Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃nyati 34

Srɔ̃ Nu Tso Biblia Me Nyagblɔɖiwo Me

Srɔ̃ Nu Tso Biblia Me Nyagblɔɖiwo Me

“Ame siwo si gɔmesese deto le la ase egɔme.”—DAN. 12:10.

HADZIDZI 98 Ŋɔŋlɔawo—Wotso Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Me

NYA VEVIAWO a

1. Nu kae nàwɔ be Biblia me nyagblɔɖiwo sɔsrɔ̃ nadzɔ dzi na wò?

 “MELƆ̃ Biblia me nyagblɔɖiwo sɔsrɔ̃.” Nya siae nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Ben gblɔ. Ðe wò hã èlɔ̃ Biblia me nyagblɔɖiwoa? Alo ɖe nèsusuna be Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmesese sesẽ akpa? Ke ɖe wòɖoa kuvia na wò be nàsrɔ̃ Biblia me nyagblɔɖiwoa? Aleke kee wòɖale o, ne èva nya susu si tae Yehowa na woŋlɔ nyagblɔɖiwo ɖe eƒe Nyaa mea, wo sɔsrɔ̃ adzɔ dzi na wò.

2. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Le nyati sia mea, míadzro nu si tae wòle be míasrɔ̃ Biblia me nyagblɔɖiwo kple ale si míasrɔ̃ wo me. Azɔ hã míadzro nyagblɔɖi eve me le Daniel ƒe agbalẽa me, eye míakpɔ ale si wo gɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋu fifia.

NU KA TAE WÒLE BE MÍASRƆ̃ BIBLIA ME NYAGBLƆÐIWO?

3. Nu kae wòhiã be míawɔ ne míedi be míase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme?

3 Be míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmea, ahiã be woakpe ɖe mía ŋu. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be èle mɔ zɔm yina teƒe aɖe si mènya o, gake xɔ̃wò aɖe si le mɔa zɔm kpli wò ya nya teƒea nyuie. Enya afi si tututu mieɖo kple afi si mɔ vovovoawo ɖo tae. Ðikeke mele eme o be dzi adzɔ wò ŋutɔ be xɔ̃wòa lɔ̃ faa be yeayi kpli wò! Yehowa le abe xɔ̃wo ma ene; enya ɣeyiɣi si me míele kple nu siwo ava dzɔ le etsɔmea nyuie. Eya ta be míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmea, ehiã be míabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ɖokuibɔbɔtɔe.—Dan. 2:28; 2 Pet. 1:19, 20.

Biblia me nyagblɔɖiwo sɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu (Kpɔ memama 4 lia)

4. Nu ka tae Yehowa na woŋlɔ nyagblɔɖiwo ɖe eƒe Nyaa me? (Yeremiya 29:11) (Kpɔ fotoa hã.)

4 Abe ale si dzila nyui ɖe sia ɖe dina enea, Yehowa di be ye viwo nakpɔ dzidzɔ eye etsɔme nanyo na wo. (Xlẽ Yeremiya 29:11.) Ŋutete mele amegbetɔwo si be woagblɔ etsɔme ɖi o, gake Yehowa ya ate ŋu agblɔ etsɔme ɖi wòava eme pɛpɛpɛ. Yehowa na woŋlɔ nyagblɔɖiwo ɖe eƒe Nyaa me ale be míanya nu ɖedzesi siwo gbɔna dzɔdzɔ ge hafi woava dzɔ. (Yes. 46:10) Biblia me nyagblɔɖiwo nye nunana vevi aɖe tso mía Fofo si le dziƒo gbɔ. Gake aleke nàwɔ aka ɖe edzi bliboe be nya siwo Biblia gblɔ ɖia ava eme ŋutɔŋutɔ?

5. Nu kae sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ tso Max ƒe kpɔɖeŋua me?

5 Zi geɖea, ame siwo dome mía viwo nɔna le suku dometɔ geɖe medea bubu Biblia ŋu o. Woƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo ate ŋu aƒã ɖikeke ɖe mía viwo ƒe susu me. Bu nu si me nɔviŋutsu Max toa ŋu kpɔ. Egblɔ be, “Esi menɔ nye ƒewuiwo mea, meva nɔ ɖi kem nenye be subɔsubɔ si me dzinyelawo lea ye nye vavãtɔ, eye nyemeka ɖe edzi be Biblia tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me o.” Nu kae edzilawo wɔ? Egblɔ be, “Wowɔ nu le tufafa me, togbɔ be menya be wotsi dzi hã.” Max dzilawo zã Biblia tsɔ ɖo eƒe nyawo ŋu nɛ. Max ŋutɔ hã ɖe afɔ aɖewo. Egblɔ be, “Nye ŋutɔ mesrɔ̃ Biblia me nyagblɔɖiwo, eye medzro nu siwo mesrɔ̃ me kple sɔhɛ bubuawo le hamea me.” Nu kae do tso eme? Max gblɔ be, “Esi meɖe afɔ siawoa, meva ka ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso!”

