Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 33

Yehowa Léa Be Na Eƒe Amewo

Yehowa Léa Be Na Eƒe Amewo

“Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu.”—PS. 33:18.

HADZIDZI 4 “Yehowae Nye Kplɔlanye”

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae Yesu bia Yehowa be wòakpɔ ye yomedzelawo ta?

 LE ZÃ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mea, edo gbe ɖa bia nu vevi aɖe Fofoa si le dziƒo. Eyae nye be wòakpɔ ye yomedzelawo ta. (Yoh. 17:15, 20) Yehowa kpɔa eƒe amewo ta ɣesiaɣi eye wòléa be na wo. Ke nu ka tae Yesu gabia be Yehowa nakpɔ ye yomedzelawo ta? Elabe enyae be Satana Abosam atɔ ŋku wo vevie, eye woahiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be woate ŋu anɔ te ɖe enu.

2. Le Psalmo 33:18-20 ƒe nya nua, nu ka tae mele be míavɔ̃ ne kuxiwo va mía dzi o?

2 Xexe sia si dzi ɖum Satana lea wɔe be mí Kristotɔ vavãwo míetoa nɔnɔme sesẽ geɖe me. Egbea, míedoa go kuxi siwo tea ŋu ɖea dzi le mía ƒo eye wodoa míaƒe xɔse kpɔ gɔ̃ hã. Gake abe ale si míava kpɔe le nyati sia me enea, mele be míavɔ̃ naneke o. Yehowa ƒe ŋku le mía ŋu. Ekpɔa kuxi siwo me tom míele eye edi be yeakpe ɖe mía ŋu. Biblia me kpɔɖeŋu aɖewo na míekpɔe be “Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu”; míadzro wo dometɔ eve me.—Xlẽ Psalmo 33:18-20.

YEHOWA KPENA ÐE MÍA ŊU NE MÍETSI AKOGO

3. Nu kawoe ate ŋu ana míatsi akogo?

3 Togbɔ be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe le mía si hãa, míate ŋu ase le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be míetsi akogo. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ aɖe ate ŋu ase le eɖokui me alea ne eʋu yi hame bubu me. Nenema kee ne wobia tso sɔhɛ aɖe si be wòatɔ ɖe eƒe sukuhatiwo ŋkume aɖe eƒe dzixɔsewo me na woa, ate ŋu avɔ̃ eye wòase le eɖokui me be ye ɖeka koe le wo dome. Azɔ hã dzi ɖena le mía dometɔ aɖewo ƒo alo míeléa blanui eye ewɔna na mí be ame aɖeke meli akpe ɖe mía ŋu o. Ðewohĩ míedina be míagblɔ míaƒe kuxiwo na amewo o, elabe míesusuna be womase nu gɔme na mí o. Ɣeaɖewoɣi hãa, ate ŋu awɔ na mí be ame aɖeke metsɔ ɖe le eme na mí o. Aleke kee wòɖale o, akogotsitsi ate ŋu ana míatsi dzimaɖi eye míasusui be xɔnametɔ aɖeke meli na mí o. Gake Yehowa medi gbeɖe be míase le mía ɖokui me alea o. Nu ka tae míegblɔe nenema?

4. Nu ka tae Eliya gblɔ be: ‘Nye ɖeka koe nye nyagblɔɖila si kpɔtɔ’?

4 Bu nuteƒewɔla Eliya ŋu kpɔ: Izebel ɖoe be yeawui, eya ta enɔ sisim le enu ŋkeke 40 kple edzivɔ sɔŋ. (1 Fia. 19:1-9) Mlɔeba, Eliya va be ɖe agado aɖe me, etsi akogo, eye wògblɔ na Yehowa be: ‘Nye ɖeka koe nye nyagblɔɖila si kpɔtɔ.’ (1 Fia. 19:10) Ɣemaɣia, nyagblɔɖila bubuwo nɔ anyi hafi. Le kpɔɖeŋu me, Obadiya te ŋu ɣla nyagblɔɖila 100 ale be Izebel ƒe asi mete ŋu su wo dzi o. (1 Fia. 18:7, 13) Ke nu ka tae Eliya se le eɖokui me be yetsi akogo? Ðe wòanye be Eliya susu be nyagblɔɖila siwo Obadiya ɣla la katã kua? Ðe wòanye be le nukunu si Yehowa wɔ le Karmel Toa gbɔ megbe gɔ̃ hãa, amewo meva wɔ ɖeka kple Eliya wosubɔ Yehowa oa? Ðe Eliya se le eɖokui me be ame aɖeke menya nu si gbegbe me tom yele oa? Ðe wòanya susu be ame aɖeke metsɔ ɖe le eme na ye oa? Biblia megblɔe o. Gake míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa nya ale si tututu Eliya nɔ sesem le eɖokui me eye enya ale si wòakpe ɖe eŋu.

