NUSƆSRƆ̃NYATI 34
HADZIDZI 107 Lɔlɔ̃ Ƒe Kpɔɖeŋu Si Mawu Ðo
Ale Si Hamemetsitsiwo Ðea Lɔlɔ̃ Kple Nublanuikpɔkpɔ Fiaa Ame Si Wɔ Nu Vɔ̃
“Mawu le didim be yeakplɔ wò ayi dzimetɔtrɔ gbɔ.”—ROM. 2:4.
TAÐODZINUA
Míakpɔ ale si hamemetsitsiwo dzea agbagba kpena ɖe hamea me tɔ siwo wɔ nu vɔ̃ gã la ŋu.
1. Ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gã la, kpekpeɖeŋu kae li nɛ?
LE NYATI si do ŋgɔ me la, míekpɔ ale si apostolo Paulo na wokpɔ ŋutsu aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã le Korinto hamea me la ƒe nyawo gbɔ. Esi ŋutsua metrɔ dzi me o la, woɖee le haa me. Abe ale si míekpɔe le mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo me ene la, Mawu ate ŋu akplɔ ame si wɔ nu vɔ̃ gã ayi dzimetɔtrɔ gbɔ. (Rom. 2:4) Ewɔa esia to hamemetsitsiwo dzi. Afɔ kawoe hamemetsitsiwo ɖena tsɔ kpena ɖe ame si wɔ nu gbegblẽ ŋu be wòatrɔ dzi me?
2-3. Ne míenya be mía nɔvi aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya la, nu kae wòle be míawɔ, eye nu ka tae?
2 Hafi hamemetsitsiwo nakpe ɖe ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã ŋu la, ele be woanya nu tso nu si dzɔ la ŋu. Eya ta ne èva nya be nɔvi aɖe wɔ nu vɔ̃ gã, si ɖewohĩ ate ŋu ana woaɖee le haa me la, nu kae wòle be nàwɔ? Ele be nàde dzi ƒo nɛ be wòagblɔe na hamemetsitsiwo ne woakpe ɖe eŋu.—Yes. 1:18; Dɔw. 20:28; 1 Pet. 5:2.
3 Ke ne amea gbe be yemagblɔe na hamemetsitsiwo o ya ɖe? Ne edzɔ alea la, ele be nàgblɔe na hamemetsitsiwo ne woakpe ɖe eŋu. Ema nye lɔlɔ̃ɖeɖefia elabe míedi be míaxɔ mía nɔvia ɖe agbe. Ne amea yi nu gbegblẽa wɔwɔ dzi la, eya kple Yehowa dome agblẽ ɖe edzi. Azɔ hã aƒo ɖi ŋkɔ nyui si le hamea ŋu. Togbɔ be ate ŋu asesẽ na mí be míagblɔe na hamemetsitsiwo hã la, ele be míawɔe nenema elabe míelɔ̃ Yehowa kple mía nɔvia siaa.—Ps. 27:14.
ALE SI HAMEMETSITSIWO KPENA ÐE AME SIWO WƆ NU VƆ̃ GÃ ŊU
4. Taɖodzinu kae nɔa hamemetsitsiwo si ne wokpe kple ame si wɔ nu vɔ̃ gã?
4 Ne hamea me tɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ gã la, hamemetsitsiwo ƒe haa kpena eye wotiaa ame etɔ̃ le wo dome wonyea kɔmiti. a Ehiã be ŋutsu siawo nabɔbɔ wo ɖokuiwo eye woada asɔ. Wonya be togbɔ be ele be yewoakpe ɖe amea ŋu be wòatrɔ dzi me hã la, yewomate ŋu azi edzi be wòatrɔ dzi me o. (5 Mose 30:19) Hamemetsitsiawo nyae hã be menye nu vɔ̃ wɔlawo katãe atrɔ dzi me, abe ale si Fia David wɔe ene o. (2 Sam. 12:13) Nu gbegblẽ wɔla aɖewo aɖoe koŋ be yewomawɔ ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃amewo dzi o. (1 Mose 4:6-8) Togbɔ be ele alea hã la, hamemetsitsiwo ƒe taɖodzinue nye be yewoakpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu wòatrɔ dzi me. Gɔmeɖose kawoe wòle be wòanɔ susu me na hamemetsitsiwo ne wokpe kple ame si wɔ nu vɔ̃ gã?