6. Nu kae wòle be nàwɔ ne ɖikeke ɖo mewò, eye nu ka tae?

6 Ne ele esesẽm na wò be nàka ɖe edzi be Biblia me nyawo nye nyateƒe abe ale si wòdzɔ ɖe Max dzi enea, megakpe ŋu na wò kura o. Gake ele vevie be nàwɔ nane tso eŋu. Ðikeke le abe ɣebia ene. Ne èŋe aɖaba ƒu edzia, ate ŋu agblẽ wò nu veviwo dome. Be nàte ŋu aɖe ɖikeke si ate ŋu agblẽ nu le wò xɔse ŋu ɖa la, ahiã be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe mexɔ nu si Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu dzi sea?’ Ne mèxɔe se tututu oa, ke ehiã be nàsrɔ̃ Biblia me nyagblɔɖi siwo va eme xoxo. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

ALE SI NÀWƆ ASRƆ̃ BIBLIA ME NYAGBLƆÐIWO

Be míaka ɖe Yehowa dzi abe Daniel enea, ele be míabɔbɔ mía ɖokui eye míatsɔ susu nyui asrɔ̃ Biblia me nyagblɔɖiwo, aku nu me tsitotsito (Kpɔ memama 7 lia)

7. Kpɔɖeŋu kae Daniel ɖo le ale si míasrɔ̃ nyagblɔɖiwoe me? (Daniel 12:10) (Kpɔ fotoa hã.)

7 Daniel ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi ku ɖe ale si wòle be míasrɔ̃ Biblia me nyagblɔɖiwoe ŋu. Susu nyui nɔ Daniel si wòtsɔ srɔ̃ nyagblɔɖiwo; edi be yeanya nyateƒea. Daniel bɔbɔ eɖokui hã eye wònyae be Yehowa akpe ɖe ye ŋu yease nyagblɔɖiwo gɔme ne yeyi edzi nɔ eŋu kplikplikpli eye yeɖo toe. (Dan. 2:27, 28; xlẽ Daniel 12:10.) Ebɔbɔ eɖokui esi wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu. (Dan. 2:18) Daniel srɔ̃ nu veviedodotɔe hã. Eku nu me le Biblia ƒe akpa siwo nɔ anyi ɣemaɣia me. (Yer. 25:11, 12; Dan. 9:2) Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Daniel?

8. Nu ka tae ame aɖewo srɔ̃a nu tso Biblia me nyagblɔɖiwo ŋu?

8 De dzesi nu si tae nèle nyagblɔɖiawo srɔ̃m. Ðe nèle Biblia me nyagblɔɖiwo me dzrom kple susu be nànya nyateƒea? Ne nenemaea, Yehowa akpe ɖe ŋuwò. (Yoh. 4:23, 24; 14:16, 17) Gake susu bubu kura tae ame aɖewo dzroa nyagblɔɖiwo me. Wodzroa wo me kple susu be yewoakpɔ nane atsɔ aɖo kpe edzi be menye Mawu gbɔe Biblia tso o. Woƒe susue nye be ne menye Mawu gbɔe Biblia tso oa, ke yewoate ŋu atso nya me le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu na yewo ɖokui. Gake ehiã be susu nyui nanɔ míawo ya si ne míele Biblia me nyagblɔɖiwo srɔ̃m. Míehiã na nɔnɔme vevi aɖe hã be míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme.

9. Nɔnɔme vevi kae míehiã be míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme? Ðe eme.

9 Bɔbɔ ɖokuiwò. Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ŋu. (Yak. 4:6) Eya ta ehiã be míado gbe ɖa abia be wòakpe ɖe mía ŋu míase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme. Kluvi nuteƒewɔlae Yehowa tia be wòafia nu mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Eya ta ele be míalɔ̃ faa be wòakpe ɖe mía ŋu míase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme. (Luka 12:42) Yehowa Mawu wɔa nu le ɖoɖo nu, ta susu le eme be kluvi sia koe wòazã atsɔ akpe ɖe mía ŋu míase nyateƒe siwo le eƒe Nyaa mea gɔme.—1 Kor. 14:33; Ef. 4:4-6.