Ne míetsi akogoa, aleke ale si Yehowa kpe ɖe Eliya ŋu ate ŋu afa akɔ na mí? (Kpɔ memama 5-6 lia)

5. Esime Eliya tsi akogoa, nu kawoe Yehowa wɔ tsɔ kpe ɖe eŋu?

5 Yehowa kpe ɖe Eliya ŋu le mɔ geɖe nu. Ede dzi ƒo nɛ be wòagblɔ nu si le fu ɖem nɛa na ye. Ebia Eliya zi eve sɔŋ be: “Nu ka wɔm nèle le afi sia?” (1 Fia. 19:9, 13) Esia na Eliya gblɔ eƒe dzimenyawo eye Yehowa ɖo to see. Eyome Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ fia Eliya eye wòka ɖe edzi nɛ be yeli kplii. Azɔ hã Yehowa ɖee fia Eliya be Israel-vi geɖewo li siwo hã le ye subɔm. (1 Fia. 19:11, 12, 18) Ðikeke mele eme o be, esi Eliya gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowaa, nya siwo Yehowa gblɔ nɛ kple ale si wòwɔ nu ɖe eŋua na eƒe dzi dze eme. Tsɔ kpe ɖe eŋua, Yehowa de dɔ vevi aɖewo asi na Eliya. Ebia tso esi be wòasi ami na Hazael wòazu fia ɖe Siria dzi, wòasi ami na Yehu wòazu fia ɖe Israel dzi eye wòasi ami na Elisa wòazu nyagblɔɖila. (1 Fia. 19:15, 16) Dɔ siawo na Eliya ƒe susu va nɔ nu nyuiwo ŋu. Azɔ hã Mawu na xɔlɔ̃ nyui aɖee; eyae nye Elisa. Ne èse le ɖokuiwò me be yetsi akogoa, aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe?

6. Ne ètsi akogoa, nu kawo ŋue nàte ŋu ado gbe ɖa tsoe? (Psalmo 62:8)

6 Yehowa kpe wò be nàdo gbe ɖa na ye. Ekpɔa nu siwo me tom nèle eye eka ɖe edzi na wò be ɣesiaɣi si nàdo gbe ɖa na yea, yeasee. (1 Tes. 5:17) Edzɔa dzi nɛ be yeaɖo to ye subɔlawo ƒe gbedodoɖawo. (Lod. 15:8) Ne èse le ɖokuiwò me be yetsi akogoa, nu kawo ŋue nàte ŋu ado gbe ɖa tsoe? Àte ŋu ado gbe ɖa agblɔ wò dzimenyawo katã na Yehowa, abe ale si Eliya wɔe ene. (Xlẽ Psalmo 62:8.) Gblɔ nu siwo me tom nèle kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò me nɛ eye nàbiae be wòakpe ɖe ŋuwò. Le kpɔɖeŋu me, ne wò ɖeɖe koe nye Ðasefo le wò sukuhatiwo dome eye nèvɔ̃na be yeaɖe yeƒe dzixɔsewo me na woa, do gbe ɖa na Yehowa be wòana dzi nanɔ ƒowò eye nànya ale si nàɖe nu me na wo tufafatɔe. (Luka 21:14, 15) Ne èlé blanui alo dzi ɖe le ƒowòa, bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖo dze tso eŋu na nɔvi aɖe si tsi le xɔse me. Àte ŋu abiae be wòana nɔvia nase nu gɔme na ye. Gblɔ wò dzimenyawo katã na Yehowa. De dzesi ale si wòɖo wò gbedodoɖawo ŋui eye nàlɔ̃ faa amewo nakpe ɖe ŋuwò. Ne èwɔe alea, wò dzi adze eme eye màgatsi akogo fũu o.