5. Nu kae nɔa susu me na hamemetsitsiwo ne wokpe kple ame si wɔ nu vɔ̃ gã? (2 Timoteo 2:24-26) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
5 Enɔa susu me hamemetsitsiawo be togbɔ be amea wɔ nu vɔ̃ gã hã la, ekpɔtɔ nye Yehowa ƒe alẽ xɔasi. (Luka 15:4, 6) Le esia ta ne wokpe kple alẽ si tra mɔ la, womada gbe ɖe egbɔ, anyra ɖe edzi, alo awɔ nu ɖe eŋu ɖeƒomevii o. Eye womasusui hã be ɖeko yewoabia nyae ase nyateƒenya aɖewo ko evɔ o. Ke boŋ ele be woaɖe nɔnɔme nyui siwo le 2 Timoteo 2:24-26 afia. (Xlẽe.) Hamemetsitsiawo wɔa nu ɖe amea ŋu le bubu kple tufafa me eye wowɔa nu ɖe eŋu nyuie kple susu be yewoate ŋu aɖo eƒe dzi gbɔ.
6. Dzadzraɖo kae hamemetsitsiwo wɔna hafi va doa go kple ame si wɔ nu gbegblẽ? (Romatɔwo 2:4)
6 Hamemetsitsiwo dina be yewoakpɔ Yehowa ƒe susu le nyaa ŋu. Wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ ale si Yehowa wɔa nu ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋu. Woɖoa ŋku Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Mawu le didim be yeakplɔ wò ayi dzimetɔtrɔ gbɔ le eƒe dɔmenyonyo la ta.” (Xlẽ Romatɔwo 2:4.) Ele be hamemetsitsiwo naɖo ŋku edzi be alẽkplɔlawoe yewonye eye yewole Kristo ƒe kpɔkplɔ te. (Yes. 11:3, 4; Mat. 18:18-20) Hafi hamemetsitsiwo ƒe kɔmitia nado go kple nu gbegblẽ wɔla la, ele be woakpe ado gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe yewo ŋu yewoaɖo yewoƒe taɖodzinua gbɔ. Eyae nye be yewoakpe ɖe amea ŋu wòatrɔ dzi me. Woaku nu me le Ŋɔŋlɔawo kple míaƒe agbalẽwo me eye woado gbe ɖa na Yehowa abiae be wòana gɔmesese deto yewo. Azɔ hã woadzro nanewo me tso amea ŋu anya nu si gbɔ wòanya tso be wòbu nuwo ŋu nenema heɖe afɔ ma.—Lod. 20:5.
7-8. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe dzigbɔɖi?
7 Hamemetsitsiwo srɔ̃a Yehowa ƒe dzigbɔɖi. Ale si Yehowa wɔ nu ɖe nu gbegblẽ wɔlawo ŋu va yi la nɔa susu me na wo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gbɔ dzi ɖi na Kain henɔ kpekpem ɖe eŋu be wòabu nuwo ŋu nyuie. Exlɔ̃ nui tso nu siwo ado tso eme ne metrɔ o ŋu eye wògblɔ nɛ be ne eɖo to ye la yeayrae. (1 Mose 4:6, 7) Esi David wɔ nu vɔ̃a, Yehowa dɔ nyagblɔɖila Natan ɖe David gbɔ be wòakpe ɖe eŋu. Natan wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe si kpe ɖe David ŋu wòtrɔ dzi me. (2 Sam. 12:1-7) Esi Israel dukɔa tra mɔ la, Yehowa ‘ɖoa eƒe nyagblɔɖilawo ɖe wo tso ŋkeke yi ŋkeke.’ (Yer. 7:24, 25) Melala be woatrɔ dzi me hafi yeakpe ɖe wo ŋu o. Ke boŋ eyi edzi nɔ nu xlɔ̃m wo be woatrɔ dzi me.
