Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Srɔ̃wò Kpɔa Amamaɖeɖe Ƒe Nuwɔnawo

Ne Srɔ̃wò Kpɔa Amamaɖeɖe Ƒe Nuwɔnawo
  • “Mese le ɖokuinye me be srɔ̃nye wɔ ahasi zi gbɔ zi geɖe.”

  • “Mese le ɖokuinye me be woɖi gbɔm, nye nu meganyoa ame ŋu o, eye viɖe aɖeke megale ŋunye o.”

  • “Nye ɖeka melé blanui vevie. Nyemete ŋu gblɔ nu si gbegbe me meto la na ame aɖeke o.”

  • “Mese le ɖokuinye me be Yehowa metsɔ ɖeke le eme nam o.”

Nya siawo ɖe ale si gbegbe srɔ̃nyɔnu kpea fui ne srɔ̃a kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo. a Eye ne srɔ̃ŋutsua le nu mawo kpɔm le bebe me ɖewohĩ ɣleti geɖe alo ƒe geɖee nye emaa, srɔ̃a ate ŋu ase le eɖokui me be yemagate ŋu aka ɖe edzi o. Srɔ̃nyɔnu aɖe gblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be nyemenya srɔ̃nyea kura o.” Ebia eɖokui be, “Ðe wòanya ɣla nu bubu aɖewo hã ɖema?”

Wotrɔ asi le nyati sia ŋu na srɔ̃nyɔnu si srɔ̃ kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo. b Biblia me gɔmeɖose siwo le nyati sia me afa akɔ na srɔ̃nyɔnua, ana wòaka ɖe edzi be Yehowa li kplii, eye wòakpe ɖe eŋu eƒe dzi nadze eme wòayi edzi aku ɖe Yehowa ŋu. c

NU KAE SRƆ̃TƆ SI MEÐI FƆ OA ATE ŊU AWƆ?

Togbɔ be màte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nu sia nu si wɔm srɔ̃wò le dzi o hãa, àte ŋu aɖe afɔ siwo ana wò dzi nadze eme. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

Mègabu fɔ ɖokuiwò o. Srɔ̃nyɔnu ate ŋu ase le eɖokui me be ye gbɔe wòtso be ye srɔ̃ le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm. Alice d se le eɖokui me be yeƒe nu meganyo ye srɔ̃ ŋu o. Ebia eɖokui be, ‘Nu kae le nyɔnu mawo ŋu si srɔ̃nye lɔ̃a kpɔkpɔ si mele nye ya ŋunye o?’ Srɔ̃nyɔnu aɖewo bua fɔ wo ɖokuiwo; wosusuna be ale si yewowɔa nu ɖe yewo srɔ̃ ŋu le eƒe nuwɔnaa ta na nuwo le gbegblẽm ɖe edzi. Danielle gblɔ be, “Srɔ̃nye ƒe nuwɔnaa gbã dzi nam ale gbegbe be meva zu dzikume eye mese le ɖokuinye me be esia na nye kple srɔ̃nye dome nɔ gbegblẽm ɖe edzi.”

Ne aleae nèsena le ɖokuiwò mea, nyae be Yehowa mabu fɔ wò le nu si wɔm srɔ̃wò lea ta o. Yakobo 1:14 gblɔ be: “Nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ.” (Rom. 14:12; Flp. 2:12) Ka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ wò nuteƒewɔwɔ ŋu, eye mebui be gbɔwòe vodadaa tso o.—2 Kron. 16:9.

Srɔ̃nyɔnu ate ŋu ase le eɖokui me be esi yemedze tugbe o tae ye srɔ̃ lɔ̃a amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ. Gake menye nenemae kura o. Agbalẽnyala siwo ku nu me tso nya sia ŋu gblɔ be, amamaɖeɖenuwɔnawo ƒãa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro sẽŋu ɖe ŋutsu siwo kpɔa wo me, si wɔnɛ be nyɔnu aɖeke mate ŋu aɖi kɔ na wo o.