Ðe nèdzea agbagba be yeawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa mea? (Kpɔ memama 7 lia)

7. Nu kae nèsrɔ̃ tso Mauricio gbɔ?

7 Yehowa de dɔ vevi aɖe asi na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Àte ŋu aka ɖe edzi be edea dzesi agbagba siwo nèdzena le hamea kple subɔsubɔdɔa me, eye edzea eŋu. (Ps. 110:3) Ne èku kutri wɔ dɔ na Yehowaa, aleke esia akpe ɖe ŋuwò be màgatsi akogo o? Bu nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Mauricio ŋu kpɔ. * Esi wòxɔ nyɔnyrɔ megbe kpuiea, exɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe va nɔ tatram ɖa le nyateƒea gbɔ. Egblɔ be: “Esi xɔ̃nyea va nɔ tatramaa, dzi ɖe le ƒonye, ewɔ nam be nyemate ŋu awɔ nye adzɔgbeɖeɖea dzi ayi edzi anɔ Yehowa ƒe ƒomea me o. Metsi akogo eye ewɔ nam be ame aɖeke mate ŋu ase nye nɔnɔmea gɔme nam o.” Nu kae kpe ɖe Mauricio ŋu? Egblɔ be: “Mewɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye esia kpe ɖe ŋunye meɖe susu ɖa le ɖokuinye kple nye seselelãmewo ŋu. Dɔwɔwɔ kple nɔviwo le gbeadzi na mekpɔ dzidzɔ eye nyemegatsi akogo fũu o.” Ne manya wɔ be míado go ŋutɔŋutɔ kple mía nɔviwo ayi gbeadzi o hãa, míate ŋu ato mɔnu bubuwo abe telefon alo lɛtaŋɔŋlɔ ene dzi aɖi ɖase na amewo. Dɔwɔwɔ kpli wo alea ado ŋusẽ mí ŋutɔ. Nu bubu kae Mauricio wɔ? Egblɔ be: “Mewɔ geɖe le hamea me. Ne wode dɔ aɖe asi namaa, medzrana ɖo ɖe eŋu nyuie eye mewɔnɛ nyuie. Dɔdeasi siawo na mekpɔe be Yehowa dea asixɔxɔ ŋunye eye nɔviwo hã kpɔa dzidzɔ ɖe ŋunye.”

YEHOWA KPENA ÐE MÍA ŊU NE DODOKPƆ SESẼWO VA MÍA DZI

8. Ne dodokpɔ sesẽwo va mía dzia, aleke míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi?

8 Esi míele ŋkeke mamlɛawo me taa, míenya be dodokpɔwo ava mía dzi. (2 Tim. 3:1) Gake dodokpɔ sesẽ aɖewo tea ŋu vaa mía dzi esi míele mɔ kpɔm nɛ o. Ate ŋu adzɔ be gbe ɖeka kple eƒe zãdodo ko ganyawo nasesẽ na mí, míadze dɔ vevie alo míaƒe ame vevi aɖe naku. Ne edzɔ alea, míate ŋu atsi dzimaɖi eye dzi naɖe le mía ƒo, vevietɔ ne dodokpɔawo tri ɖe enu alo wova mía dzi le ɣeyiɣi ɖeka me. Gake ɖo ŋku edzi be Yehowa ƒe ŋku le mía ŋu eye akpe ɖe mía ŋu míado dzi ato dodokpɔ ɖe sia ɖe me.

9. Dodokpɔ sesẽ kawoe va Hiob dzi?

9 Bu ale si Yehowa kpe ɖe nuteƒewɔla Hiob ŋua ŋu kpɔ. Dodokpɔ sesẽwo va edzi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Le ŋkeke ɖeka pɛ mea, wofi eƒe lãhawo eye ɖewo ku, eƒe subɔviwo ku, eye vɔ̃ɖitɔea, via lɔlɔ̃awo hã ku. (Hiob 1:13-19) Emegbe kpuiea, dɔ vɔ̃ɖi aɖe ƒo ɖe eƒe ŋutilã katã si na wòse veve vevie. (Hiob 2:7) Nu siwo dzɔ ɖe Hiob dzi na wògblɔ be: “Menyɔ ŋu nye agbe; nyemegadi be manɔ agbe o.”—Hiob 7:16.