8 Hamemetsitsiwo srɔ̃a Yehowa ƒe kpɔɖeŋua ne wole agbagba dzem be yewoakpe ɖe ame si wɔ nu gbegblẽ ŋu. Abe ale si wòdze le 2 Timoteo 4:2 ene la, wodea ŋugble kple amea “le dzigbɔgbɔ blewu . . . me” ne wole nyaa gbɔ kpɔm. Eya ta ehiã be hamemetsitsi ɖe sia ɖe nawɔ nu le tufafa kple dzigbɔɖi me ɣesiaɣi ale be wòate ŋu akpe ɖe nu gbegblẽ wɔlaa ŋu be wòawɔ nu si sɔ. Ne hamemetsitsia do dziku alo amea ƒe nu va tii la, esia ate ŋu ana be amea maɖo to axɔ aɖaŋuɖoɖo o alo wòagbe dzimetɔtrɔ.
9-10. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ame si wɔ nu vɔ̃ ŋu be wòade dzesi nu siwo kplɔe de nu vɔ̃a me?
9 Hamemetsitsiwo dzea agbagba be yewoanya nu si kplɔ amea de nu vɔ̃ me. Le kpɔɖeŋu me, ɖe amea megasrɔ̃a nu le eɖokui si alo dea gbeadzi o si na wògbɔdzɔa? Ðe megadoa gbe ɖa edziedzi o alo eƒe gbedodoɖa va zu kɔnu dzro aɖe koa? Ðe wòɖe mɔ dzodzro vɔ̃wo nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzia? Ame kawoe wòdea ha kplii eye nu kawoe wòtsɔ ɖea modzakae? Ŋusẽ kae nu mawo kpɔ ɖe edzi? Ðe wòte ŋu de dzesi ale si Fofoa Yehowa le sesem le eɖokui me tso nu si wòwɔ ŋua?
10 Hamemetsitsiwo ate ŋu abia nya aɖewo amea si akpe ɖe eŋu be wòade ŋugble akpɔ nu siwo gbɔ wòtso be eya kple Yehowa dome gbɔdzɔ si na wòva wɔ nu vɔ̃ la ŋu. Wowɔa esia le lɔlɔ̃ me eye wokpɔa egbɔ be yewomabia nya siwo mehiã kokoko be yewoanya o. (Lod. 20:5) Azɔ hã, abe ale si Natan wɔe na David ene la, hamemetsitsiawo ate ŋu azã kpɔɖeŋuwo atsɔ akpe ɖe amea ŋu wòade ŋugble ne wòade dzesi ale si gbegbe wòtrae. Anɔ eme be ne wodo go kple amea zi gbãtɔ la, alé blanui eye wòase veve vevie ɖe nu siwo wòwɔ la ta. Ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be wòatrɔ dzi me.
11. Aleke Yesu wɔ nu ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋu?
11 Hamemetsitsiwo srɔ̃a Yesu. Esi Yesu di be yeakpe ɖe Saul si tso Tarso ŋu be wòatrɔ dzi me la, ebiae be: “Saul, Saul, nu ka ŋuti nèle yonyeme tim?” Yesu bia nya sia tsɔ kpe ɖe Saul ŋu wòkpɔe be yenɔ nu gbegblẽ wɔm. (Dɔw. 9:3-6) Eye esi Yesu nɔ nu ƒom tso nyɔnu si woyɔna be Izebel ŋua, egblɔ be: “Mena ɣeyiɣii be wòatrɔ dzi me.”—Nyaɖ. 2:20, 21.
12-13. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu ana ɣeyiɣi ame si wɔ nu vɔ̃ la be wòatrɔ dzi me? (Kpɔ fotoa hã.)
12 Hamemetsitsiwo srɔ̃a Yesu eye wometsɔa dzitsitsi ƒoa nya ta be amea mele dzi me trɔ ge o. Ame aɖewo ate ŋu atrɔ dzi me ne kɔmitia do go kpli wo zi gbãtɔ. Gake ɖewohĩ ame bubuwo ya ahiã ɣeyiɣi. Eya ta hamemetsitsiawo ate ŋu akpe kple nu gbegblẽ wɔlaa wu zi ɖeka. Anɔ eme be le kpekpe kple amea zi gbãtɔ me la, ate ŋu ava nɔ nu siwo wòsea ŋu bum vevie eye wòabɔbɔ eɖokui ado gbe ɖa abia Yehowa ƒe tsɔtsɔke. (Ps. 32:5; 38:18) Esia ate ŋu awɔe be le kpekpe siwo agakplɔe ɖo me la, ale si wòawɔ nu ato vovo na ale si wòwɔe esi wokpe kplii zi gbãtɔ.