Mègatsi dzimaɖi fũu akpa o. Catherine gblɔ be ye srɔ̃ ƒe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ wɔe be yede vovo ge le agbe me do kpoe. Frances gblɔ be: “Ɣesiaɣi si nyemenya afi si srɔ̃nye le oa, metsia dzimaɖi vevie. Metsia dzodzodzoe ŋkeke bliboa.” Srɔ̃nyɔnu aɖewo hã gblɔ be ŋu kpea yewo ne yewole nɔvi siwo nya nu tso yewo srɔ̃ ƒe kuxia ŋua dome. Srɔ̃nyɔnu bubuwo hã gblɔ be yewotsia akogo elabe wosusu be ame aɖeke mese nu si me tom yewolea gɔme o.

Ne edzɔ alea, seselelãme siawo tea ŋu vana. Gake ne èzã wò ɣeyiɣiwo katã le wo ŋu bumaa, ɖeko wòana nàgatsi dzimaɖi ɖe edzi. Dze agbagba nàna wò susu nanɔ ƒomedodo si le wò kple Yehowa domea dzi. Esia ado ŋusẽ wò be nàdo dzi.—Ps. 62:2; Ef. 6:10.

Biblia ƒo nu tso nyɔnu aɖewo siwo dzi nu te ɖo eye wokpɔ akɔfafa esi wodo gbe ɖa gblɔ woƒe dzimenya na Yehowa ŋu. Àte ŋu axlẽ woƒe ŋutinyawo ade ŋugble le wo ŋu eye esia aɖe vi na wò. Togbɔ be Yehowa meɖe woƒe kuxia ɖa o hãa, ena woƒe dzi dze eme. Le kpɔɖeŋu me, Hana “nɔ nu xam vevie” le kuxi si me tom wòlea ta. Ke hã esi ‘wòdo gbe ɖa na Yehowa ɣeyiɣi didi aɖea,’ eƒe dzi dze eme, togbɔ be menya ale si nuwo ava yi o hã.—1 Sam. 1:10, 12, 18; 2 Kor. 1:3, 4.

Ate ŋu ava hiã be atsu kple asia nabia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ

Bia hamemetsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu. Wole abe “sitsoƒe tso ya nu kple bebeƒe tso tsidzadza gã nu ene.” (Yes. 32:2) Woate ŋu akafu nɔvinyɔnu aɖe na wò, si dzi nàte ŋu aka ɖo agblɔ wò dzimenyawo na eye wòafa akɔ na wò.—Lod. 17:17.

ÐE NÀTE ŊU AKPE ÐE EŊUA?

Ðe nàte ŋu akpe ɖe srɔ̃wò ŋu be wòadzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔa? Ðewohĩ. Biblia gblɔ be, “ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka,” elabe anɔ bɔbɔe be ame eve nakpɔ kuxi aɖe gbɔ alo akpe futɔ sẽŋu aɖe dzi wu ame ɖeka. (Nyagb. 4:9-12) Numekuku ɖee fia be ne srɔ̃tɔwo wɔ nu aduadua, enɔa bɔbɔe na ame si ŋu kuxia le be wòaɖu numame gbegblẽa dzi eye srɔ̃a nagaka ɖe edzi ake.

Le nyateƒe mea, ne srɔ̃wòa ŋutɔ di vevie be yeadzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ eye wòɖoe kplikpaa be yeawɔ nu sia nu si hiã ko hafi nàte ŋu akpe ɖe eŋu. Ðe wòɖe kuku na Yehowa be wòado ŋusẽ yea? Ðe wòbia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔa? (2 Kor. 4:7; Yak. 5:14, 15) Ðe wòɖe afɔ aɖewo be yeatsɔ akpɔ ye ɖokui ta? Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòɖo seɖoƒewo na ale si wòazã eƒe elektrɔnikmɔ̃wo, eye wòƒoa asa na nɔnɔme siwo akplɔe ade nu mawo kpɔkpɔ mea? (Lod. 27:12) Ðe wòlɔ̃ faa be nàkpe ɖe ye ŋu eye wòkɔa dzi me toa nyateƒe na wòa? Ne nenemae la, ke anɔ eme be àte ŋu akpe ɖe eŋu.