10. Nu kae nèsrɔ̃ tso Esther ƒe kpɔɖeŋua me?

10 Ku nu me. Tia nyagblɔɖi aɖe si dzɔa dzi na wò eye nàku nu me tso eŋu. Nu mae nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Esther wɔ. Edi be yeanya nu geɖe tso nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesiaa ƒe vava ŋu. Egblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 15 la, medze numekuku be makpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be wogblɔ nya mawo ɖi hafi Yesu va anyigba dzi.” Nu siwo wòsrɔ̃ tso Ƒukukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsawo mea na wòka ɖe nyagblɔɖi mawo dzi. Esther gblɔ be: “Woŋlɔ agbalẽ mawo dometɔ aɖewo hafi Yesu va anyigba dzi, ta Mawu gbɔ kokokoe nyagblɔɖi mawo atso.” Egblɔ hã be, “Mexlẽ nu tso eŋu zi gbɔ zi geɖe hafi te ŋu va se egɔme.” Gake dzi dzɔe be wòte ŋu wɔe nenema. Elabe esia kpe ɖe eŋu wòte ŋu srɔ̃ Biblia me nyagblɔɖi geɖe. Egblɔ be, “Eme kɔ nam kɔtɛ be nya si Biblia gblɔa nye nyateƒe!”

11. Nu ka tae wòle be míaka ɖe edzi be nya siwo le Biblia mea nye nyateƒe?

11 Ne míekpɔ ale si nyagblɔɖi siwo le Mawu ƒe Nyaa me dometɔ aɖewo va eme xoxoa, míaka ɖe Yehowa dzi eye míaka ɖe mɔfiame siwo wònana mí hã dzi bliboe. Azɔ hã Biblia me nyagblɔɖiwo nana míekpɔa mɔ na etsɔme nyui aɖe, si wɔnɛ be ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom fifia gɔ̃ hãa, mɔkpɔkpɔ mebuna ɖe mí o. Na míadzro Daniel ƒe nyagblɔɖi eve siwo le eme vam fifia me kpuie. Ne míese wo gɔmea, woakpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie.

ALEKE NYAGBLƆÐI SI KU ÐE AFƆBAYAA ŊUA KA WÒE?

12. Nu kae afɔbaya siwo nye “gayibɔ kple tsu tsaka” le tsitre ɖi na? (Daniel 2:41-43)

12 Xlẽ Daniel 2:41-43. Le drɔ̃e aɖe si gɔme Daniel ɖe na Fia Nebukadnezar mea, legbaa ƒe afɔbaya siwo fia la kpɔa nye “gayibɔ kple tsu tsaka.” Ne míetsɔ nyagblɔɖi sia sɔ kple nyagblɔɖi bubu siwo le Daniel ƒe agbalẽa kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa mea, míate ŋu aƒo nya ta be afɔbayaawo le tsitre ɖi na Anglo-Amerika, si nye xexemeŋusẽ si le dzi ɖum egbea. Daniel gblɔ tso xexemeŋusẽ sia ŋu be eƒe “akpa aɖe asesẽ, eye eƒe akpa aɖe masesẽ o.” Nu ka tae eƒe akpa aɖe masesẽ o? Nu si tae nye be ame tsɛ siwo le fiaɖuƒe ma te siwo le tsitre ɖi na tsu la, ƒe nuwɔnawo wɔe be metea ŋu zãa eƒe gayibɔŋusẽa bliboe o.” b