13 Be hamemetsitsiwo nakpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu be wòatrɔ dzi me la, ele be woawɔ nu ɖe eŋu le tufafa me eye woase veve ɖe enu. Wodoa gbe ɖa eye wonɔa mɔ kpɔm be Yehowa nayra ɖe agbagba siwo dzem yewole la dzi ale be nɔvi si tra mɔ la nanyɔ le eɖokui me eye wòatrɔ dzi me.—2 Tim. 2:25, 26.
14. Ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me la, ame kae kafukafua ayi na, eye nu ka tae?
14 Dzidzɔnya gãe wònyena ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me! (Luka 15:7, 10) Ke ame kae dze na kafukafua? Hamemetsitsiawoea? Ðo ŋku edzi be Paulo gblɔ tso nu vɔ̃ wɔlawo ŋu be: “Mawu ana woatrɔ dzi me.” (2 Tim. 2:25) Eya ta menye amegbetɔ aɖekee kpe ɖe Kristotɔ si tra mɔ la ŋu be wòtrɔ eƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ o, ke Yehowa ye. Paulo gblɔ nu siwo dzɔna ne ame aɖe trɔ dzi me. Amea gava sea nyateƒea gɔme ɖe edzi wu, enyɔna le eɖokui me, eye wòdona le Satana ƒe mɔ̃tetrewo me.—2 Tim. 2:26.
15. Aleke hamemetsitsiwo ayi edzi anɔ kpekpem ɖe nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me la ŋu?
15 Ne nu gbegblẽ wɔlaa trɔ dzi me la, kɔmitia awɔ ɖoɖo anɔ esrãm kpɔ edziedzi ale be woayi edzi anɔ kpekpem ɖe eŋu be wòaɖu Satana ƒe tetekpɔwo dzi eye wòaɖe mɔ dzɔdzɔe na eƒe afɔwo. (Heb. 12:12, 13) Le nyateƒe mea, hamemetsitsiawo maʋu go nu si amea wɔ ŋu nya na ame aɖeke o. Gake nu kae wòate ŋu adzɔ be woana hamea nanya?
“KA MO . . . LE AMEWO KATÃ ŊKUME”
16. Nu kae “amewo katã ŋkume” si Paulo zã le 1 Timoteo 5:20 fia?
16 Xlẽ 1 Timoteo 5:20. Paulo gblɔ na nɔvia hamemetsitsi Timoteo be wòagbe nya na “ame siwo tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe la le amewo katã ŋkume.” Ðe eƒe nyawo fia be ɣesiaɣi si ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ko la, woagbe nya nɛ le hame bliboa ŋkumea? Ao. Nya “amewo katã ŋkume” mefia hame bliboa kokoko o. Ate ŋu afia ame ʋɛ siwo ɖewohĩ wonya nu tso nu vɔ̃a ŋu xoxo, ame siwo kpɔ eteƒe, alo ame siwo nu gbegblẽ wɔlaa ŋutɔ gblɔ nyawo na. Hamemetsitsiawo atsɔ aɖaŋudzedze aɖe eme na ame siawo be wokpɔ nyaa gbɔ eye woɖɔ nu vɔ̃ wɔlaa ɖo.
17. Ne hamea nya nu tso nu vɔ̃ gã aɖe ŋu alo anɔ eme be woava nya nu tso eŋu la, ke gbeƒã kae woaɖe, eye nu ka tae?
17 Le nɔnɔme aɖewo mea, anɔ eme be hame bliboa nya nu tso nu si dzɔ la ŋu alo woava nya nu tso eŋu. Ne edzɔ alea, ke “amewo katã ŋkume” va nyea hame bliboa. Eya ta hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka aɖe gbeƒãe na hame bliboa be wogbe nya na asimasi. Nu ka tae? Paulo na eme kɔ be “ne ame mamlɛawo” nasrɔ̃ nu tso eme ale be woagadze nu vɔ̃ me o.