Yehowa ƒo nu tso ale si wòléa be na eƒe nuwɔwɔwo ŋu na Hiob tsɔ ka ɖe edzi nɛ be yelɔ̃e eye yeayi edzi alé be nɛ (Kpɔ memama 10 lia)

10. Esi dodokpɔ sesẽwo va Hiob dzia, aleke Yehowa kpe ɖe eŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

10 Yehowa lɔ̃ Hiob eye eƒe ŋku nɔ eŋu, taa ekpe ɖe eŋu wòdo dzi le nɔnɔme sesẽ siwo va edzi me. Yehowa ƒo nu kple Hiob heɖo ŋku edzi nɛ be yeƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta eye yelɔ̃ yeƒe nuwɔwɔwo. Eƒo nu tso lã klitsu vovovowo ŋu. (Hiob 38:1, 2; 39:9, 13, 19, 27; 40:15; 41:1, 2) Azɔ hã, Yehowa zã esubɔla Elihu wòdo ŋusẽ Hiob eye wòfa akɔ nɛ. Elihu ka ɖe edzi nɛ be Yehowa ɖoa esubɔlawo ƒe dzidodo teƒe na wo ɣesiaɣi. Yehowa na Elihu ɖo aɖaŋu aɖewo hã na Hiob lɔlɔ̃tɔe. Eɖo aɖaŋu nɛ be wòagabu eɖokui ŋu fũu o, ke boŋ wòaɖo ŋku ale si gbegbe wòle sue le Yehowa, xexea katã Wɔlaa, ŋkume la dzi. (Hiob 37:14) Azɔ hã Yehowa de dɔ asi na Hiob be wòado gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo ta. (Hiob 42:8-10) Ne dodokpɔ sesẽwo va mía dzia, aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu?

11. Aleke Biblia me nyawo faa akɔ na mí ne dodokpɔ sesẽwo va mía dzi?

11 Egbea, Yehowa meƒoa nu na mí tẽe abe ale si wòwɔe na Hiob ene o, ke boŋ eƒoa nu na mí to eƒe Nya, Biblia dzi. (Rom. 15:4) Edo etsɔme nyui aɖe ƒe ŋugbe na mí le Biblia me be yeatsɔ afa akɔ na mí. Esia doa ŋusẽ mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa do ŋugbe na mí be dodokpɔ sesẽwo alo nu bubu aɖeke ‘mate ŋu ama mí ɖa tso yeƒe lɔlɔ̃ gbɔ o.’ (Rom. 8:38, 39) Eka ɖe edzi na mí hã be ‘yetsɔ ɖe ame siwo katã doa gbe ɖa yɔa ye la gbɔ.’ (Ps. 145:18) Egblɔ na mí be ne míeɖo ŋu ɖe ye ŋua, míate ŋu ado dzi le dodokpɔ ɖe sia ɖe me eye míakpɔ dzidzɔ ne míele fu kpem hã. (1 Kor. 10:13; Yak. 1:2, 12) Mawu ƒe Nyaa ɖoa ŋku edzi na mí be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu koe míaƒe xaxawo nye ne míetsɔ wo sɔ kple agbe mavɔ si Mawu ana mí. (2 Kor. 4:16-18) Yehowa ka ɖe edzi na mí be yeava ɖe Satana Abosam kple ame vɔ̃ɖi siwo nana míekpea fu la ɖa keŋkeŋ. (Ps. 37:10) Ðe nèlé mawunyakpukpui aɖewo ɖe susu me be woakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le dodokpɔ sesẽwo mea?

12. Nu kae Yehowa di be míawɔ be eƒe Nyaa naɖe vi na mí bliboe?

12 Yehowa di be míadi ɣeyiɣi anɔ Biblia srɔ̃m edziedzi eye míade ŋugble le nu si míesrɔ̃ ŋu. Ne míewɔna ɖe nu siwo míesrɔ̃ dzia, awɔe be míatsi le xɔse me eye míagate ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu geɖe wu. Esia doa ŋusẽ mí be míado dzi le dodokpɔ sesẽwo me. Azɔ hã Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo nana eƒe Nyaa fiaa mɔ wo. Eƒe gbɔgbɔa ate ŋu ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la mí be míate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me.—2 Kor. 4:7-10.