13. Nyateƒenya vevi kawoe míesrɔ̃ tso nyagblɔɖi sia me?

13 Míesrɔ̃ nyateƒenya vevi geɖe tso legba si Daniel ɖɔa ŋu, vevietɔ eƒe afɔbayawo. Gbãa, Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ɖee fia be ŋusẽ le ye si. Le kpɔɖeŋu me, Britain kple Amerika wɔ akpa vevi aɖe be wote ŋu ɖu Xexemeʋa Gbãtɔ kple Evelia dzi. Gake xexemeŋusẽ sia metea ŋu zãa eƒe ŋusẽa bliboe o eye mate ŋu azãe bliboe hã o, le esi dukɔmeviawo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu eye wotsona ɖe dziɖuɖua ŋu ta. Evelia, xexemeŋusẽ siae nye mamlɛtɔ si aɖu dzi hafi Mawu Fiaɖuƒea nava ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã ɖa. Togbɔ be dukɔ bubuwo atsi tre ɖe Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ŋu hãa, womaxɔ ɖe eteƒe o. Míenya esia elabe “kpe” si le tsitre ɖi na Mawu Fiaɖuƒea ava gbã legbaa ƒe afɔbayawo, si le tsitre ɖi na Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa.—Dan. 2:34, 35, 44, 45.

14. Ne míese nyagblɔɖi si ku ɖe afɔbaya siwo nye gayibɔ kple tsu tsaka ŋu gɔmea, vi kae wòaɖe na mí?

14 Ðe nèka ɖe edzi be Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe afɔbaya si nye gayibɔ kple tsu tsaka ŋua nye nyateƒea? Ne nenemae la, ke akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nènɔa agbee dzi. Awɔe be màvu ɖe gadidi ŋu alo ali kɔ kesinɔnuwo ɖi gleglegle o, elabe ènya be woatsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia kpuie. (Luka 12:16-21; 1 Yoh. 2:15-17) Nyagblɔɖi sia gɔmesese akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔe be gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa le vevie ŋutɔ. (Mat. 6:33; 28:18-20) Fifia esi míedzro nyagblɔɖi sia me vɔa, anyo be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe nye nyametsotsowo ɖenɛ fiana be meka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa kpuiea?’

ALEKE NYAGBLƆÐI SI KU ÐE “DZIEHEFIA” KPLE “ANYIEHEFIA” ŊUA KA WÒE?

15. Ame kawoe nye “dziehefia” kple “anyiehefia” egbea? (Daniel 11:40)

15 Xlẽ Daniel 11:40. Daniel ta 11 lia ƒo nu tso fia alo dunyaheŋusẽ eve siwo le ho ʋlim kple wo nɔewo be yewoaɖu xexea dzi ŋu. Ne míetsɔ nyagblɔɖi sia sɔ kple nyagblɔɖi bubu siwo le Biblia mea, míade dzesii be egbea, “dziehefia” lae nye Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kpli, eye “anyiehefia” lae nye Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa. c

Ne míede dzesii be fuléle si le “dziehefia” kple “anyiehefia” la dome nye Biblia me nyagblɔɖi si le eme vamaa, esia ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye míatsi dzimaɖi fũu o (Kpɔ memama 16-18 lia)

16. Aleke “dziehefia” la wɔa nu ɖe Mawu ƒe amewo ŋu?

16 “Dziehefia” la le Mawu ƒe amewo yome tim vevie le nuto siwo me wòkpɔ ŋusẽ ɖoa me. Woƒo Ðasefo aɖewo hetsɔ wo de gaxɔ me le woƒe xɔse ta. Gake “dziehefia” ƒe nuwɔna sia meɖe dzi le mía nɔviwo ƒo o, ke boŋ ɖe wòdo ŋusẽ woƒe xɔse. Nu ka tae? Elabe mía nɔviawo nya be Mawu ƒe amewo yometiti na nyagblɔɖi si le Daniel ƒe agbalẽa mea le eme vam. d (Dan. 11:41) Esia nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi alé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe eye míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa.

17. Nɔnɔme sesẽ kawo mee Mawu ƒe amewo to le “anyiehefia” ƒe nutowo me?

17 “Anyiehefia” la hã ti Mawu ƒe amewo yome va yi. Le kpɔɖeŋu me, le Xexemeʋa Gbãtɔ kple Evelia mea, wolé mía nɔvi geɖe de ga me eye wonya Ðasefowo ƒe vi geɖe le suku le esi womede akpa aɖeke dzi o ta. Gake le ƒe siwo va yi mea, Yehowa subɔla siwo le nuto siwo dzi “anyiehefia” la kpɔ ŋusẽ ɖo mea, to xɔse ƒe dodokpɔ bubuwo me. Le kpɔɖeŋu me, le akɔdaɣiwoa, ate ŋu asesẽ na Kristotɔ be wòagade akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. Anɔ eme be mayi ava da akɔ ya o, gake ne meɖɔ ŋu ɖo oa, ava nɔ akpa aɖe dzi dem le eƒe dzi me. Eya ta be míagade akpa aɖeke dzi le mɔ aɖeke nu oa, menye míaƒe nuwɔna ŋu koe wòle be míalé ŋku ɖo o, ke ele be míalé ŋku ɖe míaƒe nuŋububu kple seselelãmewo hã ŋu.—Yoh. 15:18, 19; 18:36.