18. Aleke hamemetsitsiwo akpɔ ɖevi xɔnyɔnyrɔwo ƒe nyawo gbɔe? (Kpɔ fotoa hã.)
18 Ke ne ɖevi xɔnyɔnyrɔ aɖe si mexɔ ƒe 18 haɖe o wɔ nu vɔ̃ gã ya ɖe? Hamemetsitsiwo ƒe ha awɔ ɖoɖo hamemetsitsi eve nakpe kple ɖevia kple edzila siwo nye Kristotɔwo. b Hamemetsitsiawo abia edzilawo anya afɔ siwo ɖem wole tsɔ le kpekpem ɖe ɖevia ŋu be wòawɔ tɔtrɔ siwo hiã eye wòatrɔ dzi me. Ne ɖevia ɖe nɔnɔme nyui fia eye edzilawo hã te ŋu le kpekpem ɖe eŋu la, hamemetsitsi eveawo ate ŋu atso nya me be yewoagblẽ nyaa ɖe dzilawo si me ale be woayi edzi anɔ kpekpem ɖe eŋu. Le nyateƒe mea, dzilawoe Mawu de dɔ asi na be woakpɔ wo viwo dzi aɖɔ wo ɖo le lɔlɔ̃ me. (5 Mose 6:6, 7; Lod. 6:20; 22:6; Ef. 6:2-4) Gake tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣia, hamemetsitsiawo anɔ ta dom ɖe dzilawo gbɔ anɔ ekpɔm ɖa be wole kpekpeɖeŋu si ɖevia hiã la namee hã. Gake ne ɖevi si xɔ nyɔnyrɔ la gbe dzimetɔtrɔ eye wòyi edzi le nu gbegblẽ wɔm ɖe? Ne edzɔ alea la, ke hamemetsitsiwo ƒe kɔmiti akpe kple ɖevia kple edzila Kristotɔwo.
“YEHOWA ƑE DƆME TRƆNA ÐE AME ŊU GEÐE, EYE WÒKPƆA NUBLANUI”
19. Aleke hamemetsitsiwo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yehowa ne wole kpekpem ɖe ame si wɔ nu vɔ̃ ŋu?
19 Yehowa di tso hamemetsitsiwo si be woakpɔ egbɔ be hamea le dzadzɛ. (1 Kor. 5:7) Hamemetsitsiawo adze agbagba vevie be yewoakpe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ ŋu be woatrɔ dzi me. Eya ta susu nyui nɔa wo si eye wokpɔa mɔ be amea natrɔ dzi me. Nu ka tae? Elabe wodi be yewoasrɔ̃ Yehowa, ame si ƒe “dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame.” (Yak. 5:11) Susu nyui nɔ apostolo Yohanes si ɖe nɔviawo ŋu. Eɖe esia gblɔ be: “Vinye lɔlɔ̃awo, mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi, ale be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, kpeɖeŋutɔ le mía si le Fofo la gbɔ, si nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.”—1 Yoh. 2:1.
20. Nu kae mee míadzro le nyati siawo ƒe mamlɛtɔ me?
20 Nublanuitɔe la, edzɔna ɣeaɖewoɣi be Kristotɔ aɖe nagbe dzimetɔtrɔ. Ne edzɔ alea la, ele be woaɖee le haa me. Ke aleke hamemetsitsiwo kpɔa nya mawo tɔgbi gbɔe? Míadzro nya sia me le nyati siawo ƒe mamlɛtɔ me.
HADZIDZI 103 Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo
a Tsãa, míeyɔa kɔmiti sia be ʋɔnudrɔ̃kɔmiti. Gake esi wònye ʋɔnudɔdrɔ̃ nye woƒe dɔa ƒe akpa aɖe ko ta la, míagayɔ kɔmiti ma be ʋɔnudrɔ̃kɔmiti azɔ o. Ke boŋ míayɔe be hamemetsitsiwo ƒe kɔmiti.
b Nya si wogblɔ tso dzilawo ŋu la yi na Kristotɔ siwo gbɔ ɖevia le le se nu alo Kristotɔ siwo le ɖevia dzilawo teƒe le edzi kpɔm la hã.