Le mɔ ka nu? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Felicia ɖe Ethan, si amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ zu numame na tso ɖevime ke. Felicia na wòle bɔbɔe na Ethan be wòate ŋu aƒo nu tso eŋu ɣesiaɣi si wòdzroe be wòakpɔ nu mawo. Ethan gblɔ be: “Metea ŋu ƒoa nu tso eŋu na srɔ̃nye faa. Ekpena ɖe ŋunye meƒoa asa na nɔnɔme siwo awɔe be magava nɔ nu mawo kpɔm, eye ebiaa ale si nuwo le yiyim enuenu. Ekpena ɖe ŋunye hã be menɔa ŋudzɔ vevie ɖe ale si mezãa Internet la ŋu.” Le nyateƒe mea, Ethan ƒe kuxia tena ɖe Felicia dzi ŋutɔ. Gake Felicia gblɔ be: “Ne mese veve eye medo dziku ɖe eŋua, mekpena ɖe eŋu wòte ŋu ɖua kuxia dzi o. Esi nye kplii míeɖo dze tso kuxia ŋua, ewɔe be mete ŋu gblɔ ale si eƒe nuwɔnaa nana mesena le ɖokuinye mea nɛ, eye esia na wòɖoe kplikpaa be yeaɖu numame gbegblẽ ma dzi ale be magate ŋu aka ɖe ye dzi.”

Dzeɖoɖo mawo tɔgbi ate ŋu akpe ɖe srɔ̃ŋutsu ŋu be wòaƒo asa na amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ eye akpe ɖe srɔ̃a hã ŋu be wòagaka ɖe edzi. Le nyateƒe mea, ne srɔ̃ŋutsu kɔa dzi me gblɔa afi si yim wòle kple nu si wɔm wòle na srɔ̃a, eye wònana srɔ̃a nyana ɣesiaɣi si wòdzroe be yeakpɔ nu mawoa, anɔ bɔbɔe na srɔ̃a be wòaka ɖe edzi elabe akpɔe be megale naneke ɣlam ɖe ye o.

Ðe nèkpɔe be ye hã yeate ŋu akpe ɖe ye srɔ̃ ŋu le mɔ ma tɔgbi nua? Ne nenemae la, ɖe manyo be miadzro nyati sia me ɖekae oa? Ele be srɔ̃wòa naɖoe eƒe taɖodzinu be yeadzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ eye wòaɖoe kplikpaa be yeawɔ nu siwo ana nàgaka ɖe ye dzi. Mele be wòado dziku ne èdi be miaɖo dze tso kuxia ŋu o, ke boŋ ele be wòase egɔme be yeƒe nuwɔnaa le nu gblẽm le ŋuwò. Ðoe wò taɖodzinu be yeakpe asi ɖe eŋu esi wòle agbagba dzem be yeaɖu numame gbegblẽ ma dzi eye nàɖe mɔ wòawɔ nu siwo ana nàgaka ɖe edzi. Ele be mi ame evea miaku nu me tso nu si nana amewo dina be yewoakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu, eye miaxlẽ nu tso ale si amewo wɔ te ŋu ɖu kuxi ma dzi hã ŋu. e

Ne èle vɔvɔ̃m be dzeɖoɖo tso nya sia ŋu kplii ava zu dzrea, ke miate ŋu abia hamemetsitsi aɖe si dzi mi ame evea mieka ɖo be wòanɔ mia dome ne miele dze ɖom tso eŋu va se ɖe esime dzeɖoɖo tso eŋu magazu dzre na mi o. Ðo ŋku edzi be ne srɔ̃wò va ɖu numame ma dzi gɔ̃ hãa, ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi nàgate ŋu aka ɖe edzi bliboe. Mègana ta o. De dzesi ale si mia dome le nyonyom vivivii. Ka ɖe edzi be ne ɣeyiɣia va le yiyim eye mieyi edzi gbɔ dzi ɖi na mia nɔewoa, ʋɛʋɛʋɛa, nuwo aɖɔ ɖo le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me.—Nyagb. 7:8; 1 Kor. 13:4.

KE NE KUXIA GAKPƆTƆ LI ÐE?