18. Nu ka tae fulelé si le fia eve siawo dome menana vɔvɔ̃ ɖoa mí o? (Kpɔ fotoawo hã.)

18 Ame siwo mexɔ Biblia me nyagblɔɖiwo dzi se o ate ŋu atsi dzimaɖi vevie ne wokpɔ “anyiehefia” ‘wòkpe dzo kple’ “dziehefia.” (Dan. 11:40, etenuŋɔŋlɔ) Nukliaʋawɔnu si ate ŋu atsrɔ̃ agbe ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ le fia evea siaa si. Gake míenya be Yehowa maɖe mɔ nu ma nadzɔ o. (Yes. 45:18) Eya ta fuléle si le “dziehefia” kple “anyiehefia” la dome menana vɔvɔ̃ ɖoa mí o, ke ɖe wòdoa ŋusẽ míaƒe xɔse boŋ. Eɖo kpe edzi be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu tu aƒe.

YI EDZI NÀNƆ NYAGBLƆÐIWO ME DZROM

19. Nu kae wòle be míade dzesi le Biblia me nyagblɔɖiwo ŋu?

19 Míenya ale si Biblia me nyagblɔɖi aɖewo ava emee o. Nyagblɔɖila Daniel gɔ̃ hã mese nu sia nu si wòŋlɔ ɖia gɔme o. (Dan. 12:8, 9) Ne mímenya ale si nyagblɔɖi aɖe awɔ ava eme o hãa, mefia be mava eme o. Míeka ɖe edzi bliboe be le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia, Yehowa ana nuwo me nakɔ na mí, abe ale si wòwɔe le blema ene.—Amos 3:7.

20. Biblia me nyagblɔɖi kawoe ava eme kpuie, eye nu kae wòle be míayi edzi awɔ?

20 Eteƒe madidi o, woaɖe gbeƒã “ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” (1 Tes. 5:3) Eyome xexea ƒe dunyaheŋusẽwo atrɔ ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu atsrɔ̃e keŋkeŋ. (Nyaɖ. 17:16, 17) Emegbe woadze Mawu ƒe amewo dzi. (Eze. 38:18, 19) Armagedon-ʋaa afe ati le nudzɔdzɔ siawo yome. (Nyaɖ. 16:14, 16) Míate ŋu aka ɖe edzi be nu siawo adzɔ kpuie. Gake hafi ɣemaɣi naɖoa, mina míayi edzi adzro Biblia me nyagblɔɖiwo me eye míakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woawɔe nenema. Ne míewɔe alea, míaɖee afia mía Fofo si le dziƒo la be míekpɔ ŋudzedze ɖe nyagblɔɖi siwo wòna woŋlɔ ɖe Biblia me na mí ta.

HADZIDZI 95 Kekeli La Le Kɔkɔm Ðe Edzi

a Aleke kee nuwo gblẽ ɖe edzi le xexea mee o, míate ŋu aka ɖe edzi be nuwo ava nyo le etsɔme. Kakaɖedzi sia sua mía si ne míesrɔ̃ Biblia me nyagblɔɖiwo. Le nyati sia mea, míakpɔ susu vevi siwo tae wòle be míasrɔ̃ Biblia me nyagblɔɖiwo. Azɔ hã míadzro nyagblɔɖi eve siwo Daniel ŋutɔ ŋlɔa me kpuie eye míakpɔ ale si woaɖe vi na mí ne míese wo gɔme.

b Kpɔ nyati si nye “Yehowa Ðea Nu Siwo ‘Ava Dzɔ Kpuie La Fiana,’” si dze le June 15, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ me, memama 7-9.

c Kpɔ nyati si nye “Dziɖuɖu Kae Nye ‘Dziehefia’ La Egbea?” si dze le May 2020 ƒe Gbetakpɔxɔ me, memama 3-4.

d Kpɔ nyati si nye “Dziɖuɖu Kae Nye “Dziehefia” La Egbea?,” si dze le May 2020 ƒe Gbetakpɔxɔ me, memama 7-9.