3.) Esime woŋlɔ psalmo sia, Israel-vi ʋɛ aɖewo si koe Mawu ƒe Se bliboa nɔ. Ke hã, segbalẽa nɔ fiawo kple nunɔlawo ya si, eye ƒe adre ɖe sia ɖea, wowɔa ɖoɖo xlẽa Sea na “ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo,” kple amedzrovi siwo le dukɔa me la siaa. (5 Mose 31:10-12) Le Yesu ƒe ŋkekea mea, ame ʋɛ aɖewo si koe Ŋɔŋlɔawo nɔ, eye ƒuƒoƒeawoe eƒe akpa gãtɔ nɔ. Gake egbea, Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo le amewo si woate ŋu axlẽ. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee nye ema. Aleke míada akpe ɖe esia ta?

19. Nu kae wòle be míawɔ be míanɔ ŋusẽ dom míaƒe xɔse?

19 Míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe Nyaa ŋu ne míesrɔ̃nɛ edziedzi. Mele be míagblɔ be ne míekpɔ vovo hafi míasrɔ̃ nu o. Ne míewɔ ɖoɖo eye míesrɔ̃a nu gbe sia gbea, míanɔ ŋusẽ dom míaƒe xɔse.

20. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

20 Míawo ya míele abe ‘xexemenunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo’ ene o, míetu míaƒe xɔse ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi. (Mat. 11:25, 26) Esi míesrɔ̃ Biblia ta, míenya nu si tae nuwo le gbegblẽm ɖe edzi le xexe sia me, kple ale si Yehowa ava ɖɔ nuwo ɖo. Eya ta, mina míaɖoe kplikpaa anɔ ŋusẽ dom míaƒe xɔse, eye míakpe ɖe ame geɖe ŋu woava xɔ Wɔlaa dzi ase. (1 Tim. 2:3, 4) Mina mí katã míayi edzi anɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me ame siwo katã le anyigbaa dzi la akafu Yehowa, eye woagblɔ nya si dze le Nyaɖeɖefia 4:11, si gblɔ be: “Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe . . . elabena wòe wɔ nuwo katã.”

HADZIDZI 2 Ŋkɔwòe Nye Yehowa

^ mm. 5 Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yehowa Mawue wɔ nuwo katã. Gake ame geɖe mexɔ nya sia dzi se o. Wogblɔna be ɖe agbe dzɔ le eɖokui si. Ne míeyi edzi do ŋusẽ ale si míexɔ Mawu kple Biblia dzi se la, woƒe nya mawo mana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ o. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse.

^ mm. 5 Le suku geɖewo la, womefiaa nu sukuviwo be Mawue wɔ nuwo o. Wogblɔna be ne wofia nu mawo le sukua, ke efia be wole ɖeviawo dzi zim be woaxɔ Mawu dzi se.

^ mm. 7 Àkpɔ nya siwo agbalẽnyala 60 kple edzivɔ, siwo dome dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo xɔ Wɔlaa dzi sea hã le la gblɔ le Index gbalẽa me. Di tanya si nye “Science,” eye le ete la nàdi tanya sue si nye “scientists expressing belief in creation” (“scientifiques partisans de la création”). Àkpɔ bubuwo le agbalẽ si nye Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo me. Di tanya si nye “Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mɔ̃ɖaŋununya,” eye nàdi tanya sue si nye “‘Gbebiame’ (Nyɔ! nyatiwo)” le ete.

^ mm. 12 Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyati si nye “Are Science and the Bible Compatible?” si dze le February 2011 ƒe Nyɔ! me (ele yevugbe me), kple nyati si nye “Nu Si Yehowa Gblɔ Ði La Vana Eme” si dze le January 1, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ me.