Ne srɔ̃wò dzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ɣeyiɣi aɖe, gake wògakpɔe akea, ɖe wòfia be metrɔ dzi me o alo edo kpo nua? Mefia nenema kokoko o. Ne numame wònye nɛa, ate ŋu adzɔ be wòawɔ avu kplii eƒe agbemeŋkekewo katã. Eye ne ete ŋu dzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe geɖe hãa, ate ŋu adzɔ be wòagakpɔe ake. Be esia nagadzɔ ɖe edzi oa, ele be wòaɖe afɔ vevi bubuwo atsɔ anɔ eɖokui ta kpɔm eye wòanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi, ne edze abe ete ŋu ɖu numame ma dzi keŋkeŋ gɔ̃ hã. (Lod. 28:14; Mat. 5:29; 1 Kor. 10:12) Ahiã be wòatrɔ eƒe “tamesusu ƒe nɔnɔme” keŋkeŋ eye ‘wòatsri nu vɔ̃ɖi’ si nye amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ kple ameɖokuigbɔdɔdɔ kpakple nuwɔna makɔmakɔ siwo do ƒome kplii. (Ef. 4:23; Ps. 97:10; Rom. 12:9) Ðe wòle klalo be yeaɖe afɔ siawoa? Ne nenemaea, ke anya wɔ be wòava ɖu numame ma dzi keŋkeŋ. f

Na wò susu nanɔ ƒomedodo si le wò kple Yehowa domea ŋu

Ke ne srɔ̃wòa medi be yeawɔ naneke tso eƒe nɔnɔmea ŋu o ɖe? Ne edzɔ alea, dzi ate ŋu aɖe le ƒowò, àva nɔ sesem le ɖokuiwò me enuenu be mewɔ nuteƒe na ye o, eye nàdo dziku gɔ̃ hã. Dro wò dzimaɖitsitsiwo ɖe Yehowa dzi. Esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wò dzi nadze eme. (1 Pet. 5:7) Lé fɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃, gbedodoɖa kple ŋugbledede ŋu be nàyi edzi ate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Ne èwɔe alea, ka ɖe edzi be Yehowa hã ate ɖe ŋuwò. Abe ale si Yesaya 57:15 gblɔe enea, Yehowa li kple ‘ame siwo ƒe dzi gbã kple ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi’ be yeakpe ɖe wo ŋu woagakpɔ dzidzɔ ake. Dze agbagba nàyi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe. Di kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ. Eye nàyi edzi anɔ mɔ kpɔm be gbe ɖekaa, srɔ̃wòa atrɔ.—Rom. 2:4; 2 Pet. 3:9.

a Nya “amamaɖeɖenuwɔnawo” fia nu sia nu si ŋu wotrɔ asi le be wòanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me. Woate ŋu anye video, foto, agbalẽ, alo odio.

b Le nyati sia mea, míatsɔe be srɔ̃ŋutsuae le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm. Gake gɔmeɖose siwo le nyatia me aɖe vi na srɔ̃ŋutsu si srɔ̃ kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo.

c Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ, menye nu si dzi woanɔ te ɖo agbe srɔ̃ wòasɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o.—Mat. 19:9.

d Míetrɔ ŋkɔawo.

e Àkpɔ nyatakaka geɖe ku ɖe nya sia ŋu le jw.org kple míaƒe agbalẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyati si nye “Amamaɖeɖenuwɔnawo Kpɔkpɔ Ate Ŋu Agblẽ Wò Srɔ̃ɖeɖe Me” si le jw.org; “Àte Ŋu Aɖu Tetekpɔ Dzi!” si dze le April 1, 2014, ƒe Gbetakpɔxɔ me axa 10-12; kple “Ðe Afɔku Le Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ Mea?” si dze le August 1, 2013, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 3-7.

f Esi amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ tea ŋu va nyea numame si dzi menya ɖuna bɔbɔe o taa, atsu kple asi aɖewo tianae be yewoava kpɔ ɖɔkta siwo kpɔa nya mawo gbɔ, tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋu si nam hamemetsitsiwo le woa ŋu.