13. Aleke nu siwo kluvia naa mí be woado ŋusẽ míaƒe xɔse la kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi?

13 Yehowa le kpekpem ɖe “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ŋu be wòana nyatiwo, videowo kple hawo mí le agbɔsɔsɔ me, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Nu siawo kpena ɖe mía ŋu be míado ŋusẽ míaƒe xɔse eye míanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli. (Mat. 24:45) Ele be míawɔ wo ŋu dɔ nyuie be woaɖe vi na mí. Nyitsɔ laa, nɔvinyɔnu aɖe si tso Amerika la da akpe ɖe nu nyui siwo Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi na mí la ta. Egblɔ be: “Mele Yehowa subɔm ƒe 40 ye nye esia, eye nu geɖewo dzɔ siwo do nye xɔse kpɔ.” Nɔvinyɔnua to dodokpɔ sesẽwo me. Ŋutsu aɖe si mu aha ku ʋu va lɔ tɔgbuia wòku, edzilawo dze dɔ vɔ̃ɖi aɖe eye woku, eye wokpɔ kansadɔ le eya ŋutɔ hã ŋu zi eve sɔŋ. Nu kae kpe ɖe mía nɔvia ŋu wòdo dzi? Egblɔ be: “Yehowa léa be nam ɣesiaɣi. Gbɔgbɔmenuɖuɖu si wònaa mí to kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa dzi la le kpekpem ɖe ŋunye mele dzi dom. Eya ta mate ŋu agblɔ abe Hiob ene be: ‘Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu va se ɖe esime maku o!’”—Hiob 27:5.

Aleke míate ŋu akpe ɖe nɔviwo ŋu le hamea me? (Kpɔ memama 14 lia)

14. Aleke Yehowa toa mía nɔvi Kristotɔwo dzi kpena ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom? (1 Tesalonikatɔwo 4:9)

14 Yehowa naa hehe eƒe amewo be woalɔ̃ wo nɔewo eye woafa akɔ na wo nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom. (2 Kor. 1:3, 4; xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 4:9.) Abe Elihu enea, mía nɔviwo lɔ̃na faa be yewoakpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔ Yehowa ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. (Dɔw. 14:22) Bu Nɔvinyɔnu Diane ŋu kpɔ: Hamea me tɔwo de dzi ƒo nɛ eye wokpe ɖe eŋu be wòayi edzi asẽ le xɔse me esime srɔ̃a dze dɔ vevie. Egblɔ be: “Nuwo menɔ bɔbɔe na mí kura o. Gake Yehowa megblẽ mí ɖi o, ekpɔ mía ta eye wòlé be na mí. Nɔviawo hã kpe ɖe mía ŋu; wova srã mí kpɔ, woƒo ka na mí eye wokpla asi kɔ na mí. Esi nyemenya ʋukuku o taa, wowɔ ɖoɖo va kɔam yia kpekpeawo kple gbeadzi.” Vavãe, edzɔa dzi na mí ŋutɔ be nɔviwo le mía si le hamea me siwo lɔ̃ mí vevie.

DA AKPE ÐE YEHOWA ƑE BELÉNAME TA

15. Nu ka tae míeka ɖe edzi be míate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me?

15 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ato nɔnɔme sesẽwo me godoo. Gake abe ale si míesrɔ̃e enea, Yehowa magblẽ mí ɖi míawo ɖeɖe míato eme o. Enye mía Fofo si lɔ̃ mí eye eƒe ŋku le mía ŋu. Etsɔ mía gbɔ eye ele klalo be yeakpe ɖe mía ŋu ne míeyɔ ye. (Yes. 43:2) Míeka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míato nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me, elabe ena nu sia nu si hiã be míado dzi la mí. Ena mɔnukpɔkpɔa mí be míado gbe ɖa na ye, ena Biblia kple nu geɖe mí be woado ŋusẽ míaƒe xɔse eye ena mía nɔviwo hã mí be woakpe ɖe mía ŋu le xaxaɣiwo.

16. Nu kawoe míate ŋu awɔ be Yehowa nayi edzi alé be na mí?

16 ‘Míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ’ be Fofo lɔ̃ame aɖe le mía si le dziƒo si ƒe ŋkuwo le mía ŋu eye wòléa be na mí. (Ps. 33:21) Míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe ale si wòle be lém na míi ŋu ne míewɔ nu siwo katã wòna mí la ŋu dɔ nyuie. Mina míaku kutri aɖo to Yehowa Mawu eye míawɔ nu si sɔ le eŋkume ɣesiaɣi. Ekema, eƒe ŋku anɔ mía ŋu tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me!—1 Pet. 3:12.

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye

^ Míehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu hafi míate ŋu anɔ te ɖe kuxi siwo míedoa goe egbea nu. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋku le eƒe amewo ŋu be yeakpɔ wo ta. Míava kpɔe be edea dzesi nɔnɔme sesẽ siwo me tom mía dometɔ ɖe sia ɖe le, eye ekpena ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe wo nu.

^ Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.